Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Migaɖo Vɔ̃ Vɔ̃ Teƒe Na Ame Aɖeke O”

“Migaɖo Vɔ̃ Vɔ̃ Teƒe Na Ame Aɖeke O”

“Migaɖo Vɔ̃ Vɔ̃ Teƒe Na Ame Aɖeke O”

“Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o, miaƒe tamesusuwo nanɔ nu nyuiwo yome le amewo katã ƒe ŋku me.”—ROMATƆWO 12:17.

1. Nɔnɔme kae ame geɖe ɖena fiana?

NE ÐEVI aɖe nɔvi tu asii la, nu gbãtɔ si wòwɔna zi geɖee nye be eya hã tua asii. Nublanuitɔea, menye ɖeviwo koe ɖoa vɔ̃ vɔ̃ teƒe o. Ame tsitsi geɖewo hã wɔa nu nenema. Ne ame aɖe wɔ vɔ̃ ɖe wo ŋu la, wodina be yewo hã yewoaɖo eteƒe nɛ. Nyateƒee wònye be ame tsitsi akpa gãtɔ matutu ame aɖe si tutu wo la ŋutɔŋutɔ o, gake wo dometɔ geɖe tsɔa ŋɔdzomenuwɔnawo ɖoa eteƒee. Ðewohĩ woanɔ amea ŋu nya vɔ̃ɖiwo kakam alo ato mɔ aɖe dzi axe mɔ nɛ be gomenɔamesi aɖewo nagasu esi o. Mɔnu ka kee ame aɖe ɖazã o, taɖodzinu ɖeka koe—vɔ̃ si ame aɖe wɔ ɖe eŋu la ɖoɖo eteƒe nɛ.

2. (a) Nu ka tae Kristotɔ vavãwo ƒoa asa na didi be yewoaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe? (b) Biabia kawo ŋue míaɖo le nyati sia me, eye Biblia ƒe akpa ka mee míadzro?

2 Togbɔ be vɔ̃ɖoɖo vɔ̃ teƒe ƒe didia nu sẽ le amegbetɔwo me ŋutɔ hã la, Kristotɔ vavãwo ya mewɔa nu nenema o. Ke boŋ, wodzea agbagba be yewoawɔ ɖe apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o.” (Romatɔwo 12:17) Nu kae aʋã mí be míanɔ agbe ɖe dzidzenu kɔkɔ sia nu? Ame kawo koŋue mele be míaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na o? Viɖe kawoe míakpɔ ne míeƒo asa na vɔ̃ɖoɖo vɔ̃ teƒe? Be míakpɔ biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo la, mina míadzro kpukpui siwo ƒo xlã Paulo ƒe nyawo la me le Romatɔwo ƒe agbalẽa ƒe ta 12 bliboa me, bene míakpɔ ale si ta sia ɖee fia be asaƒoƒo na vɔ̃ɖoɖo vɔ̃ teƒee nye nu nyuitɔ, nuwɔna si ɖea lɔlɔ̃ fiana, kple nu si me ɖokuibɔbɔ dzena le. Míadzro nu etɔ̃ siawo me ɖekaɖeka.

“Azɔ Mexlɔ̃ Nu Mi”

3, 4. (a) Nu kawo ŋue Paulo ƒo nu tso le Romatɔwo ta 12 lia ƒe gɔmedzedze, eye gɔmesese ka nue wòzã nya “azɔ” le? (b) Ŋusẽ kae wòle be Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ nakpɔ ɖe Kristotɔ siwo nɔ Roma la dzi?

3 Paulo ƒo nu tso nu ene aɖewo siwo do ƒome kple wo nɔewo eye wokpɔa ŋusẽ ɖe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ dzi la ŋu le ta 12 lia ƒe gɔmedzedze. Eƒo nu tso ƒomedodo si anɔ mía kple Yehowa, haxɔsetɔwo, dzimaxɔsetɔwo, kple ame siwo le dziɖuŋusẽnɔƒewo dome ŋu. Paulo ɖee fia be susu vevi aɖe li si ta wòle be míatsi didi vɔ̃wo, siwo dome didi be míaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe hã le la, nu esime wògblɔ be: “Azɔ mexlɔ̃ nu mi, nɔviwo, to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ me.” (Romatɔwo 12:1) De dzesii be Paulo zã nya “azɔ,” si gɔmee nye, “le nya si do ŋgɔ nu la.” Eya ta nya si tututu Paulo di be yeagblɔe nye be, ‘Le nu siwo me meɖe na mi do ŋgɔ nu la, mele nu xlɔ̃m mi be miawɔ nu siwo magblɔ azɔ la dzi.’ Nu kawo mee Paulo ɖe na Kristotɔ siwo nɔ Roma?

4 Le agbalẽa ƒe ta 11 gbãtɔawo me la, Paulo ƒo nu tso mɔnukpɔkpɔ wɔnuku si ʋu ɖi na Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔdukɔ me tɔwo siaa be woava ɖu fia kple Kristo le Mawufiaɖuƒea me, si nye mɔnukpɔkpɔ si Israel dukɔa gbe la, ŋu. (Romatɔwo 11:13-36) “Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ me” koe mɔnukpɔkpɔ sia to va su wo si. Alekee wòle be Kristotɔwo nawɔ nu ɖe Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ alo amenuveve gã sia ŋu? Ele be woƒe dziwo me nayɔ fũu kple ŋudzedzekpɔkpɔ ale gbegbe be wòaʋã wo woawɔ ɖe nya si Paulo gblɔ kplɔe ɖo la dzi be: ‘Mitsɔ miaƒe ŋutilãwo wɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti kɔ, si dze Mawu ŋu, esi anye miaƒe mawusubɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ.’ (Romatɔwo 12:1) Gake alekee Kristotɔ mawo atsɔ woƒe ŋutilã awɔ “vɔsasa” na Mawu?

5. (a) Alekee ame aɖe atsɔ eɖokui awɔ “vɔsasa” na Mawu? (b) Gɔmeɖose kae wòle be wòakpɔ ŋusẽ ɖe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ dzi?

5 Paulo yi edzi ɖe nu me be: “Migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.” (Romatɔwo 12:2) Le esi woaɖe mɔ xexe sia ƒe gbɔgbɔ nakpɔ ŋusẽ ɖe woƒe tamesusu dzi teƒe la, ele be woatrɔ woƒe susuwo woawɔ ɖeka kple Kristo tɔ. (Korintotɔwo I, 2:16; Filipitɔwo 2:5) Ele be gɔmeɖose ma nakpɔ ŋusẽ ɖe Kristotɔ vavãwo katã, mí ame siwo li egbea hã, ƒe agbenɔnɔ dzi gbe sia gbe.

6. Le Paulo ƒe numeɖeɖe si dze le Romatɔwo 12:1, 2 nu la, nu kae ʋãa mí be míaƒo asa na vɔ̃ɖoɖo vɔ̃ teƒe?

6 Alekee Paulo ƒe numeɖeɖe si dze le Romatɔwo 12:1, 2 la kpena ɖe mía ŋu? Abe Kristotɔ amesiamina siwo nɔ Roma ene la, míekpɔa ŋudzedze ɖe ale si Mawu yi edzi le eƒe dɔmetɔtrɔ ɖem fia mí le mɔ vovovowo nu gbe sia gbe la ŋu ale gbegbe. Eya ta dzi si me yɔ fũu kple ŋudzedzekpɔkpɔ la ʋãa mí be míasubɔ Mawu kple míaƒe ŋusẽ, nunɔamesiwo, kple ŋutete katã. Didi vevie ma ʋãa mí hã be míewɔa nu sia nu si míate ŋui be míana míaƒe tamesusu nawɔ ɖeka kple Kristo tɔ, ke menye kple xexe sia tɔ o. Eye ne míaƒe tamesusu wɔ ɖeka kple Kristo tɔ la, akpɔ ŋusẽ ɖe ale si míewɔa nu ɖe ame bubuwo—haxɔsetɔwo kple ame siwo menye haxɔsetɔwo o siaa—ŋu la dzi. (Galatiatɔwo 5:25) Le kpɔɖeŋu me: Ne míebua nuwo ŋu abe Kristo ene la, ana míaƒo asa na didi be míaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe.—Petro I, 2:21-23.

“Lɔlɔ̃ La Neganye Alakpanu O!”

7. Lɔlɔ̃ ka ƒomevi ŋue woƒo nu tso le Romatɔwo ta 12 lia me?

7 Míeƒoa asa na vɔ̃ɖoɖo vɔ̃ teƒe, menye le esi wònye nu si le eteƒe ko ta o, ke le esi wònye lɔlɔ̃ɖeɖefia hã tae. De dzesi ale si apostolo Paulo yi edzi ɖe nu me ku ɖe nu si ʋãa ame wòwɔa nu le lɔlɔ̃ me la ŋu. Le Romatɔwo ƒe agbalẽa me la, Paulo zãa nya “lɔlɔ̃” (a·gaʹpe le Helagbe me) zi geɖe ne ele nu ƒom tso Mawu kple Kristo ƒe lɔlɔ̃ ŋu. (Romatɔwo 5:5, 8; 8:35, 39) Gake le ta 12 lia me la, Paulo zã a·gaʹpe le mɔ bubu nu—esime wònɔ nu ƒom tso lɔlɔ̃ si amegbetɔwo ɖena fiana wo haviwo ŋu. Esi Paulo de dzesii be gbɔgbɔmenunanawo le vovovo eye nunana mawo le haxɔsetɔwo si vɔ la, eƒo nu tso nɔnɔme nyui aɖe si wòle be Kristotɔwo katã natu ɖo la ŋu. Egblɔ be: “Lɔlɔ̃ la neganye alakpanu o!” (Romatɔwo 12:4-9) Lɔlɔ̃ɖeɖefia amewo nye nu si koŋ wotsɔ dea dzesi Kristotɔ vavãwo. (Marko 12:28-31) Paulo xlɔ̃ nu mí be míakpɔ egbɔ be lɔlɔ̃ si mí Kristotɔwo míeɖena fiana la nye vavãtɔ.

8. Aleke míate ŋu aɖe lɔlɔ̃ si me alakpa mele o afiae?

8 Paulo yi edzi ɖe ale si woɖea lɔlɔ̃ alakpamanɔmee fiana la me esime wògblɔ be: “Mitsri nuvɔ̃, milé ɖe nu nyui la ŋuti!” (Romatɔwo 12:9) Be ‘woatsri nu’ kple be ‘woalé ɖe nu ŋu’ bia moveviɖoɖo. Woate ŋu aɖe nya ‘tsri nu’ gɔme be ‘woalé fu nane vevie.’ Menye nu siwo ado tso nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me koe míalé fu o, ke ele be míalé fu nu vɔ̃ɖi la ŋutɔ hã. (Psalmo 97:10) Helagbe me dɔwɔnya si gɔme woɖe be ‘woalé ɖe nu ŋu’ fia le nyaa ŋutɔŋutɔ nu be “woatre nane ɖe nu ŋu.” Kristotɔ si ɖea lɔlɔ̃ vavãtɔ fiana la dina vevie be yeaɖe dɔmenyonyo ƒe nɔnɔmewo afia, eye wòléna ɖe nɔnɔme siawo ɖeɖe fia ŋu ale gbegbe be wova zua eƒe amenyenye ƒe akpa aɖe.

9. Nuxlɔ̃amenya kae Paulo gblɔ enuenu?

9 Paulo ƒo nu tso lɔlɔ̃ɖeɖefianuwɔna aɖe koŋ ŋu enuenu. Egblɔ be: “Miyra amesiwo tia mia yome la, miyra, eye migaƒo fi de o!” “Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o.” “Migabia hlɔ̃ na mia ɖokui o, nye lɔlɔ̃tɔwo.” “Mègana nu vɔ̃ɖi la naɖu dziwò o, ke tsɔ nu nyui la ɖu nu vɔ̃ɖi la dzi boŋ.” (Romatɔwo 12:14, 17-19, 21) Paulo ɖe ale si wòle be míawɔ nu ɖe ame siwo menye haxɔsetɔwo o, wo dometɔ siwo tsia tsitre ɖe mía ŋu gɔ̃ hã, la ŋu fia wòdze ƒãa.

“Miyra Amesiwo Tia Mia Yome La”

10. Mɔ ka nue míate ŋu ayra mía yometilawo le?

10 Alekee míawɔ ɖe Paulo ƒe nuxlɔ̃amenya si nye, “Miyra amesiwo tia mia yome la” dzi? (Romatɔwo 12:14) Yesu gblɔ na eyomedzelawo be: “Milɔ̃ miaƒe ketɔwo; . . . eye mido gbe ɖa ɖe amesiwo le mia yome tim la ta.” (Mateo 5:44; Luka 6:27, 28) Eya ta mɔ siwo dzi míetona yraa míaƒe ketɔwo dometɔ ɖekae nye gbedodoɖa ɖe wo ta, kokoƒoƒo na Mawu be ne ame aɖewo tsia tsitre ɖe mía ŋu le sidzedzemasuamesi ta la, Yehowa naʋu woƒe ŋkuwo ne woadze si nyateƒea. (Korintotɔwo II, 4:4) Le nyateƒe me la, awɔ mo yaa be ame aɖe nabia be Mawu nayra ye yometila. Gake zi ale si míaƒe susuwo wɔ ɖeka kple Kristo tɔ la, zi nenemae wòanɔ bɔbɔe na mí be míaɖe lɔlɔ̃ afia míaƒe ketɔwo. (Luka 23:34) Nu kae ate ŋu ado tso lɔlɔ̃ɖeɖefia sia me?

11. (a) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Stefano ƒe kpɔɖeŋua me? (b) Abe ale si wòdzɔ le Paulo gomee ene la, tɔtrɔ kae yometila aɖewo ate ŋu awɔ?

11 Ame aɖe si do gbe ɖa ɖe eyometilawo tae nye Stefano, eye eƒe gbedodoɖaa mezu dzodzro o. Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste megbe kpuie la, ame siwo tsi tsitre ɖe Kristo hamea ŋu la lé Stefano hehee yi Yerusalem dua godo heƒu kpee wòku. Hafi wòaku la, edo ɣli be: “Aƒetɔ, megaɖo nuvɔ̃ sia teƒe na wo o!” (Dɔwɔwɔwo 7:56b–8:1) Ame siwo ta Stefano do gbe ɖa ɖo gbe ma gbe la dometɔ ɖekae nye Saul, ame si nɔ eteƒe eye wòda asi ɖe Stefano wuwu dzi. Emegbe la, Yesu si wofɔ ɖe tsitre la ɖe eɖokui fia Saul sia. Yometila sia va zu Kristotɔ eye emegbe wòva zu apostolo si woyɔna be Paulo, si ŋlɔ Romatɔwo ƒe agbalẽa. (Dɔwɔwɔwo 26:12-18) Le ɖekawɔwɔ me kple Stefano ƒe gbedodoɖaa la, edze ƒãa be Yehowa tsɔ Paulo si nye yometila tsã la ƒe nu vɔ̃wo kee. (Timoteo I, 1:12-16) Mewɔ nuku o be Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Miyra amesiwo tia mia yome”! Le nu siwo me wòto ta la, enyae be yometila aɖewo ate ŋu ava zu Mawu subɔlawo mlɔeba. Nenema kee le míaƒe ŋkekea me la, yometila aɖewo hã va zu xɔsetɔwo le ale si Yehowa subɔlawo wɔa nu kpli wo le ŋutifafa me ta.

“Minɔ Anyi Kple Amewo Katã Le Ŋutifafa Me!”

12. Ƒomedodo kae le nuxlɔ̃amenya siwo le Romatɔwo 12:9 kple kpukpui 17 lia dome?

12 Aɖaŋu si Paulo gaɖo ku ɖe ale si míawɔ nu ɖe haxɔsetɔwo kple ame siwo menye haxɔsetɔwo o ŋue nye: “Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o.” Nya sia nye nu si tututu ate ŋu ado tso nya si Paulo gblɔ do ŋgɔ be “mitsri nuvɔ̃” la me. Ne èbu eŋu kpɔ la, ne ame aɖe tsɔa vɔ̃ ɖoa vɔ̃ teƒe na ame la, ɖe wòate ŋu agblɔ be yetsri vɔ̃a? Nuwɔwɔ nenema manye wɔwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si nye be lɔlɔ̃ la “neganye alakpanu o” la dzi o. Emegbe Paulo gblɔ be: “Miaƒe tamesusuwo nanɔ nu nyuiwo yome le amewo katã ƒe ŋku me.” (Romatɔwo 12:9, 17) Aleke míawɔ ɖe nya mawo dzii?

13. Alekee míewɔa nu “le amewo katã ƒe ŋku me”?

13 Do ŋgɔ la, Paulo ƒo nu tso yometiti si me apostoloawo to la ŋu le lɛta si wòŋlɔ na Korintotɔwo me. Egblɔ be: “Míezu abe nukpɔkpɔ le fefewɔƒe ene na xexea kple mawudɔlawo kpakple amewo. . . . Ne wodzu mí la, míeyrana; ne woti mía yome la, míedoa dzi tsɔnae; ne woɖi gbɔ mí la, míeɖea kuku.” (Korintotɔwo I, 4:9-13) Nenema kee Kristotɔwo nye nukpɔkpɔ na xexea egbea hã. Ne ame siwo dome míele kpɔ nu nyui siwo míewɔna ne wole nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe mía ŋu gɔ̃ hã la, ate ŋu awɔe be woaɖo to gbedeasi si míeɖea gbeƒãe.—Petro I, 2:12.

14. Afi kae wòle be míawɔ ŋutifafa kple amewo se ɖo?

14 Gake afi kae wòle be míawɔ ŋutifafa kple amewo se ɖo? Ele be míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe. Paulo gblɔ na nɔvia Kristotɔwo be: “Ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me!” (Romatɔwo 12:18) “Ne ate ŋu anye” kple “nusi ke atso mia gome la” nye nyagbɔgblɔ siwo ɖee fia be mate anya wɔ ɣesiaɣi be woawɔ ŋutifafa kple amewo o. Le kpɔɖeŋu me, míada Mawu ƒe se dzi kple susu be míana ŋutifafa nanɔ mía kple amewo dome ko o. (Mateo 10:34-36; Hebritɔwo 12:14) Ke hã, míewɔa nu sia nu si míate ŋui be míanɔ anyi kple “amewo katã” le ŋutifafa me, gake míedaa Mawu ƒe se dzɔdzɔeawo dzi le esia wɔwɔ me o.

“Migabia Hlɔ̃ Na Mia Ðokui O”

15. Susu vevi si tae mele be míaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o kae dze le Romatɔwo 12:19?

15 Paulo yi edzi gblɔ susu vevi bubu si ta mele be míaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o; si nye ɖokuibɔbɔ ɖeɖe fia. Egblɔ be: “Migabia hlɔ̃ na mia ɖokui o, nye lɔlɔ̃tɔwo, ke miɖe mɔ na dziku la boŋ, elabena woŋlɔ ɖi bena: ‘Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, nye la maɖo eteƒe, Aƒetɔ la gblɔe.’” (Romatɔwo 12:19) Kristotɔ si biaa hlɔ̃ na eɖokui la nye dadala. Eɖonɛ eɖokui dzi wɔa nu si wòle be Mawu nawɔ hafi la. (Mateo 7:1) Gakpe ɖe eŋu la, le hlɔ̃biabia na eɖokui me la, eɖenɛ fiana be yemexɔ Yehowa ƒe kakaɖedzinya si nye, “Nye la maɖo eteƒe” la dzi se o. To vovo na esia la, Kristotɔ vavãwo ka ɖe edzi be Yehowa ‘ana woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na eƒe ame tiatiawo.’ (Luka 18:7, 8; Tesalonikatɔwo II, 1:6-8) Woɖea asi le hlɔ̃biabiaa ŋu na Mawu ɖokuibɔbɔtɔe.—Yeremya 30:23, 24; Romatɔwo 1:18.

16, 17. (a) Nu kae wòfia be ‘woaƒo dzoka xɔxɔ nu ƒu’ ɖe ame ƒe ta dzi? (b) Ðe wò ŋutɔ nèkpɔ eteƒe be dɔmenyowɔwɔ na dzimaxɔsetɔ aɖe na wòva wɔ nu le tufafa me kpɔa? Ne nenemae la, ke gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

16 Hlɔ̃biabia míaƒe futɔ ate ŋu ana wòasẽ eƒe dzi me, gake nuwɔwɔ ɖe eŋu dɔmenyotɔe ate ŋu ana wòawɔ nu le tufafa me. Nu ka tae? De dzesi nya si Paulo gblɔ na Kristotɔ siwo nɔ Roma. Egblɔ be: “Ne dɔ le wò futɔ wum la, na nuɖuɖui, ne tsikɔ le ewum la, na tsii; elabena ne èwɔ esia la, àƒo dzoka xɔxɔwo nu ƒu ɖe eƒe ta dzi.” (Romatɔwo 12:20; Lododowo 25:21, 22) Nu kae nya sia fia?

17 ‘Dzoka xɔxɔwo nu ƒoƒo ƒu ɖe eƒe ta dzi’ nye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ si woɖe tso ale si galololawo wɔna ɖea ɖinu ɖa le ga ŋu le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la me. Wotsɔa tomenu si me woɖea ga tso la dana ɖe dzoka xɔxɔ dzi le kpo me hekɔa dzoka xɔxɔ bubuwo ɖe edzi. Dzoka xɔxɔ siwo wokɔna ɖe edzi la nana be dzoa nu sẽna henana be tomenua srena eye ɖinuwo ɖena le eŋu. Nenema kee, ne míenyoa dɔme na ame aɖe si tsia tsitre ɖe mía ŋu la, míate ŋu “lolo” eƒe dzimesesẽa ahana wòaɖe eƒe nɔnɔme nyuiwo ɖe go. (Fiawo II, 6:14-23) Le nyateƒe me la, nu nyui siwo Yehowa ƒe amewo wɔ na ame geɖe siwo le Kristo hamea me egbea lae he wo ɖe tadedeagu vavãtɔa ŋu zi gbãtɔ.

Nu Si Ta Míeɖoa Vɔ̃ Vɔ̃ Teƒe O

18. Nu ka tae wɔɖenuimawɔmawɔ nye nu si sɔ, nu si me lɔlɔ̃ le, eye wònye ɖokuibɔbɔ ɖeɖe fia?

18 Romatɔwo ta 12 lia me dzodzro kpuie alea kpe ɖe mía ŋu míekpɔ susu vevi vovovo siwo tae mele be ‘míaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o.’ Gbã la, míekpɔe be asiɖoɖo mía ɖokui dzi be míagawɔ wɔɖenui o ye nye nuwɔna si sɔ. Le dɔmetɔtrɔ si Mawu ɖe fia mí ta la, esɔ eye susu le eme be míatsɔ mía ɖokui ana Yehowa eye míawɔ ɖe eƒe sewo—siwo dome sedede si nye be míalɔ̃ míaƒe ketɔwo hã le—dzi tso dzi me faa. Evelia, gbegbe be míaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o nye nuwɔwɔ le lɔlɔ̃ me. Ne míeƒoa asa na wɔɖenuiwɔwɔ hetia ŋutifafa yome la, efia be míekpɔa mɔ lɔlɔ̃tɔe be míate ŋu akpe ɖe tsitretsiɖeŋula sẽŋuta aɖewo gɔ̃ hã ŋu woava zu Yehowa subɔlawo. Etɔ̃lia, ne míeɖoe be míaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o la, enye ɖokuibɔbɔ ɖeɖe fia. Hlɔ̃biabia na mía ɖokui anye nuwɔwɔ dadatɔe, elabena Yehowa gblɔ be: “Tɔnyee nye hlɔ̃biabia.” Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu hã be: “Afisi dada le la, afima ŋukpe hã le; ke amesiwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe anyigba la, si me nunya le.” (Lododowo 11:2) Nu vɔ̃ si wowɔ ɖe mía ŋu ŋuti hlɔ̃biabia gbegblẽ ɖe Mawu si me nunyatɔe ɖenɛ fiana be míenye ɖokuibɔbɔlawo.

19. Biabia kawo mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

19 Paulo ƒo eƒe numedzodzro si ku ɖe ale si míawɔ nu ɖe ame bubuwo ŋu la ta esime wòxlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Mègana nu vɔ̃ɖi la naɖu dziwò o, ke tsɔ nu nyui la ɖu nu vɔ̃ɖi la dzi boŋ.” (Romatɔwo 12:21) Ŋusẽ vɔ̃ɖi kawoe míele akɔ kpem kpli egbea? Alekee míawɔ aɖu wo dzi? Míadzro biabia siawo kple bubu siwo do ƒome kpli wo la me le nyati si kplɔe ɖo me.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nuxlɔ̃amenya kae dze le Romatɔwo ta 12 lia me enuenu?

• Nu kae aʋã mí be míaƒo asa na wɔɖenuiwɔwɔ?

• Ne ‘míeɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o’ la, viɖe kae ado tso eme na míawo ŋutɔ kple ame bubuwo?

[Biabiawo]

[Aɖaka si le axa 22]

Romatɔwo ta 12 lia na míenya ƒomedodo si anɔ Kristotɔ kple

• Yehowa dome

• haxɔsetɔwo dome

• dzimaxɔsetɔwo dome

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le Paulo ƒe lɛta si wòŋlɔ na Romatɔwo la me na Kristotɔwo

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu si nusrɔ̃la Stefano ɖo la me?