Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Barzilai​—Ŋutsu Si Nya Eƒe Ŋutetewo

Barzilai​—Ŋutsu Si Nya Eƒe Ŋutetewo

Barzilai​—Ŋutsu Si Nya Eƒe Ŋutetewo

‘NU KA ŋuti manye agba na wò?’ Barzilai alo Barsilai amegãɖeɖi aɖe si xɔ ƒe 80 ye gblɔ nya sia na Israel Fia Dawid. Biblia gblɔ be “alɔme le esi ŋutɔ.” (Samuel II, 19:33, 36) Barzilai nɔ Gilead du si nye tonuto aɖe si nɔ Yordan Tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe gome la me.—Samuel II, 17:27; 19:32.

Nudzɔdzɔ ka mee Barzilai gblɔ nya ma na Dawid le? Eye nu ka tae ame tsitsi ma ƒo nu nenema ɖo?

Aglãdzedze Ðe Fia La Ŋu

Dawid ɖo afɔku me. Viaŋutsu Absalom xɔ fiazikpuia le esi sesẽe esi ‘wòfi Israel ŋutsuwo ƒe dzi’ vɔ megbe. Edze kɔte be Absalom makpɔ nublanui na ame sia ame si awɔ nuteƒe na fofoa o. Eya ŋuti Dawid kple eƒe dɔlawo ʋu dzo le Yerusalem. (Samuel II, 15:6, 13, 14) Esi Dawid va ɖo Maxanaim, nuto aɖe si le Yordan ƒe ɣedzeƒe gome la, Barzilai na kpekpeɖeŋu aɖewoe.

Barzilai kple ŋutsu eve aɖewo tsɔ dɔmenyonunana aɖewo yi ɖana Dawid. Nuteƒewɔla etɔ̃ siawo ɖee fia be yewose nɔnɔme sesẽ si me Dawid kple eƒe amewo nɔ la gɔme, esime wogblɔ be: “Dɔ wu ameha la, ɖeɖi te eŋu, eye tsikɔ wui le gbea dzi.” Barzilai, Sobi, kple Maxir tsɔ abawo, lu kple ƒo, wɔ kple bli tɔtɔe, gbagbayi, atiyi, anyitsi, notsi kpẽke, alẽwo, kple nuhiahiã bubuwo yi ɖana Dawid kple ameha si nɔ eŋu, be woatsɔ akpɔ woƒe hiahiãwo gbɔe.—Samuel II, 17:27-29.

Afɔku le kpekpe ɖe Dawid ŋu me. Edze kɔte be Absalom magbe tohehe na ame sia ame si akpe ɖe fia si dze la ŋu o. Eya ta dzi nɔ Barzilai ƒo ŋutɔ be wòte ŋu wɔ nuteƒe na Dawid.

Nɔnɔmea Trɔ

Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Absalom ƒe asrafo dzeaglãwo yi ɖakpe aʋa kple Dawid ƒe amewo. Wokpe aʋaa le Efrayim ve aɖe si ɖewohĩ enɔ Maxanaim nutowo me la me. Woɖu Absalom ƒe aʋakɔa dzi, eye ame gbogbo aɖe ‘tsi aʋa le afi ma gbe ma gbe.’ Togbɔ be Absalom dze agbagba si hã la, wowui emegbe kpuie.—Samuel II, 18:7-15.

Dawid gazu Israel fia si ŋu ame aɖeke metsi tsitre ɖo o. Eyomedzelawo maganye sisilawo azɔ o. Gawu la, woƒe nuteƒewɔwɔ na Dawid wɔe be edea bubu wo ŋu hekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu ŋutɔ.

Esime ɣeyiɣi de be Dawid natrɔ ayi Yerusalem la, ‘Gileadtɔ Barsilai hã tso Roglim va, eye eya kple fia wotso Yordan, be yeakplɔe aɖo ɖe Yordan godo.’ Le nudzɔdzɔ ma me la, Dawid gblɔ na amegãɖeɖi Barzilai bena: “Yi kplim, eye nanɔ gbɔnye, makpɔ dziwò le Yerusalem!”—Samuel II, 19:16, 32, 34.

Ðikeke mele eme o be, Dawid kpɔ ŋudzedze ɖe Barzilai ƒe kpekpeɖeŋua ŋu ŋutɔ. Mate ŋu anye be ɖe fia la di be yeaɖo eƒe domenyonuwɔwɔa teƒe nɛ to ŋutilãmenuwo nanɛ me ko o. Kesinɔtɔ Barzilai mehiã kpekpeɖeŋu ma o. Ðewohĩ Dawid di be amegãɖeɖi sia nava nɔ ye gbɔ le nɔnɔme nyoameŋu siwo nɔ esi ta. Anye bubu gã aɖe na Barzilai be wòanɔ fia ƒe me, si ana mɔnukpɔkpɔe be wòayi edzi ade ha kple fia la.

Ðokuibɔbɔ Kple Ame Ŋutɔ Ƒe Ŋutete Nyanya

Barzilai gblɔ le Fia Dawid ƒe amekpekpea ŋu be: “Ŋkeke nenie megale agbe nɔ ge, ne mayi Yerusalem kple fia la? Ƒe blanyi mexɔ egbe siawo. Ðe mate ŋu ade vovo nu nyui kple nu manyomanyo domea? Ðe nusi wò dɔla ɖuna, eye wònona la, gavivia enua? Alo ɖe maganɔ hadzilaŋutsuwo kpe hadzilanyɔnuwo ƒe gbe sema?” (Samuel II, 19:35, 36) Aleae Barzilai gbe amekpekpe kple mɔnukpɔkpɔ nyui sia bubudeameŋutɔe. Gake nu ka tae?

Ðewohĩ susu siwo tae Barzilai tso nya me alea dometɔ ɖekae nye eƒe tsitsi kple tsitsimekuxiwo. Barzilai anya se le eɖokui me be yemaganɔ agbe wòadidi o. (Psalmo 90:10) Ewɔ nu sia nu si wòate ŋui tsɔ kpe ɖe Dawid ŋu, ke hã enya be tsitsimekuxiwo le ye ŋu. Barzilai meɖe mɔ nɔƒe gã didi kple ŋkɔxɔxɔ na wòdo kpo eƒe ŋutetewo ŋu bubu nyuie o. To vovo na Absalom nɔƒe gã dila la, Barzilai ɖe ɖokuibɔbɔ fia nunyatɔe.—Lododowo 11:2.

Susu bubu si tae Barzilai tso nya me alea anya nye be medi be kuxi siwo le ye ŋu nado kplamatsɛ fia si Mawu ɖo la le eƒe dɔwo wɔwɔ me o. Barzilai bia be: “Nukaŋuti wò dɔla anye agba na nye aƒetɔ fia?” (Samuel II, 19:36) Togbɔ be Barzilai gakpɔtɔ nɔ Dawid ƒe akpa dzi hã la, ekpɔe be ame si metsi de ye nu o ate ŋu awɔ dɔa nyuie wu. Barzilai gblɔ be: “Kpɔ ɖa, wò dɔla Kimham neyi kple nye aƒetɔ fia la, eye nawɔ nusi nyo ŋuwò la nɛ!” Edze ƒã be eya ŋutɔ via ŋue wònɔ nu ƒom tsoe. Le esi Dawid nado dziku teƒe la, elɔ̃ ɖe eƒe susua dzi boŋ. Le nyateƒe me la, hafi Dawid natso Yordan la, ‘eɖuɖɔ nu na Barsilai heyrae.’—Samuel II, 19:38-40.

Dadasɔ Hiã

Barzilai ŋuti nuŋlɔɖia ɖe dadasɔ ƒe vevienyenye fia. Le go aɖe me la, mele be míagbe subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔwo xɔxɔ, alo agbe taɖodzinu mawo ɖoɖo na mía ɖokui le esi míedi be naneke nado kplamatsɛ mí le agbe me o, alo esi míesena le mía ɖokui me be míedze atsɔ agbanɔamedziwo o ta o. Mawu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi ne míeɖoa ŋu ɖe eŋu be wòado ŋusẽ mí ahana nunya mí.—Filipitɔwo 4:13; Yakobo 4:17; Petro I, 4:11.

Le go bubu me la, ele be míanya míaƒe ŋutetewo. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ Kristotɔ aɖe le geɖe wɔm le gbɔgbɔmedɔwo me xoxo. Ede dzesii be agbanɔamedzi bubuwo xɔxɔ ana be yeado kpo Ŋɔŋlɔawo me gbanɔamedziwo abe ƒomea dzi kpɔkpɔ ene la tsɔtsɔ. Le nɔnɔme sia me la ɖe manye ɖokuibɔbɔ kple nuŋububu nyui ɖeɖe fia le egome ne egbe agbanɔamedzi bubuwo xɔxɔ kpee fifia oa?—Filipitɔwo 4:5; Timoteo I, 5:8.

Barzilai ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi, eye anyo be míade ŋugble tso eŋu. Ewɔ nuteƒe, dzi nɔ eƒo, enyo dɔme, eye wòbɔbɔ eɖokui. Ƒo wo katã ta la, Barzilai ɖoe kplikpaa be yeana Mawu ƒe nuwo naxɔ ŋgɔ na ye tɔwo.—Mateo 6:33.

[Anyigbatata si le axa 15]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Barzilai si xɔ ƒe 80 zɔ mɔ teɖeɖiameŋu aɖe bene yeate ŋu ana kpekpeɖeŋu Dawid

GILEAD

Roglim

Sukot

Maxanaim

Yordan Tɔsisi

Gilgal

Yerixo

Yerusalem

EFRAYIM

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Nu ka tae Barzilai gbe Dawid ƒe amekpekpea?