Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia Me Hehenana Tua Xɔse Ðo

Biblia Me Hehenana Tua Xɔse Ðo

Biblia Me Hehenana Tua Xɔse Ðo

GBETAKPƆXƆ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass 122 lia nuwulawo dometɔ ɖeka gblɔ le woƒe sukunuwuwɔnawo me be: “Mɔnukpɔkpɔ xɔasi ka gbegbee nye esi wònye be míaxɔ mía Wɔla la ƒe mɔfiamewo ahasrɔ̃ ale si míabu nuwo ŋu abe ale si wòbuna wo ene la le ɣleti atɔ̃ siwo va yi me!” March 10, 2007 anye ŋkeke si ame 56 siwo wu sukua nu gbe ma gbe, eye eteƒe madidi o woayi ɖe dukɔ vovovo 26 siwo me woaɖo wo ɖa hena dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ, la maŋlɔ be akpɔ gbeɖe o.

Esi Theodore Jaracz, si nye Dziɖuhaa me tɔ, do dzaa na vavala 6,205-awo vividoɖeameŋutɔe vɔ megbe la, egblɔ be: “Míeka ɖe edzi be sukunuwuwɔna sia ado ŋusẽ mi vavalawo katã le gbɔgbɔ me ahatu miaƒe xɔse ɖo geɖe ŋutɔ.” Enɔ zi me na nuƒo ene siwo kplɔ wo nɔewo ɖo la dometɔ ɖe sia ɖe, siwo me Biblia me dzideƒonamenyawo kple aɖaŋuɖoɖo, siwo akpe ɖe sukuviawo ŋu woakpɔ dzidzedze le woƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me la nɔ.

Dzidede Ƒo Be Woatu Ame Bubuwo Ƒe Xɔse Ðo

Leon Weaver, si nye United States Ƒe Alɔdzekɔmitia me tɔ la, ƒo nu tso tanya si nye, “Miyi Nu Nyui Wɔwɔ Dzi” ŋu. Eɖo ŋku edzi na sukuviawo be wo dometɔ ɖe sia ɖe zã ƒe 13 le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me le mama dedie nu tsɔ do Biblia me hehenana si tua xɔse ɖo la ɖe ŋgɔ. Egblɔ be: “Dɔ nyui aɖe ŋutɔ wònye elabena eɖea amewo ƒe agbe, eye vevietɔ wu la edoa mía Fofo si le dziƒo, Yehowa, ɖe dzi.” Eya ta Nɔviŋutsu Weaver de dzi ƒo na sukuviawo be woayi edzi ‘aƒã nu ɖe gbɔgbɔ me’ eye be ‘ɖeɖi nagate wo ŋu le nu nyui wɔwɔ me o.’—Galatiatɔwo 6:8, 9.

David Splane, si nye Dziɖuhaa me tɔ la gblɔ ŋkuɖodzinya tuameɖo aɖewo le eƒe nuƒo si ƒe tanyae nye “Milé Fɔ Ðe Dɔ Ŋu Tso Gɔmedzedzea Me Ke” la me. Nɔviŋutsu Splane de dzi ƒo na dutanyanyuigblɔla yeyeawo be woadze woƒe dɔa gɔme nyuie esime wògblɔ be: “Nukpɔsusu nyui nenɔ mia si ɣesiaɣi. Migatsi klokloklo le nyametsotsowo wɔwɔ me o. Mido vivi ɖe amewo ŋu. Migahe nya ɖe amewo ŋu o. Mibɔbɔ mia ɖokui, eye miade bubu nɔvi siwo le nuto si me woaɖo mi ɖo me la ŋu.” Egblɔ kpee be: “Ne miele ɖiɖim le yameʋua me la, nenɔ susu me na mi be, ele be yewoalé fɔ ɖe dɔ ŋu tso gɔmedzedzea me ke, eye neva eme be Yehowa nayra ɖe miaƒe agbagbadzedze nyuiawo dzi esime miele ‘nane si nyo wu la ŋuti nyanyui’ tsɔm le yiyim na amewo.”—Yesaya 52:7.

Gilead nufiala Lawrence Bowen ƒo nuƒo si ƒe tanyae nye: “Domenyinu Aɖe Si Ŋu Kakaɖedzi Le Xɔxɔ.” Nɔviŋutsu Bowen ɖo ŋku edzi na sukuviawo be ɖe woɖo Gilead Sukua anyi tso Xexemeʋa II wɔɣi ke kple kakaɖedzi blibo be Yehowa ƒe nyagblɔɖinya ava eme. (Hebritɔwo 11:1; Nyaɖeɖefia 17:8) Tso ɣemaɣi la, Gilead Sukua do ŋusẽ ame siwo katã denɛ la ƒe xɔse. Xɔse sẽŋu ʋãa sukua nuwulawo be woayi gbeƒãɖeɖe nyateƒea dzi dzonɔamemetɔe.

Gilead nufiala bubu si ŋkɔe nye Mark Noumair ƒo nuƒo si ƒe tanyae nye “Miena Meɖo Ŋku Ame Aɖe Dzi.” Ehe susu yi kpɔɖeŋu si nyagblɔɖila Elisa ɖo ɖi le xɔse kple dzideƒo si nɔ esi le eƒe dɔdeasia wɔwɔ me la dzi. Esime wònɔ Fiawo I, 19:21 me dzrom la, egbɔ be: “Elisa lɔ̃ faa wɔ tɔtrɔwo le eƒe agbe me, etsɔ eya ŋutɔ ƒe viɖewo sa vɔe heɖe gbeƒã Yehowa ƒe tameɖoɖo.” Ekafu sukunuwulawo ɖe ale si woawo hã woɖe nɔnɔme ma tɔgbi fia la ta, hede dzi ƒo na wo be woayi edzi nenema le woƒe dɔdeasi yeyeawo wɔwɔ me.

Xɔse Nana Woƒoa Nu Kple Dzideƒo

Esime wonɔ ŋusẽ dom sukuvi siawo siwo ava zu dutanyanyuigblɔlawo ƒe xɔse le sukua la, wozãa kwasiɖanuwuwuwo hã tsɔ ɖea gbeƒã nya nyuia na amewo. Esia na nuteƒekpɔkpɔ nyuiwo su wo si wova gblɔ hewɔ woƒe wɔwɔfiawo le sukunuwuwɔnawo ƒe akpa si dzi Wallace Liverance, si nye Gilead nufiala bubu, kpɔ la me. Wɔnaa ƒe akpa sia si ƒe tanyae nye “Miexɔe Se, Eya Ta Mieƒoa Nu Ðo” la he susu yi apostolo Paulo ƒe nya siwo dze le Korintotɔwo II, 4:13 la dzi.

Ðe esia yome la, Daniel Barnes kple Charles Woody, siwo nye Betel ƒomea me tɔwo la, bia gbe ame siwo le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔm fifia kple ame siwo wɔe kpɔ la. Gbebiame siawo te gbe ɖe ale si Yehowa léa be na ame siwo subɔnɛ nuteƒewɔwɔtɔe kple ale si wòyraa woe la dzi. (Lododowo 10:22; Petro I, 5:7) Dutanyanyuigblɔla ɖeka gblɔ be: “Mía kple srɔ̃nye míekpɔe kɔte be Yehowa lé be na mí le míaƒe Gilead hehexɔxɔa me. Etu míaƒe xɔse ɖo ŋutɔ. Xɔse hiã vevie ŋutɔ, elabena dodokpɔwo, kuxiwo, kple dzimaɖitsitsiwo ava Mawu subɔlawo katã dzi, dutanyanyuigblɔlawo meto le eme o.”

Miyi Edzi Mianɔ Biblia Me Hehenana Si Tua Xɔse Ðo La Dom Ðe Ŋgɔ

Esɔ ŋutɔ be le sukunuwuwɔnaa ƒe nuwuwu la, Samuel Herd, si nye Dziɖuhaa me tɔ la, ƒo nuƒo si ƒe tanyae nye: “Miyi Edzi Mianɔ Nɔviwo Tum Ðo.” Taɖodzinu kae le hehe si sukuviawo xɔ la ŋu? Nɔviŋutsu Herd gblɔ be: “Taɖodzinuae nye be woafia ale si miazã miaƒe aɖewo atsɔ kafu Yehowa, atsɔ fia nu amewo tso eƒe nyateƒea ŋu le anyigbamama yeye siwo me woaɖo mi ɖo la me, eye miatu mia nɔviwo ɖo le xɔse me la mi.” Ke hã, eɖo ŋku edzi na sukuviawo be aɖe la ate ŋu agblẽ nu hã. (Lododowo 18:21; Yakobo 3:8-10) Ede dzi ƒo na sukuviawo be woasrɔ̃ ale si Yesu zã eƒe aɖee. Ɣeaɖeɣi la, esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo se eƒe nyawo vɔ megbe la, wogblɔ be: “Alo míaƒe dzi melé dzo le mía me, esi wòle . . . ŋɔŋlɔawo me ɖem na mí la o mahã?” (Luka 24:32) Nɔviŋutsu Herd gblɔ be: “Ne miegblɔa dzideƒonamenyawo la, miaƒe nyawo ade dzi gbɔ na mia nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le afi si woaɖo mi ɖo la godoo.”

Eyome, sukunuwulawo xɔ woƒe ɖaseɖigbalẽwo. Emegbe woxlẽ akpedalɛta si sukuviawo ŋlɔ la. Lɛtaa gblɔ be: “Míese le mía ɖokui me vevie be agba le mía dzi be míazã nu siwo míesrɔ̃ la atsɔ wɔ míaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa nuteƒewɔwɔtɔe. Esi míele klalo hena anyigba ƒe seƒewo ke yiyi la, míele gbe dom ɖa be míaƒe agbagbadzedzewo nahe kafukafu gã aɖe vae na míaƒe Nufiala Gãtɔ, Yehowa Mawu.” Vavalawo katã si akpe tso dzi me kplokplokplo. Nyateƒee, sukunuwuwɔnawo tu vavalawo katã ƒe xɔse ɖo.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 17]

“Ne miegblɔa dzideƒonamenyawo la, miaƒe nyawo ade dzi gbɔ na mia nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le afi si woaɖo mi ɖo la godoo”

[Aɖaka si le axa 15]

SUKUVIAWO ŊUTI NYATAKAKA

Dukɔ siwo me wotso ƒe xexlẽme: 9

Dukɔ siwo me woɖo wo ɖo ƒe xexlẽme: 26

Sukuviawo ƒe xexlẽme: 56

Ƒe si woxɔ le mama dedie nu: 33.4

Ƒe si wole nyateƒea me le mama didie nu: 16.8

Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔƒewo le mama didie nu: 13

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku Ƒe Klass 122 Lia Nuwulawo

Ðoɖo si nu woŋlɔ ŋkɔawo ɖo le ete yi ale: Woxlẽ fliawo tso ŋgɔgbe yi megbee, eye woŋlɔ ŋkɔawo tso miame yi ɖusime le fli ɖe sia ɖe dzi.

(1) Howitt, R.; Smith, P.; Martinez, A.; Pozzobon, S.; Kitamura, Y.; Laud, C. (2) Fiedler, I.; Beasley, K.; Matkovich, C.; Bell, D.; Lippincott, W. (3) Sites, W.; Andersen, A.; Toevs, L.; Fusano, G.; Rodríguez, C.; Yoo, J. (4) Sobomehin, M.; Thomas, L.; Gasson, S.; Dauba, V.; Bertaud, A.; Winn, C.; Dobrowolski, M. (5) Yoo, J.; Dauba, J.; Mixer, H.; Newton, M.; Rodríguez, F.; Mixer, N. (6) Laud, M.; Lippincott, K.; Martinez, R.; Haub, A.; Schamp, R.; Pozzobon, L.; Toevs, S. (7) Howitt, S.; Kitamura, U.; Newton, D.; Haub, J.; Sites, J.; Thomas, D. (8) Sobomehin, L.; Matkovich, J.; Fusano, B.; Winn, J.; Schamp, J.; Andersen, D.; Dobrowolski, J. (9) Fiedler, P.; Bell, E.; Beasley, B.; Smith, B.; Bertaud, P.; Gasson, M.