Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe afɔ nɔ da si ƒo nu na Xawa la sia?

Abe ale si woŋlɔ ɖe Mose I, 3:14 ene la, Yehowa Mawu ƒo nu na da si ble Xawa le Eden bɔa me la. Mawu gblɔ be: “Esi nèwɔ alea la, eyata woaƒo fi ade wò le aƒemelãwo kple gbemelãwo katã dome: Wò ƒodo dzi nazɔ, eye ʋuʋudedie naɖu le wò agbe me ŋkekewo katã me!” Biblia megblɔe tẽ be afɔwo nɔ lã si wozã tsɔ te Xawa kpɔ la si tsã eye be ɖe wòva bu wo emegbe o. Togbɔ be nya siwo dze le Mose I, 3:14 ate ŋu ana ame aɖewo nabui nenema hã la, mehiã kokoko be míaƒo nya ta be do ŋgɔ na fiƒode sia la, afɔ nɔ dawo si o. Nu ka tae?

Susu vevitɔ si tae nye be ame si koŋ Yehowa nɔ ʋɔnu drɔ̃m lae nye Satana—gbɔgbɔmeme makpɔmakpɔ si wɔ lã tsɛ sia ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu. Biblia ɖɔ Satana be enye “aʋatsokafofo” kple “da xoxo” la. Edze kɔte be nyagbɔgblɔ eve siawo le asi tɔm ale si Satana ƒo nu to lã si wokpɔna, si nye da, aɖe dzi ble Xawa wòda le Mawu ƒe se dzi la dzi.—Yohanes 8:44; Nyaɖeɖefia 20:2.

Mawu wɔ dawo, eye edze ƒã be Adam na ŋkɔ dawo hafi Satana va zã da tsɔ ble Xawae. Womate ŋu abu fɔ da, lã mabutame, si ƒo nu na Xawa o. Daa menya be Satana nɔ ye zãm o, eye mate ŋu ase ʋɔnudrɔ̃nya siwo Mawu gblɔ ɖe tomaɖolaawo ŋu la gɔme o.

Ekema nu ka tae Mawu ƒo nu tso da ƒe dzɔdzɔmenɔnɔme ɖigbɔ la ŋu? Ale si da wɔa nui ne ele eƒe nɔƒe, ale si wòzɔa eƒe ƒodo dzi, eye wònɔa aɖe dom ɖa biɖabiɖa abe ɖe wòdi be yeaɖuɖɔ ke ene la, sɔ nyuie woatsɔ awɔ nɔnɔme ɖigbɔ si me Satana le la ƒe kpɔɖeŋui. Ðoƒe kɔkɔ aɖe ŋutɔe wònɔ tsã abe Mawu ƒe dɔlawo dometɔ ɖeka ene, gake fifia ya wodee nɔnɔme ɖigbɔ ŋutɔ aɖe me abe ale si wogblɔe le Biblia me ene.—Petro II, 2:4.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ale si da ŋutɔŋutɔ ate ŋu aɖu ame ƒe afɔkpodzii la, nenema ke Satana si woɖi gbɔe ‘aɖu afɔkpodzi’ na Mawu ƒe ‘dzidzimevi’ la. (Mose I, 3:15) Yesu Kristo ye nye dzidzimevi sia ƒe akpa vevitɔ, ame si kpe fu ɣeyiɣi kpui aɖe le Satana ƒe dɔlawo si me. Gake mlɔeba la, Kristo kple ehati Kristotɔ amesiamina siwo wofɔ ɖe tsitre la ava gba ta na kpɔɖeŋuda la tegbee. (Romatɔwo 16:20) Eya ta, fiƒodenya siwo Mawu gblɔ na da si wokpɔna la sɔ nyuie woatsɔ aɖɔ nɔnɔme ɖigbɔ si me Satana Abosam, si nye “da xoxo” makpɔmakpɔ la, le kple tsɔtsrɔ̃ mavɔ si ava edzi lae.