Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbenɔnɔ Ŋuti Se Matrɔmatrɔwo Lé Wo Ðe Te

Agbenɔnɔ Ŋuti Se Matrɔmatrɔwo Lé Wo Ðe Te

Agbenɔnɔ Ŋuti Se Matrɔmatrɔwo Lé Wo Ðe Te

AMEGBETƆWO ƒe habɔbɔwo katã zɔna ɖe se aɖewo dzi. Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be le anyigba dzi godoo la, mía dometɔ akpa gãtɔ míedea asixɔxɔ anukwareɖiɖi, dɔmenyonyo, nublanuikpɔkpɔ, kple ɖokuitɔmadimadi ŋu oa?

Ame Ka Ƒe Agbenɔnɔ Ŋuti Sewoe?

Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, agbalẽnyalagã aɖe si ŋkɔe nye Saul nɔ agbe le ame ƒomevi etɔ̃ siwo ƒe agbenɔnɔ ŋuti dzidzenuwo ɖe dzesi—Yudatɔwo, Helatɔwo, kple Romatɔwo—dome. Saul kpɔe be tsɔ kpe ɖe dekɔnu kple se sesẽ siwo ame ƒomevi etɔ̃ siawo zina ɖe amewo dzi ŋu la, dzɔdzɔmese aɖe kplɔa amegbetɔwo katã. Esiae nye míaƒe dzitsinya. Esi Saul va zu Kristotɔ apostolo Paulo la, eŋlɔ bena: “Ne trɔ̃subɔla, siwo si se mele o la, wɔa nusi nye se la tɔ tso dzɔdzɔ me [“le dzɔdzɔme seselelãme nu,” The New Testament in Modern Speech] la, ekema amesiwo si se mele o la, wonye se na wo ɖokui, abe amesiwo fia bene, woŋlɔ se la ƒe dɔwɔwɔ ɖe woƒe dziwo me la ene, eye woƒe dzitsinya hã ɖia ɖase hekpena ɖe eŋu.”—Romatɔwo 2:14, 15.

Ke hã, ne míele agbagba dzem be míatso nya me le nu si nye nyui kple vɔ̃ ŋu la, ɖe “dzɔdzɔme seselelãme” ƒe mɔfiafia ɖeɖe dza sua? Abe ale si nàde dzesii ene la, ameƒomea ƒe ŋutinya yɔ fũu kple ame ɖekaɖekawo kple amehawo ƒe kpododonu. Esia na ame geɖe xɔe se be míehiã mɔfiame tso ame aɖe si ƒe susu kɔ wu mía tɔ gbɔ bene míate ŋu aɖo agbenɔnɔ ŋuti se nyuitɔ siwo nu míanɔ agbe ɖo la na mía ɖokui. Ame geɖe alɔ̃ ɖe edzi be ameƒomea Wɔla su te nyuie ana dzidzenu mawo siwo metrɔna o la mí. Ðɔkta Carl Jung gblɔ le eƒe agbalẽ si nye The Undiscovered Self me be: “Ame si meli ke eɖokui ɖe Mawu me o la mate ŋu anɔ te ɖe agbenɔnɔ kple ŋutilãme tetekpɔ sesẽ siwo le xexea me nu le eɖokui si o.”

Nyataƒoƒo sia wɔ ɖeka kple nu si blema nyagblɔɖila aɖe ŋlɔ bena: “Amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Yeremya 10:23) Mía Wɔla la gblɔ be: “[Nyee nye] amesi fia nusi nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nato la.”—Yesaya 48:17.

Agbenɔnɔ Ŋuti Se Vavãwo Tsoƒe Si Ŋu Kakaɖedzi Le

Nya siwo míegblɔ fifi laa la tso agbenɔnɔ ŋuti se gbalẽ si woma wu le xexea me—Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—la me. Ame miliɔn geɖe le xexea me godoo, ame siwo menye Kristotɔwo alo mawusubɔlawo gɔ̃ hã o, trɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu bene nugɔmesese kple nunya nasu yewo si. Germanytɔ hakpanyaŋlɔla Johann Wolfgang von Goethe ŋlɔ bena: “Le gonyeme la, medea bubu [Biblia] ŋu vevie, elabena eyae kpɔ ŋusẽ ɖe tɔtrɔ ɖe sia ɖe kloe si mewɔ le nye agbenɔnɔ me la dzi.” Wogblɔ be Hindutɔwo ƒe kplɔla Mohandas Gandhi gblɔ be: “To mɔ ɖe sia ɖe dzi nànɔ tsi geɖe nom le vudo si wona wò le Todzimawunya [si nye Yesu Kristo ƒe nufiafia siwo le Biblia me ƒe akpa aɖe] me la me . . . Elabena nufiame siwo le Todzimawunyaa me yi na mia dometɔ ɖe sia ɖe.”

Apostolo Paulo ame si ƒe nya míegblɔ va yi te gbe ɖe akpa vevi si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo wɔna le agbenɔnɔ ŋuti se vavãwo nana me dzi, egblɔ be: “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia.” (Timoteo II, 3:16) Nyateƒee nya sia nyea?

Ðe manyo ŋutɔ be wò ŋutɔ nàdoe kpɔ oa? De ŋugble tso gɔmeɖose siwo woyɔ le axa si kplɔe ɖo ŋu kpɔ. Kpɔ agbenɔnɔ ŋuti se nyui siwo dze le wo me la ɖa. De ŋugble tso ale si nya siwo le nufiame siawo me ate ŋu ana wò agbenɔnɔ kple wò ƒomedodo kple ame bubuwo nanyo ɖe edzii la ŋu kpɔ.

Àna Wòaɖe Vi Na Wòa?

Gɔmeɖose siwo míeŋlɔ ɖe afi sia nye Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me ɖaŋuɖoɖo vavãwo ƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ko. Tsɔ kpe ɖe esiawo ŋu la, nuxlɔ̃ame geɖe le Mawu ƒe Nya la me ku ɖe tamesusu vɔ̃wo, nya tovowo gbɔgblɔ, kple nuwɔna vɔ̃ɖi siwo ate ŋu agblẽ nu le míaƒe agbe ŋu la ŋu.—Lododowo 6:16-19.

Nyateƒee, Biblia me nufiafiawo naa nane si ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ hiã vevie—aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe amewo ŋu be woatu nɔnɔme nyuitɔwo ɖo. Ame siwo xɔa nufiame siawo dea eme hewɔna ɖe wo dzi la wɔa tɔtrɔ ɖedzesiwo. Ale si wòbua tamee trɔna henyona ɖe edzi wu. (Efesotɔwo 4:23, 24) Woƒe taɖodzinuwo nyona ɖe edzi. Mawu ƒe agbenɔnɔ ŋuti se siwo woŋlɔ ɖe Biblia me sɔsrɔ̃ kpe ɖe ame geɖe ŋu woho ameƒomevinyenye, nazãbubu, kple fuléle ɖa le woƒe dzi me. (Hebritɔwo 4:12) Ŋɔŋlɔawo kple agbenɔnɔ ŋuti se nyui siwo le eme ʋã ame geɖewo be wogbe nu le ŋutasẽnuwɔwɔ kple nu gbegblẽ wɔwɔ ɖe sia ɖe ƒomevi gbɔ hezu ame nyuiwo.

Nyateƒee, Biblia me agbenɔnɔ ŋuti sewo kpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu woɖu numame kple nuwɔna gbegblẽ siwo ƒo ke ɖe to ɖe wo me, abe esiwo gblẽ ame bubuwo ƒe agbe dome ene, la dzi. (Korintotɔwo I, 6:9-11) Biblia me nufiamewo le ame siawo trɔm—menye woƒe agbenɔnɔ ko o, ke etrɔa woƒe dzi, woƒe mɔkpɔkpɔwo, kple woƒe ƒomewo hã. Aleke kee xexea le gbegblẽm ɖe edzi o, ame aɖewo ya ƒe agbenɔnɔ le nyonyom ɖe edzi le anyigba dzi godoo. Eye esia nu mele tsotso ge kura o. “Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, ke mía Mawu ƒe nya anɔ anyi tegbee.”—Yesaya 40:8.

Ke hã, wò ŋutɔ àna “mía Mawu ƒe nya” naɖe vi na wòa? Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoafia ale si nàwɔ anɔ agbe ɖe Biblia me agbenɔnɔ ŋuti gɔmeɖosewo nu la wò be wòaɖe vi na wò. Agbenɔnɔ wòasɔ ɖe agbenɔnɔ ŋuti se mawo nu ana Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò fifia, eye esia akplɔ wò ayi agbe mavɔ, si me Mawu ƒe gɔmeɖose siwo metrɔna o xɔ aƒe ɖo la me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 6, 7]

GƆMEÐOSE SIWO METRƆNA O

Sikasedede la. “Nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo; elabena esia enye se la kple nyagblɔɖilawo.”—Mateo 7:12.

Lɔ̃ hawòvi. “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” (Mateo 22:39) “Lɔlɔ̃ la mewɔa vɔ̃ ɖe amehavi ŋuti o; eyata lɔlɔ̃ lae nye sedziwɔwɔ.”—Romatɔwo 13:10.

De bubu kple asixɔxɔ amewo ŋu. “Miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũ kple dadavilɔlɔ̃, mitre mia nɔewo bubu!”—Romatɔwo 12:10.

Ti ŋutifafa yome. “Ŋutifafa nanɔ mia dome.” (Marko 9:50) “Ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me!” (Romatɔwo 12:18) “Minɛ míanɔ nusiwo nye ŋutifafatɔ . . . la yome.”—Romatɔwo 14:19.

Nye ame si tsɔ kena. “Natsɔ míaƒe vodadawo ake mí, sigbe alesi míawo hã míetsɔna kea amesiwo daa vo ɖe mía ŋuti la ene!” (Mateo 6:12) “Mikɔ dɔme ɖe mia nɔewo ŋu, eye miaƒe dɔme natrɔ ɖe mia nɔewo ŋu, eye mitsɔ ke mia nɔewo.”—Efesotɔwo 4:32.

Nye nuteƒewɔla. “No tsi tso wò tsido me, tsidzidzi tso wò vudo me! . . . Àkpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpui me srɔ̃ ŋu, . . . eƒe no nemu wò, eye eƒe lɔlɔ̃ nena nanɔ ya mum ɖaa. . . . Nukaŋuti nyɔnu tutɔ ana nanɔ ya mum, eye nakpla asi kɔ na dutanyɔnu?” (Lododowo 5:15-20) “Amesi wɔa nuteƒe le nu suetɔ ke me la, enyea nuteƒewɔla le nu geɖewo hã me, eye amesi wɔa nu madzɔmadzɔ le nu suetɔ ke me la, enyea nu madzɔmadzɔ wɔla le nu geɖewo hã me.” (Luka 16:10) “Wodina tsoa xɔnuviwo gbɔ, bene woakpɔ wo nuteƒewɔlawoe.”—Korintotɔwo I, 4:2.

Nye anukwareɖila. “Ðe matso afia na ame, ne nudanu madzɔmadzɔ li, eye nudakpe amebatɔ le akplo mea?” (Mixa 6:11) “Míenya le mía ɖokui me bena, dzitsinya nyui le mía si, le esi míelɔ̃ be, míanɔ agbe nyuie le nusianu me la ŋuti.”—Hebritɔwo 13:18.

Nye nyateƒetola, nye nu dzɔdzɔe wɔla. “Milé fu vɔ̃, milɔ̃ nyui, eye mifɔ nya dzɔdzɔe ɖe tsitrenu le ʋɔnu.” (Amos 5:15) “Amesiame neto nyateƒe na ehavi, midrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe le ŋutifafa me le miaƒe ablɔwo me!” (Zaxarya 8:16) “Miɖe aʋatsokaka ɖi, eye amesiame nagblɔ nyateƒe na ehavi; elabena ŋutinuwo míenye na mía nɔewo.”—Efesotɔwo 4:25.

Nye dɔ sesẽ wɔla, nye kutrikula. “Kpɔ amesi zã le eƒe dɔwɔwɔ me la ɖa, fiawoe wòasubɔ, eye menye ame tsɛwo wòasubɔ o.” (Lododowo 22:29) “Migawɔ ƒome o.” (Romatɔwo 12:11) “Nusianu, si ke miewɔna la, miwɔe tso dzi me, abe Aƒetɔ lae miewɔe na ene, eye menye na amewo o.”—Kolosetɔwo 3:23.

Fa tu, ame ƒe nu newɔ nublanui na wò, nyo dɔme. “Mido dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu.”—Kolosetɔwo 3:12.

Tsɔ nyui ɖu vɔ̃ dzi. “Milɔ̃ miaƒe ketɔwo; . . . eye mido gbe ɖa ɖe amesiwo le mia yome tim la ta.” (Mateo 5:44) “Megana nu vɔ̃ɖi la naɖu dziwò o, ke tsɔ nu nyui la ɖu nu vɔ̃ɖi la dzi boŋ.”—Romatɔwo 12:21.

Tsɔ wò nu nyuitɔwo na Mawu. “‘Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.’ Esia nye se gbãtɔ si le vevie.”—Mateo 22:37, 38.

[Nɔnɔmetatawo]

Wɔwɔ ɖe Biblia me sewo dzi ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒe srɔ̃ɖeɖe nakpɔ dzidzedze, míaƒe ƒomea nakpɔ dzidzɔ, eye míadze xɔlɔ̃ nyuiwo