Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Xezekiel Ƒe Agbalẽa Me—I

Nya Vevi Siwo Tso Xezekiel Ƒe Agbalẽa Me—I

Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Xezekiel Ƒe Agbalẽa Me—I

ƑE 613 D.M.Ŋ. mee. Nyagblɔɖila Yeremya le gbeƒã ɖem Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ kple Yuda ƒe aƒedozuzu si tu aƒe ŋutɔ la le Yuda vɔvɔ̃manɔmee. Babilon fia Nebukadnezar ɖe aboyo Yudatɔ geɖewo xoxo. Wo dometɔ aɖewoe nye Daniel kple eƒe zɔhɛ etɔ̃awo, siwo le subɔsubɔm le Kaldeatɔwo ƒe fiasãa me. Yudatɔ siwo woɖe aboyoe la dometɔ akpa gãtɔ le Kebar tɔsisi la to “le Kaldea-nyigba dzi.” (Xezekiel 1:1-3) Yehowa megblẽ aboyome siawo ɖi eƒe gbedeasiwo gblɔla aɖeke manɔmee o. Eɖo Xezekiel si xɔ ƒe 30 la nyagblɔɖilae.

Ƒe 22 sɔŋ dome nudzɔdzɔwoe le Xezekiel ƒe agbalẽa, si nu wòwu le ƒe 591 D.M.Ŋ. me la me. Xezekiel tsɔ ŋuɖɔɖo ŋlɔ agbalẽa me nyawo pɛpɛpɛ. Eŋlɔ ɣeyiɣi siwo me wòxɔ eƒe nyagblɔɖiawo me nyawo la ɖi; etɔ asi ƒeawo ƒe ɣletiawo kpakple ŋkekeawo dzi pɛpɛpɛ. Xezekiel ƒe gbedeasia ƒe akpa gbãtɔ ku ɖe Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋu koŋ. Akpa evelia ya ku ɖe fiƒodenya siwo wogblɔ ɖe dukɔ siwo ƒo xlã Yerusalem ŋu la ŋu, eye akpa etɔ̃lia ƒo nu tso Yehowa ƒe tadedeagua gbugbɔgaɖo anyi ŋu. Nyati sia aɖe nya vevi siwo le Xezekiel 1:1–24:27, si me ŋutegawo, nyagblɔɖiwo, kple nu siwo ava dzɔ ɖe Yerusalem dzi la ŋuti wɔwɔfiawo le la ɖe go.

“METSƆ WÒ ÐO DZƆLA”

(Xezekiel 1:1–19:14)

Esi Xezekiel kpɔ Yehowa ƒe fiazikpui ŋuti ŋutega wɔdɔɖeamedzi aɖe vɔ megbe la, exɔ eƒe dɔdeasia. Yehowa gblɔ nɛ be: “Metsɔ wò ɖo dzɔla na Israel ƒe aƒe la be, ne èse nya aɖe tso nunye me la, naxlɔ̃ nu wo nam.” (Xezekiel 3:17) Wona Xezekiel wɔ toɖeɖe ɖe Yerusalem ŋu kple nu si ado tso eme la ƒe nyagblɔɖia ŋuti wɔwɔfia eve. Yehowa gblɔ nya ɖi tso Yuda ŋu to Xezekiel dzi be: “Kpɔ ɖa, mahe yi ava mia dzi, eye magblẽ miaƒe nuxeƒewo.” (Xezekiel 6:3) Egblɔ na Yuda nyigbaa dzinɔlawo be: “Anyigbadzinɔla, nuwɔame gbɔna ɖe dziwò!”—Xezekiel 7:7.

Le ƒe 612 D.M.Ŋ. me la, Xezekiel kpɔe le ŋutega me be wokplɔ ye yi Yerusalem. Nu nyɔŋu kawo gbegbee nye esi wòkpɔ le Mawu ƒe gbedoxɔa me! Ne Yehowa dɔ eƒe ametsrɔ̃lawo (siwo wotsɔ “ŋutsu ade” wɔ kpɔɖeŋu na) ɖa tso dziƒo be woahe yeƒe dziku ava xɔsegbelawo dzi la, ame siwo ‘wode dzesi ŋgonu na’ koe atsi agbe. (Xezekiel 9:2-6) Gake gbã la, ele be woahlẽ “dzo”—Mawu ƒe tsɔtsrɔ̃ gbedeasi sẽŋu la—ɖe dua dzi. (Xezekiel 10:2) Togbɔ be ‘Yehowa ahe ame vɔ̃ɖiwo ƒe zɔzɔme ava woƒe ta dzi’ hã la, edo ŋugbe be yeagbugbɔ ƒo Israel vi siwo ka hlẽ la ya nu ƒu.—Xezekiel 11:17-21.

Mawu ƒe gbɔgbɔa gbugbɔ kplɔ Xezekiel gbɔ va Kaldea. Ena wòwɔ Fia Zedekiya kple dukɔa ƒe sisi le Yerusalem ƒe wɔwɔfia. Woʋu go ŋutsu kple nyɔnu aʋatsonyagblɔɖilawo. Wogbe trɔ̃subɔlawo. Wotsɔ Yuda sɔ kple weinka si ŋu wɔna vɔ le. Hɔ̃ kple weinka ŋuti adzo la ɖe nu vɔ̃ɖi si ado tso Yerusalem ƒe tɔtrɔ ɖe Egipte ŋu hena kpekpeɖeŋu me la fia. Wotsɔ ŋugbedodo sia wu adzo la nu be: ‘Yehowa aŋe alɔ fẽ aɖe aɖado ɖe to kɔkɔ gã aɖe dzi.’ (Xezekiel 17:22) Gake “dziɖula ƒe fiatikplɔ” aɖeke manɔ Yuda o.—Xezekiel 19:14.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

1:4-28—Nu kae dziƒotasiaɖam la le tsitre ɖi na? Tasiaɖam la le tsitre ɖi na Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo, si me gbɔgbɔmenuwɔwɔ wɔnuteƒewo le. Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔeae nye eƒe ŋusẽtsoƒe. Tasiaɖam la Dola, si nye Yehowa la, le ŋutikɔkɔe gã manyagblɔ aɖe me. Wotsɔ anyieʋɔ nyui aɖe wɔ kpɔɖeŋu na eƒe dziɖeɖi.

1:5-11—Ame kawoe nye nu gbagbe eneawo? Xezekiel yɔ nu gbagbe eneawo le tasiaɖam ŋuti ŋutega evelia me be kerubiwo. (Xezekiel 10:1-11; 11:22) Le nu gbagbeawo ŋuti ŋutega evelia sia me la, eyɔ nu gbagbe si to nyi ƒe mo be “Kerubi ƒe mo.” (Xezekiel 10:14) Esia sɔ, elabena nyi nye kpɔɖeŋu na ŋusẽ, eye kerubiwo nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo si ŋusẽ le ŋutɔ.

2:6—Nu ka tae woyɔ Xezekiel enuenu be “amevi”? Yehowa yɔa Xezekiel alea tsɔ ɖoa ŋku edzi na nyagblɔɖilaa be ŋutilã kple ʋue wònye, eye esia ɖea vovototo gã si le dɔla amegbetɔ kple Mawu si nye gbedeasiawo Tsoƒe dome la fiana. Woyɔ Yesu Kristo hã nenema zi 80 le Nyanyuigbalẽawo me tsɔ ɖee fia kɔte be Mawu ƒe Vi la va abe amegbetɔ ene, ke menye abe gbɔgbɔ si do amegbetɔŋutilã ene o.

2:9–3:3—Nu ka tae agbalẽ si me woŋlɔ konyifahawo kple hũɖeɖewo ɖo la ɖuɖu vivi le nu me na Xezekiel? Nɔnɔme si nɔ Xezekiel si ɖe eƒe dɔdeasia ŋue na agbalẽa vivi le nu me nɛ. Edo dzidzɔ na Xezekiel be yeanye Yehowa ƒe nyagblɔɖila.

4:1-17—Ðe Xezekiel wɔ ale si woava ɖe to ɖe Yerusalem ŋu la fia ŋutɔŋutɔa? Esi Xezekiel bia be woaɖɔ li nu si dzi yeamè nuɖuɖua le na ye eye Yehowa wɔ eƒe biabiaa dzi nɛ ta la, efia be nyagblɔɖilaa wɔ wɔwɔfia la ŋutɔŋutɔ. Eƒe miamekpa dzi mɔmlɔ le tsitre ɖi na to ewo fiaɖuƒea ƒe ƒe 390 vodadawo—si dze egɔme tso ƒe 997 D.M.Ŋ. va de asi na Yerusalem tsɔtsrɔ̃ le ƒe 607 D.M.Ŋ.—tsɔtsɔ. Eƒe ɖusikpa dzi mɔmlɔ le tsitre ɖi na Yuda ƒe ƒe 40 vodadawo tsɔtsɔ, si dze egɔme tso ɣeyiɣi si me woɖo Yeremya nyagblɔɖilae le ƒe 647 D.M.Ŋ. va de asi na ƒe 607 D.M.Ŋ. Le ŋkeke 430 mawo katã me la, Xezekiel nɔ agbe ɖe nuɖuɖu sue aɖe kple tsi ʋɛ aɖe ko nu, tsɔ wɔ nyagblɔɖikpɔɖeŋu be dɔ ato le ɣeyiɣi siwo me woaɖe to ɖe Yerusalem ŋu me.

5:1-3—Nu kae ɖa sue si Xezekiel ɖe tso esi wòle be wòahlẽ ɖe ya nu ŋu hesa ɖe eƒe avɔ nu la fia? Esia fia be ame susue aɖewo atrɔ gbɔ va Yuda ahagbugbɔ ɖo tadedeagu vavãtɔ anyi le ƒe 70 ƒe aboyomenɔnɔ vɔ megbe.—Xezekiel 11:17-20.

17:1-24—Ame kawoe hɔ̃ gã eveawo le tsitre ɖi na, alekee woŋe sederti la ƒe ɖɔmee, eye ame kae “alɔ fẽ” si Yehowa ŋe ɖado la le tsitre ɖi na? Hɔ̃ eveawo le tsitre ɖi na Babilon kple Egipte dziɖulawo. Hɔ̃ gbãtɔa va sedertia ƒe ɖɔme, si nye be, eva Dawid fiaƒomea ƒe dziɖula gbɔ. Hɔ̃ sia ŋe atia ƒe ɖɔme to Zedekiya tsɔtsɔ ɖɔ li Yuda fia Yoyaxin me. Togbɔ be Zedekiya ka atam be yeawɔ nuteƒe hã la, eyi ɖadi kpekpeɖeŋu tso hɔ̃ evelia, si nye Egipte dziɖula, gbɔ gake medze edzi nɛ o. Wolée hekplɔe yi aboyome le Babilon be wòaku ɖe afi ma. Yehowa hã ŋe “alɔ fẽ aɖe” si nye Mesia Fia la. Eɖado Ame sia ɖe “to kɔkɔ gã aɖe dzi,” si nye dziƒo Zion To dzi, afi si wòava zu “sederti nyui aɖe” le, si anye yayratsoƒe vavã na ameƒomea.—Nyaɖeɖefia 14:1.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

2:6-8; 3:8, 9, 18-21. Mele be míavɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo alo míagbe Mawu ƒe nuxlɔ̃amegbedeasia gbɔgblɔ na wo o. Ne míedze ŋgɔ amewo ƒe ɖekematsɔleme alo tsitretsiɖeŋu la, ele be míasẽ ŋu abe lotamekpe ene. Gake ele be míakpɔ nyuie be míagava lia, agbe vevesese ɖe ame nu, alo asẽ ŋuta le amewo ŋu o. Yesu ƒe dɔme trɔ ɖe ame siwo wòɖe gbeƒã na ŋu, eye nenema kee wòle be dɔmetɔtrɔ naʋã míawo hã míaɖi ɖase na amewo.—Mateo 9:36.

3:15. Esi Xezekiel xɔ eƒe dɔdeasia vɔ megbe la, eyi ɖanɔ Tel-Abib “ŋkeke adre nu maƒomaƒoe,” eye wònɔ ŋugble dem le gbedeasi si gblɔ ge wòala la ŋu. Ðe manyo be míadi ɣeyiɣi asrɔ̃ nu veviedodotɔe ahade ŋugble le eŋu be míase gbɔgbɔmenyateƒe goglowo me oa?

4:1–5:4. Ehiã be Xezekiel nabɔbɔ eɖokui eye dzi nanɔ eƒo hafi wòate ŋu awɔ nyagblɔɖi ƒe wɔwɔfia eve siawo. Ele be míawo hã míabɔbɔ mía ɖokui eye dzi nanɔ mía ƒo le dɔ ɖe sia ɖe si Mawu ade mía si la wɔwɔ me.

7:4, 9; 8:18; 9:5, 10. Mehiã be ame siwo Mawu drɔ̃ toheʋɔnui la ƒe nu nawɔ nublanui na mí alo míafa na wo o.

7:19. Ne Yehowa he ʋɔnudɔdrɔ̃ va nuɖoanyi sia dzi la, ga manye viɖenu le go aɖeke me o.

8:5-18. Xɔsegbegbe nye gbɔgbɔmefɔku wuame. “Yakamewo [alo, xɔsegbelawo] ƒe nuƒoƒo tsrɔ̃a wo haviwo.” (Lododowo 11:9) Nunya le eme be míaƒo asa na didi be míaɖo to xɔsegbelawo ƒe nyawo gɔ̃ hã.

9:3-6. Dzesi la xɔxɔ—kpeɖodzi si nye be míenye Mawu subɔla ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔwo, eye be míetu Kristotɔwo ƒe nɔnɔme ɖo—le vevie hena agbetsitsi le “xaxa gã” la me. (Mateo 24:21) Kristotɔ amesiaminawo, siwo ŋutsu si agbalẽŋlɔnu le aklito na le tsitre ɖi na la, xɔ ŋgɔ le dzesidede amewo, si nye Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa, me. Ne míedi be míaƒe dzesia nakpɔtɔ nɔ mía ŋu la, ele be míakpe asi ɖe wo ŋu le dɔ sia wɔwɔ me dzonɔamemetɔe.

12:26-28. Ele be Xezekiel nagblɔ na ame siwo le alɔme ɖem le eƒe gbedeasia ŋu la gɔ̃ hã be: “[Yehowa ƒe] nyawo katã maganɔ anyi eteƒe nadidi o.” Ele be míawɔ nu sia nu si míate ŋui akpe ɖe amewo ŋu be woaxɔ Yehowa dzi ase hafi wòahe nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu avae.

14:12-23. Mía ŋutɔwo ƒe agbae wònye be míaɖe afɔ siwo ana míakpɔ ɖeɖe. Menye ame aɖekee awɔe ɖe mía nu o.—Romatɔwo 14:12.

18:1-29. Mía ŋutɔwoe atsɔ míaƒe nuwɔnawo me tsonuwo ƒe agba.

“ANYIGLÃGO, ANYIGLÃGOWO ƑE ANYIGLÃGO MAWƆ WOE”

(Xezekiel 20:1–24:27)

Le aboyomenɔnɔa ƒe ƒe adrelia, si nye ƒe 611 D.M.Ŋ. me la, Israel ame tsitsiwo va Xezekiel gbɔ be ‘yewoabia gbe Yehowa se.’ Wose Israel ƒe aglãdzedze ŋutinya didi aɖe kple nuxlɔ̃me si nye be ‘Yehowa adi eƒe yi’ ɖe wo ŋu. (Xezekiel 20:1; 21:8) Esi Yehowa nɔ nu ƒom le Israel ƒe amegã (Zedekiya) ŋu la, egblɔ be: “Woaɖe tablanu ɖa, eye woaɖe fiakuku ɖi. Maganɔ alea o, ke boŋ woado ame tsɛ ɖe dzi, eye woabɔbɔ amegã ɖe anyi. Anyiglãgo, anyiglãgowo ƒe anyiglãgo mawɔ woe; esia maganɔ anyi o, vaseɖe esime amesi tɔ wònye la [Yesu Kristo] nava, eye matsɔe nɛ.”—Xezekiel 21:31, 32.

Wobu fɔ Yerusalem. Woklo nu le Ohola (Israel) kple Oholiba (Yuda) ƒe nu vɔ̃ dzi. Wotsɔ Ohola “de asi na eƒe ahiãvi, siwo nye Asur-viwo,” xoxo. (Xezekiel 23:9) Oholiba ƒe aƒedozuzu gogo. Toɖeɖe ɖe Yerusalem ŋu hena ɣleti 18 la dze egɔme le ƒe 609 D.M.Ŋ. Ne woɖu dua dzi mlɔeba la, dzidzi aƒo Yudatɔwo ale gbegbe be woaxa nu le dzi me numaƒomaƒoe. Mele be Xezekiel nagagblɔ Mawu ƒe gbedeasi aɖeke na aboyomeawo o va se ɖe esime wòaxɔ dua ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋuti nyatakaka tso “ame sisi la” gbɔ.—Xezekiel 24:26, 27.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

21:8—Nu kae nye “yi” si Yehowa di le aku me la? “Yi” si Yehowa zã tsɔ he toheʋɔnu va Yerusalem kple Yuda dzie nye Babilon fia Nebukadnezar kple eƒe aʋakɔ. Ate ŋu aku ɖe Mawu ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo, si me gbɔgbɔmenuwɔwɔ triakɔwo le, la hã ŋu.

24:6-14—Nu kae gaze la ƒe ɣebialéle le tsitre ɖi na? Wotsɔ Yerusalem du si ŋu woɖe to ɖo la sɔ kple gaze. Gazea ƒe ɣebialéle nye kpɔɖeŋu na dua ƒe agbe ƒaƒã nɔnɔ—nu makɔmakɔawo, ŋukpenanuwɔwɔ makɔmakɔawo, kple eƒe hlɔ̃dodo. Eƒe makɔmakɔnyenyea xɔ aƒe ɖe eme ale gbegbe be esi wogblẽ gaze gbɔloa ɖe dzoa dzi wòxɔ dzo hebiã hẽ gɔ̃ hã la, eƒe ɣebia gbe dodo le eŋu.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

20:1; 21:5. Nya siwo Israel ame tsitsiwo tsɔ ɖo nya ŋu na Xezekiel ɖee fia be woke ɖi eƒe nyawo. Negadzɔ gbeɖe be míake ɖi Mawu ƒe nuxlɔ̃amenyawo o.

21:23-27. Togbɔ be Nebukadnezar ka afa hã la, Yehowa ŋutɔe kpɔ egbɔ be dziɖula trɔ̃subɔla sia va dze Yerusalem dzi. Esia ɖee fia be gbɔgbɔ vɔ̃wo gɔ̃ hã mate ŋu ana be Yehowa ƒe ametsrɔ̃lawo nado kpo eƒe tameɖoɖo dzi wɔwɔ o.

22:6-16. Yehowa lé fu ameŋugbegblẽ, hadzegbenɔnɔ, ŋusẽzazã ɖe mɔ gbegblẽ nu, kple zãnuxɔxɔ. Ele be míaɖoe kplikpaa be míatsri nu gbegblẽ siawo wɔwɔ.

23:5-49. Ðekawɔwɔ kple dukɔ bubuwo ƒe fiawo kplɔ Israel kple Yuda de gomekpɔkpɔ le dukɔ mawo ƒe alakpamawuwo subɔsubɔ me me. Ele be míaƒo asa na kadodo kple xexea me le mɔ si agblẽ nu le míaƒe xɔse ŋu nu.—Yakobo 4:4.

Gbedeasi Si Le Agbe Eye Wòsẽa Ŋu

Nu nyui kawo gbegbee nye esi míesrɔ̃ tso Xezekiel ƒe agbalẽa ƒe ta 24 gbãtɔ siawo me! Gɔmeɖose siwo le afi ma fia asi nu siwo nana Mawu mekpɔa ŋudzedze ɖe ame ŋu o, ale si míawɔ wòave mía nu, kple nu si ta wòle be míaxlɔ̃ nu ame vɔ̃ɖiwo ɖo. Yerusalem tsɔtsrɔ̃ ŋuti nyagblɔɖia ɖee fia kɔte be Yehowa Mawu ‘nana eƒe amewo sea nya yeyewo, hafi wova dzɔna.’—Yesaya 42:9.

Nyagblɔɖiawo, abe esiwo woŋlɔ ɖe Xezekiel 17:22-24 kple 21:31, 32 ene, ƒo nu tso Mesia Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi le dziƒo ŋu. Eteƒe madidi o, dziɖuɖu ma ana woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi. (Mateo 6:9, 10) Míate ŋu atsɔ xɔse kple kakaɖedzi sẽŋu anɔ mɔ kpɔm na Fiaɖuƒea ƒe yayrawo. Nyateƒee, “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu.”—Hebritɔwo 4:12.

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Nu kae dziƒotasiaɖam la le tsitre ɖi na?

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me dzonɔamemetɔe nana be “dzesi” la kpɔtɔ nɔa mía ŋu