Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Portugalgbe Me Biblia Gbãtɔ La Kutrikuku Ƒe Ŋutinya Aɖee

Portugalgbe Me Biblia Gbãtɔ La Kutrikuku Ƒe Ŋutinya Aɖee

Portugalgbe Me Biblia Gbãtɔ La​—Kutrikuku Ƒe Ŋutinya Aɖee

“KUTRIKULAE nu dzea edzi na.” Nya sia dze le mawusubɔsubɔ ŋuti gbalẽvi aɖe si João Ferreira de Almeida ŋlɔ le ƒe alafa 17 lia me la ƒe axa evelia. Nya sia ɖɔ ŋutsu aɖe si tsɔ eɖokui sa vɔ le Biblia gɔmeɖeɖe ɖe Portugalgbe me kple emama me la wòsɔ nyuie ŋutɔ.

Wodzi Almeida le ƒe 1628 me le Torre de Tavares, si nye kɔƒedu aɖe si le Portugal ƒe dziehe. Tsyɔ̃evi wònye tso ɖevime, eye tɔɖia si nye subɔsubɔhabɔbɔ aɖe me tɔ lae nyii le Lisbon, si nye Portugal ƒe fiadu. Le woƒe kɔnyinyi nu la, ele be woana hehe nyui aɖe Almeida atsɔ adzrae ɖo ɖe nunɔlanyenyedɔ wɔwɔ ŋu, eye esia kpe ɖe eŋu wòtu gbegbɔgblɔ ŋuti nunya ƒe ŋutete tɔxɛ ɖo tso eƒe ƒewuiwo me.

Gake edze abe ne ɖe Almeida kpɔtɔ nɔ Portugal la, mate ŋu azã eƒe ŋutetea le Biblia gɔmeɖeɖe me o ene. Esime Subɔsubɔ Me Ðɔɖɔɖotaʋiʋlia na be wote ŋu nɔ Biblia gɔme ɖem le Europa ƒe titina kple dziehe nutowo me la, Katolikotɔwo Ƒe Ŋutasẽʋɔnudɔdrɔ̃ nu gakpɔtɔ nɔ sesẽm le Portugal ya kokoko. Woate ŋu ahe ame ayi Ŋutasẽʋɔnudrɔ̃ƒe le Biblia gɔmeɖeɖe aɖe ƒe esi nɔnɔ ɖeɖe dzaa ko ta. *

Anya nɔ eme be esi Almeida di be yeasi le mɔxeɖenu ma nu ta la, eʋu yi Netherlands le eƒe ƒewuiwo me. Esia megbe kpuie, esime wòxɔ ƒe 14 ko la, ezɔ mɔ yi ɖe Asia heto Batavia (si nye Jakarta fifia), le Indonesia, si nye Netherlandstɔwo ƒe asitsaha si ŋkɔe nye Dutch East India Company ƒe du vevitɔ le Asia ƒe Anyieheɣedzeƒe.

Ƒewuivi Gbegɔmeɖela Aɖe

Le Almeida ƒe mɔzɔzɔ yi Asia ƒe akpa mamlɛa me la, nane do mo ɖa si trɔ eƒe agbenɔnɔ. Esi wòɖo meli tso Batavia yina Malacca (si nye Melaka fifia), le Malaysia ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi la, eke ɖe Protestanttɔwo ƒe agbalẽvi aɖe si nɔ Spaingbe me, si ƒe tanyae nye Diferencias de la Cristiandad (Vovototo Siwo Le Kristodukɔa Me) ŋu. Tsɔ kpe ɖe tsitretsitsi ɖe alakpasubɔsubɔhawo ƒe nufiafiawo ŋu ŋuti la, agbalẽvia gblɔ nya aɖe hã si wɔ dɔ ɖe sɔhɛ Almeida dzi vevie, si nye be: “Gbegbɔgblɔ si gɔme amewo mese o zazã le sɔleme, nenye hena Mawu ƒe kafukafu gɔ̃ hã la, meɖea vi aɖeke na nyasela si mele egɔme sem o.”—Korintotɔwo I, 14:9.

Esia kpe ɖe Almeida ŋu wòƒo nya ta be: Mɔ vevitɔ si dzi woato aɖe subɔsubɔhawo me alakpanufiafiawo ɖe goe nye nana be amewo katã nase Biblia gɔme. Esi wòva ɖo Malacca la, eyi ɖage ɖe Netherlands Sɔlemeha Si Wogbugbɔ Ðɔ Ðo la me eye wòte Nyanyuigbalẽawo gɔmeɖeɖe tso Spaingbe me yi ɖe Portugalgbe me henɔ emam na “ame siwo di vevie be yewoanya nyateƒea.” *

Le ƒe eve megbe la, Almeida sɔ gbe hena dɔ gã bubu aɖe wɔwɔ—Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo gɔmeɖeɖe tso Latin Vulgate ƒe gɔmeɖeɖea me. Mede ƒe ɖeka hafi wòwu dɔ sia nu o, si nye dɔ ɖedzesi aɖe si ƒe 16 vi wɔ! Dzideƒotɔe la, etsɔ eƒe kɔpi ɖeka ɖo ɖe Netherlands dukɔa dziɖula le Batavia be wòana woatae. Edze abe Sɔlemeha Si Woɖɔ Ðo si le Batavia la ɖo eƒe gɔmeɖeɖe si wòŋlɔ kple asi la ɖe Amsterdam ene, gake nunɔla tsitsi si wodee asi na la va ku, ale wɔ Almeida ƒe dɔa zu dze bu ɖe ama me.

Esime wova bia tso Almeida si be wòaɖo eƒe gɔmeɖeɖea ƒe kɔpi ɖe hame si Woɖɔ Ðo, si le Ceylon (si nye Sri Lanka fifia), le ƒe 1651 me hafi wòde dzesii be gbãtɔ si yeɖo ɖe sɔlemeha la bu le woƒe agbalẽdzraɖoƒea. Gake dzi meɖe le eƒo o, edi kɔpi bubu—ɖewohĩ eƒe asinuŋɔŋlɔ xoxoawo dometɔ ɖeka—eye le ƒe si kplɔe ɖo me la, ewu Nyanyuigbalẽawo kple Dɔwɔwɔwo, si ŋu wògbugbɔ trɔ asi le la nu. Sɔlemeha la ƒe adaŋudeha si le Batavia la xe ga home si nye guilder 30 nɛ ɖe eƒe agbagbadzedzewo ta. Almeida ƒe dɔwɔhati aɖe ŋlɔ bena “ga home sia meɖi naneke o, ne wotsɔe sɔ kple dɔ gã si wòwɔ.”

Togbɔ be edze ƒãa be womede asixɔxɔ eƒe dɔa ŋu o hã la, Almeida yi dɔa dzi heɖo eƒe Nubabla Yeye gɔmeɖeɖe si nu wòwu le ƒe 1654 me la ɖa hena tata. Fifia hã, ewɔ abe ɖee wodi be woatae ene, gake womewɔ naneke le eŋu tsɔ wu kɔpi ʋɛ aɖewo gbugbɔŋlɔ hena sɔlemeha aɖewo ƒe zazã o.

Ŋutasẽʋɔnudrɔ̃ƒe Bu Fɔe

Le ƒe ewo siwo kplɔe ɖo me la, Almeida nɔ hakpɔkplɔ kple mawunyadɔgbededɔ dzi vivie na Sɔlemeha Si Woɖɔ Ðo la. Ƒe 1656 mee woɖoe, eye Ceylon wòsubɔ le gbã, afi si esusɔ vie atiglinyi aɖe ɖo afɔ edzi wòku le kloe, eye emegbe esubɔ le India abe Protestanttɔwo ƒe mawunyadɔgbedela gbãtɔ siwo woɖo ɖe dukɔ ma me la dometɔ ɖeka ene.

Almeida nye ame si va zu Protestanttɔ eye wònye dutadziɖuɖu aɖe ƒe amedɔdɔ le dukɔ bubu me. Eya ta Portugalgbedolawo ƒe nuto siwo katã wòsrã kpɔ la me tɔ geɖe bui xɔsegbela kple dugbãla. Ale si wòƒoa nu tsia tsitre ɖe agbe maɖɔʋu nɔnɔ si yia edzi le hakplɔlawo dome ŋu tẽ kple ale si wòkloa nu le Katolikoha ƒe nufiafia dadawo dzi siaa wɔe be nyahehe nɔa woa kple Katolikotɔwo ƒe mawunyadɔgbedeawo dome edzidzi. Nyahehe siawo va ɖo woƒe sesẽaƒe le ƒe 1661 me, esime Ŋutasẽʋɔnudrɔ̃ƒe si nɔ Goa, le India la tso kufia na Almeida be enye dugbãla. Wotɔ dzo eƒe nɔnɔme wɔwɔe aɖe esime ye ŋutɔ menɔ anyi o. Ðewohĩ esi Netherlandstɔwo ƒe dziɖula vɔ̃ ɖe Almeida nu le ale si wòhea nya ta la, etrɔ yɔe gbɔ va Batavia le nudzɔdzɔ ma megbe kpuie.

Togbɔ be mawunyadɔgbedela dovevienue Almeida nye hã la, meŋlɔ ale si wòkpɔe be ele vevie be Biblia nanɔ Portugalgbe me la be o. Le nyateƒe me la, ale si ame geɖe menya Biblia me nyawo ale o—si ɖe dzesi ƒãa le hakplɔlawo kple hameviwo siaa dome—la na wògaɖoe kplikpaa be yeaɖe Biblia gɔme ɖe Portugalgbe me. Le mawusubɔsubɔ ŋuti gbalẽvi aɖe si Almeida ŋlɔ le ƒe 1668 me ƒe ŋgɔdonya me la, eɖe gbeƒãe na eƒe nuxlẽlawo be: “Mele mɔ kpɔm be . . . eteƒe madidi o mana Biblia bliboa asu mia si le mia de gbe me, si anye kesinɔnu xɔasitɔ kekeake si ame aɖe ana mi.”

Almeida Kple Numetokɔmiti La

Le ƒe 1676 me la, Almeida tsɔ eƒe Nubabla Yeye ƒe gɔmeɖeɖea na sɔlemehaa ƒe adaŋudeha le Batavia be woato eme. Le gɔmedzedzea me la, nyahehe nɔ Biblia gɔmeɖela sia kple eƒe gɔmeɖeɖea me tolawo dome. Agbemeŋutinyaŋlɔla J. L. Swellengrebel, ɖe nu me be ɖewohĩ esesẽ na Almeida ƒe Biblia gɔmeɖeɖea me tola siwo doa Netherlandsgbe la be woase vovototo suesuesue siwo le nya aɖewo ƒe gɔmesese ŋu me, eye atsyã si me wòŋlɔ nya aɖewo ɖo hã manya sɔ na wo o. Gbegbɔgblɔ si tututu me woaŋlɔ nyawo ɖo ƒe kuxi hã nɔ anyi. Ðe wòle be woaɖe Biblia la gɔme ɖe Portugalgbe bɔbɔe si nutoa me tɔ geɖewo dona me loo, alo woaɖe egɔme ɖe esi gɔmesese asesẽ na ame geɖe la mea? Mlɔeba, Almeida ƒe didi vivie be woawu dɔa nu wɔe be masɔmasɔ ɖoa woa kple numetolaawo dome enuenu.

Dɔa meɖe zɔ kabakaba kura o, ɖewohĩ le woƒe nukpɔsusuwo ƒe vovototo alo esi numetolaawo menɔ dzo tsɔm ɖe dɔa ŋu o ta. Le ƒe ene megbe la, numetolaawo gakpɔtɔ nɔ nya hem ku ɖe Luka ƒe agbalẽa ƒe ta gbãtɔawo ŋu. Esi megbelélehehea ɖe fu na Almeida ta la, eɖo eƒe gɔmeɖeɖe si wòŋlɔ kple asi la ɖe Netherlands be woatae le numetolaawo ƒe manyamanya me.

Togbɔ be sɔlemeha la ƒe adaŋudehaa nɔ agbagba dzem be yeaxe mɔ na eƒe Nubabla Yeyea tata hã la, wodze etata gɔme xoxo le Amsterdam le ƒe 1681 me, eye tata gbãtɔawo ɖo Batavia le ƒe si kplɔe ɖo me. Kpɔ ale si gbegbe wòate ɖe Almeida dzi esime wòkpɔe be numetola siwo nɔ Netherlands la fa asi ɖe yeƒe dɔa mee ɖa! Esi numetolaawo mese Portugalgbea nyuie o ta la, Almeida de dzesii be woŋlɔ “susu totrowo kple nya siwo tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu ɖe eme, si na be gɔmesese si tututu tso Gbɔgbɔ Kɔkɔea gbɔ la megava dze nyuie o.”

Netherlands dziɖuɖua ŋutɔ hã mekpɔ ŋudzedze ɖe asifafa ɖe eƒe dɔa me ŋu o, eya ta ede se be woagblẽ esiwo katã wota la dome. Togbɔ be enɔ alea hã la, Almeida bia tso dziɖuɖua si be woagblẽ tata ʋɛ aɖewo ɖi kple susu be woatsɔ asi aɖɔ vodada gãwo ɖo. Woate ŋu anɔ tata siawo zãm va se ɖe esime woagbugbɔ ta yeye si me woto.

Numetola siwo nɔ Batavia la gbugbɔ wɔ ɖeka heyi Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me toto dzi, eye wote Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽawo dometɔ ɖe sia ɖe si nu Almeida nya wu ko la hã me toto. Esi sɔlemehaa ƒe adaŋudehaa nɔ vɔvɔ̃m be Almeida ƒe dziku nu ava fla ta la, wotso nya me be yewoanɔ eƒe asinuŋɔŋlɔ ɖe sia ɖe si me woto hede asi ete la dzram ɖo ɖe sɔlemehaa ƒe nudzraɖoƒe. Ke hã, Almeida melɔ̃ ɖe woƒe nyametsotsoa dzi o.

Va se ɖe fifia la, ƒe blananewo ƒe dɔ sesẽ wɔwɔ le nuto siwo me dzoxɔxɔ nu sẽ le me va te nugbegblẽ le eƒe lãmesẽ ŋu. Le ƒe 1689 me, esime eƒe lãmegbegblẽa nu nɔ sesẽm ɖe edzi la, Almeida xɔ gbɔɖeme tso sɔlemehaa ƒe dɔwɔnawo me heƒo eɖokui ɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo gɔmeɖeɖe me. Nublanuitɔe la, eku le ƒe 1691 me esime wònɔ Xezekiel ƒe agbalẽa ƒe ta mamlɛtɔa gɔme ɖem.

Wowu eƒe Nubabla Yeye la me toto nu ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na eƒe ku eye woɖoe ɖa be woata le ƒe 1693 me. Edze abe numetola siwo mebi ɖe dɔa me o la fa asi ɖe eƒe gɔmeɖeɖe sia hã me ene. G. L. Santos Ferreira gblɔ le eƒe agbalẽ si nye A Biblia em Portugal (Portugalgbe Me Biblia Aɖe) me be: “Numetolaawo . . . trɔ nu geɖe le dɔ nyuie si Almeida wɔ me hetro gbo eƒe gɔmeɖeɖe nyui sia ƒe akpa siwo ŋu numetola gbãtɔawo meka asi le gɔmeɖeɖe gbãtɔa me o la gɔ̃ hã.”

Wowu Portugalgbe Me Biblia La Gɔmeɖeɖe Nu

Le Almeida ƒe ku megbe la, agbagba siwo dzem wonɔ le Portugalgbe me Biblia me toto kple etata me le Batavia la nu va tsi kura. Kristotɔwo Ŋuti Sidzedze Dodo Ðe Ŋgɔ Habɔbɔ aɖe si nɔ London lae va da megbe na Almeida ƒe Nubabla Yeye la ƒe tata etɔlia le ƒe 1711 me, le Denmarktɔwo ƒe mawunyadɔgbedela siwo nɔ dɔ wɔm le Tranquebar, le India ƒe anyiehe ƒe biabia nu.

Habɔbɔ ma ɖoe be yeaɖo agbalẽtaƒe aɖe ɖe Tranquebar. Gake esi wonɔ mɔ dzi yina ɖe India la, ƒudzidzodala siwo nye Franseawo va lé meli si me agbalẽtamɔ̃awo kple Portugalgbe me Biblia ƒe tata aɖewo nɔ la le mɔ dzi, eye woyi ɖagblẽe ɖe Rio de Janeiro ƒe melidzeƒe, le Brazil. Santos Ferreira ŋlɔ bena: “Le mɔ aɖe, si me womate ŋu aɖe o, nu kple le nɔnɔme si ame geɖe buna nu wɔnukui me la, wova kpɔ aɖaka siwo me agbalẽtamɔ̃awo nɔ la dedie le melia ƒe agbatsɔƒe, eye woyi woƒe mɔzɔzɔa dzi va ɖo Tranquebar.” Mawunyadɔgbela siwo nye Denmarktɔwo la to Biblia gbalẽ siwo gɔme Almeida ɖe, siwo susɔ la, me fɔléleɖenuŋutɔe heta wo. Wowu Portugalgbe me Biblia la ƒe akpa mamlɛtɔa tata nu le ƒe 1751 me, si nye ƒe 110 kloe tso esime Almeida dze eƒe Biblia gɔmeɖeɖedɔa gɔme.

Kutrikuku Me Viɖe Siwo Gakpɔtɔ Li

Tso esime Almeida nye sɔhɛ kee wòkpɔ ale si wòle vevie be Biblia nanɔ Portugalgbe me dze sii, bena ame tsɛwo nate ŋu ase Biblia me nyateƒea gɔme le woawo ŋutɔ wo de gbe me. Eti taɖodzinu ma yome kutrikukutɔe le eƒe agbe me, togbɔ be Katoliko Sɔlemeha ƒe tsitretsiɖeŋu, ehatiwo ƒe ɖekematsɔleme, numetoto me kuxi siwo nu gbe tsotso, kple eya ŋutɔ ƒe lãmegbegblẽ ɖe fu nɛ hã. Viɖewo do tso eƒe kutrikukua me.

Portugalgbedolawo ƒe dzidzime siwo dome Almeida ɖe gbeƒã le la nu va yi, ke hã, eƒe Biblia ya kpɔtɔ li. Le ƒe 1800 ƒe ƒeawo me la, Britain Kple Duta Biblia Habɔbɔ La kpakple Amerika Biblia Habɔbɔ La ma Almeida ƒe Biblia ƒe tata akpe geɖe le Portugal kple Brazil ƒe ƒutaduwo me. Esia wɔe be Biblia siwo wonɔ te ɖe eƒe gɔmeɖeɖe gbãtɔawo dzi ta la le Biblia siwo xɔ ŋkɔ wu kple esiwo woma le Portugalgbedolawo dome wu la dome.

Ðikeke mele eme o be, ame geɖe nyi akpedada ƒe fe le Biblia gɔmeɖela gbãtɔwo abe Almeida ene si. Gake ele be míada akpe na Yehowa, Mawu si ɖea eƒe tameɖoɖowo gblɔna, si “le didim be, woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me” la geɖe wu. (Timoteo I, 2:3, 4) Kakaɖedzitɔe la, eyae nye Ame si kpɔ eya ŋutɔ ƒe Nya la ta hena wòli egbea bene wòaɖe vi na mí. Mina míade asixɔxɔ “kesinɔnu xɔasitɔ kekeake,” sia si tso mía Fofo si le dziƒo la gbɔ ŋu, eye míanɔ esrɔ̃m ɣesiaɣi.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Tso ƒe alafa 16 lia ƒe afã mamlɛawo me la, Katolikoha to agbalẽ aɖe (Index of Forbidden Books), si me woŋlɔ agbalẽ siwo nu wode se ɖo ƒe ŋkɔwo ɖo la, dzi de se ɖe Biblia gɔmeɖeɖe ɖe gbe bubuwo me nu. Le The New Encyclopædia Britannica ƒe nya nu la, sedede sia na be, “Katolikotɔwo megaɖe Biblia gɔme ɖe gbe bubu aɖeke me o hena ƒe 200 sɔŋ.”

^ mm. 8 Woyɔ Almeida le eƒe Biblia gɔmeɖeɖe xoxotɔwo me be Padre (Fada) Almeida, si na ame geɖe xɔe se be esubɔ abe Katoliko nunɔla ene. Gake Netherlandstɔ siwo ta Almeida ƒe Biblia la zã nya sia vodadatɔe, hesusui be enye dzesideŋkɔ aɖe si wotsɔna na subɔsubɔhakplɔla alo nunɔla.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 21]

MAWU ƑE ŊKƆ LA

Anukwareɖiɖi ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe si Almeida ɖo ɖi abe gbegɔmeɖela ene lae nye Mawu ƒe ŋkɔ la zazã le teƒe siwo katã Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo wotsɔ ŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔe la dze le.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Cortesia da Biblioteca da Igreja de Santa Catarina (Igreja dos Paulistas)

[Anyigbatata si le axa 18]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

ATLANTIK ƑUGÃ

PORTUGAL

Lisbon

Torre de Tavares

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Batavia, le ƒe 17 lia me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

From Oud en Nieuw Oost-Indiën, Franciscus Valentijn, 1724

[Nɔnɔmetata si le axa 18, 19]

Portugualgbe me Nubabla Yeye si wota le ƒe 1681 me ƒe axa evelia

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Courtesy Biblioteca Nacional, Portugal