Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wò Gbɔgbɔ Ayi Edzi Anɔ Agbea?

Ðe Wò Gbɔgbɔ Ayi Edzi Anɔ Agbea?

Ðe Wò Gbɔgbɔ Ayi Edzi Anɔ Agbea?

ŊUTILÃ kple ʋu ko míenyea? Alo ɖe nu bubu aɖe gale mía me to vovo na nu siwo wotsɔ wɔ mía? Ðe míenɔa agbe le afi sia egbea, eye etsɔ ko míedzoa? Alo ɖe nu makpɔmakpɔ aɖe le mía me si yia edzi nɔa agbe le míaƒe ku megbea?

Togbɔ be dzixɔse vovovo siwo tɔtɔa ame woe le subɔsubɔha siwo le xexea me si ku ɖe agbenɔnɔ le Ku Megbe ŋu hã la, wo dometɔ geɖe lɔ̃ ɖe susu vevi aɖe ya dzi: Nu makumaku aɖe le ame me si yia edzi nɔa agbe le ku megbe. Ame geɖe xɔe se be “nu” siae nye gbɔgbɔ si yia edzi nɔa agbe le ame ƒe ku megbe. Ke wò ɖe, nu ka dzie nèxɔ se? Ðe míaƒe akpa aɖe nye ŋutilã eye akpa aɖe nye gbɔgbɔa? Nu kae nye gbɔgbɔ la? Ðe gbɔgbɔ aɖe le ame gbagbe me, eye ɖee wòdona le ŋutilã me ne amea kua? Nenye nenemae la, ke nu kae dzɔna ɖe edzi?

“Ŋutilã Gbɔgbɔ Manɔmee Nye Nu Kuku”

Hebrigbe kple Helagbe me nya si gɔme woɖe le Biblia me be “gbɔgbɔ” la fia “yagbɔgbɔ” alo “ya.” Gake nya “gbɔgbɔ” yi ŋgɔ wu yagbɔgbɔ dzro ko. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be: “Ŋutilã gbɔgbɔ manɔmee nye nu kuku.” (Yakobo 2:26) Eya ta gbɔgbɔ lae nye nu si dea agbe ŋutilã la me. Enye ŋusẽ si nana ŋutilã ʋãna.

Nu si tae agbeŋusẽ sia mate ŋu anye yagbɔgbɔ, alo ya, si toa dzitodzitowo me ko o la va dzena ƒã ne míekpɔ nu si dzɔna le ɣeyiɣi kpui aɖe ne ame ƒe yagbɔgbɔa tɔ megbe. Ne ame ƒe yagbɔgbɔa tɔ megbe kpuie la, amegbetɔwo ate ŋu ato mɔnu aɖewo dzi agagbɔ agbee. Nu ka tae? Elabena agbeŋusẽa gakpɔtɔ le eƒe lãmenugbagbeviawo me. Gake ne agbeŋusẽa nya do le amea ƒe lãmenugbagbeviwo me ko la, agbagba ɖe sia ɖe si woadze be woagagbɔ agbee ake madze edzi o. Ya ɖe sia ɖe si le xexea me mate ŋu ade agbe lãmenugbagbevi ɖeka pɛ gɔ̃ hã me o. Eya ta gbɔgbɔ lae nye agbeŋusẽ si naa lãmenugbagbeviawo kple amea siaa nɔa agbe. Enye agbeŋusẽ si dome ɖeviwo nyina tsoa wo dzilawo gbɔ le woƒe fufɔɣi, eye yagbɔgbɔe lénɛ ɖe te.—Hiob 34:14, 15.

Ðe ame sia ame ƒe gbɔgbɔ to vovoa? Alo agbeŋusẽ si nana woʋãna ɖekae le amewo katã mea? Biblia na nya sia ƒe ŋuɖoɖo si me kɔ la mí. Esi Fia nyanu Salomo nɔ eɖem fia be gbɔgbɔ ɖekae le nu gbagbewo katã me la, egblɔ be: “Elabena nya ɖeka tɔgbe dzɔna ɖe amegbetɔviwo kple lãwo siaa dzi; alesi esiawo kunae la, nenema ke ekemɛawo hã kunae, gbɔgbɔ ɖekae le wo katã si. . . . Wo katã woyina teƒe ɖeka; anyi me wo katã wotso, eye anyi wo katã woagazu. Ðe ame aɖe nyae be, amegbetɔviwo ƒe gbɔgbɔ yia dzi, eye lãwo ƒe gbɔgbɔ yia anyi me loo?” (Nyagblɔla 3:19-21) Ɛ̃, gbɔgbɔ alo agbeŋusẽ ɖekae le lãwo kple amegbetɔwo siaa si.

Míate ŋu atsɔ gbɔgbɔa asɔ kple elektrikŋusẽ si naa mɔ aɖe alo dɔwɔnu aɖe wɔa dɔ. Elektrikŋusẽ si ŋku mekpɔna o, si le dɔ wɔm le mɔ alo dɔwɔnu aɖe me la, ate ŋu awɔ dɔ vovovowo, eye dɔ si wòwɔna la nɔa tɔ ɖe dɔ si mɔ si wòle ŋusẽ namee la wɔna dzi. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu atsɔ elektrikŋusẽ asi akaɖi, ana yagbɔmɔ, radio, television alo kɔmpiuta nawɔ dɔ. Ke hã, medzɔna gbeɖe be wòatrɔ azu mɔ si wòle ŋusẽ namee o. Ŋusẽ koe elektrikŋusẽa kpɔtɔ nyena. Nenema kee gbɔgbɔa alo agbeŋusẽa hã le. Metrɔna zua nu siwo me wòdea agbee o. Amenyenye kple tamebubuŋutete aɖeke mele agbeŋusẽ sia si o—ŋusẽ koe wònye. Gbɔgbɔ ɖekae le amegbetɔwo kple lãwo siaa si. Eya ta ne ame ku la, eƒe gbɔgbɔ mezua nuwɔwɔ bubu alo gbɔgbɔmenuwɔwɔ heyia edzi nɔa agbe le teƒe bubu o.

Nu Kae Dzɔna Ðe Gbɔgbɔa Dzi Ne Ame Ku?

Nyagblɔla 12:7 gblɔ be, ne ame ku la, ‘kewɔ la gatrɔna yia anyigba, si wònye tsã la gbɔ, eye gbɔgbɔ la gbugbɔna yia Mawu, ame si tsɔe na la gbɔ.’ Gake esia mefia be gbɔgbɔ ƒomevi aɖe toa yamenutowo me ŋutɔŋutɔ ɖadona ɖe Mawu ŋkume o. Le kpɔɖeŋu me, bu nya si Yehowa gblɔ na Israel vi mawɔnuteƒewo to eƒe nyagblɔɖila Maleaxi dzi ŋu kpɔ. Egblɔ na wo be: “Mitrɔ ɖe ŋunye, ekema nye hã matrɔ ɖe mia ŋu!” (Maleaxi 3:7) Be Israel vi mawo ‘natrɔ’ ɖe Yehowa ŋu la, enɔ na wo be woagbugbɔ le mɔ vɔ̃wo dzi agatrɔ ɖe Mawu ƒe mɔ dzɔdzɔeawo ŋu ake. Be Yehowa ‘natrɔ’ ɖe Israel viwo ŋu fia be wòagakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu ake. Le go eveawo siaa me la, mehiã be woadzo le teƒe aɖe ayi bubu o. Nu si ko ‘tɔtrɔ’ sia biae nye be woatrɔ woƒe nɔnɔme. Esia ɖee fia be mɔ si nu Biblia zãa nya ‘gbugbɔ’ ɖo mebia zɔzɔ tso teƒe aɖe ayi bubu ŋutɔŋutɔ ɣesiaɣi o.

Nenema kee ne ame ku la, ‘gbɔgbɔ la gbugbɔna yia Mawu, ame si tsɔe na la gbɔ’ le susu sia nu be, ne gbɔgbɔa alo agbeŋusẽa nya do le amea me ko la, Mawu vavã, ame si tsɔe na la, si koe ŋutete le be wòagbugbɔe ade amea me. Esia fia be Mawu ɖeɖe ko sie agbe si ame ma agava nɔ le etsɔme la ƒe mɔkpɔkpɔ ɖe sia ɖe le.

Le kpɔɖeŋu me, bu nya si Luka ƒe Nya Nyuia gblɔ ku ɖe Yesu Kristo ƒe ku ŋu kpɔ. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Esi Yesu do ɣli kple gbe sesĩe la, egblɔ bena: Fofo, asiwò me metsɔ nye gbɔgbɔ la de; ke esi wògblɔ esia la, etsɔ gbɔgbɔ la na.” (Luka 23:46) Esi Yesu ku eye eƒe gbɔgbɔ, alo agbeŋusẽ, do le eme la, meto edzi yi Fofoa gbɔ le dziƒo o. Le nyateƒe me la, Yesu nɔ yɔdo me—menɔ anyi kura o—va se ɖe esime wofɔe tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃a gbe. (Nyagblɔla 9:5, 10) Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe kura gɔ̃ hã la, metɔ edzi yi dziƒo enumake o. Ke boŋ ‘etsɔ eɖokui fia’ eƒe nusrɔ̃lawo ‘agbagbe le ŋkeke blaneawo me,’ eye emegbe la “wokɔe yi dzi.” (Dɔwɔwɔwo 1:3, 9) Le Yesu ƒe kuɣi la, ‘etsɔ eƒe gbɔgbɔ la de Fofoa si me,’ heka ɖe edzi bliboe be Yehowa ate ŋu agbɔ agbe ye.

Nu Si Gbɔgbɔ La Nye

Biblia ɖe nu si gbɔgbɔ la nye me eme kɔ ƒã. Agbeŋusẽ si amegbetɔ hiã be wòanɔ agbe koe wònye. Yagbɔgbɔ, alo ya, hiã vevie hena agbeŋusẽ ma léle ɖe te. Le esia ta la, naneke mele ame me si yia edzi nɔa agbe le eƒe ku megbe o.

Eya ta etsɔme mɔkpɔkpɔ ɖe sia ɖe si le ame siwo ku si la nɔ te ɖe tsitretsitsi si nye fɔfɔ va agbe me ake la dzi. Biblia do ŋugbe be: “Esia megawɔ mo yaa na mi o; elabena gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le yɔdowo me la, woase [Yesu ƒe] gbe, eye . . . woado go.” (Yohanes 5:28, 29) Tsitretsitsi ƒe ŋugbedodo ma si ŋu kakaɖedzi le—menye gbɔgbɔ makumaku ƒe nufiafia o—yee nye mɔkpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ na ame siwo ku la.

Aleke gbegbe wòle vevie be nu si tsitretsitsia nye kple vi siwo wòaɖe na ameƒomea ŋuti sidzedze nasu ame si enye esi! Sidzedze Mawu kple Kristo hã le vevie. (Yohanes 17:3) Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me alɔ̃ faa akpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ Biblia ale be Mawu, Via, kple Eƒe ŋugbedodowo ŋuti sidzedze si le asiwò la nadzi ɖe edzi. Míele kpewòm be nàte ɖe Ðasefoawo ŋu alo nàŋlɔ agbalẽ aɖo ɖe magazine sia talawo.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 4]

Gbɔgbɔ ɖekae le wo katã si

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Gbɔ̃: CNPC—Centro Nacional de Pesquisa de Caprinos (Sobral, CE, Brasil)