Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nèwɔ Nu Vɔ̃ Ðe Gbɔgbɔ Kɔkɔea Ŋua?

Ðe Nèwɔ Nu Vɔ̃ Ðe Gbɔgbɔ Kɔkɔea Ŋua?

Ðe Nèwɔ Nu Vɔ̃ Ðe Gbɔgbɔ Kɔkɔea Ŋua?

‘Nu vɔ̃ aɖe li, si ahe ame ayi ku me.’—YOHANES I, 5:16.

1, 2. Aleke míewɔ nya be woate ŋu awɔ nu vɔ̃ ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu?

“MEBUNƐ ɣesiaɣi be mewɔ nu vɔ̃ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu, eye esia ɖea fu nam vevie.” Nya siae nyɔnu aɖe si le Germany la ŋlɔ, togbɔ be enɔ Mawu subɔm hã. Ðe Kristotɔ ate ŋu awɔ nu vɔ̃ ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, alo eƒe dɔwɔŋusẽ la, ŋu nyateƒea?

2 Ɛ̃, woate ŋu awɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu. Yesu Kristo gblɔ be: “Woatsɔ nuvɔ̃ sia nuvɔ̃ kple busunya sia busunya ake amewo; ke busunya ɖe Gbɔgbɔ la ŋuti la, womatsɔe ake o.” (Mateo 12:31) Woxlɔ̃ nu mí be: “Ne míexɔ nyateƒe ƒe sidzedze la, hafi bua wɔ nuvɔ̃ la, vɔsasa ɖe nuvɔ̃wo ta megali o, ke boŋ vɔvɔ̃mɔkpɔkpɔ na ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzo ƒe ŋuʋaʋã, si afiã adikãtɔwo ɖa keŋ la, koe li.” (Hebritɔwo 10:26, 27) Apostolo Yohanes hã ŋlɔ bena: ‘Nu vɔ̃ aɖe li, si ahe ame ayi ku me.’ (Yohanes I, 5:16) Gake ame si wɔ nu vɔ̃ gã aɖe la ŋutɔe atso nya me be yewɔ ‘nu vɔ̃ si ahe ame ayi ku mea’?

Dzimetɔtrɔ Nana Wokpɔa Tsɔtsɔke

3. Ne míele nu xam vevie le nu vɔ̃ aɖe si míewɔ ta la, le nyateƒe me la, nu kae esia ate ŋu fia?

3 Yehowae nye Ʋɔnudrɔ̃lagã si awɔ nyametsotso mamlɛtɔ ku ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ŋu. Le nyateƒe me la, ele be mí katã míabu akɔnta nɛ, eye ewɔa nu dzɔdzɔe ɣesiaɣi. (Mose I, 18:25; Romatɔwo 14:12) Yehowae atso nya me nenye be míewɔ nu vɔ̃ si womate ŋu atsɔ ake o, eye ate ŋu aɖe eƒe gbɔgbɔa ɖa le mía dzi. (Psalmo 51:13) Gake ne míele nu xam vevie le nu vɔ̃ aɖe si míewɔ ta la, esia anya fia be míetrɔ dzi me vavã. Ekema, nu kae nye dzimetɔtrɔ vavã?

4. (a) Aleke nàɖe dzimetɔtrɔ gɔmee? (b) Nya fakɔname kawoe le Psalmo 103:10-14 me?

4 Be míatrɔ dzi me fia be míatrɔ ɖa tso nu vɔ̃ aɖe si míewɔ tsã alo esi míeɖo wɔ la gbɔ. Efia be míaxa nu alo ase veve ɖe nu vɔ̃ siwo míewɔ ta ahate ɖa le wo ŋu. Ne míewɔ nu vɔ̃ gã aɖe, eye míeɖe afɔ siwo hiã tsɔ ɖee fia be míetrɔ dzi me vavã la, hakpalaa ƒe nya siawo ate ŋu afa akɔ na mí be: “[Yehowa] mewɔna na mí ɖe míaƒe nuvɔ̃wo nu o, eye meɖoa eteƒe na mí ɖe míaƒe vodadawo nu o. Elabena alesi dziƒo kɔ tso anyigba gbɔe la, nenema eƒe amenuveve nu sẽ ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la dzii. Alesi ɣedzeƒe didi tso ɣetoɖoƒe gbɔe la, nenema wòte mía dzidadawo ɖa boo tso mía gbɔe. Alesi fofo ƒe dɔme trɔna ɖe viawo ŋui la, nenema Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋui. Elabena enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.”—Psalmo 103:10-14.

5, 6. Gblɔ nya vevi siwo le Yohanes I, 3:19-22 me, eye nàɖe nu si apostoloa ƒe nyawo fia me.

5 Apostolo Yohanes ƒe nya siawo hã faa akɔ na ame ŋutɔ: “Eye esia me míadze sii le bena, míetso nyateƒe la me, eye míana kakaɖedzi míaƒe dziwo le eƒe ŋku me; elabena ne míaƒe dzi bu fɔ mí hã la, Mawu enye gã wu míaƒe dzi, eye wònya nuwo katã. Lɔlɔ̃tɔwo, ne míaƒe dzi mebu fɔ mí o la, ekema dzideƒo le mía si le Mawu ƒe ŋku me, eye nusianu, si míebiae la, míaxɔe atso esi me; elabena míeléa eƒe seawo me ɖe asi, eye míewɔa nusiwo dzea eŋu.”—Yohanes I, 3:19-22.

6 Míenyae be “míetso nyateƒe la me,” esi míeɖea nɔvilɔlɔ̃ fiana eye míetsɔa nu vɔ̃ wɔwɔ ɖoa dɔe o ta. (Psalmo 119:11) Ne míaƒe dzi bua fɔ mí le susu aɖewo ta la, anyo be míaɖo ŋkui be “Mawu enye gã wu míaƒe dzi, eye wònya nuwo katã.” Yehowa kpɔa nublanui na mí, elabena enya nu tso míaƒe “nɔvilɔlɔ̃, si me alakpa mele o,” míaƒe avuwɔwɔ kple nu vɔ̃, kpakple míaƒe agbagbadzedze be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu ŋu. (Petro I, 1:22) Ne míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu, ɖea nɔvilɔlɔ̃ fiana, eye míeɖonɛ koŋ nɔa nu vɔ̃ wɔm o la, míaƒe ‘dzi mabu fɔ mí o.’ ‘Ekema dzideƒo anɔ mía si le Mawu ƒe ŋkume’ le gbedodoɖa me, eye aɖo to mí, elabena míewɔa eƒe sededewo dzi.

Wowɔ Nu Vɔ̃ Ðe Gbɔgbɔ La Ŋu

7. Nu kae ɖenɛ fiana be nu vɔ̃ aɖe nye esi woatsɔ ake loo alo esi womatsɔ ake o?

7 Nu vɔ̃ kawoe wometsɔ kena o? Be míaɖo nyabiase sia ŋu la, mina míadzro Biblia me kpɔɖeŋu aɖewo me kpɔ. Ele be nya siawo nafa akɔ na mí ne míeɖe dzimetɔtrɔ fia gake gakpɔtɔ le nu xam vevie le nu vɔ̃ gã siwo míewɔ la ta. Míava kpɔe be menye nu vɔ̃ si ƒomevi ame wɔ ƒe nyae o, ke boŋ nu si ʋãe wòwɔe, eƒe dzi ƒe nɔnɔme, kple ale si gbegbe wòɖoe koŋ wɔe ye ɖenɛ fiana be enye nu vɔ̃ si woatsɔ ake loo alo esi womatsɔ ake o.

8. Aleke ƒe alafa gbãtɔ me Yuda subɔsubɔhakplɔla aɖewo wɔ nu vɔ̃ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋui?

8 Ƒe alafa gbãtɔ me Yuda subɔsubɔhakplɔla siwo tsi tsitre ɖe Yesu Kristo ŋu vɔ̃ɖitɔe la, nɔ nu vɔ̃ wɔm ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu. Wokpɔe be Mawu ƒe gbɔgbɔ nɔ dɔ wɔm le Yesu dzi, esi wònɔ nukunu siwo de bubu Yehowa ŋu wɔm. Gake Kristo ƒe futɔ siawo gblɔ be Satana Abosam ƒe ŋusẽ zãmee wònɔ. Le Yesu ƒe nya nu la, ame siawo siwo gblɔ busunya ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu la nɔ nu vɔ̃, si womatsɔ ake “le xexe sia alo esi lava va la me o” la wɔm.—Mateo 12:22-32.

9. Nu kae nye busunyagbɔgblɔ, eye nya kae Yesu gblɔ tso eŋu?

9 Busunyagbɔgblɔ nye ameŋugbegblẽ, nya veamewo, kple dzugbewo zazã. Esi wònye be Mawue nye gbɔgbɔ kɔkɔea Tsoƒe ta la, nya tovowo gbɔgblɔ ɖe eƒe gbɔgbɔa ŋu sɔ kple egbɔgblɔ ɖe Yehowa ŋutɔ ŋu. Womatsɔ ake ame siwo gblɔa nya siawo tɔgbi dzimematrɔmatrɔe o. Nu si dzɔ hafi Yesu ƒo nu tso nu vɔ̃ sia ŋu la ɖee fia be ame siwo ɖoe koŋ tsi tsitre ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe dɔwɔwɔ ŋu ŋuti nya gblɔmee wònɔ. Esi Farisitɔwo kpɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔa wònɔ dɔ wɔm le Yesu dzi gake gblɔ be Abosam ƒe ŋusẽ zãmee wònɔ ta la, wowɔ nu vɔ̃ hegblɔ busunya ɖe gbɔgbɔa ŋu. Eya ŋuti Yesu gblɔ be: “Amesi agblɔ busunya ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋu la, makpɔ tsɔtsɔke vaseɖe mavɔmavɔ me o; ke boŋ enyi nuvɔ̃ mavɔmavɔ ƒe fe.”—Marko 3:20-29.

10. Nu ka tae Yesu yɔ Yuda be “tsɔtsrɔ̃vi la”?

10 Bu Yuda Iskariot ƒe ŋutinyaa hã ŋu kpɔ. Eyi edzi nɔ nu wɔm anukwaremaɖimaɖitɔe, eye wònɔ ga fim le nudzɔɖaka si wotsɔ de esi la me. (Yohanes 12:5, 6) Emegbe Yuda yi ɖe Yuda dziɖulawo gbɔ, eye wòwɔ ɖoɖo kpli wo be yeade Yesu asi na wo ahaxɔ klosalo 30. Nyateƒee, Yuda va se veve vevie le Yesu dede asi vɔ megbe, gake metrɔ dzi me le eƒe nuɖowɔe la me gbeɖe o. Eya ta Yuda medze na tsitretsitsi o. Esia tae Yesu yɔe be “tsɔtsrɔ̃vi la” ɖo.—Yohanes 17:12; Mateo 26:14-16.

Womewɔ Nu Vɔ̃ Ðe Gbɔgbɔa Ŋu O

11-13. Aleke Fia Dawid wɔ nu vɔ̃ le Bat-Seba ƒe nyaa mee, eye akɔfanamenya kae míate ŋu akpɔ tso ale si Mawu wɔ nu ɖe wo ŋui me?

11 Ɣeaɖewoɣi la, Kristotɔ siwo ʋu woƒe nu vɔ̃ gã siwo wowɔ me eye woxɔ gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu tso hamemetsitsiwo gbɔ la, agate ŋu ayi edzi anɔ nu xam ɖe ale si woda Mawu ƒe sewo dzi va yi la ta. (Yakobo 5:14) Ne seselelãme sia tɔgbi le fu ɖem na mí la, ɖikeke mele eme o be nu siwo Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso ame siwo ƒe nu vɔ̃wo wotsɔ ke ŋu la me dzodzro aɖe vi na mí.

12 Fia Dawid wɔ nu vɔ̃ gã aɖe le Bat-Seba, Uriya srɔ̃, ƒe nya la me. Esi Dawid nɔ eƒe xɔ ta kpɔ nyɔnu dzetugbe sia wònɔ tsi lem le aƒe si te ɖe eŋu me la, ena wokplɔ nyɔnua va eƒe fiasa me, eye wòde asi eŋu. Esi fia la va see emegbe be nyɔnua fɔ fu la, eɖo tame be yeana nyɔnua srɔ̃, Uriya, nadɔ egbɔ bene yeatsyɔ nu yeƒe ahasiwɔwɔa dzi. Esi tameɖoɖo ma medze edzi o la, fia la wɔ ɖoɖo wowu Uriya le aʋa me. Esia megbe la, Dawid ɖe Bat-Seba, eye wòdzi vi nɛ, emegbe ɖevia ku.—Samuel II, 11:1-27.

13 Yehowa kpɔ Dawid kple Bat-Seba ƒe nyaa gbɔ. Mawu tsɔ Dawid ƒe nu vɔ̃wo kee, eye edze ƒã be le eƒe dzimetɔtrɔ kple Fiaɖuƒe ƒe nubabla si Wòwɔ kplii la tae. (Samuel II, 7:11-16; 12:7-14) Edze ƒã be Bat-Seba ɖe dzimetɔtrɔ fia, elabena mɔnukpɔkpɔ su esi wòdzi Fia Salomo hezu Yesu Kristo mama. (Mateo 1:1, 6, 16) Ne míewɔ nu vɔ̃ la, anyo be míaɖo ŋkui be Yehowa kpɔa míaƒe dzimetɔtrɔ dzea sii.

14. Aleke ale si gbegbe Mawu tsɔ kenɛ la dze le Fia Manase ƒe ŋutinyaa mee?

14 Ale si gbegbe Yehowa tsɔ kenɛ dze le Yuda Fia Manase ƒe ŋutinya me. Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. Manase ɖi vɔsamlekpuiwo na Baal, “eye wòde ta agu na dziƒonuwo katã;” eɖi vɔsamlekpuiwo na alakpamawuwo le gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu eveawo gɔ̃ hã. Ena viawo to dzo me, edo gbɔgbɔyɔyɔ ɖe ŋgɔ, eye wòna Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo ‘wɔ nu vɔ̃ɖi wu dukɔ, siwo Yehowa tsrɔ̃ ɖa le Israel viwo ŋgɔ.’ Womeɖo to nuxlɔ̃ame siwo Mawu ƒe nyagblɔɖilawo na wo la o. Mlɔeba la, Asiria fia kplɔ Manase yi aboyo mee. Esime Manase nɔ aboyo me la, etrɔ dzi me eye wòyi edzi do gbe ɖa na Mawu ɖokuibɔbɔtɔe. Mawu tsɔ eƒe nu vɔ̃wo kee, eye wògbugbɔ ɖoe zi dzi le Yerusalem, emegbe la, Manase do tadedeagu vavã ɖe ŋgɔ.—Kronika II, 33:2-17.

15. Nu kae dzɔ le apostolo Petro ƒe agbe me si ɖee fia be Yehowa tsɔ kena “geɖe”?

15 Ƒe alafa aɖewo megbe la, apostolo Petro wɔ nu vɔ̃ gã aɖe esi wògbe nu le Yesu gbɔ. (Marko 14:30, 66-72) Ke hã, Yehowa tsɔ ke Petro “geɖe.” (Yesaya 55:7) Nu ka tae? Elabena Petro ɖe dzimetɔtrɔ vavã fia. (Luka 22:62) Mawu ƒe tsɔtsɔkea dze ƒã le ŋkeke 50 megbe, esi mɔnukpɔkpɔ su Petro si wòɖi ɖase dzinɔameƒotɔe le Yesu ŋu le Pentekoste ŋkekea dzi. (Dɔwɔwɔwo 2:14-36) Ðe susu aɖe li si ta míagblɔ be Mawu matsɔ Kristotɔ siwo ɖe dzimetɔtrɔ vavã fia egbea ƒe nu vɔ̃wo ake wo nenema oa? Hakpalaa dzi ha be: “Yehowa, ne èbe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ameka anɔ te ma? Elabena gbɔwò tsɔtsɔke le, ne woavɔ̃ wò.”—Psalmo 130:3, 4.

Vɔvɔ̃ Be Míewɔ Nu Vɔ̃ Dzi Ðeɖe Kpɔtɔ

16. Nɔnɔme kawo mee Mawu tsɔ kena le?

16 Ele be kpɔɖeŋu siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi nakpe ɖe mía ŋu míaɖe dzimaɖitsitsi be míewɔ nu vɔ̃ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu la dzi akpɔtɔ. Woɖee fia be Yehowa tsɔ kea nu vɔ̃ wɔla trɔdzimewo. Nu vevitɔ si hiãe nye be woado gbe ɖa na Mawu vevie. Ne míewɔ nu vɔ̃ la, míate ŋu anɔ te ɖe Yesu ƒe tafevɔsaa, Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ, blibomademade si ƒe dome míenyi, kple míaƒe subɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe dzi abia tsɔtsɔke. Esi míenyae be Yehowa nye amenuvela ta la, míate ŋu abia tsɔtsɔke ahaka ɖe edzi be aɖo to mí.—Efesotɔwo 1:7.

17. Nu kae wòle be míawɔ ne míewɔ nu vɔ̃ eye míehiã gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu?

17 Ke ne míewɔ nu vɔ̃, gake míete ŋu le gbe dom ɖa o le esi nu vɔ̃a na be míedze dɔ le gbɔgbɔ me ya ɖe? Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ tso esia ŋu be: “[Ame ma] neyɔ hamemegãwo vɛ, ne woado gbe ɖa ɖe eta, eye woasi ami nɛ le Aƒetɔ ƒe ŋkɔa me. Eye xɔse ƒe gbedodoɖa la axɔ dɔléla ma ɖe agbe, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre, eye ne ewɔ nuvɔ̃wo la, woatsɔ wo akee.”—Yakobo 5:14, 15.

18. Nu ka tae ne nu vɔ̃ wɔla aɖe metrɔ dzi me o eye wòɖee le hamea me gɔ̃ hã la, mefia kokoko be womate ŋu atsɔ eƒe nu vɔ̃a akee o?

18 Ne nu vɔ̃ wɔla aɖe metrɔ dzi me o, eye wòɖee le hamea me gɔ̃ hã la, mefia kokoko be womate ŋu atsɔ eƒe nu vɔ̃a akee o. Paulo ŋlɔ ku ɖe nu vɔ̃ wɔla amesiamina aɖe si woɖe le hamea me le Korinto ŋu be: “Nenem me sia la tohehe, si mia dome ame geɖeawo mienae la, sɔ gbɔ nɛ; eyata azɔ la mitsɔe kee, eye mifa akɔ nɛ ɖe eteƒe boŋ, bene nuxaxa geɖe akpa la nagami nenem me sia o.” (Korintotɔwo II, 2:6-8; Korintotɔwo I, 5:1-5) Gake be woagaɖo vodalawo te le gbɔgbɔ me ake la, ehiã be woalɔ̃ axɔ gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu siwo wotu ɖe Biblia dzi si Kristotɔ hamemetsitsiwo nana la, eye woaɖe dzimetɔtrɔ vavã afia. Ele be ‘woatse ku, siwo dze dzimetɔtrɔ.’—Luka 3:8.

19. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi ‘anɔ blibo le xɔse me’?

19 Nu ka gbɔe wòate ŋu atso be míanɔ sesem le mía ɖokui me be míewɔ nu vɔ̃ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu? Ate ŋu atso ame ɖokui ƒoƒo ɖe dɔwɔwɔ me fũu alo ŋutilã me gbɔdzɔgbɔdzɔwo hã gbɔ. Le go siawo me la, gbedodoɖa kple ɖiɖiɖeme nyuie ate ŋu aɖe vi. Vevietɔ la, mele be míaɖe mɔ Satana nana dzi naɖe le mía ƒo, ale be míadzudzɔ Mawu subɔsubɔ o. Esi ame vɔ̃ɖi ƒe ku mevivia Yehowa nu o ta la, kakaɖedzi le eŋu be mekpɔa dzidzɔ ɖe esubɔla aɖeke ƒe ku ŋu o. Ke ne míele vɔvɔ̃m be míewɔ nu vɔ̃ ɖe gbɔgbɔa ŋu la, ele be míayi edzi atsɔ Mawu ƒe Nya la, si ƒe akpa aɖee nye nya fakɔname siwo le Psalmowo me, anɔ mía ɖokui nyimee. Ele be míayi edzi anɔ hamea ƒe kpekpewo dem ahanɔ gome kpɔm le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me. Esia wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu ‘míanɔ blibo le xɔse’ me, eye míavo tso dzimaɖitsitsi be míewɔ nu vɔ̃ siwo womatsɔ ake o la me.—Tito 2:2.

20. Nyabiase kawoe ate ŋu akpe ɖe ame ŋu be wòakpɔe be yemewɔ nu vɔ̃ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu o?

20 Ame sia ame si vɔ̃na be yewɔ nu vɔ̃ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu la, ate ŋu abia eɖokui se be: ‘Ðe megblɔ busunya ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋua? Esi metrɔ dzi me tso nye nu vɔ̃a me la, ɖe nye nukpɔsusu ku ɖe dzimetɔtrɔ ma ŋu trɔa? Ðe mexɔ edzi se be Mawu tsɔ kena? Ðe menye xɔsegbela si gbe gbɔgbɔmekekelia?’ Anɔ eme godoo be, ame siawo akpɔe be yewomegblɔ busunya ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu, alo va zu xɔsegbelawo o. Wotrɔ dzi me, eye woyi edzi xɔ ale si Yehowa tsɔ kenɛ dzi se vevie. Ne wowɔe alea la, ekema womewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu o.

21. Nyabiase kawo mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

21 Yayra kae nye esi wònye be míaka ɖe dzi be míewɔ nu vɔ̃ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu o! Gake míadzro nyabiase aɖewo siwo do ƒome kple nya sia me le nyati si kplɔe ɖo la me. Le kpɔɖeŋu me, mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu abia eɖokui se be: ‘Ðe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea le kplɔyem nyateƒea? Ðe eƒe kutsetse dzena le nye agbenɔnɔ mea?’

Ŋuɖoɖo Kae Nàna?

• Nu ka tae míate ŋu agblɔ be woate ŋu awɔ nu vɔ̃ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu?

• Nu kae nye dzimetɔtrɔ?

• Ame kawoe wɔ nu vɔ̃ ɖe gbɔgbɔa ŋu esime Yesu nɔ anyigba dzi?

• Aleke míawɔ aɖu dzimaɖitsitsi be míewɔ nu vɔ̃ si womate ŋu atsɔ ake o la dzii?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Ame siwo gblɔ be Satana ƒe ŋusẽe Yesu zã tsɔ wɔ nukunuwo la, wɔ nu vɔ̃ ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Togbɔ be Petro gbe nu le Yesu gbɔ hã la, mewɔ nu vɔ̃ si womate ŋu atsɔ ake o