Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Vevi Siwo Wòle Be Ðeviwo Nasrɔ̃

Nu Vevi Siwo Wòle Be Ðeviwo Nasrɔ̃

Nu Vevi Siwo Wòle Be Ðeviwo Nasrɔ̃

GLADYS wɔa dɔ le suku aɖe me le Mendoza, Argentina. Gbe ɖeka, esime wònɔ sukuxɔ aɖe ŋu tom yina la, ekpɔ nufiala aɖe wònɔ Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo xlẽm na klass enelia me viwo. * Gladys na nufialaa nya be Yehowa Ðasefoe yenye eye be yeakpe ɖe eŋu wòanya ale si wòazã agbalẽa nyuie wu. Esi nu siwo me Gladys ɖe na nufialaa wɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ ta la, eɖoe be yeanɔ agbalẽa zãm atsɔ nɔ nu fiam ɖeviawo edziedzi. Gake ele be wòabia mɔ tso sukudzikpɔdɔwɔƒea hafi. Dzi dzɔe ŋutɔ be woɖe mɔ na ye.

Emegbe, le ŋkeke siwo ŋu wowɔ ɖoɖo le be woanɔ agbalẽ xlẽm dzi la, nufialaa biana tso sukuviawo dometɔ ɖeka si be wòatɔ ɖe eƒe sukuxɔmehatiwo ŋgɔ axlẽ agbalẽ sia ƒe ta ɖeka na wo. Esi nu nyuiwo do tso ɖoɖo sia si nufialaa wɔ me ta la, wokpee be woabia gbee le nutoa me television dzi wɔna aɖe me. Esime wonɔ nu ƒom tso sukuviwo ƒe agbenɔnɔ ŋu la, television dzi wɔnaa dzikpɔla biae be, “Alekee nèwɔ mlãa wò sukuviwo be woɖea nɔnɔme nyuiwo fiana?” Egblɔ be agbalẽ si nye Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo ye yezãna. Eɖe eme be togbɔ be menye mawusubɔsubɔ ŋuti nunyae yenɔ wo fiam o hã la, to agbalẽ ma dzi la, yete ŋu fia agbe nyui nɔnɔ ŋuti dzidzenuwo ɖeviawo abe amebubu, nugɔmesese na ame nɔewo, ɖekawɔwɔ, nuwɔwɔ aduadu, toɖoɖo, kple lɔlɔ̃ ene. Amewo katã lɔ̃ ɖe edzi be nu siawo nye nu vevi siwo wòle be ɖeviwo nasrɔ̃.

Ðe nàdi be yeaƒã nɔnɔme nyui siawo ɖe viwòwo mea? Àte ŋu abia Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo ƒe tata ɖeka tso Yehowa Ðasefowo gbɔ.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Yehowa Ðasefowoe tae.