Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Yi Nale Tsi Le Siloa-ta La Me”

“Yi Nale Tsi Le Siloa-ta La Me”

“Yi Nale Tsi Le Siloa-ta La Me”

ESI Yesu nya anyi eye wòtsɔe sisi ɖe ŋutsu ŋkuagbãtɔ aɖe ƒe ŋkuwo vɔ la, egblɔ nɛ be: “Yi nale tsi le Siloa-ta la me.” Ŋutsua wɔ ɖe edzi “eye wòva le nu kpɔm.” (Yohanes 9:6, 7) Afi kae Siloa Ta la nɔ? Nu siwo ŋu woke ɖo le blematomenukuku aɖe me nyitsɔ laa na nyatakaka yeyewo mí ku ɖe teƒe si wònɔ ŋu.

Modzakaɖetsaɖila geɖe ɖia tsa yia teƒe aɖe le Yerusalem, si woyɔna be Siloa Ta, eye woxɔe se be afi mae ta si ŋu woƒo nu tsoe le Yohanes 9:7 me la nɔ. Teƒea le Xizkiya ƒe tomemɔa ƒe nuwuƒe—tomemɔ sia didi meta 530 eye woɖee le ƒe alafa enyilia D.Ŋ.M. me. Gake ƒe alafa enelia M.Ŋ. mee woɖe ta sia ya. Byzantium “Kristotɔwoe” ɖee, eye wosusui vodadatɔe be ta si ŋu woƒo nu tsoe le Yohanes ƒe Nya Nyuia me anya nɔ tomemɔ sia ƒe nuwuƒe.

Gake le ƒe 2004 me la, blematomenukulawo va ke ɖe nane ŋu, eye woƒo nya ta be eyae nye Siloa Ta si nɔ anyi le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi la. Ele teƒe si didi tso afi si wosusu vodadatɔe be Siloa Ta la nɔ la ƒe anyieheɣetoɖoƒe gome anɔ meta 100. Aleke wowɔ va ke ɖe eŋu? Eva hiã be dziɖuɖumegãwo nadzra tsi ƒoɖi toƒe aɖe ɖo le nutoa me. Eya ta wodɔ dɔwɔla siwo tsɔ dɔwɔnu gãgãwo ɖe asi la ɖa. Blematomenukula aɖe si nɔ dɔ wɔm le afi ma lɔƒo la lé ŋku ɖe do si kum wonɔ la ŋu, eye eƒe ŋku kli atrakpui eve aɖe. Wotɔ te dɔa, eye Israeltɔwo ƒe Blemanuwo Dziɖuɖudɔwɔƒe ɖe mɔ be woaku teƒea akpɔ. Woke ɖe ta la ƒe akpa ɖeka, si didi meta 70, kple eƒe dzogoe eve ŋuti xoxo.

Gaku aɖewo siwo wokpɔ le tomenukukua me nye esiwo woɖu le Yudatɔwo ƒe aglãdzedze ɖe Romatɔwo ŋu ƒe ƒe evelia, etɔ̃lia, kple enelia me. Wodze aglã ma le ƒe 66 kple ƒe 70 M.Ŋ. dome. Gakuawo ɖo kpe edzi be amewo ganɔ ta la zãm va se ɖe ƒe 70 M.Ŋ. me esime Romatɔwo va tsrɔ̃ Yerusalem. Agbalẽ si nye Biblical Archaeology Review gblɔ be: “Eya ta wonɔ ta la zãm va se ɖe aglãdzedzea ƒe nuwuwu, eye wodzudzɔ ezazã le esia megbe. Amewo meganɔ teƒe sia, si nye bali si ɖi abu wu le Yerusalem bliboa la, o va se ɖe Byzantium ƒe ɣeyiɣia me. Ƒe sia ƒe la, vuvɔŋɔli me tsidzadzawo tsrana toa balia me, eye wokplɔa ba va dea ta la me. Eye esi Romatɔwo va tsrɔ̃ dua megbe la, ta la me tsiwo ƒo ɖi. Le ƒe alafa aɖewo megbe la, ba va xe ta la, eye vivivi la eva bu keŋkeŋ. Tomenukulawo ke ɖe eƒe akpa aɖewo ŋu le ba te anɔ meta etɔ̃ kloe.”

Nu ka tae Biblia srɔ̃la vavãwo tsɔa ɖe le afi si Siloa Ta nɔ la me vevie? Elabena esia kpena ɖe wo ŋu wosea ale si anyigbaa ƒe nɔnɔme nɔ ŋutɔŋutɔ le Yerusalem si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me, du si ŋu woƒo nu tsoe zi geɖe le Nya Nyui gbalẽawo me nuŋlɔɖi siwo ku ɖe Yesu ƒe agbenɔnɔ kple eƒe subɔsubɔdɔa ŋu me la me.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Siloa Ta si ŋu woke ɖo yeyee

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© 2003 BiblePlaces.com