Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nènye ‘Kesinɔtɔ Le Mawu Gomea’?

Ðe Nènye ‘Kesinɔtɔ Le Mawu Gomea’?

Ðe Nènye ‘Kesinɔtɔ Le Mawu Gomea’?

“Ale amesi le nu nyuiwo dzram ɖo na eɖokui, eye kesinɔnuwo mele esi le Mawu gome o la, le enye si.”—LUKA 12:21.

1, 2. (a) Nu kawo tae amewo lɔ̃na faa be yewoatsɔ nu gãwo asa vɔ ɖo? (b) Kuxi kple afɔku kawoe wòle be Kristotɔwo nakpe akɔ kpli?

NU VEVI aɖe si wotsɔ ɣla didi ƒe fefewɔwɔ si dzɔa dzi na ɖeviwo, menye fefe dzro ko o; ke boŋ nu xɔasi siwo le ɣaɣla didi nye nu si me amewo ƒo wo ɖokui ɖo ŋutɔŋutɔ le dukɔ geɖewo me le ɣeyiɣi vovowo me, eye wòkpɔtɔ le edzi yim. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe alafa 19 lia me la, amewo lɔ hoo tso didiƒewo hegblẽ woƒe aƒewo kple ame veviwo ɖi be yewoayi aɖaku sika le Australia, South Africa, Canada, kple United States ƒe nuto siwo me womenya o, siwo me agbenɔnɔ sesẽna le ɣeaɖewoɣi la me. Nyateƒee, ame geɖewo lɔ̃na faa be yewoatsɔ nu geɖewo asa vɔe alo yewoatsɔ yewoƒe agbe ade afɔku me gɔ̃ hã bene yewoƒe asi nasu kesinɔnu siwo dim yewole la dzi.

2 Togbɔ be ame akpa gãtɔ meʋuna ɖanɔa kesinɔnuwo yome tim o hã la, wowɔa dɔ sesĩe bene agbemenuhiahiãwo nasu yewo si. Esia wɔwɔ le egbexexea me ate ŋu anye kuxi, nu sesẽ, kple agba na ame. Anɔ bɔbɔe be ame aɖe nava tsi dzi ɖe nuɖuɖu, nudodo, kple aƒe ŋu ale gbegbe be wòaŋe aɖaba aƒu nu siwo le vevie wu la dzi. (Romatɔwo 14:17) Yesu wɔ kpɔɖeŋu, alo do lo aɖe, si ɖe didi sia si nɔa amegbetɔwo me la fia nyuie. Míakpɔe le Luka 12:16-21.

3. Ƒo nu tso Yesu ƒe kpɔɖeŋu si dze le Luka 12:16-21 la ŋu kpuie.

3 Esime Yesu ƒo nu tso ŋukeklẽ ŋu abe ale si míedzro eme le nyati si do ŋgɔ me ene vɔ megbe teti koe wòwɔ kpɔɖeŋu sia. Yesu ƒe kpɔɖeŋua ku ɖe ŋutsu kesinɔtɔ aɖe si ƒe avawo yɔ taŋ, evɔ mesɔ gbɔ nɛ o, eye wòmu wo hetu esiwo lolo wu bene yeagaƒo nu nyui geɖe wu nu ƒu la ŋu. Le ɣeyiɣi si tututu wòsusui be yeaɖe dzi ɖi ahaɖu agbe me la, Mawu gblɔ nɛ be eƒe agbe awu enu, eye nu nyui siwo katã nu wòƒo ƒu la azu ame bubu tɔ. Emegbe Yesu gblɔ nya siawo tsɔ ƒo eta be: “Ale amesi le nu nyuiwo dzram ɖo na eɖokui, eye kesinɔnuwo mele esi le Mawu gome o la, le enye si.” (Luka 12:21) Nufiame kae le kpɔɖeŋu sia me na mí? Alekee míawo ŋutɔwo míate ŋu awɔ nufiame sia ŋu dɔe le agbe me?

Ŋutsu Aɖe Si Kuxi Aɖe Dze Ŋgɔe

4. Ame ka ƒomevie míate ŋu agblɔ be ŋutsu si ŋu Yesu wɔ kpɔɖeŋua tsoe la nye?

4 Menye numadzɔkpɔe kpɔɖeŋu si Yesu wɔ la nye o. Ðeko Yesu dze kpɔɖeŋua gɔme be: “Ŋutsu kesinɔtɔ aɖe ƒe anyigba wɔ nu geɖe.” Yesu megblɔ be ŋutsua to mɔ manɔsenu aɖewo dzi zu kesinɔtɔ o. Ne míagblɔe bubui la, Yesu megblɔ be ame baɖae ŋutsua nye o. Le Yesu ƒe nyaa nu la, míate ŋu agblɔ be ŋutsu si ŋu wòwɔ kpɔɖeŋua tsoe la nye dɔ sesẽ wɔla. Míate ŋu ase egɔme ya teti be enye ame aɖe si wɔ ɖoɖo ɖe eƒe etsɔme ŋu hedzra nu nyuiwo ɖo, ɖewohĩ kple susu be yeƒe ƒomea nanɔ dedie. Eya ta le amegbetɔwo ƒe susu nu la, míate ŋu agblɔ be ŋutsu sia nye veviedonula si kpɔa eƒe agbanɔamedziwo gbɔ nyuie.

5. Kuxi kae dze ŋgɔ ŋutsu si ŋu Yesu wɔ kpɔɖeŋua tsoe?

5 Aleke kee wòɖale o, Yesu yɔ ŋutsu si ŋu wòƒo nu tsoe le eƒe lododoa me be kesinɔtɔ, si fia be nunɔamesi geɖewo le esi xoxo. Ke hã, abe ale si Yesu gblɔe ene la, kuxi aɖe dze ŋgɔ ŋutsu kesinɔtɔ sia. Eƒe anyigba wɔ nu geɖe wu ale si wòkpɔ mɔ nɛ, si fia be nuawo sɔ gbɔ sãsãsã wu esi wòhiã alo esi dzi wòate ŋu akpɔ. Nu kae wòle be wòawɔ?

6. Tiatia kawo wɔwɔe dzea ŋgɔ Mawu subɔla geɖewo egbea?

6 Yehowa subɔla geɖewo va kpɔa wo ɖokui le nɔnɔme si ɖi esi me ŋutsu kesinɔtɔ ma nɔ la me. Kristotɔ vavãwo dzea agbagba be yewoanye anukwareɖilawo, veviedolawo, kple ame siwo léa fɔ ɖe dɔ ŋu. (Kolosetɔwo 3:22, 23) Woɖawɔa ɖokuisidɔ loo, alo wɔa dɔ na dɔtɔ aɖe o, wowɔnɛ nyuie, alo kpɔa dzidzedze zi geɖe. Nyametsotsowɔwɔ dzea ŋgɔ wo ne amedodo ɖe ŋgɔ le dɔme alo mɔnukpɔkpɔ bubuwo ʋu ɖi na wo. Ðe woalɔ̃ ɖe edzi bene woakpɔ ga geɖe wua? Sɔhɛ Ðasefo geɖewo hã dzea agbagba le suku. Esia ta woate ŋu atsɔ suku kɔkɔ dede le suku xɔŋkɔwo me femaxee ƒe mɔnukpɔkpɔ aɖo wo ŋkume. Ðe wòle be woalɔ̃ axɔ mɔnukpɔkpɔ siawo naneke ŋu mabumabuia?

7. Alekee ŋutsu si ŋu Yesu wɔ kpɔɖeŋua tsoe la kpɔ kuxi si dze ŋgɔe la gbɔ?

7 Ne míegatrɔ ɖe Yesu ƒe kpɔɖeŋua ŋu la, nu kae ŋutsu kesinɔtɔ la wɔ esime eƒe anyigba wɔ nu geɖe ale gbegbe be teƒe bubu meganɔ anyi wòaƒo nukuawo nu ƒu ɖo o? Etso nya me be yeamu ava siwo le ye si la ahatu esiwo lolo wu bene yeate ŋu aƒo yeƒe nukuawo kple nu nyuiawo katã nu ƒu ɖe wo me. Esi ɖoɖo ma si wòwɔ la na wòse le eɖokui me be yeakpɔ dzidzeme kple dedienɔnɔ ta la, egblɔ be: “Magblɔ na nye luʋɔ bena: Luʋɔ, èkpɔ nu nyui geɖe, siwo nèdzra ɖo hena ƒe geɖewo; gbɔ ɖe me, ɖu nu, no nu, na dzi nadzɔ wò.”—Luka 12:19.

Nu Ka Tae Wònye “Ame Tsibome”?

8. Nu vevi kae ŋutsu si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le eƒe lododoa me la ŋlɔ be?

8 Gake abe ale si Yesu gblɔe ene la, ɖoɖo ma si ŋutsu kesinɔtɔa wɔ mate ŋu ana wòanɔ dedie abe ale si wòsusui ene o. Aleke kee eƒe tameɖoɖoa adze nu si me nunya le o, eŋlɔ nu vevi aɖe be—Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Eya ŋutɔ ƒe dzidzeme ŋu ko bum wònɔ, ale si wòaɖu nu, ano nu, ahakpɔ dzidzɔ. Esusu be esi “nu nyui geɖe” le ye si ta la, yeate ŋu anɔ agbe “hena ƒe geɖewo.” Gake nublanuitɔe la, nuwo meva yi ale si wòsusui o. Abe ale si Yesu gblɔe do ŋgɔ ene la, “ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.” (Luka 12:15) Viɖe aɖeke meva le nu siwo katã nu ŋutsua ƒo ƒu to dɔ sesẽ wɔwɔ me la ŋu o, elabena Mawu gblɔ nɛ le zã ma me be: “Ame tsibome, zã sia me ke woabia wò agbe le asiwò me; ke nusiwo nèdzra ɖo la, ameka tɔ woazu mahã?”—Luka 12:20.

9. Nu ka tae woyɔ ŋutsu si ŋu woƒo nu tsoe le lododoa me la be ame tsibome ɖo?

9 Esia kplɔ mí va nu vevitɔ si le Yesu ƒe lododoa me gbɔ. Mawu yɔ ŋutsua be ame tsibome. Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe nu me be, Helagbe me nya si ƒomevi wozã le afi sia la “fiana nugɔmesese nyuitɔ ƒe ame si manɔmanɔ.” (Exegetical Dictionary of the New Testament) Agbalẽa gblɔ be, Mawu zã nya sia le lododoa me tsɔ ɖe “ale si susu mele ɖoɖo si kesinɔtɔa wɔ ɖe etsɔme ŋu me o” la fia. Menye ame si nunya mele ta gbɔ na o ye wozãa nya sia tɔgbi na o, ke boŋ wozãnae na “ame si melɔ̃na ɖe edzi be yehiã Mawu ƒe kpekpeɖeŋu o.” Ale si Yesu ɖɔ kesinɔtɔae na míeɖo ŋku nya si wògblɔ na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo nɔ Loadikea, Asia Sue, la dzi be: “Ègblɔna bena, yenye kesinɔtɔ, eye kesinɔnuwo le ye si, eye naneke mehiãa ye o, eye mènyae be, hiãtɔ kple nublanuitɔ kple kotɔ kple ŋkuagbãtɔ kpakple amamanɔla nènye o.”—Nyaɖeɖefia 3:17.

10. Nu ka tae “nu nyui geɖe” ƒe ame si nɔnɔ menye kpeɖodzi be ame anɔ agbe “hena ƒe geɖewo” o?

10 Anyo be míana nufiame si le lododo sia me nade dzi gbɔ na mí. Ðe wòate ŋu adzɔ be míanɔ abe ŋutsu si le lododoa me ene—aƒo mía ɖokui ɖe dɔwɔwɔ me vevie be “nu nyui geɖe” nasu mía si, evɔ míagbe nu si wòle be míawɔ bene mɔnukpɔkpɔ nasu mía si be míava nɔ agbe “hena ƒe geɖewo” la wɔwɔa? (Yohanes 3:16; 17:3) Biblia gblɔ be: “Kesinɔnu menye viɖe aɖeke le dzikudogbe o,” eye “amesi ɖo ŋu ɖe eƒe kesinɔnu ŋu la, adze anyi.” (Lododowo 11:4, 28) Eya ta Yesu tsɔ nuxlɔ̃amenya sia wu eƒe lododoa nu be: “Ale amesi le nu nyuiwo dzram ɖo na eɖokui, eye kesinɔnuwo mele esi le Mawu gome o la, le enye si.”—Luka 12:21.

11. Nu ka tae wònye tofloko be ame natsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ aɖo ŋutilãmenunɔamesiwo dzi hena dedienɔnɔ?

11 Esi Yesu gblɔ be ‘ale wòle enye si’ la, enɔ fiafiam be ale si wòdzɔ ɖe kesinɔtɔ si le lododoa me dzii la, nenema tututue wòadzɔ ɖe ame siwo tua woƒe agbenɔnɔ—woƒe mɔkpɔkpɔ kple dedienɔnɔ—ɖe ŋutilãmenunɔamesiwo ɖeɖe ko dzi la dzi. Menye ‘nu nyuiwo nuƒoƒo ƒu na ame ɖokui’ ye nye kuxia o, ke boŋ ‘kesinɔnuwo ƒe ame si manɔmanɔ le Mawu gomee.’ Nusrɔ̃la Yakobo gblɔ nuxlɔ̃menya ma ke be: “Azɔ la miheyi, mi amesiwo gblɔna bena: Egbe alo etsɔ míayi du si kple du si me, eye míanɔ afima ƒe ɖeka, eye míatsa asi, eye míakpɔ viɖe! Gake mienya nusi ava dzɔ etsɔ o.” Nu ka boŋ wòle be woawɔ? “Le esia teƒe la ele na mi be, miagblɔ bena: Ne [Yehowa] lɔ̃ la, míanɔ agbe, eye míawɔ esi kple esi.” (Yakobo 4:13-15) Aleke kee ame aɖe ɖakpɔ gae o, alo nu agbɔsɔsɔme ka kee ɖale esi o, ne kesinɔnuwo mele esi le Mawu gome o la, nu mawo katã nye tofloko. Ke nu kae wòfia be kesinɔnuwo nanɔ ame si le Mawu gome?

Be Woanye Kesinɔtɔ Le Mawu Gome

12. Nu kae ana míazu kesinɔtɔ le Mawu gome?

12 Le Yesu ƒe nyaa nu la, kesinɔtɔnyenye le Mawu gome kple ŋutilãmekesinɔnuwo nuƒoƒo ƒu na ame ɖokui vivivo nye nu eve siwo tsia tsitre ɖe wo nɔewo ŋu. Eya ta ɖee Yesu nɔ gbɔgblɔm be mele be ŋutilãmekesinɔnuwo nuƒoƒo ƒu alo dzidzɔkpɔkpɔ ɖe nu siwo le mía si ŋu nanye nu vevitɔ na mí le agbe me o. Ke boŋ ele be míawɔ míaƒe nunɔamesiwo ŋu dɔ le mɔ si ana be mía kple Yehowa dome ƒomedodoa me nagasẽ ɖe edzi la nu. Esia wɔwɔ ana míanye kesinɔtɔwo le Mawu gome godoo. Nu ka tae? Elabena enana be woxɔa yayra geɖe tso egbɔ. Biblia gblɔ na mí be: “Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ, eye metsɔa vevesese aɖeke kpena ɖe eŋu o.”—Lododowo 10:22, NW.

13. Aleke Yehowa ƒe yayra ‘wɔa ame kesinɔtɔe’?

13 Nu nyuitɔ kekeake koe Yehowa tsɔ yraa eƒe amewo ɣesiaɣi. (Yakobo 1:17) Le kpɔɖeŋu me, “anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo” lae Yehowa tsɔ na Israel viwo. Togbɔ be woƒo nu tso Egipte nyigbaa ŋu be eya hã nyo hã la, anyigba si Yehowa na Israel viwo la to vovo le go vevi ɖeka ya teti me. Mose gblɔ na Israel viawo be enye “anyigba, si Yehowa, wò Mawu, léa be na.” Ne míagblɔe bubui la, nu adze edzi na wo, elabena Yehowa anɔ be lém na wo. Zi ale si Israel viwo yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa ko la, eyraa wo geɖe ŋutɔ, eye edze ƒãa be woƒe agbenɔnɔ ɖɔ ʋu wu dukɔ siwo katã ƒo xlã wo la tɔ. Nyateƒee, Yehowa ƒe yayrae “wɔa ame kesinɔtɔ”!—Mose IV, 16:13; Mose V, 4:5-8; 11:8-15.

14. Viɖe kawoe ame siwo nye kesinɔtɔwo le Mawu gome la kpɔna?

14 Woɖe nyagbɔgblɔ si nye ‘kesinɔnuwo le ame si le Mawu gome’ gɔme hã be “woanye kesinɔtɔ le Mawu ŋkume.” (Today’s English Version) Zi geɖe la, ame siwo si ŋutilãmekesinɔnu geɖe le la tsia dzi ɖe ale si woadze le amewo ƒe ŋkumee ŋu. Esia dzena le ale si wonɔa agbee me zi geɖe. Wotoa nu si Biblia yɔ be “nunɔamesiwo tsɔtsɔ ƒo adegbee” dzi dina be amewo nakpɔe be yewonye kesinɔtɔwo. (Yohanes I, 2:16, NW) To vovo na esia la, Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe ame siwo nye kesinɔtɔwo le Mawu gome la ŋu; ekpɔa nublanui na wo hevea wo nu geɖe ŋutɔ, eye wonɔa ƒomedodo kplikplikpli me kplii. Ƒomedodo xɔasi sia me nɔnɔ nana wokpɔa dzidzɔ eye wosena le wo ɖokuiwo me be yewole dedie, eye esia ƒo nu sia nu si ŋutilãmekesinɔnuwo ate ŋu ana ame la ta sãsãsã. (Yesaya 40:11) Gake biabia lae nye be, Nu kae wòle be míawɔ bene míanye kesinɔtɔwo le Mawu ŋkume?

Kesinɔtɔnyenye Le Mawu Ŋkume

15. Nu kae wòle be míawɔ hafi anye kesinɔtɔwo le Mawu ŋkume?

15 Le Yesu ƒe lododoa me la, ŋutsua wɔ ɖoɖo hewɔ dɔ vevie kple susua ko be yeadzi yeƒe kesinɔnuwo ɖe edzi, eye woyɔe be ame tsibome. Eya ta hafi míanye kesinɔtɔ le Mawu ŋkume la, ele be míadze agbagba ado vevie nu ahaƒo mía ɖokui ɖe dɔwɔna siwo le vevie hexɔ asi le Mawu ŋkume vavã la me bliboe. Esiawo dometɔ ɖekae nye se si Yesu de be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo.” (Mateo 28:19) Míate ŋu atsɔ míaƒe ɣeyiɣiwo, ŋusẽ, kple ŋutetewo katã zazã le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa dodo ɖe ŋgɔ me, ke menye wo zazã ɖe mía ŋutɔ míaƒe nunɔamesiwo dzidzi ɖe edzi ŋu o, asɔ kple kesinɔnuwo nuƒoƒo ƒu ɖe Mawu gbɔ. Yayra geɖe do tso eme na ame siwo wɔe nenema, abe ale si nuteƒekpɔkpɔ siwo gbɔna ɖee fia ene.—Lododowo 19:17.

16, 17. Nuteƒekpɔkpɔ kawoe nàte ŋu agblɔ si ɖe agbenɔnɔ si nana ame zua kesinɔtɔ le Mawu ŋkume la fia?

16 Bu ŋutsu Kristotɔ aɖe si le Asia dukɔ aɖe me ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Kɔmpiutaɖaŋudɔwɔlae wònye, eye wòxɔa fetu nyui aɖe ŋutɔ. Gake eƒe dɔwɔɖuia xɔa eƒe ɣeyiɣiwo katã ale gbegbe be wòse le eɖokui me be yeɖo ko le gbɔgbɔ me. Mlɔeba, le esi teƒe be wòadze agbagba be yeawɔ ŋgɔyiyi le dɔme la, eɖe asi le dɔa ŋu boŋ hete ice cream (numeɖenu fafɛ) wɔwɔ henɔ dzadzram le mɔ to bene yeate ŋu akpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe yeƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo kple agbanɔamedziwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Eƒe dɔwɔhati tsãtɔwo ɖua fewu le eŋu, gake viɖe kae do tso tɔtrɔ si wòwɔ me? Egblɔ be: “Le nyateƒe me la, ganyawo de dzinye fifia wu esime mewɔa kɔmpiuta ŋuti dɔ. Ena mekpɔa dzidzɔ geɖe wu elabena dɔ sia menana metsia dzodzodzoe eye nu tena ɖe dzinye abe ale si wònɔ le dɔ si mewɔna tsã gome ene o. Eye vevietɔ wu la, mía kple Yehowa dome va le kplikplikpli wu.” Tɔtrɔ si Kristotɔ sia wɔ la na wòte ŋu ƒo eɖokui ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa me, eye wòle subɔsubɔm fifia le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le woƒe dukɔa me. Vavãe, Yehowa ƒe yayrae “wɔa ame kesinɔtɔ.”

17 Kpɔɖeŋu bubue nye esi ku ɖe nyɔnu aɖe si wonyi le ƒome aɖe si dea asixɔxɔ sukudede ŋu vevie la me ŋu. Ede yunivɛsiti le France, Mexico, kple Switzerland (Suisse) eye dɔwɔɖui nyui aɖe ƒe mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi nɛ. Egblɔ be: “Dzidzedzekpɔkpɔ ke eƒe abɔwo me nam; ŋkɔxɔxɔ kple mɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo dze yonyeme, gake le ememe la, nyemekpɔa dzidzɔ aɖeke kura o.” Emegbe eva srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu. Egblɔ be: “Esi menɔ ŋgɔyiyi wɔm le gbɔgbɔ me la, nye didi be madze Yehowa ŋu eye mawɔ nye ŋutete katã atsɔ aɖo nu siwo gbegbe wòwɔ nam la ƒe sue aɖe teƒe nɛ kpe ɖe ŋunye mekpɔ mɔ si dzi wòle be mato la dze sii—ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ.” Eɖe asi le mɔnukpɔkpɔ si ʋu ɖi nɛ la ŋu, eye eteƒe medidi o exɔ nyɔnyrɔ. Le ƒe 20 siwo va yi me la, ele ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm dzidzɔtɔe. Egblɔ be: “Ame aɖewo susuna be megblẽ suku kɔkɔ si mede la dome, gake wokpɔe dze sii be mekpɔa dzidzɔ, eye wokpɔa ŋudzedze ɖe gɔmeɖose siwo nu menɔa agbe ɖo la ŋu. Medoa gbe ɖa na Yehowa gbe sia gbe be wòakpe ɖe ŋunye mabɔbɔ ɖokuinye bene wòakpɔ ŋudzedze ɖe ŋunye.”

18. Abe Paulo ene la, aleke míate ŋu anye kesinɔtɔwo le Mawu ŋkume?

18 Hafi Saul nava zu apostolo Paulo la, agbemedɔ nyui aɖe ƒe mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi nɛ. Ke hã, eŋlɔ bena: “Mebu wo katã nu búbu le Kristo Yesu, nye Aƒetɔ nyanya, si ƒo wo katã ta la ŋuti.” (Filipitɔwo 3:7, 8) Paulo kpɔe be kesinɔnu siwo su ye si le Kristo nyanya me la ƒo nu sia nu si ate ŋu asu ye si le xexe sia me la ta. Nenema kee, ne míawo hã míegbe nu le ɖokuitɔdidi ƒe taɖodzinuwo gbɔ eye míeti mawusosroɖagbenɔnɔ yome la, míate ŋu anye kesinɔtɔwo le Mawu ŋkume. Mawu ƒe Nyaa na kakaɖedzi mí be: “Kesinɔnu, bubu kple agbe enye fetu tso ɖokuibɔbɔ kple Yehowa-vɔvɔ̃ me.”—Lododowo 22:4.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Kuxi kae dze ŋgɔ ŋutsu si le Yesu ƒe lododoa me?

• Nu ka tae woyɔ ŋutsu si le lododoa me be ame tsibome ɖo?

• Nu kae wòfia be woanye kesinɔtɔ le Mawu gome?

• Alekee míate ŋu azu kesinɔtɔ le Mawu ŋkume?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Nu ka tae woyɔ ŋutsu kesinɔtɔa be ame tsibome ɖo?

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Alekee amedodo ɖe ŋgɔ ƒe mɔnukpɔkpɔwo ate ŋu azu dodokpɔ ŋutɔŋutɔ na ame?

[Nɔnɔmetata si le axa 28, 29]

“Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ”