Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Mawu Le Kpɔwòma?

Ðe Mawu Le Kpɔwòma?

Ðe Mawu Le Kpɔwòma?

ÐE Yehowa, ame si nye Wɔla Gã la, te ŋu kpɔa nua? Ðikeke mele eme o! Biblia gblɔ eme kɔ nyuie be: “Eya, amesi wɔ ŋku, ɖe makpɔ nu oa?” (Psalmo 94:9) Yehowa ƒe nukpɔkpɔ de ŋgɔ wu amegbetɔwo tɔ sãsãsã. Menye ɖeko wòkpɔa mí dzro ko o, ke boŋ enye ame si “doa dziwo kpɔna,” eye ate ŋu ‘ada dziwo kpɔ’ hã. (Lododowo 17:3; 21:2) Ɛ̃, ŋutete le esi be wòadzro míaƒe tamesusuwo, nu siwo ʋãa mí míewɔa nu, kple míaƒe didi ememetɔwo me.

Yehowa nyaa nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe si dzea ŋgɔ mí le agbe me, eye eɖoa to míaƒe kokoƒoƒowo. Hakpalaa ŋlɔ bena: “Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe ɣlidodo ŋu. Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.” (Psalmo 34:16, 19) Aleke wòfaa akɔ na amee nye esi be míanya be Yehowa sea míaƒe nɔnɔmewo gɔme na mí eye wòɖoa gbe siwo míedona ɖa nɛ tso dzi blibo me la ŋu!

Yehowa Mawu nyaa nu sia nu si míewɔna le ɣaɣlaƒe gɔ̃ hã. Ɛ̃, “woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ míaƒe nya le la ŋku me!” (Hebritɔwo 4:13) Eya ta míeɖawɔa nyui alo vɔ̃ o, Mawu kpɔa wo katã. (Lododowo 15:3) Le kpɔɖeŋu me, Mose I, 6:8, 9 gblɔ be “Yehowa ve Noa nu,” eye be “Noa zɔ kple Mawu.” Ɛ̃, Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe Noa ŋu heyrae elabena eɖo to Mawu helé eƒe gɔmeɖose dzɔdzɔeawo me ɖe asi. (Mose I, 6:22) Gake ame siwo nɔ anyi le Noa ƒe ŋkekea me ya sẽa ŋuta henɔa agbe vlo. Nɔnɔme mawo menɔ manyamanya na Mawu o. “Yehowa kpɔ bena, amegbetɔwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ le anyigba dzi, eye woƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ko ɖaa.” Mlɔeba, Yehowa tsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiawo gake ekpɔ Noa kple eƒe ƒomea ta wotsi agbe.—Mose I, 6:5; 7:23.

Ðe Yehowa kpɔa wò be èle nu nyui wɔma? Nyateƒee, Yehowa ƒe ŋkuwo “kpɔa anyigba blibo la dzi, eye wòdoa ŋusẽ amesiwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.” (Kronika II, 16:9) Eteƒe madidi o, agatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo katã ɖa le anyigba dzi ake, eye wòaxɔ na ame siwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe anyi le dzi me la.—Psalmo 37:10, 11.