Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Saul Do Go Exɔl Xoxowo Kple Eƒe Futɔ Tsãtɔwo

Saul Do Go Exɔl Xoxowo Kple Eƒe Futɔ Tsãtɔwo

Saul Do Go Exɔlɔ̃ Xoxowo Kple Eƒe Futɔ Tsãtɔwo

ATE ŊU anye be vɔvɔ̃ ɖo Saul, ame si va zu apostolo Paulo emegbe, esime wòtrɔ gbɔ va Yerusalem zi gbãtɔ tso esime wòtrɔ dzi me hezu Kristotɔ megbe. * Ƒe etɔ̃ do ŋgɔ la, edzo le dua me helé ŋɔdzidodo kple hlɔ̃dodo ƒe gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ŋuti. Wona ŋusẽe be woalé Kristotɔ ɖe sia ɖe si wòakpɔ le Damasko.—Dɔwɔwɔwo 9:1, 2; Galatiatɔwo 1:18.

Esi Saul ŋutɔ trɔ zu Kristotɔ ko la, eɖe gbeƒã Mesia si wofɔ ɖe tsitre la ŋuti dzixɔse si su esi la dzideƒotɔe. Esia wɔe be Yudatɔ siwo nɔ Damasko di be yewoawui. (Dɔwɔwɔwo 9:19-25) Le nyateƒe me la, ɖe wòakpɔ mɔ be ye xɔlɔ̃ tsãtɔ siwo nye Yudatɔ siwo nɔ Yerusalem naxɔ ye alɔ evea? Gake nu si ŋu Saul tsi dzi ɖo vevie wue nye gododo kple Kristo yomedzela siwo nɔ Yerusalem. Esia wɔwɔ manɔ bɔbɔe o.

“Esi wòva Yerusalem la, ete kpɔ be, wòamiã eɖokui ɖe nusrɔ̃lawo ŋu; eye wo katã le evɔ̃m, esi womexɔe se bena, nusrɔ̃la wònye o.” (Dɔwɔwɔwo 9:26) Àte ŋu ase nu si ta wowɔ nenema gɔme. Nu mamlɛtɔ si ko wonya tso eŋue nye be enye yometila nublanuimakpɔla. Gbɔgblɔ be yezu Kristotɔ adze na amewo abe ayemɔ aɖe si dzi wòdi be yeato atsɔ atsa ŋku le Kristo hamea me ene. Eya tae Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem medi be wòate ɖe yewo ŋu kura o ɖo.

Gake wo dometɔ ɖeka aɖe ya kpe ɖe Saul ŋu. Biblia gblɔ be Barnaba kplɔ ame si nye yometila tsã la “yi apostoloawo gbɔ,” edze kɔte be Petro (Kefa) kple Yakobo, ame si nye Aƒetɔ la nɔvi, gbɔe wòkplɔe yi hegblɔ Saul ƒe dzimetɔtrɔ kple ale si wòɖe gbeƒã le Damasko ŋu nya na wo. (Dɔwɔwɔwo 9:27; Galatiatɔwo 1:18, 19) Womeŋlɔ ale si Barnaba wɔ ka ɖe Saul dzi ŋu nya ɖi o. Ðe ame eve siawo nya wo nɔewo si wɔe be Barnaba te ŋu lé ŋku ɖe Saul ŋu tsitotsito si wɔe be wòte ŋu ka ɖe edzi na amewo be nyateƒe tom wònɔa? Ðe Barnaba nya Damasko Kristotɔ aɖewo si wɔe be wòte ŋu se nu tso Saul ƒe dzimetɔtrɔ ŋua? Aleke kee nyaa ɖale o, Barnaba na be wodzudzɔ nazãbubu ɖe Saul ŋu. Esia wɔe be Saul nɔ apostolo Petro gbɔ ŋkeke 15 sɔŋ.

Ŋkeke Wuiatɔ̃ Le Petro Gbɔ

Yesu ŋutɔe de dɔ asi na Saul tẽ eye mehiã mɔɖeɖe tso amegbetɔ aɖeke gbɔ o, abe ale si eya ŋutɔ te gbe ɖe edzi na Galatiatɔwo ene. (Galatiatɔwo 1:11, 12) Gake ɖikeke mele eme o be Saul kpɔe dze sii be ele vevie be yeanya nu ku ɖe Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ŋu nyuie. Petro gbɔ nɔnɔ na esia ƒe mɔnukpɔkpɔ su Saul si. (Luka 24:12; Korintotɔwo I, 15:3-8) Nya geɖe anɔ Saul si wòadi be yeabia ku ɖe Petro kple Yakobo ŋu, eye nenema kee woawo hã woadi be yewoabia nya Saul ku ɖe ŋutega si wòkpɔ kple dɔ si wode esi ŋu.

Woɖee Tso Exɔlɔ̃ Tsãtɔwo Si Me

Stefano ye nye Kristotɔ gbãtɔ si ŋu wogblɔ le be eku xɔsetaku. Ame siwo Stefano he nya kpli va yi woe nye ame siwo le “ƒuƒoƒe, si woyɔna be Libertinetɔwo kple Kirenetɔwo kple Aleksandriatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la me, kpakple amesiwo tso Kilikia kple Asia.” Azɔ Saul nɔ ‘nu sẽm kple Helatɔwo,’ alo Yudatɔ siwo nye Helagbedolawo hele ɖase ɖim na wo dzinɔameƒotɔe. Aleke wowɔ nui? Wodi be yewoawui.—Dɔwɔwɔwo 6:9; 9:28, 29.

Asɔ ŋutɔ be Saul nadi be yeagblɔ ale si yeƒe agbe trɔ keŋkeŋ la ŋu nya na exɔlɔ̃ tsãtɔawo, eye yeadze agbagba afia nu wo tso Mesia la ŋu. Gake Yudatɔ Helagbedola siawo lé fu Saul ame si wobu be enye yomemɔfiala la.

Ðe Saul kpɔ afɔku si gbegbe me woɖo la dze sia? Míexlẽ be esime wòle gbe dom ɖa le mawuxɔa me la, ekpɔ Yesu le ŋutega me, eye wògblɔ nɛ be: “Netsɔ, nado go tso Yerusalem kaba; elabena womaxɔ wò ɖaseɖiɖi, si naɖi le ŋutinye la o.” Saul ɖo eŋu be: ‘Aƒetɔ, woawo ŋutɔwo nyae bena, nyee nye ame si nɔa ame siwo xɔa dziwò sena la dem gaxɔ me, eye meƒoa wo le ƒuƒoƒe sia ƒuƒoƒe, eye esime wokɔ wò ɖaseɖila Stefano ƒe ʋu ɖe anyi la, nye hã mele tsitre ɖe afi ma, eye wòdze ŋunye.’—Dɔwɔwɔwo 22:17-20.

Ame aɖewo susu be Saul ƒe nyaŋuɖoɖoa ɖee fia be ekpɔ afɔku si me wònɔ la dze sii. Ame bubuwo susu be ɖe wònɔ gbɔgblɔm be: ‘Nye hã yometila menye tsã abe woawo ke ene, eye wonya esia nyuie. Kakaɖedzitɔe la, ele be woabu nye dzimetɔtrɔa nu ŋutɔŋutɔe. Ðewohĩ mate ŋu atrɔ wo.’ Ke hã, Yesu nyae be Yudatɔ mawo malɔ̃ aɖo to “xɔsegbela” ƒe ɖaseɖiɖi o. Egblɔ na Saul be: “Heyi, elabena mele dɔ wò ge aɖo ɖe trɔ̃subɔlawo dome ʋĩ.”—Dɔwɔwɔwo 22:21, 22.

Esime ehati Kristotɔwo va kpɔ afɔkua dze sii la, wokplɔ Saul afɔtsɔtsɔe yi ɖe Kaisarea tɔdziʋudzeƒea eye wodo mɔe wòdze kilometa 500 ƒe mɔzɔzɔ gɔme ɖo ta wo dedu Tarso me. (Dɔwɔwɔwo 9:30) Ƒe gbogbo aɖewo megbe hafi Saul trɔ gbɔ va Yerusalem.

Saul ƒe dzodzo kpata nenema anya kpɔ Kristo hamea ta. Ame si nye yometila tsã ƒe afi ma nɔnɔ ate ŋu ade zitɔtɔ amewo me. Le Saul ƒe dzodzo megbe la, “hame, si le Yudea kple Galilea kple Samaria katã la, kpɔ tomefafa, eye wotu wo ɖokui, eye wole zɔzɔm le Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me; eye wosɔ gbɔ to gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe akɔfafa me.”—Dɔwɔwɔwo 9:31.

Ŋuɖɔɖɔɖo Ŋuti Nufiamewo

Abe ale si wònɔ le ƒe alafa gbãtɔa me ene la, míate ŋu aɖo nɔnɔme aɖewo siwo me wòle be míaɖɔ ŋu ɖo le la me egbea. Susu aɖeke meli si tae míabu nazã ɖe amedzrowo ŋu madzemadzee o. Gake ɣeaɖewoɣi la, ame gblẽku aɖewo dzea agbagba be yewoatrɔ Yehowa ƒe amewo ato eme hena woawo ŋutɔwo ƒe viɖe loo alo hena nugbegblẽ le hamea ŋu. Eya tae míewɔa nugɔmesese ŋu dɔ bene ameblelawo ƒe mɔ nagaɖe mí o.—Lododowo 3:27; Timoteo II, 3:13.

Ale si Saul wɔ nui esime wònɔ gbeƒã ɖem le Yerusalem ɖe mɔ bubu si nu Kristotɔwo ate ŋu aɖɔ ŋu ɖo le la fia. Afɔku ate ŋu anɔ gbeƒãɖeɖe le nuto aɖewo me alo na ame aɖewo, siwo dome mía xɔlɔ̃ xoxowo hã le, me—le ŋutilã me, le gbɔgbɔ me, alo le agbenɔnɔ me gɔ̃ hã. Ŋuɖɔɖɔɖo si sɔ hiã le nuwo abe ɣeyiɣi kple teƒe siwo míayi ene ŋu me.—Lododowo 22:3; Mateo 10:16.

Míate ŋu aka ɖe edzi be woaɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia hafi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia nava nuwuwu. Kpɔɖeŋu nyui kae nye esi Saul ɖo na mí le go sia me, ame si nɔ “nya gblɔm dzideƒotɔe le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me” na exɔlɔ̃ xoxowo kple eƒe futɔ tsãtɔwo gɔ̃ hã!—Dɔwɔwɔwo 9:28.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Ŋkɔ si wonya na Saul egbea wue nye Paulo. Gake le mawunyakpukpui siwo míeyɔ le nyati sia ƒe akpa gãtɔ me la, Yudagbe me ŋkɔ si nye Saul yee woyɔ nɛ.—Dɔwɔwɔwo 13:9.

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Esi Saul va ɖo Yerusalem la, eɖe gbeƒã na Yudatɔ Helagbedolawo dzideƒotɔe