Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Ðasefo Nyateƒetɔ Si Le Dziŋgɔli Me’

‘Ðasefo Nyateƒetɔ Si Le Dziŋgɔli Me’

‘Ðasefo Nyateƒetɔ Si Le Dziŋgɔli Me’

HAKPANYAŊLƆLAWO kple hakpalawo ƒo nu tso ɣletia ŋu ɣeyiɣi didi aɖee nye esia be enya kpɔ ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, hadzidzi aɖe si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me ƒo nu tso nyɔnu aɖe ŋu be ‘enyo abe ɣleti ene.’ (Hawo ƒe Ha 6:10) Eye hakpala aɖe yɔ ɣletia le hakpanya me be ‘ɖasefo nyateƒetɔ si le dziŋgɔli me.’ (Psalmo 89:38) Gɔmesese tɔxɛ kae le nyagbɔgblɔ sia si wozã ku ɖe ɣletia ŋu la ŋu?

Ɣletia ƒoa xlã anyigba bliboa ŋkeke 27 kple gaƒoƒo adre ɖe sia ɖe, eye medana le edzi o. Eya ta ɣletia ƒe nyateƒetɔnyenye ate ŋu afia ale si kakaɖedzi le eŋui. Ke hã, gɔmesese si de to wu emae anya nɔ susu me na hakpala la. Eyɔ ɣletia be ‘ɖasefo nyateƒetɔ’ le nyagblɔɖi ƒe hadzidzi si ku ɖe Fiaɖuƒe si Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa abia ŋu me.—Mateo 6:9, 10.

Ƒe 3,000 kple edzivɔwoe nye esi va yi la, Yehowa Mawu wɔ Fiaɖuƒe ƒe nubabla aɖe kple blema Israel Fia Dawid. (Samuel II, 7:12-16) Taɖodzinu si nɔ nubabla sia ŋue nye be wòaʋu mɔ na Yesu Kristo, si nye Dawid ƒe domenyila, be wòaxɔ fiazikpuia tegbee le se nu. (Yesaya 9:6; Luka 1:32, 33) Esi hakpalaa nɔ nu ƒom tso Dawid ƒe ‘dzidzimevi’ sia ƒe fiazikpuia ŋu la, edzi ha be: “Ali ke abe ɣleti ene tegbee. Ðasefo, si le dziŋgɔli me la, enye nyateƒetɔ.”—Psalmo 89:37, 38.

‘Nu keklẽ si ɖua zã dzi’—si nye ɣletia—nye ŋkuɖodzinu si sɔ si fia be Kristo ƒe dziɖuɖua anɔ anyi tegbee. (Mose I, 1:16) Daniel 7:14 gblɔ ku ɖe eƒe Fiaɖuƒea ŋu be: “Eƒe dziɖuɖu li tegbee, eye enu mayi o, eye eƒe fiaɖuƒe magbã o.” Ɣletia nye ɖasefo si ɖoa ŋku Fiaɖuƒe ma kple yayra siwo wòahe avɛ na ameƒomea dzi na mí.

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

Ɣletia: NASA photo