Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àyi Edzi ‘Anɔ Zɔzɔm Le Gbɔgbɔ Mea’?

Àyi Edzi ‘Anɔ Zɔzɔm Le Gbɔgbɔ Mea’?

Àyi Edzi ‘Anɔ Zɔzɔm Le Gbɔgbɔ Mea’?

‘Mizɔ le gbɔgbɔ me, eye miele ŋutilã ƒe nudzodzro dzi wɔ ge o.’—GALATIATƆWO 5:16.

1. Aleke míate ŋu aɖe dzimaɖitsitsi be míewɔ nu vɔ̃ ɖe gbɔgbɔa ŋu dzi akpɔtɔe?

MƆ AÐE li si dzi míate ŋu ato aɖe dzimaɖitsitsi be míewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu la dzi akpɔtɔ. Eyae nye be míawɔ ɖe nya si apostolo Paulo gblɔ be, ‘mizɔ le gbɔgbɔ me, eye miele ŋutilã ƒe nudzodzro dzi wɔ ge o’ la dzi. (Galatiatɔwo 5:16) Ne míenaa Mawu ƒe gbɔgbɔa fiaa mɔ mí la, ŋutilãmenudzodzro masɔmasɔwo makpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o.—Romatɔwo 8:2-10.

2, 3. Ne míeyi edzi le zɔzɔm le gbɔgbɔ me la, aleke wòakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzii?

2 Ne ‘míeyi edzi le zɔzɔm le gbɔgbɔ me’ la, Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ la aʋã mí be míaɖo to Yehowa. Míaɖe mawumenɔnɔmewo afia le míaƒe subɔsubɔdɔa me, le hamea me, le aƒe me, kple teƒe bubuwo siaa. Gbɔgbɔa ƒe kutsetsea adze le ale si míewɔa nu ɖe mía srɔ̃wo, mía viwo, míaƒe haxɔsetɔwo, kple ame bubuwo ŋui me.

3 Agbenɔnɔ ‘le gbɔgbɔ me le Mawu ƒe susu nu’ akpe ɖe mía ŋu be míadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ. (Petro I, 4:1-6) Ne Mawu ƒe gbɔgbɔa kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi la, míawɔ nu vɔ̃ si womatsɔ ake o la gbeɖe o. Gake mɔ nyui bubu kawo nue zɔzɔ le gbɔgbɔ me ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi le?

Yi Edzi Nànɔ Ƒomedodo Me Kple Mawu Kpakple Kristo

4, 5. Aleke zɔzɔ le gbɔgbɔ me kpɔa ŋusẽ ɖe nukpɔsusu si le mía si ku ɖe Yesu ŋu dzii?

4 Esi míezɔna le gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia te ta la, míetea ŋu yia edzi nɔa ƒomedodo kplikplikpli me kple Mawu kpakple Via. Esime Paulo nɔ nu ŋlɔm tso gbɔgbɔa ƒe nunanawo ŋu la, egblɔ na haxɔsetɔ siwo nɔ Korinto la be: “Medi be [mi ame siwo nye trɔ̃subɔlawo tsã] mianyae be, ame aɖeke meƒoa nu toa Mawu ƒe gbɔgbɔ dzi gblɔna be: ‘Yesu nye fiƒodeme!’ o, eye ame aɖeke mate ŋu agblɔ be: ‘Yesue nye Aƒetɔ la!’ o, negbe to gbɔgbɔ kɔkɔe dzi ko.” (Korintotɔwo I, 12:1-3) Gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ si ʋãa amewo be woaƒo fi ade Yesu la tso Satana Abosam gbɔ. Esi míenye Kristotɔ siwo le zɔzɔm le gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia te ta la, míeka ɖe edzi be Yehowa fɔ Yesu tso ame kukuwo dome, eye wòdoe ɖe dzi wu nuwɔwɔ bubuawo katã. (Filipitɔwo 2:5-11) Míexɔ Kristo ƒe tafevɔsaa dzi se, eye míelɔ̃na ɖe edzi be Yesue nye Aƒetɔ si Mawu ɖo ɖe mía nu.

5 Ame aɖewo siwo yɔa wo ɖokui be Kristotɔwo le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, gbe be Yesu meva le ŋutilã me o. (Yohanes II, 7-11) Nukpɔsusu sia dzi xɔxɔ se na be ame aɖewo gbe nu le Yesu, si nye Mesia la, ŋuti nufiafia vavã la gbɔ. (Marko 1:9-11; Yohanes 1:1, 14) Zɔzɔ le gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia te kpɔa mía ta be xɔsegbegbe sia ƒe mɔ meɖea mí o. Ke ŋudzɔnɔnɔ le gbɔgbɔ me koe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be Yehowa ƒe amenuveve naɖe vi na mí, eye míayi edzi anɔ ‘zɔzɔm le nyateƒe la me.’ (Yohanes III, 3, 4) Eya ta mina míaɖoe kplikpa agbe nu le xɔsegbegbe ɖe sia ɖe gbɔ ale be míate ŋu ayi edzi anɔ ƒomedodo nyui me kple mía Fofo si le dziƒo la.

6. Nɔnɔme nyui kawoe Mawu ƒe gbɔgbɔa nana ame siwo zɔna le gbɔgbɔ me la tuna ɖo?

6 Paulo yɔ xɔsegbegbe ƒe trɔ̃subɔsubɔ kple kɔmamawo kpe ɖe “ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo,” siwo nye matrewɔwɔ kple ŋukpenanuwɔwɔ ŋu. Gake eɖe eme be: ‘Amesiwo nye Kristo tɔ la, woklã woƒe ŋutilã kple woƒe nudzodzro wuamenuwo kpakple ŋubiabiãwo ɖe fuwɔameti ŋu. Ne míenɔ agbe le gbɔgbɔ me la, minɛ míazɔ le gbɔgbɔ me hã.’ (Galatiatɔwo 5:19-21, 24, 25) Nɔnɔme nyui kawoe Mawu ƒe dɔwɔŋusẽa nana ame siwo nɔa agbe hezɔna le gbɔgbɔ me la tuna ɖo? Paulo ŋlɔ bena: “Ke gbɔgbɔ la ƒe kutsetsee nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmenyonyo, nyuiwɔwɔ, xɔse, tufafa, ɖokuidziɖuɖu.” (Galatiatɔwo 5:22, 23, NW) Mina míadzro gbɔgbɔ ƒe kutsetsea ƒe akpa vovovo siawo me akpɔ.

‘Mialɔ̃ Mia Nɔewo’

7. Nu kae nye lɔlɔ̃, eye eƒe dzesi aɖewo ɖe?

7 Lɔlɔ̃—si nye gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa aɖe la—nyea nu malɔ̃malɔ̃ le ame gbɔ si nu sẽ kple ɖetsɔtsɔ le eme na amewo ɖokuitɔmadimaditɔe si ŋuti tete ɖe ame nɔewo ŋu kplikplikpli kpena ɖo zi geɖe. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be “Mawu nye lɔlɔ̃,” elabena eya gbɔe nɔnɔme sia dzɔ tso. Lɔlɔ̃ gã si le Mawu kple Via si na ameƒomea dze le Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa me. (Yohanes I, 4:8; Yohanes 3:16; 15:13; Romatɔwo 5:8) Nu si wotsɔ dea dzesi mí Yesu yomedzelawoe nye lɔlɔ̃ si míeɖena fiaa mía nɔewo. (Yohanes 13:34, 35) Le nyateƒe me la, wode se na mí be “míalɔ̃ mía nɔewo.” (Yohanes I, 3:23) Eye Paulo gblɔ be lɔlɔ̃ la gbɔa dzi blewu eye eƒe dɔme nyona. Meʋãa ŋu o, meƒoa adegbe o, mewɔa nu si medze o, eye media ye ŋutɔ tɔ o. Lɔlɔ̃ mebia dzi o eye mebua naneke vɔ̃ o. Edzɔa dzi le nyateƒe ŋuti ke menye le nu madzɔmadzɔ ŋuti o. Lɔlɔ̃ tsɔa nuwo katã kpoo, exɔa nuwo katã dzi sena, ekpɔa mɔ na nuwo katã, edoa dzi le nuwo katã me. Gawu la, enu metsina gbeɖe o.—Korintotɔwo I, 13:4-8.

8. Nu ka tae wòle be míaɖe lɔlɔ̃ afia mía hati Yehowa subɔlawo?

8 Ne míeɖea mɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa kpena ɖe mía ŋu be míatu lɔlɔ̃ ɖo la, nɔnɔme ma adze le mía kple Mawu kpakple mía haviwo dome ƒomedodowo me. (Mateo 22:37-39) Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, etsi ku me. Amesiame, si léa fu nɔvia la, amewula wònye, eye mienya bena, amewula sia amewula mekpɔa agbe mavɔ wònɔa eme o.” (Yohanes I, 3:14, 15) Amewula ate ŋu akpɔ dedienɔƒe le Israel ƒe sitsoƒedu aɖe me ne melé fu ame si wòwu la xoxo o. (Mose V, 19:4, 11-13) Ne gbɔgbɔ kɔkɔea le mía kplɔm la, míaɖe lɔlɔ̃ afia Mawu, hatitadeagulawo, kple ame bubuwo siaa.

“Dzidzɔkpɔkpɔ Ðe Yehowa Ŋu Enye Miaƒe Mɔ̃ Sesẽ”

9, 10. Nu kae nye dzidzɔ, eye susu siwo tae wòle be míanɔ dzidzɔ kpɔm la dometɔ aɖewo ɖe?

9 Dzidzɔ nye dzidzemekpɔkpɔ gã aɖe. Yehowa nye ‘dzidzɔ ƒe Mawu.’ (Timoteo I, 1:11; Psalmo 104:31) Mawu ƒe Vi la kpɔa dzidzɔ ɖe Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu ŋutɔ. (Psalmo 40:9; Hebritɔwo 10:7-9) Eye “dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu enye [míaƒe] mɔ̃ sesẽ.”—Nexemya 8:10.

10 Dzidzɔ si Mawu nana la naa dzidzeme gã aɖe mí ne míewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le ɣeyiɣi sesẽwo, nuxaxa, alo yometitiwo gɔ̃ hã me. Dzidzɔ gã kae nye esi “sidzedze Mawu” hena vanɛ na mí! (Lododowo 2:1-5) Mía kple Mawu dome ƒomedodo si me dzidzɔ le la tsoa sidzedze vavã si su mía si, kple ale si míexɔ Mawu dzi see kpakple Yesu ƒe tafevɔsa dzi xɔxɔ se me. (Yohanes I, 2:1, 2) Nu bubu si ganana míekpɔa dzidzɔe nye be míenye xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ vavã ɖeka kolia me tɔwo. (Zefanya 3:9; Xagai 2:7) Míaƒe Fiaɖuƒe mɔkpɔkpɔa kple mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míeɖea gbeƒã nya nyuia hã nana míekpɔa dzidzɔ. (Mateo 6:9, 10; 24:14) Nenema kee nye agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ si le mía si hã. (Yohanes 17:3) Esi mɔkpɔkpɔ gã siawo le mía si ta la, ɖeko wòle be míakpɔ “dzidzɔ wòatso me.”—Mose V, 16:15.

Nye Ŋutifafame Eye Nàgbɔ Dzi Blewu

11, 12. (a) Aleke nàɖe ŋutifafa gɔmee? (b) Ŋusẽ kae mawumeŋutifafa kpɔna ɖe mía dzi?

11 Ŋutifafa—si nye gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa aɖe la—nye tomefafa kple vovo tso dzimaɖeɖi me ƒe nɔnɔme. Mía Fofo si le dziƒo la nye ŋutifafa ƒe Mawu, eye ena kakaɖedzi mí be: “Yehowa atsɔ ŋutifafa ayra eƒe dukɔ!” (Psalmo 29:11; Korintotɔwo I, 14:33) Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ŋutifafa gblẽm mele ɖi na mi; nye ŋutifafa tsɔm mele na mi.” (Yohanes 14:27) Aleke esia akpe ɖe eyomedzelawo ŋui?

12 Ŋutifafa si Yesu tsɔ na eƒe nusrɔ̃lawo la na dzidzeme kple susumekɔdzeanyi wo, eye wòɖe vɔvɔ̃ ɖa le wo me. Wokpɔ ŋutifafa vevietɔ esime woxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ŋugbe wodo na wo la. (Yohanes 14:26) Nu si dona tso gbɔgbɔa ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi kple míaƒe gbedodoɖawo ŋuɖoɖo mee nye be “Mawu ƒe ŋutifafa” si ɖeke mesɔ kplii o, si naa míaƒe dzi dzea eme eye míaƒe susu hã dzea akɔ anyi la sua mía si. (Filipitɔwo 4:6, 7) Gawu la, Yehowa ƒe gbɔgbɔa kpena ɖe mía ŋu míenɔa anyi kple haxɔsetɔwo kpakple ame bubuwo le tomefafa kple ŋutifafa me.—Romatɔwo 12:18; Tesalonikatɔwo I, 5:13.

13, 14. Nu kae nye dzigbɔgbɔ blewu, eye nu ka tae wòle be míaɖee afia ɖo?

13 Dzigbɔgbɔ blewu do ƒome kple ŋutifafamenyenye, elabena enye dzidodo dzigbɔɖitɔe ahanɔ mɔ kpɔm be nɔnɔmeawo ava ɖɔ ɖo ne wole mía nu ɖiam alo le nu manyomanyo wɔm ɖe mía ŋu. Mawu gbɔa dzi blewu. (Romatɔwo 9:22-24) Yesu hã ɖea nɔnɔme sia fiana. Eƒe nɔnɔme sia ate ŋu aɖe vi na mí, elabena Paulo gblɔ be: “Esia ŋuti wokpɔ nublanui nam, bena Yesu Kristo naɖe eƒe dzigbɔgbɔɖi blewu katã afia le menye gbã, bene wòanye kpɔɖeŋu na amesiwo katã le edzi xɔ ge ase hena agbe mavɔ la.”—Timoteo I, 1:16.

14 Dzigbɔgbɔ blewu kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi ne amewo ƒo nu alo wɔ nu ɖe mía ŋu nuŋumabumabutɔe. Paulo xlɔ̃ nu ehati Kristotɔwo be: “Migbɔ dzi ɖi na amewo katã.” (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Esi mí katã míede blibo o eye míewɔa vodadawo ta la, míadi godoo be amewo nagbɔ dzi ɖi blewu na mí ne míeda vo ɖe wo ŋu. Eya ta mina míaɖoe míaƒe taɖodzinu be ‘míagbɔ dzi ɖi blewu le dzidzɔ me.’—Kolosetɔwo 1:9-12.

Ðe Dɔmenyonyo Kple Nyuiwɔwɔ Fia

15. Ðe dɔmenyonyo gɔme, eye nàgblɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo.

15 Míenyoa dɔme na amewo ne míeɖe ɖetsɔleme fia wo to nuƒoƒo na wo kple nuwɔwɔ ɖe wo ŋu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe hena wo tutu ɖo me. Yehowa nyoa dɔme, eye nenema kee Via hã wɔnɛ. (Romatɔwo 2:4; Korintotɔwo II, 10:1) Wobia tso Mawu kple Kristo ƒe subɔlawo si be woanye dɔmenyotɔwo. (Mixa 6:8; Kolosetɔwo 3:12) Ame siwo mele ƒomedodo aɖeke me kple Mawu o gɔ̃ hã ɖe ‘dɔmenyonyo’ gã aɖe fia. (Dɔwɔwɔwo 27:3; 28:2) Eya ta kakaɖedzitɔe la, míate ŋu aɖe dɔmenyonyo afia ne míeyi edzi le ‘zɔzɔm le gbɔgbɔ la me.’

16. Nɔnɔme siwo me wòle be míaɖe dɔmenyonyo afia le la dometɔ aɖewo ɖe?

16 Míate ŋu aɖe dɔmenyonyo afia nenye be mía tɔ dzɔ be míado dziku le esi ame aɖe gblɔ nya veame alo wɔ nu manyomanyo aɖe ɖe mía ŋu ta gɔ̃ hã. Paulo gblɔ be: “Mibi dzi, eye migawɔ nuvɔ̃ o; ɣe la nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi o; eye migana mɔ Abosam hã o! . . . Mikɔ dɔme ɖe mia nɔewo ŋu, eye miaƒe dɔme natrɔ ɖe mia nɔewo ŋu, eye mitsɔ ke mia nɔewo, abe alesi Mawu tsɔ ke mi le Kristo me la ene.” (Efesotɔwo 4:26, 27, 32) Ele vevie ŋutɔ be míaɖe dɔmenyonyo afia ame siwo le dodokpɔ sesẽwo me tom. Le nyateƒe me la, manye dɔmenyonyo ɖeɖe fia ne Kristotɔ hamemetsitsi aɖe do kpo Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋuɖoɖo nana nɔvi aɖe, si ƒe nuwɔna ɖee fia kɔte be ele “dɔmenyonyo kple dzɔdzɔenyenye kple nyateƒe katã” ƒe mɔa gblẽ ge ɖi, le esi medi be yeana wòase veve o ta o.—Efesotɔwo 5:9.

17, 18. Aleke woɖe nyuiwɔwɔ gɔmee, eye akpa kae wòle be nɔnɔme sia nawɔ le míaƒe agbe me?

17 Nyuiwɔwɔ nye nu dzeame wɔwɔ, agbe nyui nɔnɔ si de ŋgɔ, alo ame nyui nyenye. Mawu nyo le goawo katã me. (Psalmo 25:8; Zaxarya 9:17) Yesu nye nu dzeame wɔla eye enye ame si nɔa agbe nyui si de ŋgɔ ŋutɔ. Ke hã, melɔ̃ be woazã dzesideŋkɔ si nye ‘Nyui’ na ye esi woyɔe be ‘Nufiala Nyui’ o. (Marko 10:17, 18) Ele alea, elabena ede dzesii be Mawu koe nye nyuiwɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu gãtɔ kekeake.

18 Nu vɔ̃ si ƒe dome míenyi lae xea mɔ na nyuiwɔwɔ ƒe ŋutete si le mía si la ɖeɖe fia. (Romatɔwo 5:12) Ke hã, míate ŋu aɖe nɔnɔme sia afia ne míedoa gbe ɖa na Mawu be ‘wòafia nyuiwɔwɔ mí.’ (Psalmo 119:66) Paulo gblɔ na eƒe haxɔsetɔ siwo nɔ Roma be: “Nɔvinyewo, nye ŋutɔ meɖo ŋu ɖe mia ŋu keŋ bena, mienye amesiwo dɔmenyonyo yɔ fũ, eye sidzedze yɔ mi taŋtaŋ, bene miate ŋu axlɔ̃ nu mia nɔewo hã.” (Romatɔwo 15:14) Ele be Kristotɔ dzikpɔla nanye “nunyuilɔ̃la.” (Tito 1:7, 8) Ne Mawu ƒe gbɔgbɔa kplɔa mí la, amewo anya míaƒe nyuiwɔwɔ, eye Yehowa ‘aɖo ŋku mía dzi le nyui si míewɔna la ta.’—Nexemya 5:19; 13:31.

“Xɔse, Si Me Alakpa Aɖeke Mele O”

19. Ðe xɔse gɔme, le ɖekawɔwɔ me kple Hebritɔwo 11:1.

19 Xɔse—si hã nye gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa aɖe la—‘nye dziɖoɖo ɖe nu siwo wokpɔ mɔ na ŋu kple kaka ɖe nu siwo womekpɔna o la dzi.’ (Hebritɔwo 11:1) Ne xɔse le mía si la, míaka ɖe nu sia nu si ŋugbe Yehowa do la dzi abe ɖe wova eme xoxo ene. Kakaɖedzi le nu ŋutɔŋutɔ siwo womekpɔna o ŋu ale gbegbe be wogblɔ be xɔse sɔ kple kaka ɖe nu siwo womekpɔna o la dzi. Le kpɔɖeŋu me, nuwɔwɔwo ƒe anyinɔnɔ na míeka ɖe edzi be Wɔla aɖe li. Xɔse sia tɔgbie míaɖe afia ne míeyi edzi le zɔzɔm le gbɔgbɔ me.

20. Nu kae nye ‘nu vɔ̃, si ɖea to ɖe mí’ bɔbɔe la, eye aleke míaƒo asa na nu vɔ̃ ma kple ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo siaa?

20 Xɔse manɔamesie nye ‘nu vɔ̃, si ɖea to ɖe mí’ bɔbɔe la. (Hebritɔwo 12:1) Ele be míaɖo ŋu ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ŋu bene míaƒo asa na ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo, ŋutilãmenudidi vivivo, kple aʋatsonufiafia siwo gblẽa xɔse dome la. (Kolosetɔwo 2:8; Timoteo I, 6:9, 10; Timoteo II, 4:3-5) Mawu ƒe gbɔgbɔa naa xɔse si nɔ ɖasefo siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo kple ame bubu siwo ŋu nya woŋlɔ ɖe Biblia me si la tɔgbi sua Yehowa subɔla siwo li egbea si. (Hebritɔwo 11:2-40) Eye míaƒe “xɔse, si me alakpa aɖeke mele o” ado ŋusẽ ame bubuwo ƒe xɔse.—Timoteo I, 1:5; Hebritɔwo 13:7.

Ðe Tufafa Kple Ðokuidziɖuɖu Fia

21, 22. Aleke woɖe tufafa gɔmee, eye nu ka tae wòle be míaɖee afia ɖo?

21 Tufafa nye nuwɔwɔ dɔmefafatɔe le nuwɔna kple agbenɔnɔ me. Mawu ƒe nɔnɔme ɖekae nye tufafa. Míenya esia, elabena Yesu, ame si ƒe dɔme fa la, ɖe Yehowa ƒe amenyenye fia bliboe. (Mateo 11:28-30; Yohanes 1:18; 5:19) Ke nu kae wobia tso mí ame siwo nye Mawu subɔlawo si?

22 Wobia tso mí Kristotɔwo si be ‘míaɖe dɔmefafa afia amewo katã.’ (Tito 3:2) Míeɖea tufafa fiana le míaƒe subɔsubɔdɔa me. Woɖo aɖaŋu na ame siwo nye gbɔgbɔmemewo be woaɖɔ Kristotɔ aɖe si da vo la ɖo le “dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ la me.” (Galatiatɔwo 6:1) Mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu ana be ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa nanɔ Kristotɔwo dome to “tamebɔbɔɖeanyi kple dɔmefafa” ɖeɖe fia me. (Efesotɔwo 4:1-3) Míate ŋu aɖe dɔmefafa afia ne míeyi edzi le zɔzɔm le gbɔgbɔ me, eye míeɖea ɖokuidziɖuɖu fiana.

23, 24. Nu kae nye ɖokuidziɖuɖu, eye aleke wòkpena ɖe mía ŋui?

23 Ðokuidziɖuɖu kpena ɖe mía ŋu míekpɔa míaƒe tamesusu, nuƒoƒo, kple míaƒe nuwɔnawo dzi nyuie. Yehowa yi edzi ‘ɖu eɖokui dzi’ le nuwɔwɔ kple Babilontɔ siwo va tsrɔ̃ Yerusalem la me. (Yesaya 42:14) Via ‘gblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mí’ to ɖokuidziɖuɖu ɖeɖe fia le eƒe fukpekpewo me me. Eye apostolo Petro ɖo aɖaŋu na ehati Kristotɔwo be ‘woatsɔ ɖokuidziɖuɖu akpe ɖe woƒe sidzedze ŋu.’—Petro I, 2:21-23; Petro II, 1:5-8.

24 Wobia tso Kristotɔ hamemetsitsiwo si be woanye ɖokuidziɖulawo. (Tito 1:7, 8) Le nyateƒe me la, ame siwo katã gbɔgbɔ kɔkɔea kplɔna la ate ŋu aɖe ɖokuidziɖuɖu afia, eye woate ŋu ato esia dzi aƒo asa na agbe gbegblẽ nɔnɔ, nya ƒaƒãwo gbɔgblɔ, alo nu siwo ana be Yehowa magakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu o la wɔwɔ. Ne míeɖea mɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa kpena ɖe mía ŋu míetua ɖokuidziɖuɖu ɖo la, edzena amewo kpɔna, le esi míeƒoa nu henɔa agbe le mawuvɔvɔ̃ me ta.

Yi Edzi Nànɔ Zɔzɔm Le Gbɔgbɔ Me

25, 26. Aleke zɔzɔ le gbɔgbɔ me akpɔ ŋusẽ ɖe ƒomedodo si le mía kple amewo dome fifia kpakple míaƒe etsɔme mɔkpɔkpɔ dzii?

25 Ne míezɔna le gbɔgbɔ me la, míanye Fiaɖuƒegbeƒãɖela veviedonulawo. (Dɔwɔwɔwo 18:24-26) Míanye zɔhɛ nyuiwo, eye vevietɔ mawuvɔ̃lawo akpɔ dzidzɔ ɖe hadede kpli mí ŋu. Esi míenye ame siwo gbɔgbɔ kɔkɔea fiaa mɔe ta la, míate ŋu anye gbɔgbɔmedzideƒotsoƒe na hati Yehowa subɔlawo. (Filipitɔwo 2:1-4) Menye alea mí Kristotɔwo katã míedina be míanɔ oa?

26 Mele bɔbɔe be woazɔ le gbɔgbɔ me le xexe sia si le Satana ƒe ŋusẽ te la me o. (Yohanes I, 5:19) Ke hã, ame miliɔn geɖe le esia wɔm egbea. Ne míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu tso míaƒe dzi blibo me la, míakpɔ dzidzɔ le agbe me fifia, eye míate ŋu ayi edzi anɔ zɔzɔm le gbɔgbɔ kɔkɔe Nala lɔ̃ame la ƒe mɔ dzɔdzɔewo dzi tegbee.—Psalmo 128:1; Lododowo 3:5, 6.

Ŋuɖoɖo Kae Nàna?

• Aleke ‘zɔzɔ le gbɔgbɔ me’ kpɔa ŋusẽ ɖe mía kple Mawu kpakple Via dome ƒomedodoa dzii?

• Nɔnɔme kawoe ƒo ƒu nye gbɔgbɔa ƒe kutsetsea?

• Mɔ siwo nu míaɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea afia le la dometɔ aɖewo ɖe?

• Aleke zɔzɔ le gbɔgbɔ me kpɔa ŋusẽ ɖe ƒomedodo si le mía kple amewo dome fifia kple míaƒe etsɔme mɔkpɔkpɔ dzii?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nana míetua lɔlɔ̃ ɖo na míaƒe haxɔsetɔwo

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Ðe dɔmenyonyo fia amewo to wò nuƒoƒo kple nuwɔna tuameɖowo me