Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wowɔ Mí “Nukutɔe”

Wowɔ Mí “Nukutɔe”

Wowɔ Mí “Nukutɔe”

“Wowɔm nukutɔe.”​—PSALMO 139:14.

1. Nu ka tae ame butame geɖe xɔe se be Mawue wɔ anyigbadzinu wɔnukuawo?

XEXE si wokpɔna yɔ fũu kple nuwɔwɔ wɔnukuwo. Aleke wowɔ va dzɔ? Ame aɖewo bui be woate ŋu aɖo nya sia ŋu numaƒomaƒo tso Wɔla nyanu aɖe ŋu. Gake ame aɖewo ya xɔe se be ne míeɖoe koŋ gbe lɔlɔ̃ ɖe Wɔla aɖe ƒe anyinɔnɔ dzi la, míate ŋu ase dzɔdzɔmenuwo gɔme o. Woxɔe se be anyigba dzi nuwɔwɔwo gɔme sese sesẽ akpa, wosɔ gbɔ fũu hele vovovo akpa, eye ɖewohĩ àgblɔ kpee be wowɔ nuku akpa, si tae womate ŋu adzɔ le wo ɖokui si o. Le ame geɖewo, siwo dome dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo hã le, gome la, kpeɖodziwo ɖee fia be Wɔla nyanu, ŋusẽtɔ, kple dɔmenyotɔ aɖee wɔ xexea. *

2. Nu kae ʋã Dawid wòkafu Yehowa?

2 Blema Israel Fia Dawid nye ame siwo xɔe se vevie be ele be woakafu Wɔla la ɖe Eƒe nuwɔwɔ wɔnukuwo ta la dometɔ ɖeka. Togbɔ be Dawid nɔ agbe le ɣeyiɣi aɖe si me dzɔdzɔmeŋutinunya mede ŋgɔ le o me hã la, ekpɔe dze sii be Mawu ƒe nuwɔwɔ wɔnukuwo sɔŋue ƒo xlã ye. Nu si ko Dawid hiãe nye ŋkuléle ɖe eƒe ŋutilã ŋu ale be ŋutete si le Mawu si be Wòawɔ nuwo nàwɔ dɔ ɖe edzi vevie. Eŋlɔ bena: “Meda akpe na wò le alesi wowɔm nukutɔe la ta; wò dɔwɔwɔwo nye nukunu, eye nye luʋɔ dze si esia keŋ.”—Psalmo 139:14.

3, 4. Nu ka tae wòle vevie be mía dometɔ ɖe sia ɖe nade ŋugble tso Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu vevie?

3 Xɔse sẽŋu sia te ŋu su Dawid si esi wòdea ŋugble vevie ta. Egbea la, amegbetɔ ƒe dzɔtsoƒe ŋuti nufiafia siwo gblẽa ame ƒe xɔse domee bɔ ɖe nu siwo wofiana le sukuwo kple nu siwo nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo kakana la me fũu. Be xɔse si tɔgbi nɔ Dawid si nanɔ mía si la, ele be míawo hã míanɔ ŋugble dem vevie. Afɔku le eme be míaɖe mɔ ame bubuwo nabu tame ɖe mía nu, vevietɔ le nya vevi siwo ku ɖe Wɔlaa ƒe anyinɔnɔ kple akpa si wɔm Wòle la ŋu me.

4 Gawu la, ŋugbledede tso Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu ado ŋusẽ míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eŋu, eye wòana be míaka ɖe eƒe etsɔme ŋugbedodowo dzi. Esia ate ŋu aʋã mí be míadze si Yehowa nyuie wu gɔ̃ hã eye míasubɔe. Mina míakpɔ ale si egbegbe dzɔdzɔmeŋutinunya ɖo kpe Dawid ƒe nya si nye be ‘ɖe wowɔ mí nukutɔe’ la dzi ɖa.

Ale Si Míetsina Nukutɔe

5, 6. (a) Aleke mía dometɔ ɖe sia ɖe dze agbe gɔmee? (b) Dɔ kawoe míaƒe ayikuwo wɔna?

5 ‘Wòe wɔ nye ayikuwo, eye nèkpɔ tanye le danye ƒe dɔme.’ (Psalmo 139:13) Mí katã míedze agbe gɔme le mía dada ƒe dɔme, abe lãmenugbagbevi ɖeka si ƒe lolome le abe tɔtɔdzesi si le nyagbe sia ƒe nuwuwu ene. Lãmenugbagbevi nyaŋui sia si womate ŋu akpɔ kple ŋku ƒuƒlu o la ƒe dɔwɔwɔ gɔme sese mele bɔbɔe o—ɖeko wòle abe nudokpɔƒe sue aɖe ene! Etsina kabakaba. Le wò vidzidɔ me nɔnɔ ɣleti evelia ƒe nuwuwu la, wò ŋutinu veviwo do xoxo. Wo dometɔ ɖekae nye wò ayiku. Esime wodzi wò la, wò ayiku sɔ gbe xoxo hena wò ʋu me tsyɔtsyɔ—eɖea aɖinuwo kple tsi si gbɔ edzi la ɖa, gake enaa nunyiamewo tsia ʋua me. Ne ayiku eveawo le dɔ wɔm nyuie la, wotsyɔa tsi le wò ʋua me—anɔ lita atɔ̃ le ame tsitsiwo gome—le miniti 45 ɖe sia ɖe me!

6 Wò ayikuwo wɔa dɔ hã bene ŋutilãtuɖonu, acid ƒe agbɔsɔsɔ si le ʋua me, kpakple ʋua ƒe sisi siaa nanɔ ɖoɖo nu. Wowɔa dɔ vevi bubuwo hã, abe vitamin D tɔtrɔ zu ʋumenunyiame ƒomevi aɖe si hiã hena ƒuwo ƒe tsitsi nyuie ene; eye wògawɔa erythropoietin, si nye lãmetsi siwo naa ʋumenugbagbevidzĩwo dzina ɖe edzi le wò ƒuwo me. Mewɔ nuku o be woyɔa ayiku be “ŋutilã ƒe atikewɔla gãtɔ.” *

7, 8. (a) Ðɔ ale si vi nɔdɔme tsinɛ. (b) Mɔ ka nue ‘wolɔ̃’ vi nɔdɔme si le tsitsim la ɖe “wo nɔewo me le anyigba ƒe gogloƒe”?

7 ‘Nye ƒuwo meɣla ɖe wò, esime wowɔm le ɣaɣlaƒe, eye wolɔ̃m ɖe wo nɔewo me le anyigba ƒe gogloƒe o.’ (Psalmo 139:15) Lãmenugbagbevi gbãtɔa maa eɖokui me, eye lãmenugbagbevi yeyeawo hã yia edzi nɔa mamam. Eteƒe medidina o, lãmenugbagbeviawo tea tɔtrɔ ɖe nɔnɔme vovovo me, alo tsɔa nu si woava zu la ƒe nɔnɔme, be woazu ahɔhɔ̃meka ƒe lãmenugbagbeviwo, lãmeka ƒe lãmenugbagbeviwo, ŋutigbalẽ ƒe lãmenugbagbeviwo, kpakple lãmenugbagbevi bubuwo. Lãmenugbagbevi siwo sɔ kple wo nɔewo ƒoa ƒu zua lãmekawo, eye emegbe wotrɔna zua ŋutinuwo. Le kpɔɖeŋu me, esime wofɔ wò fu ƒe kwasiɖa etɔ̃lia me la, wò ƒuwo te toto. Kaka nàxɔ kwasiɖa adre ko, esi wò didime katãe nye sentimeta eve kple afã pɛ ko la, ƒu 206 siwo katã ava nɔ wò lãme le wò tsitsime la katã to xoxo togbɔ be wole nyaŋui, eye womekpɔ sesẽ haɖe o hã.

8 Èyia edzi nɔa tsitsim le dawò ƒe dɔ me, eye esia nɔa ɣaɣla ɖe amegbetɔwo abe ɖe wòɖi wò ɖe anyigba ƒe gogloƒe ene. Le nyateƒe me la, amegbetɔwo menya nu tso ale si míewɔna tsina ƒe akpa gãtɔ ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, nu kae naa domenyiŋusẽfianu vovovo siwo le wò lãmenugbagbeviwo me naa lãmenugbagbevi tea tɔtrɔ ɖe nɔnɔme vovovowo me? Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ate ŋu ava ke ɖe eŋu mlɔeba ya, gake abe ale si Dawid de dzesii le nya si kplɔe ɖo me ene la, mía Wɔla—Yehowa—ya se esia gɔme nyuie xoxoxo.

9, 10. Aleke “woŋlɔ” ale si fugboe ƒe akpa vovovowo tsinɛ la ɖe Mawu ƒe ‘agbalẽ mee’?

9 ‘Esi menye ʋukɔe la, wò ŋkuwo kpɔm, eye woŋlɔ ŋkeke, siwo katã ava emegbe, siwo dometɔ aɖeke meli haɖe o la, ɖe wò agbalẽ me.’ (Psalmo 139:16) Ale si wò ŋutilã ƒe nɔnɔme anɔ ƒe ɖoɖo le wò lãmenugbagbevi gbãtɔa me. Ðoɖo siae fia mɔ wò tsitsi le dzinu asieke siwo nètsɔ nɔ dawò ƒe dɔ me do ŋgɔ na wò dzidzi la me kple ƒe 20 kple edzivɔ siwo me nèzu ame tsitsi gɔ̃ hã me. Le ƒe siawo katã me la, tɔtrɔ vovovowo yi edzi le wò ŋutilã me, eye nyatakaka siwo le lãmenugbagbevi gbãtɔ ma me koe fia mɔ le esia wɔwɔ me.

10 Dawid menya naneke tso lãmenugbagbeviwo kple domenyiŋusẽfianuwo ŋu o, eye nusuekpɔmɔ̃ gɔ̃ hã menɔ esi o. Gake ekpɔe dze sii nyuie be ye ŋutɔ yeƒe tsitsi ɖo kpe edzi be ɖoɖo deŋgɔ aɖe nue wowɔ ye ɖo. Ðewohĩ Dawid nya nu tso ale si fugboe tsinɛ ŋu, eya tae wòte ŋu bui be ele be tɔtrɔ ɖe sia ɖe nayi edzi le nɔnɔme si woɖo ɖi do ŋgɔ kple ɣeyiɣiɖoɖowɔɖi aɖe nu. Eɖɔ ɖoɖo sia le hakpanya me be ‘woŋlɔe’ ɖe Mawu ƒe “agbalẽ me.”

11. Nu ka gbɔe míaƒe dzedzeme ƒe nɔnɔme tsona?

11 Egbea la, míeva nyae be wò domenyiŋusẽfianuwoe kpɔa ŋusẽ ɖe nɔnɔme siwo ƒe dome nènyi tso dziwòlawo kple tɔgbuiwòwo gbɔ—abe wò kɔkɔme, wò mo ƒe dzedzeme, wò ŋku kple wò taɖa ƒe amadede, kpakple nɔnɔme bubu vovovowo ene—dzi. Domenyiŋusẽfianu akpeakpewoe nɔa wò lãmenugbagbevi ɖeka me, eye domenyiŋusẽfianu ɖe sia ɖe nye domenyiŋusẽmanu alo DNA (deoxyribonucleic acid) kɔsɔkɔsɔ legbe aɖe ƒe akpa aɖe. “Woŋlɔ” wò ŋutilã ƒe tutuɖo ŋuti mɔfiamewo ɖe wò domenyiŋusẽmanu la me. Ɣesiaɣi si wò lãmenugbagbeviwo ma—bene woawɔ lãmenugbagbevi yeyewo alo aɖɔ li xoxoawo la—wò domenyiŋusẽmanu ɖoa mɔfiame siawo ɖe wo me, eye esiae wɔe be eyi dzi le agbe eye wò dzedzeme gale abe ale si ko wòle ene. Mía Wɔla si le dziƒo ƒe ŋusẽ kple nunya ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi kae nye esi!

Míaƒe Susu Tɔxɛ La

12. Nu ka koŋue na amegbetɔwo to vovo na lãwo?

12 ‘Ke nye la, Mawu, wò susuwo xɔ asi nam ŋutɔ! Aleke woƒe xexlẽme mehesɔ gbɔe o! Ne mebe, maxlẽ wo la, wosɔ gbɔ wu ke!’ (Psalmo 139:17, 18a) Wowɔ lãwo hã nukutɔe, eye wo dometɔ aɖewo ƒe sidzenu kple ŋutetewo de ŋgɔ wu amegbetɔwo tɔ. Gake Mawu na amegbetɔwo tamebubu ŋutete si kɔ boo wu lã ɖe sia ɖe tɔ. Dzɔdzɔmeŋutinunya gbalẽ aɖe gblɔ be: “Togbɔ be mí amegbetɔwo míesɔ kple nugbagbe bubuwo le mɔ geɖe nu hã la, míeto vovo tso anyigba dzi nugbagbewo katã gbɔ le gbegbɔgblɔ kple tamebubu ƒe ŋutete si le mía si ta. Nu si hã na míele etɔxɛe nye ale si míedina vevie be míanya nu tso mía ɖokui ŋu: Aleke wowɔ míaƒe ametiae? Aleke wowɔ míi?” Nyabiase siawo tɔgbi ŋue Dawid de ŋugble le.

13. (a) Aleke Dawid te ŋu de ŋugble tso Mawu ƒe susuwo ŋui? (b) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Dawid ƒe kpɔɖeŋua?

13 Vevitɔ la, amegbetɔwo le etɔxɛ le mɔ sia nu be ŋutete le wo si be woate ŋu ade ŋugble tso Mawu ƒe susuwo ŋu, nu si mele lãwo ya si o. * Nunana tɔxɛ sia nye mɔ siwo nu wowɔ mí le le “Mawu ƒe nɔnɔme” nu la dometɔ ɖeka. (Mose I, 1:27) Dawid wɔ nunana sia ŋu dɔ nyuie. Ede ŋugble tso nu siwo ɖo kpe edzi be Mawu li kple nɔnɔme nyui siwo dzena le anyigbadzinu siwo ƒo xlãe me ŋu. Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ƒe agbalẽ gbãtɔ, siwo me Mawu ƒo nu tso eɖokui kple eƒe dɔwɔwɔwo ŋuti le, hã nɔ Dawid si. Ŋɔŋlɔ siawo siwo tso gbɔgbɔ me kpe ɖe Dawid ŋu wòse Mawu ƒe susuwo, eƒe amenyenye, kple eƒe tameɖoɖowo gɔme. Ŋugbledede tso Ŋɔŋlɔawo, Mawu ƒe nuwɔwɔwo, kple ale si Wòwɔ nu kple eya Dawid ʋãe wòkafu Ewɔla.

Nu Si Xɔse Bia

14. Nu ka tae mehiã be míanya nu sia nu tso Mawu ŋu hafi axɔ edzi se o?

14 Zi ale si Dawid de ŋugble tso Mawu ƒe nuwɔwɔwo kple Ŋɔŋlɔawo ŋui la, zi nenemae wòkpɔe dze sii be Mawu ƒe sidzedze kple eƒe ŋutete gɔme sese tsitotsito gbɔ yeƒe ŋutete ŋui. (Psalmo 139:6) Nenema kee wòle le míawo hã mía gome. Míate ŋu ase Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã gɔme gbeɖe o. (Nyagblɔla 3:11; 8:17) Gake ‘Mawu ɖe’ sidzedze geɖe fia le Ŋɔŋlɔawo kple nuwɔwɔ siwo ƒo xlã mí me ale gbegbe be xɔse si wotu ɖe nu ŋutɔŋutɔ dzi nasu nyateƒedila siwo le agbe le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me si.—Romatɔwo 1:19, 20; Hebritɔwo 11:1, 3.

15. Wɔ ale si kadodo le xɔse kple mía kple Mawu dome ƒomedodo dome la ƒe kpɔɖeŋu.

15 Xɔse ƒe amesinɔnɔ bia nu geɖe wu lɔlɔ̃ ɖe edzi ko be nunyala aɖee anya nye agbe kple xexea Dzɔtsoƒe. Ebia be woaka ɖe Yehowa Mawu dzi be enye ame ŋutɔŋutɔ—ame si di be míanya ye, eye míanɔ ƒomedodo nyui me kpli ye. (Yakobo 4:8) Míate ŋu atsɔ ale si ame aɖe naka ɖe fofo lɔ̃ame aɖe dzi eye wòaɖo ŋu ɖe eŋu la awɔ esia ƒe kpɔɖeŋui. Ne ɖeklemiɖela aɖe gblɔ be yemeka ɖe edzi be fofowò akpe ɖe ŋuwò ŋutɔŋutɔ ne eɖo kuxi me o la, gbɔgblɔ nɛ ko be ye fofo nye ame si dzi woate ŋu aka ɖo mana wòaxɔ dziwò ase o. Gake ne fofowò ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋuti kpeɖodzi geɖe le wò ŋutɔ asiwò la, àte ŋu aka ɖe edzi be magblẽ ye ɖi o. Nenema kee ne míeva dze si Yehowa to Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃, ŋugbledede tso eƒe nuwɔwɔwo ŋu, kple eƒe kpekpeɖeŋu si wònana le míaƒe gbedodoɖawo ŋu ɖoɖo me la, eʋãa mí míekana ɖe eya amea dzi. Enana míedina be míasrɔ̃ nu geɖe tso eŋu, eye be míatsɔ lɔlɔ̃ kple ɖokuitsɔtsɔna si me ɖokuitɔdidi aɖeke mele o atsɔ anɔ ekafum tegbee. Esiae nye taɖodzinu nyuitɔ kekeake si yome ame ate ŋu ati.—Efesotɔwo 5:1, 2.

Di Mía Wɔla Ƒe Mɔfiame!

16. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Dawid ƒe ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple Yehowa me?

16 ‘Mawu, dzro menye, eye nadze si nye dzi, dom kpɔ, eye nadze si nye susuwo! Eye ne èkpɔ be, fukpekpemɔ le ŋkunye me la, kplɔm to mɔ tegbeetɔ la dzi!’ (Psalmo 139:23, 24) Dawid nyae be Yehowa nya nu sia nu tso ye ŋu tsitotsito xoxo—enyae be tame sia tame si yebuna, nu sia nu si yegblɔna alo wɔna la mele ɣaɣla ɖe ye Wɔla la o. (Psalmo 139:1-12; Hebritɔwo 4:13) Ale si Mawu nya nuwo tsitotsito alea na be Dawid se le eɖokui me be yele dedie, abe ale si ko ɖevi sena le eɖokui me be yele dedie ne ele edzila lɔ̃amewo ƒe asiwo me ene. Dawid de asixɔxɔ woa kple Yehowa dome ƒomedodo sia ŋu ŋutɔ, eye wòdzea agbagba vevie be ye kplii dome ƒomedodoa nanɔ anyi ɖaa to tamebubu vevie le Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋu kple gbedodoɖa nɛ me. Le nyateƒe me la, Dawid ƒe psalmo geɖe—siwo dome Psalmo 139 hã le—nye gbedodoɖa siwo wòtsɔ dzi hae. Nenema kee ŋugbledede kple gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu míate ɖe Yehowa ŋu.

17. (a) Nu ka tae Dawid di be Yehowa nadzro yeƒe dzi me akpɔ? (b) Aleke ale si míezãa míaƒe tiatiawɔblɔɖe lae kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe agbe dzii?

17 Esi wowɔ mí ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nu ta la, wona tiatiawɔblɔɖe mí. Míate ŋu atiae be míawɔ nyui loo alo awɔ vɔ̃. Gake le ablɔɖe sia ta la, míabu akɔnta le míaƒe agbenɔnɔ ŋuti. Dawid medi be woabu ye ade ame vɔ̃ɖiwo dome o. (Psalmo 139:19-22) Edi be yeaƒo asa na vodada siwo ado nuxaxa nɛ la wɔwɔ. Eya tae esi Dawid de ŋugble tso Yehowa ƒe sidzedze si ɖeke mesɔ kpli o ŋu la, ebia Mawu ɖokuibɔbɔtɔe be wòadzro ame si yenye le ememe la me, eye wòafia mɔ ye yeazɔ mɔ si kplɔa ame yia agbe me la dzi. Mawu ƒe agbenɔnɔ ŋuti dzidzenuwo ka ame sia ame, eya tae wòhiã be míawɔ tiatia nyuiwo ɖo. Yehowa le nu xlɔ̃m mía dometɔ ɖe sia ɖe be wòaɖo to ye. Ewɔwɔ alea nana wòkpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu, eye esia hea viɖe geɖe vanɛ na mí. (Yohanes 12:50; Timoteo I, 4:8) Zɔzɔ kple Yehowa gbe sia gbe kpena ɖe mía ŋu míetua ememe akɔdzeanyi ɖo ne míele kuxi sesẽwo me tom gɔ̃ hã.—Filipitɔwo 4:6, 7.

Dze Mía Wɔla Wɔnuku La Yome!

18. Nya ta kae Dawid ƒo esi wòde ŋugble tso nuwɔwɔwo ŋu?

18 Esi Dawid nɔ ɖevime la, ekplɔa alẽwo yia gbe me edziedzi. Alẽwo bia ta ɖe anyi nɔa gbe ɖum, gake eya fɔa eƒe mo dzi nɔa dziƒo kpɔm. Le fiẽsi blukɔ me la, Dawid dea ŋugble tso xexea ƒe anidzedze kple nu si esiawo fia la ŋu. Dawid ŋlɔ bena: “Dziƒowo le Mawu ƒe bubu xlẽm fia, eye dziŋgɔli le gbeƒã ɖem eƒe asinudɔwɔwɔ. Ŋkeke dea gbe asi na ŋkeke, eye zã toa nya na zã.” (Psalmo 19:2, 3) Dawid kpɔe dze si be ehiã be yeadi Ame si wɔ nuwo katã nukutɔe alea la ahadze eyome. Ele be míawo hã míawɔe nenema ke.

19. Nu kae ɖeviwo kple tsitsiawo siaa ate ŋu asrɔ̃ tso ale si ‘wowɔ mí nukutɔe’ la me?

19 Dawid ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi le aɖaŋu si via Salomo va ɖo emegbe na sɔhɛwo la me, be: “Ðo ŋku wɔwòla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me, . . . Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ!” (Nyagblɔla 12:1, 13) Tso Dawid ƒe ɖevime kee wòde dzesii be ‘wowɔ ye nukutɔe.’ Agbenɔnɔ ɖe sidzedze sia nu ɖe vi gã aɖe nɛ le eƒe agbe me katã. Ne mí ɖeviwo kple tsitsiawo siaa míekafua mía Wɔla Gã la hesubɔnɛ la, míakpɔ dzidzɔ le agbe si míele fifia kple esi le vava ge la me. Biblia do ŋugbe sia na ame siwo nɔa Yehowa ŋu kplikplikpli, eye wonɔa agbe ɖe eƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo nu la be: “Woatse ku le tsitsi me ke hã, tsi anɔ wo me gugugu, eye woade ama ahaɖe gbeƒãe be, Yehowa enye dzɔdzɔetɔ.” (Psalmo 92:15, 16) Eye mɔkpɔkpɔ asu mía si be míase vivi le mía Wɔlaa ƒe dɔ wɔnukuwo me tegbee.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 1 Kpɔ June 22, 2004, ƒe Yevugbe me Nyɔ!, Yehowa Ðasefowoe tae.

^ mm. 6 Kpɔ August 8, 1997, ƒe Yevugbe me Nyɔ!, nyati si nye “Your Kidneys—A Filter for Life (Les reins : des filtres essentiels à la vie).”

^ mm. 13 Edze abe nya siwo Dawid gblɔ le Psalmo 139:18b fia be ne ele Yehowa ƒe susuwo xlẽm ŋkekea katã va se ɖe esime wòdɔ alɔ̃ le zã me hã la, nu geɖe aganɔ anyi wòagaxlẽ kokoko ne efɔ ŋdi.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Aleke ale si fugboe tsinɛ la ɖee fia be ‘wowɔ mí nukutɔe’?

• Nu ka ta wòle be míade ŋugble tso Yehowa ƒe susuwo ŋu?

• Kadodo kae le xɔse kple mía kple Yehowa dome ƒomedodoa dome?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Nɔnɔme si woɖo ɖi do ŋgɔ nue ɖevi tsina ɖo le dadaa ƒe dɔme

DNA

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Fugboe si le dɔme: Lennart Nilsson

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Abe ale si ɖeviwo kana ɖe fofo lɔ̃ame dzi ene la, míawo hã míekana ɖe Yehowa dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Ŋugbledede tso Yehowa ƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu ʋã Dawid wòkafui