Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Dea Asixɔxɔ Wò Toɖoɖo Ŋu

Yehowa Dea Asixɔxɔ Wò Toɖoɖo Ŋu

Yehowa Dea Asixɔxɔ Wò Toɖoɖo Ŋu

“Vinye, dze nunya, be nado dzidzɔ na nye dzi.”—LODODOWO 27:11.

1. Gbɔgbɔ kae va xɔ aƒe ɖe xexea me egbea?

ÐOKUISINƆNƆ kple tomaɖomaɖo ƒe gbɔgbɔ aɖe va xɔ aƒe ɖe xexea me fũu egbea. Apostolo Paulo ɖe nu si tae wòle alea la me le lɛta si wòŋlɔ na Efeso Kristotɔwo me: ‘Miezɔ tsã le xexe sia me ƒe ŋɔli me nu, le yameŋusẽ ƒe fia, si nye gbɔgbɔ, si le ŋu sẽm azɔ le vi sẽtowo me la nu.’ (Efesotɔwo 2:1, 2) Ɛ̃, àte ŋu agblɔ be Satana Abosam, “yameŋusẽ ƒe fia” la, tsɔ tomaɖomaɖo ƒe gbɔgbɔ yɔ xexea me fũu. Enɔ esia wɔwɔ dzi le ƒe alafa gbãtɔ me, eye fifia egale ewɔm geɖe wu tso esime wonyae tso dziƒo le Xexemeʋa I wɔyi ke.—Nyaɖeɖefia 12:9.

2, 3. Susu kawo tae wòle be míaɖo to Yehowa ɖo?

2 Gake mí Kristotɔwo ya míenyae be edze be míaɖo to Yehowa Mawu tso dzi me, elabena eyae nye mía Wɔla, míaƒe agbe Takpɔla, mía Dziɖulagã lɔ̃ame, kple mía Ðela. (Psalmo 148:5, 6; Dɔwɔwɔwo 4:24; Kolosetɔwo 1:13; Nyaɖeɖefia 4:11) Israel vi siwo nɔ anyi le Mose ŋɔli nyae be Yehowae nye yewoƒe Agbenala kple Xɔnametɔ. Eya tae Mose gblɔ na wo be: “Milé wo me ɖe asi, eye miwɔ wo dzi, abe alesi Yehowa, mia Mawu, de se na mi ene.” (Mose V, 5:29) Ɛ̃, Yehowa dze be woaɖo toe. Ke hã, eteƒe medidi hafi wova gbe toɖoɖo woƒe Dziɖulagã la o.

3 Aleke míaƒe toɖoɖo le vevie na xexea me katã Wɔla la? Mawu na nyagblɔɖila Samuel gblɔ na Fia Saul kpɔ be: “Toɖoɖo nyo wu vɔsa.” (Samuel I, 15:22, 23) Nu ka tae?

Mɔ Si Nu “Toɖoɖo Nyo Wu Vɔsa” Le

4. Gɔmesese ka nue míate ŋu ana nane Yehowa le?

4 Esi Yehowae nye Wɔla ta la, ŋutilãmenu siwo katã le mía si la le esi xoxo. Esi wòle alea ta la, ɖe nane li míate ŋu anaea? Ɛ̃, míate ŋu ana nane si xɔ asi ŋutɔe. Eyae nye nu ka? Míate ŋu akpɔ ŋuɖoɖoa le nuxlɔ̃ame si gbɔna me: “Vinye, dze nunya, be nado dzidzɔ na nye dzi, ne mate ŋu aɖo nya ŋu na amesiwo le alɔme ɖem le ŋunye.” (Lododowo 27:11) Míate ŋu ana míaƒe toɖoɖo Mawu. Togbɔ be míaƒe nɔnɔmewo kple ame ƒomevi si me tɔ míenye le vovovo hã la, mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu ato eƒe toɖoɖo dzi aɖo Satana Abosam ƒe nutsotso vɔ̃ɖi si nye be amegbetɔwo mate ŋu alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Mawu ne wodo go dodokpɔ sesẽwo o la ŋu. Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi!

5. Aleke tomaɖomaɖo wɔa dɔ ɖe Wɔla la dzii? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

5 Mawu tsɔa ɖe le nyametsotso siwo míewɔna la me. Ne míesẽ to la, ewɔa dɔ ɖe edzi. Alekee? Etena ɖe edzi be wòakpɔ ame wòaɖe afɔ numanyamanyatɔe alea. (Psalmo 78:40, 41) Tsɔe be suklidɔléla aɖe do kpo nuɖuɖu siwo wobia tso esi be wòanɔ ɖuɖum be wòanɔ lãmesẽ me la ɖuɖu, evɔ wòhevu ɖe nu siwo menyo nɛ o la ɖuɖu ŋu. Aleke eƒe atikewɔla belénamela ase le eɖokui me? Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa sea veve ne amewo gbe toɖoɖoe, elabena enya nu siwo dona tso eƒe mɔfiame siwo wòna ku ɖe agbe ŋu la dzi mawɔmawɔ me.

6. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míaɖo to Mawu?

6 Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu be wòanye toɖola? Ele vevie be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia Mawu be wòana “dzi nyanu” ye, abe ale si Fia Salomo wɔe ene. Ebia be woana dzi sia ye bene yeate ŋu ‘ade vovo nyui kple vɔ̃ dome’ hena ʋɔnudɔdrɔ̃ ehati Israel viwo. (Fiawo I, 3:9) Míehĩa “dzi nyanu” be míatsɔ ade vovo nyui kple vɔ̃ dome le xexe sia si me tomaɖomaɖo ƒe gbɔgbɔ xɔ aƒe ɖo la me. Mawu na eƒe Nya la, Biblia srɔ̃gbalẽwo, Kristotɔwo ƒe kpekpewo, kple hamemetsitsi lébenamewo mí bene míate ŋu atu “dzi nyanu” ɖo. Ðe míele nu siawo siwo wona mí lɔlɔ̃tɔe la ŋu dɔ wɔm nyuiea?

7. Nu ka tae Yehowa te gbe ɖe toɖoɖo dzi wu vɔsawo?

7 Le go sia me la, ɖo ŋkui be le blema la, Yehowa ɖee fia eƒe ame siwo nɔ anyi ɣemaɣi be toɖoɖo le vevie na ye wu lãwo ƒe vɔsawo. (Lododowo 21:3, 27; Hosea 6:6; Mateo 12:7) Esi Yehowa ŋutɔe de se na eƒe amewo be woasa vɔ mawo na ye ta la, nu ka tae wògblɔ nya ma ɖo? Enyo, nu kae ʋã ame si le vɔa sam la? Ðe wòle vɔa sam be yeatsɔ adze Mawu ŋua? Alo kɔnu dzro aɖe ko wɔm wòlea? Ne tadeagula aɖe di be yeƒe nu nadze Mawu ŋu vavã la, akpɔ egbɔ be yewɔ ɖe Mawu ƒe sededewo katã dzi. Mawu mehiã lãwo ƒe vɔsawo kokoko o, gake míaƒe toɖoɖo nye nu xɔasi aɖe si míate ŋu anae.

Nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu Aɖe

8. Nu ka tae Mawu gbe Saul be magaɖu fia o?

8 Biblia me nuŋlɔɖi siwo ku ɖe Fia Saul ŋu ɖe toɖoɖo ƒe vevienyenye fia. Ðokuibɔbɔla kple agbe tsɛ nɔla aɖee Saul nye esime wòdze fiaɖuɖu gɔme, eye ‘mebu eɖokui naneke o.’ Gake emegbe la, dada kple nukpɔsusu totrowo te ŋusẽkpɔkpɔ ɖe eƒe nyametsotsowo dzi. (Samuel I, 10:21, 22; 15:17) Gbe ɖeka la, enɔ na Saul be wòayi aɖakpe aʋa kple Filistitɔwo. Samuel gblɔ na fia la be wòalala ye yeava sa vɔ na Yehowa, eye yeagana mɔfiame bubuwoe. Ke hã, Samuel meva kaba abe ale si wonɔ mɔ kpɔm nɛ ene o, eye dukɔ la te dzodzo. Esi Saul kpɔ esia la, ‘esa numevɔ la.’ Esia medze Yehowa ŋu o. Esi Samuel va ɖo mlɔeba la, fiaa do taflatsɛ ɖe eƒe tomaɖomaɖoa ta hegblɔ be esi Samuel tsi megbe tae ‘yezi ye ɖokui dzi hesa numevɔ’ tsɔ ƒo koko na Yehowa ɖo. Le Fia Saul gome la, vɔ ma sasa nɔ vevie nae wu be wòaɖo to mɔfiame si wonae be wòalala Samuel nava sa vɔa. Samuel gblɔ nɛ be: ‘Èwɔ bometsinu! Mèlé Yehowa, wò Mawu ƒe se, si wòde na wò me ɖe asi o.’ Tomaɖomaɖo Yehowa na be fiaɖuɖua ge le Saul si.—Samuel I, 10:8; 13:5-13.

9. Aleke Saul ɖe tomaɖomaɖo Mawu fiae?

9 Ðe fia la srɔ̃ nane tso nudzɔdzɔ sia mea? Kura o! Emegbe la, Yehowa de se na Saul be wòatsrɔ̃ Amalekitɔwo, ame siwo dze Israel dzi va yi evɔ womedi ge le wo ŋu hafi o la. Mele be Saul nagblẽ woƒe aƒemelãwo gɔ̃ hã ɖe agbe o. Eɖo to Yehowa va se ɖe afi aɖe to ‘Amalekitɔwo sisi tso Xawila va se ɖe Sur’ me. Esi Samuel va kpee la, fia la kpɔ dzidzɔ le aʋadziɖuɖua ŋu ale gbegbe, eye wògblɔ be: “Yehowa ayra wò! Mewɔ Yehowa ƒe gbe dzi.” Ke hã, Saul kple eƒe amewo kpɔ Fia Agag kple “alẽ nyuiwo, nyi damiwo kple alẽviwo kpakple nu nyuiwo katã ta,” nu si to vovo na mɔfiame si le tẽ si wònae la. Fia Saul ʋli eƒe tomaɖomaɖoa ta be: “Dukɔ la kpɔ alẽ kple nyi nyuiwo ta, be woatsɔ asa vɔ na Yehowa, wò Mawu la.”—Samuel I, 15:1-15.

10. Nu kae Saul do kpo sɔsrɔ̃?

10 Samuel gblɔ na Saul be: “Ã, numevɔsawo kple akpedavɔsawoe dzea Yehowa ŋu wu toɖoɖo Yehowa ƒe gbea? Kpɔ ɖa, toɖoɖo nyo wu vɔsa, eye nusese nyo wu agbo ƒe ami.” (Samuel I, 15:22) Esi Yehowa ɖoe be woatsrɔ̃ lã mawo ta la, womedze woatsɔ asa vɔe o.

Nye Toɖola Le Nuwo Katã Me

11, 12. (a) Aleke Yehowa bua agbagba siwo míedzena be míaƒe tadedeagu nadze eŋu lae? (b) Aleke ame aɖe ate ŋu anɔ eɖokui flum ahasusui be yele Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm evɔ le nyateƒe me la, wòhenye tomaɖola?

11 Aleke dzi dzɔa Yehowae nye esi ne ekpɔ esubɔla wɔnuteƒewo lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le yometitiwo me, ɖea gbeƒã Fiaɖuƒea togbɔ be amewo metsɔa ɖeke le eme o hã, eye wonɔa Kristotɔwo ƒe kpekpewo dem togbɔ be woƒe agbemenuhiahiãwo kpɔkpɔ le sesẽm na wo hã! Míaƒe toɖoɖo le míaƒe gbɔgbɔmedɔwo ƒe akpa vevi siawo me doa dzidzɔ na eƒe dzi ŋutɔ! Ne lɔlɔ̃e ʋãa mí míedea ta agu na Yehowa la, míaƒe agbagbadzedzewo xɔa asi le eŋkume. Amegbetɔ ate ŋu ado kpo míaƒe kutrikuku kpɔkpɔ dze si, gake Mawu dea dzesi vɔ siwo míesana nɛ tso dzi me la, eye eɖoa ŋku wo dzi.—Mateo 6:4.

12 Gake be míadze mía Mawu la ŋu bliboe la, ele be míanye toɖolawo le míaƒe agbemenuwɔna ɖe sia ɖe me. Mele be míaflu mía ɖokui ahasusui gbeɖe be ne míenya le ta dem agu na Mawu le míaƒe agbemenuwɔna aɖewo me ko la, míate ŋu agbe wɔwɔ ɖe eƒe nudidi bubuwo ya dzi faa o. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖe ate ŋu anɔ eɖokui flum ahasusui be ne yekua kutri le subɔsubɔdɔ aɖewo wɔwɔ me ko la, yeate ŋu asi le tohehe nu ne yenɔ agbe gbegblẽ alo wɔ nu vɔ̃ gã aɖe. Vodada kae nye esi esia anye!—Galatiatɔwo 6:7, 8.

13. Aleke woate ŋu ado míaƒe toɖoɖo Yehowa kpɔ ne míele míaƒe aƒewo me?

13 Eya ta esɔ be míabia mía ɖokuiwo se be, ‘Ðe meɖoa to Yehowa le nye gbe sia gbe dɔwo kple nu siwo me amewo mekpɔam le o me gɔ̃ hã?’ Yesu gblɔ be: “Amesi wɔa nuteƒe le nu suetɔ ke me la, enyea nuteƒewɔla le nu geɖewo hã me, eye amesi wɔa nu madzɔmadzɔ le nu suetɔ ke me la, enyea nu madzɔmadzɔ wɔla le nu geɖewo hã me.” (Luka 16:10) Ðe ‘míezɔna le míaƒe dzi ƒe fɔmaɖimaɖi me le míaƒe aƒe me,’ afi si ame bubuwo mekpɔa mí le o gɔ̃ hã? (Psalmo 101:2) Nyateƒee, woate ŋu ado míaƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ ne míele aƒe me gɔ̃ hã. Le du geɖe siwo me kɔmpiuta le amewo si le woƒe aƒewo me la, nu ɖigbɔwo kpɔkpɔ le bɔbɔe ŋutɔ. Ƒe ʋɛ aɖewoe nye esi va yi la, womate ŋu akpɔ nu ɖigbɔ mawo o negbe ɖe woyi agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe modzakaɖeƒewo hafi. Ðe míawɔ ɖe Yesu ƒe nya sia si nye be, “amesiame, si ke kpɔ nyɔnu aɖe wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me” la dzi toɖoɖotɔea? Ɛ̃, ɖe míagbe agbe gbegblẽ nɔnɔ fotowo gɔ̃ hã kpɔkpɔa? (Mateo 5:28; Hiob 31:1, 9, 10; Psalmo 119:37; Lododowo 6:24, 25; Efesotɔwo 5:3-5) Ekema television dzi fefe siwo me wowɔa anyrã le ya ɖe? Ðe míaƒe susu wɔa ɖeka kple mía Mawu, ame si ƒe “luʋɔ léa fu ame vɔ̃ɖi kple amesi lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ la” tɔa? (Psalmo 11:5) Ke aha tsu nono le ɣaɣlaƒe ya ɖe? Biblia ƒo nu tsi tre ɖe ahamumu ŋu, eye wòxlɔ̃ nu Kristotɔwo ku ɖe “aha geɖe” nono hã ŋu.—Tito 2:3; Luka 21:34, 35; Timoteo I, 3:3.

14. Mɔ siwo nu míeɖea míaƒe toɖoɖo Mawu fiana le ganyawo me la dometɔ aɖewo ɖe?

14 Go bubu si me wòle be míanɔ ŋudzɔ le hãe nye ale si míekpɔa ganyawo gbɔe. Le kpɔɖeŋu me, ɖe míakpɔ gome le mazu-gatɔ-kaba ƒe nuwɔna siwo do ƒome kple nu fitifiti wɔwɔ mea? Ðe míedina be míato fimɔwo nu asi le adzɔxexe nua? Alo ɖe míeɖoa to sedede si nye be ‘míatu fe na ame sia ame, ale si dze; ame si tɔ nye adzɔnana la, míana adzɔe’ la tso dzi me faa?—Romatɔwo 13:7.

Toɖoɖo Si Tsoa Lɔlɔ̃ Ƒe Ameʋaʋã Me

15. Nu ka tae nèɖoa to Yehowa ƒe sededewo ɖo?

15 Mawu ƒe sededewo dzi wɔwɔ hea yayrawo vanɛ. Le kpɔɖeŋu me, ne míetsria atamanono, míenɔa agbe ɖɔʋu, eye míedea bubu agbe ƒe nu kɔkɔe nyenye ŋu la, míaƒo asa na dɔléle aɖewo. Gakpe ɖe eŋu la, ne míenɔa agbe wòwɔa ɖeka kple Biblia me nyateƒea le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa bubuwo me la, aɖe vi na mí le ganyawo, hadomenyawo, kple ƒomenyawo me. (Yesaya 48:17) Asɔ be woabu viɖe ŋutɔŋutɔ siawo be wonye yayra siwo ɖoa kpe edzi be Mawu ƒe seawo ɖea vi. Ke hã, susu vevitɔ si ta míeɖoa to Yehowae nye be míelɔ̃e. Menye ɖokuitɔdidi tae míesubɔa Mawu ɖo o. (Hiob 1:9-11; 2:4, 5) Mawu na ablɔɖe mí be míawo ŋutɔwo míatia ame si míadi be míaɖo toe. Míetianɛ be míaɖo to Yehowa, elabena míedina be míadze eŋu, eye míedina be míawɔ nu si le eteƒe hã.—Romatɔwo 6:16, 17; Yohanes I, 5:3.

16, 17. (a) Aleke lɔlɔ̃ ʋã Yesu wòɖo to Mawu tso dzi mee? (b) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesue?

16 Yesu ɖo toɖoɖo Yehowa bliboe ƒe kpɔɖeŋu ɖi na mí to ale si lɔlɔ̃ ʋãe wòɖo to Mawu tso dzi blibo me la me. (Yohanes 8:28, 29) Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, “[esrɔ̃] toɖoɖo le fu, siwo wòkpe la me.” (Hebritɔwo 5:8, 9) Alekee? Yesu ‘bɔbɔ eɖokui ɖe anyi, eye wòɖo to yiɖase ku me, yiɖase fuwɔameti ŋuti ku la me ke.’ (Filipitɔwo 2:7, 8) Togbɔ be Yesu nye toɖola le dziƒo xoxoxo hã la, wogado eƒe toɖoɖo kpɔ geɖe wu esime wònɔ anyigba dzi. Míate ŋu aka ɖe edzi be Yesu su te nyuie le mɔ sia mɔ nu asubɔ eƒe gbɔgbɔmenɔviwo kple ameƒomea me tɔ bubu siwo xɔ edzi se la abe Nunɔlagã ene.—Hebritɔwo 4:15; Yohanes I, 2:1, 2.

17 Ke míawo ya ɖe? Míate ŋu asrɔ̃ Yesu ne míetsɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ toɖoɖotɔe ɖo nɔƒe gbãtɔ. (Petro I, 2:21) Míate ŋu akpɔ dzidzeme ne míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu ʋãa mí míewɔa Yehowa ƒe sededewo dzi le ɣeyiɣi siwo me woƒonɛ ɖe mía nu alo wòdzroa mí vevie be míawɔ nu si to vovo na ema me gɔ̃ hã. (Romatɔwo 7:18-20) Esia bia be míalɔ̃ faa awɔ ɖe mɔfiame siwo ame siwo le ŋgɔ xɔm le tadedeagu vavã me nana la dzi, togbɔ be wonye ame madeblibowo hã. (Hebritɔwo 13:17) Míaƒe toɖoɖo Mawu ƒe sededewo le mía ŋutɔwo ƒe agbemenyawo me xɔa asi le Yehowa ŋkume ŋutɔ.

18, 19. Nu kae dona tso míaƒe toɖoɖo Mawu tso dzi blibo me la me?

18 Egbea la, míaƒe toɖoɖo Yehowa ate ŋu abia be míado dzi le yometiti me bene míalé míaƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi. (Dɔwɔwɔwo 5:29) Nenema ke, toɖoɖo Yehowa ƒe se si wòde na mí be míaɖe gbeƒã ahafia nu amewo bia be míado dzi va se ɖe nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu. (Mateo 24:13, 14; 28:19, 20) Míehiã dzidodo be míate ŋu ayi edzi anɔ ƒu ƒom ɖekae kple mía nɔviwo togbɔ be nu anɔ tetem ɖe mía dzi le xexea me gɔ̃ hã. Ale si míele agbagba dzem be míaɖo to le go siawo me la le nyanya na mía Mawu lɔ̃ame la nyuie. Gake be míanye toɖolawo bliboe la, ele be míawɔ avu kple míaƒe nu vɔ̃ ŋutilã la, aɖe mía ɖokui ɖa tso vɔ̃ gbɔ esime míele ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nyuiwɔwɔ ŋu tum ɖo.—Romatɔwo 12:9.

19 Ne lɔlɔ̃ kple dzi dakpewoe ʋãa mí míesubɔa Yehowa la, ‘anye teƒeɖola na mí ame siwo dinɛ vevie la.’ (Hebritɔwo 11:6) Vɔsa nyuiwo le vevie eye wonyoa Mawu ŋu, gake toɖoɖo Yehowa le esi míelɔ̃e tae dzea eŋu wu.—Lododowo 3:1, 2.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu ka tae míate ŋu agblɔ be nane le mía si míana Yehowa?

• Vodada kawoe Saul wɔ?

• Aleke nàte ŋu aɖee afia be yexɔe se be toɖoɖo nyo wu vɔsa?

• Nu kae ʋãa wò nèɖoa to Yehowa?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Aleke atikewɔla belénamela ase le eɖokui me ne dɔnɔ aɖe gbe wɔwɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi?

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Nu ka tae Fia Saul ƒe nu medze Yehowa ŋu o?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 30]

Èwɔna ɖe Mawu ƒe sededewo dzi le wò aƒe me afi si ame aɖeke mele kpɔwòm le oa?