Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Kae Nye Ame Ƒomevi Vovovowo Dome Fuléle Gbɔkpɔnu?

Nu Kae Nye Ame Ƒomevi Vovovowo Dome Fuléle Gbɔkpɔnu?

Nu Kae Nye Ame Ƒomevi Vovovowo Dome Fuléle Gbɔkpɔnu?

LE Spain la, dzekula aɖe na wodzudzɔ bɔl aɖe si ƒom wonɔ la esime game mekpɔ su o. Nu ka tae? Elabena nukpɔla geɖewo nɔ bɔlƒola aɖe si tso Cameroon la dzum ale gbegbe be wòdo dziku be yeado le toa me. Le Russia la, ŋutasẽnuwo wɔwɔ ɖe Afrikatɔwo, Asiatɔwo, kple Latin Amerikatɔwo ŋu va le dzidzim ɖe edzi; le afi ma la, amewo dzi dzedze le ŋutigbalẽ ƒe vovototo ta dzi ɖe edzi 55 le alafa me le ƒe 2004 me, si wɔe be ŋutasẽnuwɔwɔ siawo ƒe xexlẽme va ɖo 394 le ƒe 2005 me. Le Britain (Angleterre) la, Asiatɔwo kple ame yibɔ siwo wobia gbee la dometɔ ɖe sia ɖe susui be dɔ ge le yewo si le dukɔ bubu me tɔ nyenye ƒe vovototo dede ame me ta. Kpɔɖeŋu siawo ɖe nu siwo le edzi yim le xexea me katã fia.

Ame ƒomevi vovovowo dome fuléle nuwɔnawo dometɔ aɖewo vɔ̃ɖi wu ɖewo—tso gbɔɖiamenyawo gbɔgblɔ ɖe ame ŋu dzi va ɖo dukɔ me sedede be woatsrɔ̃ ame ƒomevi aɖewo ɖa kura dzi. Nu ka koŋ gbɔe ame ƒomevi vovovowo dome fuléle tso? Aleke míawɔ aƒo asa na nɔnɔme sia ɖeɖe fia? Ðe susu le eme be míakpɔ mɔ be ameƒomea me tɔwo katã ava wɔ ɖeka le ŋutifafa me gbe ɖeka? Biblia na numekɔkɔ nyuiwo ku ɖe nya siawo ŋu.

Ameteteɖeanyi Kple Fuléle

Biblia gblɔ be: “Ame ƒe dzimesusu enye vɔ̃ tso ɖevime ke.” (Mose I, 8:21) Esia tae ameteteɖeanyi dzɔa dzi na ame aɖewo ɖo. Biblia gblɔ hã be: “Kpɔ ɖa, amesiwo wote ɖe anyi la ƒe aɖatsiwo le tsyɔtsyɔm, ke akɔfala aɖeke meli na wo o; amesiwo te wo ɖe anyi la, sẽ ŋuta le wo ŋu.”—Nyagblɔla 4:1.

Biblia ɖee fia hã be ame ƒomeviwo dome fuléle dze egɔme tso blema ke. Le kpɔɖeŋu me, ƒe 3,700 kple edzivɔe nye esia la, Egiptetɔwo ƒe fia aɖe ɖe mɔ be Yakob, si nye Hebritɔ la kple eƒe ƒome gã aɖe naʋu ava nɔ Egipte nyigba dzi. Gake emegbe la, Egipte fia bubu va nɔ vɔvɔ̃m na amedzrovi gbogbo mawo. Eya ta nuŋlɔɖia gblɔ be: “Mikpɔ ɖa, Israel-dukɔ la sɔ gbɔ, eye wòsẽ ŋu wu mí. Enyo, mina míadze aye ɖe wo ŋuti, bena womagasɔ gbɔ ɖe edzi o. . . . Tete wotsɔ dzikpɔlawo ɖo wo nu, bena woate wo ɖe anyi, ne woawɔ dɔ sesẽwo.” (Mose II, 1:9-11) Egiptetɔwo de se gɔ̃ hã be woawu ŋutsuvi ɖe sia ɖe si Yakob ƒe dzidzimeviwo adzi la.—Mose II, 1:15, 16.

Nu Ka Koŋ Gbɔe Wòtso?

Xexea me ƒe subɔsubɔhawo mewɔ nu boo aɖeke le ame ƒomevi vovovowo dome fuléle nu léle ŋu o. Togbɔ be enye nyateƒe be ame ɖekaɖeka aɖewo tsi tsitre ɖe ameteteɖeanyi ŋu dzideƒotɔe hã la, zi geɖe la, ɖe subɔsubɔhawo ya dea ameteɖeanyilawo dzi. Nenemae wòdzɔ le United States (États-Unis), afi si woda asi ɖe ame yibɔwo tete ɖe anyi dzi le se nu le, eye woɖe mɔ be woate ŋu ahe wo ɖe ati ŋuti, hede se ɖe yevuwo kple ame yibɔwo dome srɔ̃ɖeɖe nu va se ɖe ƒe 1967 me. Nenema kee wòdzɔ le South Africa le vovototodedeameme (apartheid) ƒe ɣeyiɣiawo hã me, esime ame ʋɛ aɖewo to sewo dzi lé woa ŋutɔwo ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe ame bubuwo dzi ɖe te eye wode se be ame siwo ƒe ŋutigbalẽ to vovo nagaɖe wo nɔewo o. Le go eve siawo katã me la, ame ƒomevi siwo gbɔ fulélea tso la nye ame siwo doa vevie nu le mawusubɔsubɔ me.

Gake Biblia ɖe nu si gbɔ koŋ ame ƒomevi vovovowo dome fuléle tso la fia. Eɖe nu si tae ame ƒomevi aɖewo tea bubuwo ɖe anyi la me. Egblɔ be: “Amesi ke melɔ̃a ame o la, medze si Mawu o; elabena Mawu enye lɔlɔ̃. Ne ame aɖe gblɔ be, yelɔ̃a Mawu, eye wòléa fu nɔvia la, aʋatsokala wònye; elabena amesi melɔ̃a nɔvia, si kpɔm wòle o la, aleke wòate ŋu alɔ̃ Mawu, si kpɔm mele o mahã?” (Yohanes I, 4:8, 20) Nya sia na míenya nu si koŋ gbɔ ame ƒomeviwo dome fuléle tso. Amewo léa fu wo haviwo—woɖanye mawusubɔlawo alo womeɖanyee o—elabena womenya Mawu loo alo lɔ̃e o.

Sidzedze Mawu —Nu Si Nana Ame Ƒomeviwo Wɔa Ðeka

Aleke Mawu nyanya kple elɔlɔ̃ nana ame ƒomeviwo wɔa ɖekae? Sidzedze kae Mawu ƒe Nyaa ɖe fia si kpena ɖe amewo ŋu be womewɔa nu vevi ame siwo dze abe ɖee woto vovo na wo ene o? Biblia ɖee fia be Yehowae nye amegbetɔwo katã Fofo. Egblɔ be: ‘Mawu ɖeka, si nye Fofo, ame si me nuwo katã tso lae li na mi.’ (Korintotɔwo I, 8:6) Egblɔ hã be: ‘Ewɔ amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ʋu ɖeka me.’ (Dɔwɔwɔwo 17:26) Eya ta le nyateƒe me la, nɔviwoe amewo katã nye.

Ele be dzi nadzɔ ame ƒomeviwo katã be Mawu na agbe yewo. Gake nublanuinya aɖe li na wo katã ku ɖe tɔgbui si me wodzɔ tso ŋu. Biblia ŋlɔla Paulo de dzesii be: “To ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame.” Eya ta “wo katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo tim.” (Romatɔwo 3:23; 5:12) Yehowa nye Mawu si dina be yeƒe nuwɔwɔwo nanɔ hamehame—nuwɔwɔ eve aɖeke mesɔ kple wo nɔewo pɛpɛpɛ o. Ke hã, mewɔ naneke si ana ame ƒomevi aɖewo nase le wo ɖokui me be yewode ŋgɔ wu bubuawo o. Ale si ame geɖe susunɛ be yewo de tɔwo nyo wu ame ƒomevi bubuawo la mewɔ ɖeka kple nyateƒenya siwo le Ŋɔŋlɔawo me o. Eme kɔ ƒãa be Mawu ŋuti sidzedze ŋu dɔ wɔwɔ nana ame ƒomevi vovovowo wɔa ɖeka.

Mawu Ƒe Ðetsɔtsɔ Le Eme Na Dukɔwo Katã

Ewɔna na ame aɖewo be Mawu do ame ƒomevi vovovowo dome fuléle ɖe ŋgɔ le esi wòlɔ̃ Israel viwo hede se na wo be woaɖe wo ɖokui ɖe vovo tso dukɔ bubu me tɔwo gbɔ ta. (Mose II, 34:12) Ɣeaɖeɣi la, Mawu tia Israel dukɔa wònye dukɔ tɔxɛ nɛ le esi Israel viwo ƒe tɔgbui Abraham ɖe xɔse si le etɔxɛ fia ta. Mawu ŋutɔe ɖu blema Israel dukɔa dzi hetia wo dziɖulawo eye wòna se ƒe ɖoɖowo hã wo. Ɣeyiɣi siwo me Israel dukɔa wɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple ɖoɖo sia la, dukɔ bubu me tɔwo te ŋu kpɔa vovototo si le nu siwo Mawu ƒe dziɖuɖu wɔna kple nu siwo amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu wɔna dome la dzea sii. Le ɣeyiɣi mawo me la, Yehowa na Israel dukɔa nya be vɔsasa aɖe hiã bene woaɖɔ ameƒomea kple Mawu dome ƒomedodo ɖo. Eya ta ale si Yehowa wɔ nu kple Israel dukɔa la ɖe vi na dukɔwo katã. Esia wɔ ɖeka kple nya si wògblɔ na Abraham be: “To wò dzidzimeviwo me woayra anyigba dzi dukɔwo katã le, elabena èɖo to nye gbe.”—Mose I, 22:18.

Hekpe ɖe eŋu la, mɔnukpɔkpɔ su Yudatɔwo si be wotsɔ Mawu ƒe nya kɔkɔewo de wo si eye be wodzi Mesia la le wo dome. Gake ɖe wowɔ esia hã kple susu be wòaɖe vi na dukɔwo katã. Woƒo nu tso ɣeyiɣi si me ame ƒomeviwo katã akpɔ yayra gbagowo la ŋu le Hebri Ŋɔŋlɔawo, siwo wotsɔ na Yudatɔwo la, me le mɔ lédziname aɖe nu be: “Dukɔ geɖewo atso agblɔ bena: ‘Mina míayi Yehowa ƒe to la kple Yakob ƒe Mawu la ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia nu mí, eye míazɔ eƒe toƒewo!’ . . . Dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ azɔ o. Eye wo dome amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ.”—Mixa 4:2-4.

Togbɔ be Yudatɔwoe Yesu Kristo ŋutɔ ɖe gbeƒã na hã la, egblɔ hã be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã.” (Mateo 24:14) Dukɔ aɖeke manɔ anyi si me nya nyuia maɖo o. Eya ta Yehowa ɖo kpɔɖeŋu deblibo ɖi le nuwɔwɔ kple ame ƒomeviwo katã vovototomadeamemetɔe me. “Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.”—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.

Se siwo Mawu tsɔ na blema Israel dukɔa ɖee fia hã be etsɔa ɖe le eme na dukɔwo katã. Kpɔ nu bubu si hã Sea bia tso Israel viwo si tsɔ kpe ɖe nuwɔwɔ ɖe amedzro siwo le wo dome la ŋu nyuie la ɖa, esime wògblɔ be: “Amedzro nanɔ mia gbɔ abe duamevi ene, eye nàlɔ̃e abe ɖokuiwò ene; elabena miawo hã mienye amedzrowo kpɔ le Egipte-nyigba dzi.” (Mose III, 19:34) Mawu ƒe seawo dometɔ geɖe fia Israel viwo be woanyo dɔme na amedzrowo. Eya tae esime Boas, si nye Yesu ƒe tɔgbuiwo dometɔ ɖeka kpɔ nyɔnu dahe aɖe si nye amedzro wònɔ nukuwo fɔm eye wòkpɔ egbɔ be eƒe nuŋelawo gblẽ nuku geɖe ɖi nɛ be wòafɔ la, nu siwo wòsrɔ̃ tso Mawu gbɔ dzi wɔmee wònɔ.—Rut 2:1, 10, 16.

Yesu Fia Nu Be Woanyo Dɔme

Yesu ɖe Mawu ŋuti sidzedze fia wu ame bubu ɖe sia ɖe. Efia eyomedzelawo ale si woanyo dɔme na ame ƒomevi vovovowo. Gbe ɖeka, ete dzeɖoɖo kple Samaria nyɔnu aɖe. Ewɔ nuku na nyɔnua elabena Samariatɔwo nye ame ƒomevi aɖewo siwo Yudatɔwo ɖia gbɔe. Le dzeɖoɖo sia me la, Yesu kpe ɖe nyɔnua ŋu dɔmenyotɔe wòse nu si wòawɔ be wòate ŋu akpɔ agbe mavɔ la me.—Yohanes 4:7-14.

Yesu fia ale si wòle be míawɔ nu ɖe ame ƒomevi vovovowo ŋu la hã mí to kpɔɖeŋu aɖe si wòwɔ ku ɖe Samariatɔ havilɔ̃la aɖe ŋu me. Ŋutsu sia va ke ɖe Yudatɔ aɖe si dzi adzodalawo dze hede abi eŋu vevie la ŋu. Samariatɔa ate ŋu asusui ko be: ‘Nu ka tae makpe ɖe Yudatɔ ŋu? Yudatɔwo ɖia gbɔ mía de tɔwo.’ Gake Yesu ɖee fia be nukpɔsusu bubue nɔ Samariatɔa si ɖe amedzrowo ŋu. Togbɔ be mɔzɔla bubuwo to ŋutsu si ŋu wode abii ŋu yi hã la, Samariatɔa ya ƒe “dɔme trɔ ɖe eŋu” eye wònae kpekpeɖeŋu geɖe. Yesu ƒo nufiamekpɔɖeŋu sia ta be ame sia ame si di be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu la nawɔ nenema ke.—Luka 10:30-37.

Apostolo Paulo fia nu be ele be ame siwo di be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu la natrɔ woƒe nɔnɔme ahasrɔ̃ ale si Mawu wɔa nu ɖe amewo ŋui. Paulo ŋlɔ bena: “[Miɖe] ame xoxoa kple eƒe nuwɔnawo ɖa, eye mido ame yeye, si wowɔ yeye hena sidzedze le amesi wɔe la ƒe nɔnɔme nu, afisi Helatɔ kple Yudatɔ, aʋatsotso kple aʋamatsomatso, gbegãdzitɔwo kple Skitetɔwo . . . aɖeke megali o . . . Ke hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti la mido lɔlɔ̃, si nye blibonyenye la ƒe nublanu.”—Kolosetɔwo 3:9-14.

Ðe Sidzedze Mawu Trɔa Amewo Ƒe Nɔnɔmea?

Ðe sidzedze Yehowa Mawu nana amewo trɔa ale si wowɔa nu ɖe ame ƒomevi vovovowo ŋu nyateƒea? Bu Asiatɔ aɖe si nye amedzro le Canada, si ƒo dzi ɖe le le esi wowɔ nu ɖe eŋu vovototodedeamemetɔe le afi ma ta ŋu kpɔ. Edo go Yehowa Ðasefowo, eye wote Biblia sɔsrɔ̃ kplii. Emegbe eŋlɔ akpedalɛta aɖe si me wògblɔ le be: ‘Yevu nyui aɖewo ŋutɔe mienye eye mienyoa dɔme hã. Esi mekpɔe be mieto vovo kura tso yevu bubuawo gbɔ la, mebia ɖokuinye be, Nu ka gbɔe wòtso? Mebu eŋu ʋuu heƒo nya ta be Mawu ƒe Ðasefowoe mienye. Biblia anya nɔ ŋusẽ aɖe kpɔm ɖe mia dzi kokoko. Mekpɔ ame yibɔwo kple yevu hamehamewo le miaƒe kpekpewo me, siwo katã wɔ ɖeka tso dzi blibo me, elabena wonye nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo. Fifia menya ame si na mienye ame nyuiwo nenema gbegbe ɖo. Miaƒe Mawu lae.’

Mawu ƒe Nya la gblɔ nya ɖi ku ɖe ɣeyiɣi si me “sidzedze Yehowa [axɔ] anyigba la dzi” la ŋu. (Yesaya 11:9) Fifia gɔ̃ hã, le Biblia ƒe nyagblɔɖi me vava me la, ameha gbogbo miliɔn geɖewo “tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me” le ɖeka wɔm le tadedagu vavãtɔ me. (Nyaɖeɖefia 7:9) Wole mɔ kpɔm be eteƒe madidi o, lɔlɔ̃ axɔ ɖe fuléle teƒe le ame ƒomeviwo katã dome, si ana be Yehowa ƒe tameɖoɖo si wògblɔ na Abraham be, “Woayra anyigba dzi ƒomewo katã” la nava eme.—Dɔwɔwɔwo 3:25.

[Nɔnɔmetata si le axa 4, 5]

Mawu ƒe Sea fia Israel viwo be woalɔ̃ amedzrowo

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Samariatɔ havilɔ̃la ŋuti kpɔɖeŋua me?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 6]

Mawu mewɔ naneke si ana ame ƒomevi aɖewo nase le wo ɖokui me be yewode ŋgɔ wu bubuawo o