Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Tsɔ Nu Nyui La Ðu Nu Vɔ̃ɖi La Dzi”

“Tsɔ Nu Nyui La Ðu Nu Vɔ̃ɖi La Dzi”

“Tsɔ Nu Nyui La Ðu Nu Vɔ̃ɖi La Dzi”

“Mègana nu vɔ̃ɖi la naɖu dziwò o, ke tsɔ nu nyui la ɖu nu vɔ̃ɖi la dzi boŋ.”—ROMATƆWO 12:21.

1. Nu ka tae míaka ɖe edzi be míate ŋu aɖu nu vɔ̃ɖi dzi?

ÐE WÒANYA wɔ be míakpe akɔ kple ame siwo tsia tsitre ɖe tadedeagu vavãtɔa ŋu vevie la? Ðe wòanya wɔ be míaɖu ŋusẽ siwo le agbagba dzem be yewoaƒoe ɖe mía nu míagbugbɔ yi ɖe xexe mavɔ̃mawu sia me la dzia? Biabia eve siawo ƒe ŋuɖoɖoe nye ɛ̃! Nu ka tae? Nya si apostolo Paulo gblɔ le eƒe lɛta si wòŋlɔ na Romatɔwo me la tae. Eŋlɔ bena: “Mègana nu vɔ̃ɖi la naɖu dziwò o, ke tsɔ nu nyui la ɖu nu vɔ̃ɖi la dzi boŋ.” (Romatɔwo 12:21) Ne míeka ɖe Yehowa dzi bliboe eye míeɖoe kplikpaa be míagana xexe sia naɖu mía dzi o la, ekema nu vɔ̃ɖi siwo le xexea me hã mate ŋu akpe mía dzi o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nyagbɔgblɔ “ɖu nu vɔ̃ɖi la dzi” fia be ne míeyi edzi le gbɔgbɔmeʋa wɔm kple nu vɔ̃ɖi la, ekema míate ŋu aɖu edzi. Ame siwo menɔa ŋudzɔ o, eye wodzudzɔa aʋa sia wɔwɔ la ko dzie xexe gblẽku sia kple eƒe dziɖula vɔ̃ɖi, si nye Satana Abosam la, ate ŋu aɖu.—Yohanes I, 5:19.

2. Nu ka tae míadzro nu siwo me Nexemya to le agbe me la dometɔ aɖewo me ɖo?

2 Ƒe 500 aɖewo do ŋgɔ na Paulo ŋɔli la, Mawu subɔla aɖe si nɔ Yerusalem la ɖe nya si Paulo gblɔ ku ɖe aʋawɔwɔ kple nu vɔ̃ɖi ŋu la ƒe nyateƒenyenye fia. Menye ɖekoe Mawu ƒe ame sia, si ŋkɔe nye Nexemya la, nɔ te ɖe mawumavɔ̃lawo ƒe tsitretsiɖeŋu nu o, ke etsɔ nu nyui la ɖu nu vɔ̃ɖi la dzi hã. Kuxi kawoe wòdo goe? Nu kae kpe ɖe eŋu wòɖu dzi? Alekee míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu la? Be míakpɔ biabia siawo ƒe ŋuɖoɖo la, mina míadzro nu siwo me Nexemya to le agbe me la dometɔ aɖewo me kpɔ. *

3. Nɔnɔme ka mee Nexemya nɔ, eye dɔ gã kae wòwɔ de goe?

3 Persia fia Artaxsasta ƒe fiasã mee Nexemya nɔ subɔsubɔm le. Togbɔ be dzimaxɔsetɔwo domee Nexemya nɔ hã la, mena eƒe ‘anyinɔnɔ ɖi’ ame siwo nɔ ‘xexe ma me’ la tɔ o. (Romatɔwo 12:2) Esime hiahiã aɖe va do mo ɖa le Yuda la, etsɔ eƒe nudzedziname sa vɔe hezɔ mɔ si menɔ bɔbɔe kura o la yi Yerusalem, eye wòwɔ dɔ nyadri si nye dua ƒe gliwo gbugbɔgaɖo. (Romatɔwo 12:1) Togbɔ be Nexemyae nye Yerusalem dua dzikpɔla hã la, ewɔa dɔ aduadu kple ehati Israel viwo “tso agudzedze me, vaseɖe esime ɣletiviwo tona.” Esia wɔe be wowu dɔa nu le ɣleti eve pɛ ko me! (Nexemya 4:15; 6:15) Dɔ gã sia nuwuwu nye nu si wɔ nuku ŋutɔ, elabena wodze ŋgɔ tsitretsiɖeŋu ƒomevi geɖe le dɔa wɔɣi. Ame kawoe nye Nexemya ƒe futɔwo, eye nu kae nye woƒe taɖodzinu?

4. Taɖodzinu kae nɔ ame siwo tsi tsitre ɖe Nexemya ŋu la si?

4 Ame siwo xɔ ŋgɔ le tsitretsitsi ɖe Nexemya ŋu mee nye Sanebalat, Tobiya kple Gesem, siwo nye ame ŋkutawo le nuto siwo gogo Yuda me. Esi wònye be wotsi tsitre ɖe Mawu ƒe amewo ŋu ta la, “dzi ku wo vevie ŋutɔ be, [Nexemya] va nyui di ge na Israel-viwo.” (Nexemya 2:10, 19) Nexemya ƒe futɔawo ɖoe kplikpaa be yewoagblẽ gliɖoɖodɔ si wòxɔ ŋgɔ na la me, eye woɖo nugbe vɔ̃ɖiwo ɖe eŋu gɔ̃ hã. Ðe Nexemya aɖe mɔ ‘nu vɔ̃ɖi la naɖu edzia’?

“Eku Dzi Nɛ, Eye Wòdo Dɔmedzoe Ŋutɔ”

5, 6. (a) Aleke Nexemya ƒe futɔwo wɔ nu ɖe gliɖoɖodɔa ŋu? (b) Nu ka tae tsitretsiɖeŋulawo ƒe nuwɔnawo medo ŋɔdzi na Nexemya o?

5 Nexemya gblɔ na eƒe amewo dzideƒotɔe be: “Mina míaɖo Yerusalem ƒe gliawo.” Woɖo eŋu be: “Míatso, eye míaɖo wo!” Nexemya gblɔ be: “Wodo ŋusẽ woƒe asiwo ɖe dɔ nyui la wɔwɔ ŋu,” gake “[futɔwo ɖu] fewu heɖe alɔme le mía ŋu gblɔ bena: Nuka nye esi wɔm miele, ɖe miebe, yewoadze aglã ɖe fia ŋua?” Woƒe ɖiŋudodo kple amenutsotsoa medo ŋɔdzi na Nexemya o. Egblɔ na tsitretsiɖeŋula siawo be: “Dziƒo Mawu la ana wòadze edzi na mí, eye mí, eƒe dɔlawo, míatso aɖo wo; ke miawo la gome kple nya kpakple ŋkɔ aɖeke mele mia si le Yerusalem o.” (Nexemya 2:20) Nexemya ɖoe kplikpaa be yeana “dɔ nyui la” naɖe zɔ.

6 ‘Eku dzi na’ tsitretsiɖeŋulawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Sanebalat “eye wòdo dɔmedzoe ŋutɔ” heyi eƒe alɔmeɖenyawo gbɔgblɔ dzi. Eɖu fewu le wo ŋu gblɔ be: “Nuka wɔm Yudatɔ beli siawo le? Ðe woagbɔ agbe kpe, siwo wotɔ dzoe la, tso anyigblãgoawo mea?” Tobiya va wɔ ɖeka kplii le fewuɖunyawo gbɔgblɔ me hegblɔ be: “Ne wotui ko! Ne abei de edzi la, akaka woƒe kpegli la.” (Nexemya 3:33-35) Aleke Nexemya wɔ nui?

7. Alekee Nexemya wɔ nu ɖe eƒe tsitretsiɖeŋulawo ƒe fewuɖunyawo ŋu?

7 Ðeko Nexemya ɖe to ɖa le woƒe fewuɖunyawo ŋu. Ewɔ ɖe Mawu ƒe se dzi eye mete kpɔ be yeawɔ wɔɖenui o. (Mose III, 19:18) Ke boŋ egblẽ nya la ɖe Yehowa si me hedo gbe ɖa be: “Oo mía Mawu, se alesi wodo vlo mí! Na woƒe fewuɖuɖu nava woƒe ta dzi.” (Nexemya 3:36) Nexemya ɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe kakaɖedzinya si nye be, “Tɔnye enye hlɔ̃biabia kple teƒeɖoɖo” la ŋu. (Mose V, 32:35) Eye Nexemya kple eƒe amewo ‘yi glia ɖoɖo dzi.’ Womeɖe mɔ futɔawo ƒe nuwɔnawo he woƒe susu ɖa le dɔa ŋu o. Le nyateƒe me la, woɖo “gli blibo la va kpe vaseɖe eƒe kɔkɔme ƒe afã, eye dzi nɔ dukɔ la ƒo ɖe dɔ la ŋu.” (Nexemya 3:38) Ame siwo tsi tsitre ɖe tadedeagu vavãtɔa ŋu mete ŋu tɔ te gliɖoɖodɔa o! Alekee míate ŋu asrɔ̃ Nexemya ƒe kpɔɖeŋua?

8. (a) Alekee míate ŋu asrɔ̃ Nexemya ne tsitretsiɖeŋulawo tso mía nu alakpatɔe? (b) Ƒo nu tso nane si me nèto alo nudzɔdzɔ aɖe si ŋu nya nèse, si ɖe nunya si le wɔɖenuimawɔmawɔ me fia la ŋu.

8 Egbea hã, ame siwo tsia tsitre ɖe mía ŋu le suku, le dɔme, alo le aƒe me gɔ̃ hã ate ŋu atsɔ fewuɖuɖu kple nutsotsowo anɔ kplamatse dom mí. Gake zi geɖe la, wɔwɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose si nye, “ɖoɖoeziɣi li” dzie nyea mɔ nyuitɔ si dzi míato akpɔ aʋatsonutsotso mawo gbɔ. (Nyagblɔla 3:7) Eya ta abe Nexemya ene la, míawo hã míedaa gbe ɖe ame gbɔ tsɔ wɔa wɔɖenui o. (Romatɔwo 12:17) Míetrɔna ɖe Mawu ŋu doa gbe ɖa nɛ tsɔ ɖea míaƒe ŋuɖoɖo ɖe eya, ame si na kakaɖedzi mí be, “Nye la maɖo eteƒe” la ŋu fiana. (Romatɔwo 12:19; Petro I, 2:19, 20) Le mɔ sia nu la, míeɖea mɔ tsitretsiɖeŋulawo hea míaƒe susu ɖa le gbɔgbɔmedɔ si wòle na mí be míawɔ egbea, si nye gbeƒãɖeɖe Mawufiaɖuƒe ŋuti nya nyuia kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa, dzi o. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Ɣesiaɣi si míeɖe mɔ tsitretsiɖeŋu na míetɔ te míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa o la, eɖenɛ fiana be nuteƒewɔwɔ ƒe gbɔgbɔ si nɔ Nexemya me la kee le míawo hã me.

‘Míawu Mi Godoo’

9. Afɔ bubu kae Nexemya ƒe futɔwo gaɖe tsɔ tsi tsitre ɖe wo ŋu, eye nu kae Nexemya wɔ?

9 Esime ame siwo tsi tsitre ɖe tadedeagu vavãtɔa ŋu le Nexemya ŋɔli se be “woɖɔ Yerusalem ŋu gliwo ɖo” la, wotsɔ woƒe yiwo be yewoawɔ “aʋa kple Yerusalem.” Edze abe mɔkpɔkpɔ aɖeke megali na Yudatɔwo o ene. Samariatɔwo le woƒe dziehe gome, Amonitɔwo le ɣedzeƒe gome, Arabiatɔwo le anyiehe gome, eye Asdodtɔwo hã le ɣetoɖoƒe gome. Woɖe to ɖe Yerusalem ŋu; edze abe woxaxa glia ɖolawo ɖo ene! Nu kae woawɔ? Nexemya gblɔ be: “Míedo gbe ɖa na mía Mawu la.” Futɔawo do ŋɔdzi na wo gblɔ be: “Míawu wo ahana dɔ la nu natso.” Eya ta Nexemya de dɔ asi na gliɖolawo be woatsɔ “woƒe yiwo, akplɔwo kple dawo” aʋli dua tae. Togbɔ be enye nyateƒe be, le amegbetɔwo ƒe susu nu la, Yudatɔ mawo siwo mede ha o mate ŋu anɔ te ɖe futɔawo ƒe aʋakɔ triakɔ gbogboawo nu kura o hã la, Nexemya de dzi ƒo na wo be: “Migavɔ̃ wo o; miɖo ŋku [Yehowa,] Aƒetɔ gã dziŋɔ la dzi.”—Nexemya 4:1-3, 5, 7, 8.

10. (a) Nu kae na nɔnɔmeawo trɔ kpata le Nexemya ƒe futɔawo gome? (b) Afɔ kawoe Nexemya ɖe?

10 Azɔ nɔnɔmeawo trɔ kpata. Futɔawo ɖe asi le tame vɔ̃ si woɖo la ŋu. Nu ka tae? Nexemya gblɔ be: “Mawu [vavã la] gblẽ woƒe tameɖoɖo me.” Gake Nexemya de dzesii be futɔawo ganye kplamatsedonu na yewo le go aɖewo me kokoko. Eya ta edze aɖaŋu hena gliɖolawo zã dɔwɔmɔnu bubu. Tso ɣemaɣi la, dɔwɔlawo dometɔ ɖe sia ɖe “tsɔ asi ɖeka le dɔ wɔmi, eye wotsɔ asi ɖeka lé aʋawɔnuwo ɖe asi.” Eye Nexemya ɖo ŋutsu aɖe hã be, ne enya kpɔ futɔwo ho ɖe yewo ŋu ko la, ‘wòaku kpẽ’ atsɔ ana nyanya gliɖolaawo. Ƒo wo katã ta la, Nexemya de dzi ƒo na eƒe amewo be: “Mía Mawu [ŋutɔ] awɔ aʋa na mí.” (Nexemya 4:9-14) Esi dzi ɖo gliɖolawo ƒo eye wosu te na aʋawɔwɔ ta la, woyi dɔa dzi. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nudzɔdzɔ sia me?

11. Nu kae kpena ɖe Kristotɔ vavãwo ŋu wokpea akɔ kple nu vɔ̃ɖi siwo wowɔna ɖe wo ŋu le dukɔ siwo me woɖo asi Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi le, eye aleke wotsɔa nu nyui la ɖua nu vɔ̃ɖi la dzii?

11 Ɣeaɖewoɣi la, wotsia tsitre ɖe Kristotɔ vavãwo ŋu anyratɔe. Le nyateƒe me la, ame siwo tsia tsitre ɖe tadedeagu vavãtɔa ŋu ŋutasesẽtɔe le dukɔ aɖewo me la le abe aʋakɔ gã aɖe ene. Le amegbetɔ ƒe susu nu la, mía nɔvi siwo le dukɔ mawo me mate ŋu anɔ te ɖe futɔ mawo nu kura o. Ke hã, Ðasefo mawo ka ɖe edzi bliboe be ‘Mawu ŋutɔ awɔ aʋa na yewo.’ Nyateƒee, Mawu ƒe ame siwo yome wotina le woƒe dzixɔsewo ta la kpɔnɛ zi geɖe be Yehowa ɖoa yewoƒe gbedodoɖawo ŋu ‘hegblẽa yewoƒe futɔ triakɔawo ƒe tameɖoɖowo me.’ Le dukɔ siwo me woɖo asi Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi le me kura gɔ̃ hã la, Kristotɔwo dia mɔnu vovovowo tsɔ ɖea gbeƒã nya nyuia. Abe ale si ko Yerusalem gliɖolaawo zã dɔwɔmɔnu bubu ene la, Yehowa ƒe Ðasefo siwo li egbea hã dzea aɖaŋu trɔa asi le woƒe gbeƒãɖeɖemɔnuwo ŋu ne tsitretsiɖeŋulawo de se ɖe dɔa nu. Wometsɔa lãnuwo ya o. (Korintotɔwo II, 10:4) Anyrawɔwɔ le wo ŋu gɔ̃ hã menana wodzudzɔa gbeƒãɖeɖe o. (Petro I, 4:16) Ke boŋ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu dzinɔameƒotɔ siawo yia edzi ‘tsɔa nu nyui la ɖua nu vɔ̃ɖi la dzi.’

“Va, Ne Míakpe”

12, 13. (a) Amenublemɔnu bubu kawo ŋue Nexemya ƒe futɔwo gatrɔ ɖo? (b) Nu ka tae Nexemya gbe be yemayi aɖakpe kple tsitretsiɖeŋulaawo o?

12 Esi Nexemya ƒe futɔawo kpɔe be yewoƒe nugbeɖoɖo vɔ̃ɖia do kpo nu ta la, wotrɔ ɖe adzametsitretsiɖeŋumɔnuwo ŋu azɔ. Mɔnu etɔ̃e wozã. Woawoe nye kawo?

13 Gbã la, Nexemya ƒe futɔawo tee kpɔ be yewoable enu. Wogblɔ nɛ be: “Va, ne míakpe le kɔƒeawo me le Ono-bali la me!” Yerusalem kple Samaria domee Ono nɔ. Eya ta futɔawo doe ɖe Nexemya gbɔ be wòava yewoado go le mɔ dome ahakpɔ masɔmasɔawo gbɔ. Nexemya ate ŋu abui ko be: ‘Susu le nya ma me. Enyo be míalé nyaawo akpɔ tsɔ wu be míawɔ aʋa.’ Gake Nexemya gbe yiyi. Eɖe nu si tae wògbe la me be: “Ðe woɖo ɖe ta me be, yewoawɔ vɔ̃m.” Ekpɔ woƒe tame vɔ̃ ɖoɖoa dze sii eye womete ŋu flui o. Egblɔ na tsitretsiɖeŋulaawo zi ene sɔŋ be: “Nukaŋuti dɔ la atsi akpo dzi, eye magblẽe ɖi adzo va mia gbɔa?” Futɔawo ƒe agbagbadzedze be yewoana Nexemya nana ta la do kpo nu. Ena eƒe ŋku kpɔtɔ nɔ gliɖoɖodɔa dzi.—Nexemya 6:1-4.

14. Alekee Nexemya wɔ nu ɖe ame siwo tso enu alakpatɔe la ŋu?

14 Evelia, Nexemya ƒe futɔwo trɔ ɖe alakpanya vɔ̃ɖiwo gbɔgblɔ ŋu hetso Nexemya nu be ‘woɖoe be, yewoadze aglã’ ɖe Fia Artaxsasta ŋu. Wogagblɔ na Nexemya ake be: “Va, ne míade adaŋu kple mía nɔewo.” Nexemya gagbe ake, elabena ekpɔ woƒe tameɖoɖoa dze sii. Nexemya ɖe nu me be: “Wo katã le didim be, yewoado ŋɔdzi na mí hele susum be, [dɔwɔlawo ƒe] asiwo ado agblɔ ɖe dɔ la ŋu, eye womawu nu o.” Gake azɔ la, Nexemya ʋu go futɔawo ƒe amenutsotsoa hegblɔ be: “Nya, siwo nèse la, mele eme o, boŋ wò ŋutɔe kpa wo tso wò ta me.” Hekpe ɖe eŋu la, Nexemya trɔ ɖe Yehowa ŋu hena kpekpeɖeŋu, esi wòdo gbe ɖa be: “Do ŋusẽ nye asiwo!” Eka ɖe edzi be to Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, yeate ŋu agblẽ nugbeɖoɖo vɔ̃ɖi sia me ahana gliɖoɖodɔa naɖe zɔ.—Nexemya 6:5-9.

15. Aɖaŋu kae aʋatsonyagblɔɖila aɖe ɖo, eye nu ka tae Nexemya mewɔ ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi o?

15 Etɔ̃lia, Nexemya ƒe futɔawo zã Israel vi si ŋkɔe nye Semaya, be wòadze agbagba able Nexemya nu wòada Mawu ƒe Se dzi. Semaya gblɔ na Nexemya be: “[Na] míayi gbedoxɔ gãtɔ me le mawuƒe la me, eye míado gbedoxɔ la ƒe ʋɔtruwo; elabena wogbɔna wu wò ge.” Semaya gblɔ be wogbɔna Nexemya wu ge, gake ate ŋu akpɔ eƒe agbe ta ne esi yi ɖabe ɖe gbedoxɔa me. Evɔ menye nunɔlae Nexemya nye o. Aɖi fɔ ne eyi ɖabe ɖe Mawu ƒe aƒe la me. Ðe wòada Mawu ƒe Se dzi be yeatsɔ akpɔ yeƒe agbe ta? Nexemya ɖo eŋu be: ‘Ame abe nye ene ayi gbedoxɔ me, be matsi agbea? Nyemele eme yi ge o.’ Nu ka tae Nexemya mege ɖe mɔ̃ si woɖo nɛ la me o? Elabena enyae be togbɔ be Israel vie Semaya nye hã la, “menye Mawue dɔe o.” Gakpe ɖe eŋu la, nyagblɔɖila vavã maɖo aɖaŋu nɛ be wòada Mawu ƒe Se dzi o. Nexemya gado le tsitretsiɖeŋula vɔ̃ɖiawo si me ake, meɖe mɔ woɖu edzi o. Esia megbe kpuie la, eka nya ta be: “Gli la wu nu le ŋkeke blaatɔ̃ vɔ eve megbe le dzinu Elul ƒe ŋkeke blave vɔ atɔ̃lia dzi.”—Nexemya 6:10-15; Mose IV, 1:51; 18:7.

16. (a) Alekee wòle be míawɔ nu ɖe alakpaxɔlɔ̃wo, aʋatsonutsolawo, kple aʋatsonɔviwo ŋu? (b) Aleke nèɖenɛ fiana le aƒe me, suku, alo dɔwɔƒe be yemedi be yeada Mawu ƒe sewo dzi o?

16 Abe Nexemya ene la, ate ŋu adzɔ be míawo hã míakpe akɔ kple tsitretsiɖeŋulawo abe alakpaxɔlɔ̃wo, aʋatsonutsolawo, kple aʋatsonɔviwo ene. Ame aɖewo abia tso mía si be míakpe kpli yewo le mɔ dome, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. Ðewohĩ woadze agbagba be yewoable mía nu míeɖe míaƒe veviedodonu dzi kpɔtɔ le Yehowa subɔsubɔ me, ale be míate ŋu ati xexemetaɖodzinuwo yome le ɣeyiɣi ma ke me. Gake esi míetsɔa Mawu ƒe Fiaɖuƒea ɖoa nɔƒe gbãtɔ ta la, míewɔa ɖeka kpli wo o. (Mateo 6:33; Luka 9:57-62) Tsitretsiɖeŋulawo tsoa mí nu alakpatɔe hã. Le dukɔ aɖewo me la, wotsoa mía nu be míenye dugbãlawo, abe ale si ko wotso Nexemya nu be enɔ aglã dzem ɖe fia la ŋu ene. Míeʋli mía ɖokui ta le amenutsotso aɖewo gome le ʋɔnudrɔ̃ƒewo. Gake aleke kee tsitretsitsi ɖe mía ŋu me tsonu aɖewo ɖayi o, míedoa gbe ɖa kakaɖedzitɔe be Yehowa nakpɔ nyawo gbɔ le ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu nu. (Filipitɔwo 1:7) Míate ŋu ado go tsitretsiɖeŋu tso ame siwo gblɔna be yewo le Yehowa subɔm la hã gbɔ. Abe ale si Yudatɔ aɖe dze agbagba be yeable Nexemya nu be wòada Mawu ƒe Se dzi atsɔ akpɔ eƒe agbe ta ene la, Ðasefo siwo va zu xɔsegbelawo hã ate ŋu adze agbagba be yewoable mí míada Mawu ƒe sewo dzi le mɔ aɖe nu. Gake míeƒoa asa na xɔsegbelawo elabena míenyae be menye Mawu ƒe sewo dzi dadae ana míakpɔ míaƒe agbe ta o, ke boŋ wo me léle ɖe asie kpɔa míaƒe agbe ta! (Yohanes I, 4:1) Nyateƒee, le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu aɖu nu vɔ̃ɖi ƒomevi ɖe sia ɖe dzi.

Woɖea Gbeƒã Nya Nyuia Togbɔ Be Wowɔa Vɔ̃ Ðe Wo Ŋu Hã

17, 18. (a) Nu kae Satana kple edzidelawo le agbagba dzem vevie be yewoawɔ? (b) Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ, eye nu ka tae?

17 Mawu ƒe Nya la gblɔ ku ɖe Kristo nɔvi amesiaminawo ŋu be: “Woɖu [Satana dzi] le . . . woƒe ɖaseɖiɖi ƒe nya la me.” (Nyaɖeɖefia 12:11) Esia fia be, kadodo kplikplikpli le Satana—ame si gbɔ vɔ̃ɖinyenye tso—dzi ɖuɖu kple gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒegbedeasia dome. Eya ta mewɔ nuku o be Satana dzea amesiamina susɔeawo kple “ameha gã” la dzi to dzoƒɔƒlɔ ɖe tsitretsitsi ɖe wo ŋu te me!—Nyaɖeɖefia 7:9; 12:17.

18 Abe ale si míekpɔe ene la, woate ŋu ato alɔmeɖenyawo gbɔgblɔ ɖe mía ŋu, anyrawɔwɔ le mía ŋu, alo ayemɔ bubu aɖewo dzi atsi tsitre ɖe mía ŋu. Le go ɖe sia ɖe me la, taɖodzinu ɖeka koe le Satana si—be yeatɔ te gbeƒãɖeɖedɔa. Ke hã, ado kpo nu ŋukpetɔe, elabena le Nexemya si nɔ anyi le blema sɔsrɔ̃ me la, Mawu ƒe amewo ɖoe kplikpaa be yewoayi edzi ‘atsɔ nu nyui la anɔ nu vɔ̃ɖi la dzi ɖum.’ Woanɔ esia wɔwɔ dzi to gbeƒãɖeɖe nya nyuia me va se ɖe esime Yehowa agblɔ be dɔ la wu enu!—Marko 13:10; Romatɔwo 8:31; Filipitɔwo 1:27, 28.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Be nànya nu geɖe wu tso nu siwo me wòto ŋu la, xlẽ Nexemya 1:1-4; 2:1-6, 9-20; 3:33-4:17; 6:1-15.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Tsitretsiɖeŋu kawoe Mawu subɔla siwo nɔ anyi le blema la do goe, eye kawoe Kristotɔ siwo li egbea hã doa goe?

• Taɖodzinu ka koŋue nɔ Nexemya ƒe futɔwo si, eye taɖodzinu kae le Mawu ƒe futɔwo si egbea?

• Aleke míetsɔa nu nyui la ɖua nu vɔ̃ɖi la dzi egbeae?

[Biabiawo]

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 29]

Nufiame Siwo Le Nexemya Ƒe Agbalẽa Me

Mawu subɔlawo doa go

• fewuɖuɖu

• ŋɔdzidodowo

• amenubeble

Ame siwo blea ame nue nye

• alakpaxɔlɔ̃wo

• aʋatsonutsolawo

• aʋatsonɔviwo

Mawu subɔlawo ɖua vɔ̃ dzi to

• fɔléle ɖe dɔ si Mawu de wo si ŋu me

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Nexemya kple eƒe hadɔwɔlawo gbugbɔ ɖo Yerusalem ƒe glia togbɔ be wotsi tsitre ɖe wo ŋu vevie hã

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Kristotɔ vavãwo ɖea gbeƒã nya nyuia vɔvɔ̃manɔmee