Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Nàwɔ Anye Gbɔgbɔmeme Vavãtɔ?

Aleke Nàwɔ Anye Gbɔgbɔmeme Vavãtɔ?

Aleke Nàwɔ Anye Gbɔgbɔmeme Vavãtɔ?

APOSTOLO Paulo ŋlɔ bena: “Ŋutilãnudidi la enye ku, ke gbɔgbɔnudidi la enye agbe kple ŋutifafa.” (Romatɔwo 8:6) Apostoloa to nya sia dzi ɖee fia be gbɔgbɔmemenyenye lɔ nu geɖe ɖe eme wu tiatia si dze ame ŋu wɔwɔ, alo ale si ame sena le eɖokui me ko. Agbe kple ku ƒe nyae wònye. Gake gɔmesese ka nue “agbe kple ŋutifafa” sua gbɔgbɔmeme si le? Le Biblia ƒe nya nu la, ame ma tɔgbi nɔa ŋutifafa me fifia—enɔa ŋutifafa me kple Mawu eye eƒe dzi dzea eme—eye axɔ yayra si nye agbe mavɔ le etsɔ me. (Romatɔwo 6:23; Filipitɔwo 4:7) Eya ta mewɔ nuku o be Yesu gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo.”—Mateo 5:3, NW.

Esi nèle magazine sia xlẽm fifi laa la, efia be ètsɔ ɖe le gbɔgbɔmenuwo me—eye esɔ nenema. Ke hã, gɔmesese vovovowoe le amewo si le nya sia ŋu, eya ta àdi be yease biabia siawo gɔme: ‘Nu kae nye gbɔgbɔmemenyenye vavãtɔ? Aleke ame wɔna nyea gbɔgbɔmeme?’

“Kristo Ƒe Tamesusu”

Tsɔ kpe ɖe asitɔtɔ gbɔgbɔmemenyenye ƒe vevienyenye kple viɖe siwo dona tso eme dzi ŋu la, apostolo Paulo gblɔ nya geɖe ku ɖe nu si nye gbɔgbɔmemenyenye vavãtɔ ŋu. Paulo ɖe vovototo si le ŋutilãmeme, si nye ame si nɔa agbe ɖe eƒe ŋutilã ƒe nudzodzrowo nu, kple gbɔgbɔmeme, si nye ame si léa fɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu, dome la me na Kristotɔ siwo nɔ blemadu Korinto me. Paulo ŋlɔ bena: “Ŋutilãmeme mexɔa Mawu ƒe gbɔgbɔ la ƒe nuwo o, elabena wonye bometsitsi nɛ.” Le go bubu me la, Paulo ɖe nu me be “Kristo ƒe tamesusu” nɔa gbɔgbɔmeme ya si.—Korintotɔwo I, 2:14-16, NW.

Nu si koŋ wòfia be “Kristo ƒe tamesusu” nanɔ ame sie nye be “tamesusu ƒe nɔnɔme si tututu nɔ Kristo Yesu si la” nanɔ ame si. (Romatɔwo 15:5, NW; Filipitɔwo 2:5) Efia be gbɔgbɔmeme bua nuwo ŋu abe ale si Yesu bua woe ene, eye wòdzea eƒe afɔtoƒewo yome. (Petro I, 2:21; 4:1) Zi ale si ame srɔ̃a Kristo ƒe tamesusu pɛpɛpɛ la, zi nenemae eƒe gbɔgbɔmemenyenye dea toe, eye zi nenema kee kakaɖedzi nɔa esi be “agbe kple ŋutifafa” asu ye si.—Romatɔwo 13:14.

Ale Si Nàwɔ Anya “Kristo Ƒe Tamesusu”

Hafi Kristo ƒe tamesusu nasu ame si la, ele be ame nanya nu si Kristo ƒe tamesusu nye gbã. Eya ta afɔ gbãtɔ si wòle be nàɖe hafi atu gbɔgbɔmemenyenye ɖoe nye be nànya ale si Yesu bua nu ŋu. Gake aleke nàwɔ anya ame aɖe si nɔ agbe ƒe 2,000 enye esia la ƒe tamesusu? Le kpɔɖeŋu me, aleke nèwɔna nyaa nu tso miaƒe dukɔa me ame vevi siwo nɔ anyi le blema ŋu? Ðewohĩ to nuxexlẽ tso wo ŋu mee. Nenema kee Yesu ƒe ŋutinya xexlẽ nye mɔ vevi aɖe si dzi nàto anya Kristo ƒe tamesusu.—Yohanes 17:3.

Le Yesu gome la, ŋutinyagbalẽ ene, siwo xexlẽ wɔa dɔ ɖe ame dzi li nàxlẽ, siwo nye, Nya Nyui Gbalẽ siwo Mateo, Marko, Luka, kple Yohanes ŋlɔ. Nuŋlɔɖi siawo xexlẽ tsitotsito akpe ɖe ŋuwò nàde dzesi ale si Yesu bua nu ŋu, eƒe seselelãme, kple nu si ʋãnɛ wòwɔa nu. Ne èdia ɣeyiɣi dea ŋugble le nu siwo nèxlẽna tso Yesu ŋu ŋuti la, àkpɔ ame si ƒomevi wònye la le wò susu me. Ne ènye Kristo yomedzela xoxo hã la, nuxexlẽ tso eŋu kple ŋugbledede alea akpe ɖe ŋuwò ‘nàyi edzi atsi le mía Aƒetɔ kple Xɔla Yesu Kristo ƒe amenuveve kple sidzedze la me.’—Petro II, 3:18.

Esi gɔmesese sia le susu me na wò la, na míadzro Nya Nyui Gbalẽawo ƒe akpa aɖewo me akpɔ nu si na Yesu nye gbɔgbɔmeme nenema gbegbe ɖa. Ne èle numedzodzro sia xlẽm la, bia ɖokuiwò ale si nàwɔ ate ŋu asrɔ̃ kpɔɖeŋu si wòɖo ɖi la.—Yohanes 13:15.

Gbɔgbɔmemenyenye Kple “Gbɔgbɔ Ƒe Kutsetse” La

Nya Nyui ŋlɔla Luka gblɔ be Mawu kɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe Yesu dzi le eƒe nyɔnyrɔxɔɣi, eye be Yesu ‘yɔ fũu kple gbɔgbɔ kɔkɔe la.’ (Luka 3:21, 22; 4:1) Yesu ŋutɔ hã te gbe ɖe ale si wòle vevie be ye yomedzelawo nana Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, alo dɔwɔŋusẽ la, nafia mɔ wo la dzi. (Mose I, 1:2; Luka 11:9-13) Nu ka tae esia le vevie nenema gbegbe ɖo? Elabena ŋusẽ le Mawu ƒe gbɔgbɔ la si be wòatrɔ ame ƒe tamesusu ale be wòate nuwo ŋu bubu abe Kristo ene. (Romatɔwo 12:1, 2) Gbɔgbɔ kɔkɔe la kpena ɖe ame ŋu wòɖea nɔnɔme nyuiwo abe “lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye, dɔmefafa, [kple] ɖokuidziɖuɖu” ene fiana. Nɔnɔme nyui siawo, siwo Biblia yɔ be “[gbɔgbɔa] ƒe kutsetse” la, dea dzesi gbɔgbɔmeme vavãtɔ. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Kpuie ko la, gbɔgbɔmeme nye ame si Mawu ƒe gbɔgbɔa fiaa mɔe.

Yesu ɖe gbɔgbɔa ƒe kutsetse fia le eƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi katã. Nɔnɔme nyui siwo nye lɔlɔ̃, dɔmekɔkɔ, kple dɔmenyonyo ɖe dzesi etɔxɛe le ale si wòwɔ nu ɖe ame siwo wobuna ame tsɛwoe ŋu me. (Mateo 9:36) Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble tso nudzɔdzɔ aɖe si ŋu apostolo Yohanes ŋlɔ nu tso ŋu kpɔ. Eŋlɔ bena: “Esi [Yesu le] eme tsom yina la, ekpɔ [ŋutsu] aɖe, si nye ŋkuagbãtɔ tso eƒe dzidzi me ke.” Yesu ƒe nusrɔ̃lawo hã kpɔ ŋutsua, gake woawo ya bui nu vɔ̃ wɔlae. Wobia Yesu be, “Ameka wɔ nuvɔ̃, amesia loo, alo eƒe dzilawo?” Ŋutsua ƒe aƒelikawo hã kpɔe, gake wobui nubialae. Wogblɔ be, “Ðe menye amesia nɔ anyi henɔa nu biam la o mahã?” Gake Yesu ya kpɔ ŋutsu ŋkuagbãtɔ sia be enye ame si hiã kpekpeɖeŋu. Eƒo nu kple ŋkuagbãtɔa heda gbe le eŋu.—Yohanes 9:1-8.

Nu kae nèsrɔ̃ le nudzɔdzɔ sia me ku ɖe Kristo ƒe tamesusu ŋu? Gbã la, Yesu meŋe aɖaba ƒu ame tsɛwo dzi o, ke boŋ ewɔ nu ɖe wo ŋu le veveseseɖeamenu me. Evelia, etsona le eɖokui si kpena ɖe amewo ŋu. Ðe nèkpɔe be yewɔa nu wòsɔna kple kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi la? Ðe nèbua amewo abe ale si Yesu bua wo ene, hekpena ɖe wo ŋu be woƒe agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi eye etsɔmemɔkpɔkpɔ nasu wo sia? Alo ɖe nèwɔa nu ɖe ame ŋukutawo ŋu nyuie heŋea aɖaba ƒua ame tsɛwo dzia? Ne èbua amewo abe ale si Yesu wɔnɛ ene la, ekema èle Yesu ƒe kpɔɖeŋua srɔ̃m nyateƒe.—Psalmo 72:12-14.

Gbɔgbɔmemenyenye Kple Gbedodoɖa

Nya Nyui Gbalẽawo me nuŋlɔɖiwo ɖee fia be Yesu doa gbe ɖa na Mawu edziedzi. (Marko 1:35; Luka 5:16; 22:41) Le Yesu ƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa me la, eɖonae koŋ dia ɣeyiɣi doa gbe ɖa. Nusrɔ̃la Mateo ŋlɔ bena: “Esi [Yesu ɖe] asi le amehawo ŋu vɔ la, eya ɖeka yi to la dzi be, yeado gbe ɖa.” (Mateo 14:23) Yesu kpɔ ŋusẽdodo geɖe le ɣeyiɣi siawo siwo me wòdo gbe ɖa na Fofoa si le dziƒo la me. (Mateo 26:36-44) Nenema kee egbea hã, ame siwo léa fɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu la dia ɣeyiɣi hedoa gbe ɖa na Mawu, elabena wonyae be esia ana yewo kple yewo Wɔla la dome ƒomedodoa me nasẽ ahakpe ɖe yewo ŋu be yewoƒe tamesusu nasɔ kple Kristo tɔ nyuie wu.

Zi geɖe la, Yesu doa gbe ɖa hena ɣeyiɣi didi ŋutɔ. (Yohanes 17:1-26) Le kpɔɖeŋu me, hafi Yesu natia ame 12 siwo ava nye eƒe apostolowo la, “edo go yi to la dzi be, yeado gbe ɖa, eye wòdɔ ŋu hele gbe dom ɖa na Mawu.” (Luka 6:12) Togbɔ be ame siwo léa fɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu la medoa gbe ɖa zã blibo katã kokoko o hã la, wosrɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋua. Hafi woawɔ nyametsotso veviwo le agbe me la, wodoa gbe ɖa na Mawu ɣeyiɣi didi, hebiaa gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiame bene woate ŋu awɔ tiatia siwo ana woƒe gbɔgbɔmemenyenye nanyo ɖe edzi.

Ale si Yesu doa gbe ɖa vevie heɖea eƒe seselelãmewo gblɔna la nye nu si wòle be míasrɔ̃. De dzesi nya si Luka ŋlɔ ku ɖe ale si Yesu do gbe ɖa le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me. “Le eƒe ʋiʋli me la edo gbe ɖa vevie gawu, eye wòva ve me bena, eƒe fifia le abe ʋukɔwo ene hele gegem ɖe anyigba toŋtoŋ.” (Luka 22:44) Togbɔ be Yesu do gbe ɖa vevie kpɔ hã la, le ɣeyiɣi sia si me wòdze ŋgɔ dodokpɔ sesẽtɔ kekeake le eƒe anyigbadzigbenɔnɔ me la, edo gbe ɖa “vevie gawu”—eye woɖo to eƒe gbedodoɖaa. (Hebritɔwo 5:7) Ame siwo léa fɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu la srɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋua. Ne wodze ŋgɔ dodokpɔ siwo nu sẽ ŋutɔ la, wodoa gbe ɖa na Mawu “vevie gawu” hebiaa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, mɔfiame, kple ŋusẽdodo.

Esi wònye be Yesu nye ame si doa gbe ɖa vevie ta la, mewɔ nuku o be eƒe nusrɔ̃lawo di be yewoasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua. Eya ta wobiae be: “Aƒetɔ, fia gbedodoɖa mí.” (Luka 11:1) Nenema kee egbea hã, ame siwo dea asixɔxɔ gbɔgbɔmenuwo ŋu hedina be Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nafia mɔ yewo la srɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋua le gbedodoɖa na Mawu me. Gbɔgbɔmemenyenye kple gbedodoɖa woyina asi le asi me.

Gbɔgbɔmemenyenye Kple Gbeƒãɖeɖe Nya Nyuia

Le Nya Nyui Gbalẽ si Marko ŋlɔ me la, eŋlɔ nu tso nudzɔdzɔ aɖe si me Yesu da dɔ na ame gbogbo aɖewo va se ɖe zãtiƒe ŋu. Esime wòfɔ fɔŋli heɖe eɖokui ɖe aga nɔ gbe dom ɖa la, eƒe apostoloawo va egbɔ gblɔ nɛ bena ame gbogbo aɖewo le edim, ɖewohĩ wodi be woada dɔ na yewo. Gake Yesu gblɔ na wo bena: “Mina ne míayi du bubuwo me, bena magblɔ nya le afima hã.” Eye wòɖe eme be: “Esia ta medo go ɖo.” (Marko 1:32-38; Luka 4:43) Togbɔ be dɔdada na amewo nɔ vevie na Yesu hã la, gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒeae nye eƒe dɔdeasi vevitɔ.—Marko 1:14, 15.

Egbea hã, gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea na amewo nana wodea dzesi ame siwo si Kristo ƒe tamesusu le. Yesu de se na ame siwo katã di be yewoadze eyome la be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, . . . miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la.” (Mateo 28:19, 20) Yesu gagblɔ ɖi hã be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” (Mateo 24:14) Esi wònye be Mawu ƒe Nya la ɖee fia be gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋusẽ mee wote ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa wɔm le ta la, gomekpɔkpɔ le dɔ ma wɔwɔ me dzonɔamemetɔe nye gbɔgbɔmemenyenye vavãtɔ ƒe dzesi.—Dɔwɔwɔwo 1:8.

Ehiã be ame miliɔn geɖe nawɔ nu aduadu le ɖekawɔwɔ me hafi woate ŋu aɖe gbeƒã Fiaɖuƒegbedeasia na amewo le xexea me katã. (Yohanes 17:20, 21) Menye ɖeko wòhiã be ame siwo le gbeƒãɖeɖedɔ sia wɔm nanye ame siwo léa fɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu o, ke ele hã be woawɔ ɖoɖo nyui ɖe dɔa ŋu le xexea me katã. Ðe nàte ŋu ade dzesi ame siwo dzea Kristo ƒe afɔtoƒewo yome heɖea gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia le xexea me katã?

Ðe Nèle Nu Siwo Hiã Bene Ame Nanye Gbɔgbɔmeme La Wɔma?

Le nyateƒe me la, nu bubuwo hã li siwo wotsɔ dea dzesi gbɔgbɔmeme vavãtɔ, gake ne ètsɔ esiwo me míedzro fifia sɔ kple ɖokuiwò ɖe, aleke wòle? Be nànya ale si wòle le gowò me la, bia ɖokuiwò be: ‘Ðe mexlẽa Mawu ƒe Nya, Biblia la, edziedzi hedea ŋugble le nu si mexlẽna ŋua? Ðe meɖea gbɔgbɔa ƒe kutsetsea fiana le nye agbenɔnɔ mea? Ðe medoa gbe ɖa veviea? Ðe medi be mawɔ ɖeka kple ame siwo le gbeƒã ɖem Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia le xexea me katã?’

Ðokuiwò me dzodzro anukwaretɔe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya ne nènye gbɔgbɔmeme vavã. Míele dzi dem ƒo na wò be nàwɔ afɔɖeɖe siwo hiã la fifia bene “agbe kple ŋutifafa” nanye tɔwò gome.—Romatɔwo 8:6; Mateo 7:13, 14; Petro II, 1:5-11.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

GBƆGBƆMEMENYENYE ƑE DZESIWO

◆ Mawu ƒe Nya la lɔlɔ̃

◆ Gbɔgbɔ ƒe kutsetsea ɖeɖe fia

◆ Gbedodoɖa na Mawu edziedzi tso dzi blibo me

◆ Gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia na amewo

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Biblia la akpe ɖe ŋuwò nànya “Kristo ƒe tamesusu”