Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Wodoa Gbe Vovovo Gake Lɔlɔ̃ Na Wowɔ Ðeka”

“Wodoa Gbe Vovovo Gake Lɔlɔ̃ Na Wowɔ Ðeka”

“Wodoa Gbe Vovovo Gake Lɔlɔ̃ Na Wowɔ Ðeka”

Ðeɖe. Ablɔɖe. Xɔxɔ. Ƒe alafa geɖee nye esia la, amewo kpɔ mɔ na vovo tso teteɖeanyi kple nuteɖeamedziwo me. Aleke míawɔ anɔ te ɖe agbemekuxiwo nu? Ðe míava kpɔ ɖeɖe gbe aɖe gbea? Ne nenemae la, ke alekee?

NYA siawo mee wodzro le Yehowa Ðasefowo ƒe ŋkeke etɔ̃ nutome gã takpekpe siwo wowɔ le dukɔ vovovowo me, siwo gɔme wodze le May 2006 me la me. Eƒe tanyae nye “Ðeɖekpɔkpɔ Gogo!”

Takpekpe siawo dometɔ asieke nye esiwo ame akpe geɖe siwo tso dukɔ vovovowo me la de. Wowɔ takpekpe siawo le July kple August 2006 me, le du siwo nye: Prague, si nye Czech Republic ƒe fiadu; Bratislava, si nye Slovakia ƒe fiadu; Chorzow kple Poznan, le Poland; * kple Germany ƒe du atɔ̃ siwo nye Dortmund, Frankfurt, Hamburg, Leipzig, kple Munich me. Ame siwo de takpekpe siawo katã la ƒe xexlẽme wu ame 313,000.

Aleke takpekpeawo me nɔ? Aleke woƒo nu tso wo ŋu le nyadzɔdzɔwo mee? Eye aleke vavalawo se le wo ɖokui me le takpekpeawo dede vɔ megbe?

Dzadzraɖowo Wɔwɔ

Ðasefo siwo atso duta kple esiwo le dukɔ siwo me woawɔ takpekpeawo le siaa kpɔ mɔ na takpekpe siawo siwo wonya be woanye gbɔgbɔmewɔna siwo womaŋlɔ be o la vevie ŋutɔ. Dzeƒe nyuiwo didi na vavalawo menɔ bɔbɔe o. Le kpɔɖeŋu me, le takpekpe si wowɔ le Chorzow gome la, Ðasefo siwo le Poland lɔ̃ be yewoaxɔ vavala siwo ƒe xexlẽme ade 13,000, siwo atso Ɣedzeƒe Europa la ɖe yewo ƒe me. Ame siwo tso duta de takpekpe ma la tso Armenia, Belarus, Estonia, Georgia, Kazakhstan, Kyrgyzstan, Latvia, Lithuania, Moldova, Russia, Tajikistan, Turkmenistan, Ukraine, United States, kple Uzbekistan.

Enɔ na ame siwo tso duta la dometɔ geɖe be woate dzadzraɖo ɖe woƒe mɔzɔzɔa ŋu ɣleti geɖe do ŋgɔ. Tatiana, si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe nya nyui gblɔla le Kamchatka, si nye Russia ƒe ƒukpo afã, si le Japan ƒe dzieheɣedzeƒe gome la, te gadzadzraɖo na eƒe mɔzɔzɔa ƒe ɖeka do ŋgɔ. Enɔ nɛ be wòazɔ mɔ kilometa 10,500. Gbã la, eɖo yameʋu hena gaƒoƒo 5, emegbe eɖo keteke hena ŋkeke etɔ̃ kloe, eye mlɔeba eɖo bɔs hena gaƒoƒo 30 hafi ɖo Chorzow.

Ame akpe geɖe tsɔ wo ɖokui na hedzra kamedefefewɔƒewo kple nuto siwo ƒo xlã wo la ɖo be woanɔ dzadzɛ hena tadedeaguwɔnawo. (Mose V, 23:15) Le kpɔɖeŋu me, Ðasefo siwo le Leipzig la dzra kamedefefewɔƒea ɖo nyuie ŋutɔ, eye wodo ŋugbe be yewoagadzrae ɖo ne takpekpea wu enu. Esia wɔe be kamedefefewɔƒea dzikpɔlawo mexɔ ga gbogbo si woxɔna ɖe teƒea dzadzraɖo ta la le wo si o.

Amewo Kpekpe

Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo le xexea me godoo la kpe ame geɖe hena “Ðeɖekpɔkpɔ Gogo!” Takpekpeawo. Ame siwo atso duta ahade takpekpe siwo ŋu wowɔ ɖoɖo tɔxɛwo ɖo la hã kpɔ gome le eme dzonɔamemetɔe. Woyi edzi nɔ amewo kpem na takpekpea va se ɖe esime zã do le ŋkeke si do ŋgɔ na takpekpea gɔmedzedze dzi. Ðe viɖe aɖewo do tso dzonɔameme si woɖe fia mea?

Ðasefo Polandtɔ aɖe si ŋkɔe nye Bogdan la do go ŋutsu tsitsi aɖe si di be yeade takpekpea, evɔ wògblɔ be ga mele ye si yeazɔ mɔ didi si nye kilomita 120 ayi Chorzow o. Eva dzɔ be nɔƒe ɖeka atsi anyi le bɔs si hame si le nutoa me haya hena mɔzɔzɔa la me. Bogdan gblɔ be: “Míegblɔ na ŋutsua be ate ŋu ayi kpli mí femaxee ne eva ɖo ʋuɖoƒea fɔŋli ga 5:30.” Ŋutsua lɔ̃ ɖe edzi eye wòde takpekpea. Emegbe eŋlɔ agbalẽ na nɔviawo gblɔ be: “Le takpekpe sia dede vɔ megbe la, meɖoe kplikpaa be mana nye agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi.”

Le Prague la, ŋutsu aɖe si hã nɔ amedzrodzeƒe si vavala siwo tso Britain va dze la gblɔ na wo le fiẽ aɖe be ye hã yede takpekpea gbe ma gbe. Nu kae ʋãe wòyi? Ŋutsua gblɔ be esi yexɔ amekpegbalẽvi tso gbeƒãɖela vovovo ewo si le ablɔwo dzi ta la, ele na ye kokoko be yeade! Nu siwo teƒe wòkpɔ la wɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ eye wòdi vevie be yeagasrɔ̃ nu geɖe.—Timoteo I, 2:3, 4.

Biblia Me Nufiame Nyuiwo

Woƒo nu tso ale si woakpɔ kuxi vovovowo gbɔe ŋu le nuƒoawo me. Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋuɖoɖo siwo le tẽ la ɖe ale si woawɔ akpɔ kuxiawo gbɔ alo ado dzi le wo me la me.

Woto Biblia dzi de dzi ƒo na ame siwo tsitsi, lãmegbegblẽ, ame veviwo ƒe ku, alo kuxi bubuwo nɔ fu ɖem na la hekpe ɖe wo ŋu be mɔkpɔkpɔ nasu wo si. (Psalmo 72:12-14) Srɔ̃tɔwo kple dzilawo xɔ Biblia me ɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe wo ŋu woakpɔ dzidzɔ le woƒe srɔ̃ɖeɖe me kple ale si woawɔ ahe wo viwo dzidzedzetɔe. (Nyagblɔla 4:12; Efesotɔwo 5:22, 25; Kolosetɔwo 3:21) Kristotɔ sɔhɛ—siwo dzea ŋgɔ hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu gbegblẽwo le suku gake woxɔa Mawu ƒe Nyaa me ɖaŋuɖoɖo nyuiwo le aƒe me kple le woƒe hamewo me la—xɔ aɖaŋuɖoɖo nyuiwo tso ale si woawɔ akpe akɔ kple wo hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo kple ale si woawɔ ‘asi le ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo nu’ la ŋu.—Timoteo II, 2:22.

Dukɔwo Dome Nɔviwo Ƒe Habɔbɔ Vavã

Yehowa Ðasefowo xɔa Ŋɔŋlɔawo me mɔfiame nyuiwo ɣesiaɣi le woƒe kpekpewo me. (Timoteo II, 3:16) Gake nu si na takpekpe siawo nɔ etɔxɛ ye nye ale si amewo tso dukɔ vovovowo me va. Ŋɔŋlɔawo me nuƒo ɖeka tɔgbiwoe woƒo le takpekpe siwo ŋu wowɔ ɖoɖo tɔxɛwo ɖo la katã me le gbegbɔgblɔ vovovowo me. Le ŋkekeawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi la, Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha me tɔwo ƒoa nuƒowo, eye nyatakaka siwo tso dukɔ vovovowo me la gana takpekpea nɔ etɔxɛ ŋutɔ. Woɖe nuƒo kple nyatakaka siawo me be woaɖe vi na gbe vovovo dola siwo va takpekpea.

Vavalawo katã di vevie be yewoade ha kple yewo nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo tso dukɔ bubuwo me va. Vavala aɖe gblɔ be: “Gbegbɔgblɔ ƒe vovototo mehe kuxi gobi aɖeke vɛ o, ke ɖe wòna takpekpea gavivi ɖe edzi boŋ. Ame ƒomevi vovovowoe va, gake wo katã wowɔ ɖeka le xɔse ɖeka me.” Vavala siwo de takpekpea le Munich la gblɔ be: “Wodoa gbe vovovo gake lɔlɔ̃ na wowɔ ɖeka.” Dukɔ ka mee woɖatso o, gbegbɔgblɔ kae woɖadona o, vavalawo katã se le wo ɖokui me be yewonɔ xɔlɔ̃ vavã, siwo nye gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo, dome.—Zaxarya 8:23.

Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðeɖe Fia

Ale si yame ƒe nɔnɔme nɔ le takpekpe siwo yi edzi le Poland wɔɣi la do vavalawo ƒe dzidodo kpɔ. Menye ɖeko tsi dza le takpekpeawo wɔɣi ƒe akpa gãtɔ o, ke yame hã fa miamiamia va ɖo fafadzidzenu Celsius 14. Nɔviŋutsu aɖe si tso United States (États-Unis) la gblɔ be: “Esiae nye yame ƒe nɔnɔme si nyra wu kple esi fa wu, si teƒe mekpɔ le takpekpe aɖe me kpɔ, eye nya ʋɛ aɖewo ko mete ŋu se le nuƒoawo me. Gake ale si amewo tso dukɔ vovovowo me va, woƒe vividodoɖeameŋu, kple amedzrowɔwɔ si mebɔ o la katã na be dzi dzɔ mí. Míaŋlɔ takpekpe sia be kpɔ geɖe o!”

Nane si Polandgbedolawo maŋlɔ be o ye nye Insight on the Scriptures (Étude perspicace des Écritures) si woɖe ɖe go le Polandgbe me—esia nye teƒeɖoɖo wɔnuku aɖe na wo, togbɔ be yame ƒe fafa kple tsidzadza nɔ fu ɖem na wo hã. Dzi dzɔ ame sia ame le “Ðeɖekpɔkpɔ Gogo!” Takpekpeawo katã me esime woɖe agbalẽ yeye si nye Live With Jehovah’s Day in Mind (Yehowa Ƒe Ŋkekea Nenɔ Susu Me Na Wò Gbe Sia Gbe) hã ɖe go.

Vavala geɖewo aɖo ŋku takpekpea dzi le susu geɖewo ta. Kristina, si nye nɔvinyɔnu aɖe si tso Czech Republic, si tsɔ eɖokui na hena kpekpeɖeŋu vavala siwo tso duta, siwo ɖo bɔs ɖeka la gblɔ be: “Esi míenɔ hedenyuie dom na mía nɔewo la, nɔvinyɔnu aɖe ɖem ɖe aga, kpla asi kɔ nam, hegblɔ be: ‘Mekpɔe be mielé be nam nyuie ŋutɔ! Mietsɔ nuɖuɖu vae na mí, hena tsi nono gɔ̃ hã mí. Akpe geɖe na mi ɖe miaƒe ɖokuitsɔtsɔna ƒe lɔlɔ̃ si mieɖe fia mí ta.’” Ŋdɔnuɖuɖu siwo wona vavala siwo tso duta la ƒe nya gblɔm wònɔ. Nɔviŋutsu aɖe gblɔ be: “Míexɔ amedzro gbogbo alea kpɔ o. Menye dɔ vi wònye be míana ŋdɔnuɖuɖu ame 6,500 gbe sia gbe o. Ame gbogbo siwo tsɔ wo ɖokui na, hena kpekpeɖeŋu, siwo dome ɖeviwo hã nɔ, la teƒe kpɔkpɔ wɔ dɔ ɖe ame dzi ale gbegbe.”

Nɔvinyɔnu aɖe si tso Ukraine yi takpekpea le Chorzow la gblɔ be: “Lɔlɔ̃, beléle, kple dɔmenyo si mía haxɔsetɔwo ɖe fia la wɔ dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ. Míenya ale si míada akpe wòade edeƒe o.” Eye Annika, si xɔ ƒe enyi, si tso Finland la ŋlɔ ɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Poland be: “Takpekpea vivi helé dzi nam wu ale si mesusui. Enyo ŋutɔ be ame nanɔ Yehowa ƒe habɔbɔa me, elabena ewɔnɛ be xɔlɔ̃wo sua ame si le xexea me godoo!”—Psalmo 133:1.

Nya Siwo Eteƒekpɔlawo Gblɔ

Hafi takpekpeawo nadze egɔme la, wowɔ ɖoɖo be vavala aɖewo naɖi tsa akpɔ dua ƒe teƒeteƒewo. Esi tsaɖilaawo va ɖo Bavaria ƒe nuto aɖe me la, woɖi tsa yi Fiaɖuƒe Akpata aɖewo me eye Ðasefo siwo nɔ afi ma la xɔ wo nyuie. Dadavilɔlɔ̃ si tsaɖilawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe ɖe fia la wɔ dɔ ɖe ame si nɔ wo kplɔm, si menye Ðasefo o la dzi ŋutɔ. Tsaɖilawo dometɔ ɖeka ka nya ta be: “Esi míenɔ bɔs la me trɔ yina míaƒe amedzrodzeƒea la, ame si kplɔ mí ɖi tsa la gblɔ be míeto vovo tso ame bubu siwo yewokplɔna ɖia tsae la gbɔ. Míedo awu ɖe nɔnɔme nyui me, eye ame sia ame wɔ nu aduadu kple ame siwo xɔ ŋgɔ. Ame aɖeke medzu nɔvia o eye masɔmasɔ aɖeke medo mo ɖa o. Ale si ame siwo mekpɔ wo nɔewo kpɔ o va zu xɔlɔ̃ nyuiwo enumake la wɔ nuku nɛ ŋutɔ.”

Nɔviŋutsu aɖe si wɔ dɔ le Nyatakaka Dɔwɔƒe le Prague takpekpea me la gblɔ be: “Kpovitɔ siwo woɖo ɖe takpekpewɔƒea ƒe amegã va mía gbɔ Kwasiɖagbe ŋdi. Ede dzesii be amewo katã le ŋutifafa me eye wògblɔ be dɔ aɖeke mele ye si yeawɔ le afi sia o. Egblɔ hã be ame siwo nɔ nuto si ƒo xlã kamedefefewɔƒea di be yewoanya nu si le edzi yim. Ne egblɔ na wo be Yehowa Ðasefowoe la, zi geɖe la, womekpɔa dzidzɔ o, eye amegã la yia edzi gblɔna na wo be: ‘Ne amewo wɔa nu nyui siwo Yehowa Ðasefowo wɔna ƒe afã la, anye ne mahiã be kpovitɔwo nanɔ xexea me kura gɔ̃ hã o.’”

Ame Geɖewo Kpɔ Ðeɖe Xoxo!

Mawu ƒe Nya, Biblia la, nye ka si bla ame ƒomevi vovovowo ɖekae, si wɔe be Kristotɔwo le ŋutifafa me hewɔ ɖeka. (Romatɔwo 14:19; Efesotɔwo 4:22-24; Filipitɔwo 4:7) “Ðeɖekpɔkpɔ Gogo!” takpekpe tɔxɛawo ɖo kpe esia dzi. Yehowa Ðasefowo ya vo tso kuxi siwo le fu ɖem na amewo le xexea me la dometɔ geɖe me xoxo. Kuxi siwo le fu ɖem na ameƒomea, siwo me wovo tso la dometɔ ʋɛ aɖewoe nye, fuléle, adãnuwɔwɔ, kple vovototo dede ame ƒomeviwo me, eye wole mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me ameƒomea katã avo tso kuxi siawo me.

Ame siwo de takpekpe siawo la kpɔ ɖekawɔwɔ si le Yehowa Ðasefowo, siwo ƒe gbegbɔgblɔ kple dekɔnuwo le vovovo, dome la teƒe ŋutɔŋutɔ. Esia dze ƒãa le takpekpeawo ƒe nuwuwu. Amewo katã nɔ asikpe ƒom, nɔ asi kplam kɔ na xɔlɔ̃ yeyewo, henɔ foto mamlɛawo ɖem. (Korintotɔwo I, 1:10; Petro I, 2:17) Dzi dzɔ vavalawo eye wokpɔ kakaɖedzi be ɖeɖekpɔkpɔ tso kuxiwo kple xaxawo katã me gogo, eye wotrɔ yi ɖe woƒe aƒewo kpakple woƒe hamewo me kple dzo yeye be yewoalé Mawu ƒe “agbenya” la me ɖe asi sesĩe.—Filipitɔwo 2:15, 16.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Wona takpekpewɔƒe ade bubuwo le Poland kple takpekpewɔƒe ɖeka le Slovakia hã kpɔ gome le takpekpea ƒe nuƒo siwo ŋu wowɔ ɖoɖo tɔxɛ ɖo la me to telefonkadodo dzi.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 10]

Gbe Vovovo 26 Dolawo Wɔ Nu Abe Gbe Ðeka Dolawo Ene

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Le takpekpe asiekeawo katã me la, woƒo nuƒoawo le vavalawo de gbe hã me. Le takpekpe siwo wowɔ le Germany me la, woƒo nuƒoawo le gbegbɔgblɔ 18 bubuwo hã me. Le takpekpe siwo wowɔ le Dortmund la, woƒo nuƒoawo le gbe siwo gbɔna me: Arabic, Farsi, Portuguese, Spanish, kple Russian. Le Frankfurt la, gbe siwo me woƒo nuƒoawo lee nye: English, French, kple Serbian/Croatian. Le Hamburg la, gbe siwo me woƒo nuƒoawo lee nye: Danish, Dutch, Swedish, kple Tamil. Le Leipzig la, gbe siwo me woƒo nuƒoawo lee nye: Chinese, Polish, kple Turkish. Eye le Munich la, gbe siwo me woƒo nuƒoawo lee nye: Greek, Italian, kple Germany Tokunɔgbe. Le takpekpe siwo wowɔ le Prague me la, woƒo nuƒoawo katã le Czech, English, kple Russian gbe me. Le Bratislava la, gbe siwo me woƒo nuƒoawo lee nye: English, Hungarian, Slovak, kple Slovakia Tokunɔgbe. Gbe siwo me woƒo nuƒoawo ɖo le Chorzow ye nye: Polish, Russian, Ukrainian, kple Poland Tokunɔgbe. Eye le Poznan la, nuƒoawo nɔ Polish kple Finnish gbe me.

Gbegbɔgblɔawo katã le 26! Takpekpea valawo katã doa gbe vovovo gake lɔlɔ̃ na wowɔ ɖeka vavã.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Vavala siwo tso Croatia hede takpekpea le Frankfurt la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi woxɔ “New World Translation” Biblia la le wo de gbe me