Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzidodo Tsɔtsɔ Lala Yehowa Ƒe Ŋkeke La

Dzidodo Tsɔtsɔ Lala Yehowa Ƒe Ŋkeke La

Dzidodo Tsɔtsɔ Lala Yehowa Ƒe Ŋkeke La

‘Mitsɔ dzidodo kpe ɖe miaƒe xɔse ŋu.’—PETRO II, 1:5, 6.

1, 2. Nu kae nye dzidodo, eye nu ka tae Kristotɔwo hiãe ɖo?

YEHOWA ƒe ŋkeke gã la tu aƒe ŋutɔ. (Yoel 1:15; Zefanya 1:14) Esi míenye Kristotɔwo eye míeɖoe kplikpa be míalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Mawu ta la, míele ɣeyiɣi si me woaʋli Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta la lalam vevie. Gake fifia la, míedzea ŋgɔ fuléle, vlodoame, yometiti, kple ku le míaƒe xɔse ta. (Mateo 5:10-12; 10:22; Nyaɖeɖefia 2:10) Esia bia dzidodo—si nye tenɔnɔ ɖe nɔnɔme sesẽwo nu ƒe ŋutete. Apostolo Petro xlɔ̃ nu mí be: ‘Mitsɔ dzidodo kpe ɖe miaƒe xɔse ŋu.’ (Petro II, 1:5, 6) Míehiã dzidodo, elabena Yesu gblɔ be: “Amesi ke lado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.”—Mateo 24:13.

2 Míeléa dɔ, míexa nu le míaƒe ame veviwo ƒe ku ta, eye míedoa go dodokpɔ bubuwo hã. Aleke wòahadzɔ dzi na Satanae nye esi ne míaƒe xɔse me gbɔdzɔ! (Luka 22:31, 32) Míate ŋu ado dzi le dodokpɔ vovovowo me to Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me. (Petro I, 5:6-11) Bu agbemenuteƒekpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ siwo ɖee fia be míate ŋu atsɔ dzidodo kple xɔse sẽŋu alala Yehowa ƒe ŋkekeae ŋu kpɔ.

Dɔléle Mexe Mɔ Na Wo O

3, 4. Wɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖee fia be míate ŋu asubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe togbɔ be dɔléle le fu ɖem na mí hã.

3 Mawu medaa dɔ na mí egbea nukutɔe o, gake enaa ŋusẽ mí míetsɔ doa dzi le dɔlélea me. (Psalmo 41:2-4) Sharon gblɔ be: “Nu si ko dzi meɖoa ŋkui ye nye be bunɔkeke lae nye nye zɔhɛ ɣeawokatãɣi. Tso esime wodzim ke la, ahɔhɔ̃medɔ si nana wozua nuwɔametɔ xɔ nye ɖevime dzidzɔ katã le asinye.” Nusɔsrɔ̃ tso Yehowa kple lãmesẽ deblibo si ƒe ŋugbe wòdo ŋu na mɔkpɔkpɔ su Sharon si. Togbɔ be nuƒoƒo sesẽna nɛ eye mete ŋu zɔna o hã la, ekpɔa dzidzɔ le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Ƒe 15 aɖewoe nye esi va yi la, egblɔ be: “Nye lãmegbegblẽa ate ŋu ayi edzi anɔ gã dom ɖe edzi ya, gake nye ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu kple mía kplii dome ƒomedodoa léa nye agbe ɖe te. Aleke gbegbe wòdzɔa dzi nam be mele Yehowa ƒe amewo dome, eye mexɔa eƒe kpekpeɖeŋu si medoa kpo nu o enye esi!”

4 Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔ siwo nɔ Tesalonika be ‘woafa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo.’ (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Mɔkpɔkpɔbuɖeame keŋkeŋ nye nu siwo ate ŋu ana woalé blanui la dometɔ ɖeka. Le ƒe 1993 me la, Sharon ŋlɔ bena: ‘Sese le ɖokuinye me be medo kpo nu keŋkeŋ na be melé blanui vevie ƒe etɔ̃ sɔŋ. Hamemetsitsiwo fa akɔ nam heɖo aɖaŋu nam. Yehowa to Gbetakpɔxɔ ƒe tatawo dzi na nunyam mete ŋu do dzi to blanuiléle sesẽ ma me. Ɛ̃, eléa be na eƒe amewo eye wòsea woƒe nɔnɔmewo gɔme na wo.’ (Petro I, 5:6, 7) Sharon gakpɔtɔ le Mawu subɔm nuteƒewɔwɔtɔe hele Yehowa ƒe ŋkeke gã la lalam.

5. Kpeɖodzi kae li be Kristotɔwo ate ŋu ado dzi le nuteɖeamedzi sesẽwo me?

5 Nu tena ɖe Kristotɔ aɖewo dzi vevie le nu siwo me woto le agbe me va yi la ta. Harley kpɔ Xexemeʋa II wɔwɔ teƒe, eye wòkua drɔ̃e baɖabaɖawo le nu siwo dzɔ le aʋaa me la ŋu. Enɔa ɣli dom le alɔ̃ me be: “Kpɔ ɖokuiwò! Kpɔ ɖa!” Kaka wòanyɔ la etea fifia vlevlevle. Ke hã, ete ŋu yi edzi nɔ agbe ɖe mawusosroɖa nu, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ale si wòkua drɔ̃e siawo edziedzi henɔa nu baɖabaɖawo kpɔm la dzi ɖe kpɔtɔ.

6. Aleke Kristotɔ aɖe nɔ te ɖe seselelãmekuxiwo nui?

6 Esesẽna na nɔvi Kristotɔ aɖe si ŋu tagbɔdɔléle aɖe si nana wonɔa nu tramatramawo wɔm le la be wòaɖe gbeƒã tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu. Gake edo vevie nu le dɔ sia wɔwɔ me, elabena enyae be subɔsubɔdɔ ma ana eya ŋutɔ kple ame siwo xɔa eƒe gbedeasia nyuie la nakpɔ agbe. (Timoteo I, 4:16) Ɣeaɖewoɣi la, mete ŋu tena ɖe ʋɔtrua ŋu kaka wòahayi agbonuga zi ge o, gake egblɔ be: “Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, metea ŋu ɖua nye seselelãmewo dzi, yia ʋɔtru si kplɔe ɖo nu, eye megatenɛ kpɔ be maɖe gbeƒã. Esi meyi edzi kpɔ gome le subɔsubɔdɔa me la, mete ŋu lé nye gbɔgbɔmetenɔnɔ me ɖe asi ale si mate ŋui.” Kpekpeawo dede hã sesẽna na nɔviŋutsu sia, gake eka ɖe edzi vevie be asixɔxɔ gã aɖe le gbɔgbɔmehadedewo ŋu. Eya ta edze agbagba ɖe sia ɖe kpɔ gome le kpekpeawo me.—Hebritɔwo 10:24, 25.

7. Togbɔ be ame aɖewo vɔ̃na na nuƒoƒo le ame dome alo ƒuƒoƒo aɖe me yiyi hã la, aleke wole dzi domee?

7 Nu si ɖea fu na Kristotɔ aɖewoe nye dzidziƒoame—si nye vɔvɔ̃ na nɔnɔme aɖe alo na nane vevie. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu anɔ vɔvɔ̃m na nuƒoƒo le ame dome alo na ƒuƒoƒo aɖe me yiyi gɔ̃ hã. Kpɔ ale si wòasesẽ na wo be woaɖo nya ŋu le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me alo aƒo nuƒo le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua mee ɖa! Ke hã, wole dzi dom, eye míekpɔa ŋudzedze ɖe woƒe kpekpeawo vava kple gomekpɔkpɔ le wo me ŋu ŋutɔ.

8. Ne ame aɖe le seselelãmekuxiwo me tom la, nu kae nye nu vevitɔ si akpe ɖe eŋu?

8 Ðiɖiɖeme kple alɔ̃dɔdɔ nyuie ate ŋu akpe ɖe ame ŋuti wòanɔ te ɖe seselelãmekuxiwo nu. Anyo hã be wòadi ɖɔktawo ƒe kpekpeɖeŋu. Gake vevietɔ wue nye be wòaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu le gbedodoɖa me. Psalmo 55:23 gblɔ be: “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò; emana ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.” Eya ta ehiã godoo be ‘nàɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me.’—Lododowo 3:5, 6.

Dzidodo Ne Èle Nu Xam Le Wò Ame Vevi Aɖe Ƒe Ku Ta

9-11. (a) Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe nuxaxa nu ne míaƒe ame vevi aɖe ku? (b) Aleke Hana ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe nuxaxa si ame vevi aɖe ƒe ku dona na ame la nui?

9 Ne ku klã ƒometɔwo dome la, ete ŋu nana woxaa nu vevie. Abraham fa avi ɖe srɔ̃a malɔ̃nugbɔa Sara ƒe ku ta. (Mose I, 23:2) Ame deblibo Yesu gɔ̃ hã “fa avi” esime exɔlɔ̃ Lazaro ku. (Yohanes 11:35) Eya ta esɔ be nàlé blanui ne wò ame aɖe si nèlɔ̃ vevie ku. Ke hã, Kristotɔwo nyae be tsitretsitsi li. (Dɔwɔwɔwo 24:15) Le esia ta ‘womexaa nu, abe ame bubu, siwo mɔkpɔkpɔ meli na o la ene o.’—Tesalonikatɔwo I, 4:13.

10 Aleke míawɔ anɔ te ɖe nuxaxa nu ne míaƒe ame vevi aɖe ku? Ðewohĩ kpɔɖeŋu aɖe akpe ɖe mía ŋu. Míexaa nu fũu akpa ne mía xɔlɔ̃ aɖe zɔ mɔ o, esi míenyae be agagbɔ míakpɔe ta. Ne míebua Kristotɔ wɔnuteƒewo ƒe ku ŋu nenema la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaxa nu atso eme o, elabena míenyae be woava fɔ wo ɖe tsitre.—Nyagblɔla 7:1.

11 Ŋuɖoɖo ɖe “akɔfafawo katã ƒe Mawu la” ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe nuxaxa si ame vevi ƒe ku dona na ame la nu. (Korintotɔwo II, 1:3, 4) Nenema kee ŋugbledede le nu si ahosi Hana si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔa me wɔ ŋu hã akpe ɖe mía ŋui. Ezu ahosi le srɔ̃ɖeɖe ƒe adre ko megbe. Gake esi wòxɔ ƒe 84 gɔ̃ hã la, egayi edzi nɔ subɔsubɔ kɔkɔe tsɔm na Yehowa le gbedoxɔa me. (Luka 2:36-38) Ðikeke mele eme o be mawusosroɖagbenɔnɔ sia kpe ɖe eŋu wònɔ te ɖe nuxaxa kple akogotsitsi nu. Gomekpɔkpɔ edziedzi le Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo me, siwo dometɔ aɖee nye Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe nuxaxa si ame vevi aɖe ƒe ku dona na ame la nu.

Akɔkpekpe Kple Dodokpɔ Vovovowo

12. Ƒomegbenɔnɔ me kuxi siwo Kristotɔwo doa goe dometɔ aɖe ɖe?

12 Kristotɔ aɖewo doa go kuxi sesẽwo le ƒomegbenɔnɔ me. Le kpɔɖeŋu me, ne srɔ̃tɔwo dometɔ ɖeka wɔ ahasi la, aleke wòhegblẽa nui enye esi! Le dzidziƒoame kple nuxaxa ta la, alɔ̃dɔdɔ azu dɔ na srɔ̃tɔ maɖifɔa eye wòafa avi ʋuu wòatso eme. Aƒemedɔ suetɔ kekeake wɔwɔ ate ŋu ate ɖe edzi ale gbegbe be wòanɔ vodadawo wɔm alo adze afɔku gɔ̃ hã. Nuɖuɖu ate ŋu asesẽ na srɔ̃tɔ maɖifɔa, ate ŋu aɖi ku, eye nu ate ŋu agblẽ le eƒe seselelãme ŋu vevie. Gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo me hã ate ŋu asesẽ nɛ. Eye kpɔ ale si gbegbe wòate ŋu agblẽ nu le ɖeviawo ŋui ɖa ko!

13, 14. (a) Dzideƒonamenya kae nèkpɔ tso gbe si Salomo do ɖa le gbedoxɔa ŋu kɔɣi me? (b) Nu ka tae míedoa gbe ɖa biaa gbɔgbɔ kɔkɔea ɖo?

13 Ne míele dodokpɔ mawo tɔgbi me tom la, Yehowa naa kpekpeɖeŋu si míehiã la mí. (Psalmo 94:19) Mawu sea eƒe amewo ƒe gbedodoɖawo, abe ale si Fia Salomo ƒe gbe si wòdo ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔa ŋu kɔɣi ɖee fia ene. Salomo do gbe ɖa na Mawu be: “[Ne] ame aɖe alo wò dukɔ Israel blibo la dze si fuɖename, si le eƒe dzi me, eye wòdo gbe ɖa heƒo koko, eye wòke eƒe abɔwo me do ɖe xɔ sia dzi la, ekema nàsee le nɔwòƒe le dziƒo, eye natsɔe ake, wɔ edzi, eye nawɔ na amesiame le eƒe zɔzɔwo katã nu, abe alesi nènya eƒe dzi mee ene, elabena wò ɖeka koe nya amegbetɔviwo katã ƒe dzi me; ne woavɔ̃ wò ŋkeke, siwo katã wole agbe le anyigba, si nètsɔ na mía fofowo la dzi.”—Fiawo I, 8:38-40.

14 Anyo ŋutɔ be míanɔ gbe dom ɖa anɔ gbɔgbɔ kɔkɔea biam. (Mateo 7:7-11) Dzidzɔ kple ŋutifafa nye gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa aɖe. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Míekpɔa gbɔdzɔe ale gbegbe ne mía Fofo si le dziƒo la ɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu na mí—dzidzɔ xɔna ɖe nuxaxa teƒe, eye ŋutifafa xɔna ɖe dzimaɖitsitsi teƒe!

15. Mawunyakpukpui kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ?

15 Ne eva hiã be míato nuteɖeamedzi sesẽ aɖe me la, míatsi dzimaɖi godoo. Gake míate ŋu aɖe dzimaɖitsitsi sia dzi akpɔtɔ ne Yesu ƒe nya siawo le susu me na mí be: “Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nusi miaɖu kple nusi miano o, alo le miaƒe ame blibo la ŋuti, nusi miata o. ... Midi mawufiaɖuƒe la kple [Mawu ƒe] dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.” (Mateo 6:25, 33, 34) Apostolo Petro xlɔ̃ nu mí be: ‘Mitsɔ miaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe eyama dzi; elabena eyama léa be na mi.’ (Petro I, 5:6, 7) Esɔ be míadze agbagba akpɔ kuxia gbɔ. Gake ne míewɔ nu sia nu si míate ŋui vɔ ko la, nu si susɔ koe nye be míanɔ gbe dom ɖa tso nɔnɔmea ŋu. Hakpalaa dzi ha be: “Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa dzi, eye naɖo ŋu ɖe eŋu, ekema awɔe ade goe.”—Psalmo 37:5.

16, 17. (a) Nu ka tae míevo tso dzimaɖitsitsi me keŋkeŋ o? (b) Nu kae míakpɔ ne míewɔ ɖe Filipitɔwo 4:6, 7 me nyawo dzi?

16 Paulo ŋlɔ bena: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.” (Filipitɔwo 4:6, 7) Le nyateƒe me la, Adam ƒe dzidzimevi madeblibo aɖeke mate ŋu avo tso dzimaɖitsitsi me keŋkeŋ o. (Romatɔwo 5:12) Esau srɔ̃ Xititɔawo “zu nuxaxa gã aɖe na” Esau dzila mawuvɔ̃la siwo nye Isak kple Rebeka. (Mose I, 26:34, 35) Dɔléle anya na Kristotɔ siwo nye Timoteo kple Trofimo tsi dzimaɖi vevie. (Timoteo I, 5:23; Timoteo II, 4:20) Paul tsi dzi ɖe eƒe haxɔsetɔwo ŋu vevie. (Korintotɔwo II, 11:28) Gake ‘gbedodoɖasela la’ li na ame siwo lɔ̃nɛ la ɣesiaɣi.—Psalmo 65:3.

17 Esi míele Yehowa ƒe ŋkekea lalam la, míexɔa kpekpeɖeŋu kple akɔfafa tso “ŋutifafa Mawu la” gbɔ. (Filipitɔwo 4:9) Yehowa nye “nublanuikpɔla kple amenuve Mawu,” ‘eƒe dɔme nyo, eye wòlɔ̃a tsɔtsɔke,’ eye “eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.” (Mose II, 34:6; Psalmo 86:5; 103:13, 14) Eya ta mina míatsɔ ‘kukuɖeɖe na Mawu nanya míaƒe dzimedidiwo,’ elabena esia ana “Mawu ƒe ŋutifafa”—si nye tomefafa si ƒo amegbetɔwo ƒe nugɔmesese ta la—nasu mía si.

18. Abe ale si wòdze le Hiob 42:5 ene la, aleke wòanya wɔe be ‘míakpɔ’ Mawu?

18 Ne Mawu ɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu la, míekpɔnɛ be eli kpli mí. Esi Hiob do dzi to dodokpɔwo me vɔ la, egblɔ be: “[Yehowa] wogblɔ nya le ŋuwò mese; ke azɔ la nye ŋkuwo kpɔ wò.” (Hiob 42:5) Míate ŋu atsɔ nugɔmesese, xɔse, kple ŋudzedzekpɔkpɔ ƒe ŋkuwo ade ŋugble tso ale si Mawu wɔa nu kpli míi ŋu, eye míate ŋu ‘akpɔe’ nyuie wu tsã. Ƒomedodo kplikplikpli sia hea dzidzeme kple susumekɔdzeanyi vanɛ na mí ŋutɔ!

19. Nu kae adzɔ ne ‘míetsɔ míaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe Yehowa dzi’?

19 Ne ‘míetsɔ míaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe Yehowa dzi la,’ míate ŋu ado dzi ato dodokpɔwo me, eye dzidzeme si míekpɔna le ememe la adzɔ míaƒe dziwo kple míaƒe tamesusuwo ŋu. Míavo tso dzimaɖeɖi, vɔvɔ̃, kple dzodzodzoetsitsi me le míaƒe kpɔɖeŋudzia me. Míaƒe susu matɔtɔ alo ayɔ fũu kple dzimaɖitsitsi o.

20, 21. (a) Dziɖeɖi si wokpɔna ne wole yometiti me tom ƒe kpeɖodzi kae dze le Stefano ƒe ŋutinyaa me? (b) Gblɔ dziɖeɖi si wokpɔna ne wole dodokpɔwo me tom la ƒe egbegbe kpɔɖeŋu aɖe.

20 Nusrɔ̃la Stefano ƒe susu dze akɔ anyi esime wònɔ xɔse ƒe dodokpɔ sesẽ aɖe me tom. Hafi wòagblɔ eƒe ɖaseɖinya mamlɛtɔ la, ame siwo katã le Sanhedrin la me ‘kpɔ eƒe mo abe mawudɔla aɖe ƒe mo ene.’ (Dɔwɔwɔwo 6:15) Eɖe dzi ɖi bɔkɔɔ—abe Mawu ƒe dɔla, alo dɔtsɔla aɖe ene. Esi Stefano ʋu go ale si ʋɔnudrɔ̃lawo ɖi Yesu wuwu ƒe ʋufɔe vɔ megbe la, “eɖu dzi na wo, eye woɖu aɖukli ɖe eŋu.” “Esi Gbɔgbɔ kɔkɔe la [yɔ Stefano] fũ la, ekpɔ dziƒo gã, eye wòkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la kple Yesu le tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me.” Ŋutega sia do ŋusẽ Stefano, eye wòwɔ nuteƒe yi ɖase ɖe ku me. (Dɔwɔwɔwo 7:52-60) Togbɔ be míekpɔa ŋutega egbea o hã la, míate ŋu akpɔ dziɖeɖi si Mawu nana la ne míele yometitiwo me tom.

21 Bu Kristotɔ aɖewo siwo Nazitɔwo wu le Xexemeʋa II me la ƒe seselelãmewo ŋu kpɔ. Esime wo dometɔ ɖeka nɔ nu siwo me wòto le ʋɔnudrɔ̃ƒe gblɔm la, egblɔ be: “Wotso kufia nam. Menɔ to dzi, eye esi megblɔ be ‘Miwɔ nuteƒe va se ɖe ku me’ hegblɔ mía Aƒetɔ la ƒe nya ʋɛ aɖewo kpee vɔ la, wowu ʋɔnudɔdrɔ̃a nu. . . . Gake migatsi dzi ɖe ema ŋu fifia o. Elabena ŋutifafa aɖe kple dziɖeɖi aɖe siwo mate ŋu ava susu me na mi gbeɖe o la le asinye!” Hafi woatso ta na sɔhɛ Kristotɔ aɖe la, eŋlɔ ɖo ɖe edzilawo be: “Eƒo zã ga wuieve to eŋu vɔ. Ɣeyiɣi gale asinye be matrɔ nye susu. Aa! ɖe magate ŋu akpɔ dzidzɔ le agbe sia me ne megbe nu le nye Aƒetɔ la gbɔa? Kpao! Gake fifia kakaɖedzi le mia si be mele dzodzom le xexe sia me le dzidzɔ kple ŋutifafa me.” Ðikeke aɖeke mele eme o be Yehowa léa esubɔla wɔnuteƒewo ɖe te.

Àte Ŋu Ado Dzi!

22, 23. Nu ka dzie nàte ŋu aka ɖo esime nètsɔ dzidodo le Yehowa ƒe ŋkekea lalam?

22 Ðewohĩ màto dodokpɔ sesẽ siwo ŋu míeƒo nu tsoe me ya o. Ke hã, mawuvɔ̃la Hiob ƒe nya le eme, esi wògblɔ be: “Amegbetɔ nyɔnu tɔ dzidzia, eƒe agbe le kpuie, eye fuɖeɖe ti kɔ nɛ.” (Hiob 14:1) Ðewohĩ ènye dzila si le agbagba dzem be yeana gbɔgbɔmemɔfiame ye viwo. Woato dodokpɔwo me le suku, gake aleke gbegbe dzi adzɔ wòe nye esi nenye be wotiae be yewoanɔ Yehowa kple eƒe gɔmeɖose dzɔdzɔewo ƒe akpa dzi maʋãmaʋãe! Ðewohĩ èle nɔnɔme sesẽwo kple tetekpɔwo me tom le dɔwɔƒe. Ke hã, àte ŋu ado dzi ato esiawo kple nɔnɔme bubuawo me, elabena ‘Yehowa tsɔa wò agbawo gbeawotsyogbe.’—Psalmo 68:20.

23 Àte ŋu anɔ ɖokuiwò bum be ɖeko yele abe ame sia ame ko ene, gake nenɔ susu me na wò be Yehowa maŋlɔ wò dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ si nèɖena fiana le eƒe ŋkɔ kɔkɔea ta la be o. (Hebritɔwo 6:10) Le eƒe kpekpeɖeŋu me la, àte ŋu anɔ te ɖe xɔse ƒe dodokpɔwo nu. Eya ŋuti yi edzi nànɔ gbe dom ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu, eye nàbu eŋu le wò nyametsotsowo wɔwɔ me. Ekema àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ayra wò ahakpe ɖe ŋuwò esi nètsɔ dzidodo le eƒe ŋkekea lalamee.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu ka tae Kristotɔwo hiã dzidodo?

• Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míado dzi le dɔléle kple nuxaxa le míaƒe ame vevi aɖe ƒe ku ta me?

• Aleke gbedodoɖa kpena ɖe mía ŋu be míedoa dzi le dodokpɔwo mee?

• Nu ka tae wòanya wɔ be míatsɔ dzidodo anɔ Yehowa ƒe ŋkekea lalam?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi ne míele nu xam le míaƒe ame vevi aɖe ƒe ku ta

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Gbedodoɖa tso dzi me kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi le xɔse ƒe dodokpɔwo me