Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Mikpɔ Nyuie Le Ŋukeklẽ Ƒomevi Ðe Sia Ðe Ŋuti’

‘Mikpɔ Nyuie Le Ŋukeklẽ Ƒomevi Ðe Sia Ðe Ŋuti’

‘Mikpɔ Nyuie Le Ŋukeklẽ Ƒomevi Ðe Sia Ðe Ŋuti’

“Ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.”—LUKA 12:15.

1, 2. (a) Nu kawo yome titi ŋue ame geɖe tsia dzi ɖo egbea? (b) Ŋusẽ kae woƒe nɔnɔme mawo ate ŋu akpɔ ɖe mía dzi?

GA, KESINƆNUWO, ŋkɔxɔxɔ, dɔ gãwo wɔwɔ, ƒome—nu siawo kple bubuwoe ame akpa gãtɔ buna be wonye dzidzedzekpɔkpɔ alo nana etsɔme nyui sua ame si. Edze ƒãa be le dukɔ deŋgɔwo kple dukɔ madeŋgɔwo siaa me la, kesinɔnuwo kple dzidzedzekpɔkpɔ yome titi ŋue ame geɖe tsia dzi ɖo vevie. Le go bubu me la, woƒe ɖetsɔtsɔ le gbɔgbɔmenuwo me ya le to yim—ne wotsɔa ɖe le wo me gɔ̃ hãe nye ema.

2 Ðeko wòle abe ale si tututu Biblia gblɔe ɖi ene be: “Le ŋkeke mamlɛawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava. Elabena ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, . . . amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu, amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la.” (Timoteo II, 3:1-5) Esi wònye be Kristotɔ vavãwo le ame siawo ƒomevi dome zã kple keli ta la, wodoa go nyaƒoɖeamenuwo atraɖii be woawo hã ƒe tamebubu kple agbenɔnɔ nasɔ kple ame mawo tɔ. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatsi tsitre ɖe agbagba si dzem xexea me le be ‘yeatrɔ mí ɖe eƒe nɔnɔme nu’ la ŋu?—Romatɔwo 12:2.

3. Yesu ƒe nuxlɔ̃amenya ka mee míadzro?

3 Yesu Kristo, si nye “xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula” la, na mɔfiame geɖewo mí le go sia me. (Hebritɔwo 12:2) Gbe ɖeka, esime Yesu nɔ gbɔgbɔmenuwo me ɖem na ameha aɖe la, ŋutsu aɖe va bia nane tsɔ tso dzeɖoɖoa me be: “Nufiala, gblɔ na nɔvinye be, wòamã domenyinyi la me kplim.” Le nyaa ŋuɖoɖo me la, Yesu xlɔ̃ nu ŋutsu sia, kpakple ame siwo katã nɔ afi ma la, ŋkubiãtɔe. Exlɔ̃ nu wo vevie ku ɖe ŋukeklẽ ŋu hewɔ kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi aɖe tsɔ te gbe ɖe edzi. Anyo be míadzro nya siwo Yesu gblɔ ɣemaɣi la me ahakpɔ ale si míawo hã míate ŋu atsɔ wo awɔ dɔe egbea le míaƒe agbe me.—Luka 12:13-21.

Nane Si Mesɔ O Biabia

4. Nu ka tae mesɔ be ŋutsu la tso dze si ɖom Yesu nɔ kple eƒe nusrɔ̃lawo la me o?

4 Hafi ŋutsua nava tso dzeɖoɖoa me la, Yesu nɔ nu ƒom na eƒe nusrɔ̃lawo kple ame bubuwo tso ale si woakpɔ nyuie le alakpanuwɔwɔ ŋu, ale si dzi anɔ wo ƒo woaʋu eme be yewowɔ ɖeka kple Amegbetɔvi la, kpakple ale si woawɔ axɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu la ŋuti. (Luka 12:1-12) Edze ƒãa be ehiã be nusrɔ̃lawo ƒe dzi naku ɖe nufiame vevi mawo ŋu bliboe. Ke hã, nufiame wɔdɔɖeamedzi mawo namee Yesu nɔ hafi ŋutsua va tso eme hebiae be wòakpe ɖe ye ŋu yeakpɔ nu si dze abe ƒometɔwo dome masɔmasɔ si ku ɖe ŋutilãmenuwo ŋu ene la gbɔ. Nufiame vevi aɖe le nudzɔdzɔ sia me na mí.

5. Nu kae nu si ŋutsua bia la ɖe fia le eŋu?

5 Agbalẽ aɖe gblɔ be “nu si ŋu ame ƒe susu kuna ɖo esime wòle mawusubɔsubɔ ŋuti ɖaŋuɖonyawo sem lae ɖea ame si ƒomevi wònye ŋutɔŋutɔ la fiana.” Anɔ eme be esime Yesu nɔ nu ƒom tso gbɔgbɔmenya veviwo ŋu la, ŋutsua ya nɔ ale si wòawɔ ŋutilãmeviɖewo nasu esi la ŋu bum. Womegblɔe ne etɔ dzɔ le se nu be woamã domenyinu la kplii o. Ðewohĩ esi wònya be amewo dea bubu Yesu ŋu eye ŋusẽ le esi tae wònɔ didim be wòade nu nyaa me na ye abe ʋɔnudrɔ̃la nyui ene. (Yesaya 11:3, 4; Mateo 22:16) Aleke kee wòɖale o, nu si wòbia la ɖee fia be, le ememe la, kuxi aɖe le eŋu—ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu mele eya amea me kura o. Ðe esia menye susu nyui si ta wòle be míadzro mía ɖokui me kpɔ oa? Le kpɔɖeŋu me, le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me la, ate ŋu adzɔ bɔbɔe be míaɖe mɔ míaƒe susu nanɔ tsaglãla tsam alo anɔ nu siwo míava wɔ emegbe la ŋu. Le ema teƒe la, ele be míana míaƒe susu katã naku ɖe nya siwo gblɔm wole ŋu, eye míade ŋugble tso ale si míate ŋu atsɔ wo ade dɔwɔwɔ me bene mía kple mía Fofo si le dziƒo, Yehowa Mawu, kpakple mía nɔvi Kristotɔwo dome ƒomedodoa naganyo ɖe edzi ŋu.—Psalmo 22:23; Marko 4:24.

6. Nu ka tae Yesu mewɔ ŋutsua ƒe biabiaa dzi nɛ o?

6 Nu ka kee ɖaʋã ŋutsua wòbia nya ma o, Yesu mewɔ eƒe biabiaa dzi nɛ o. Ke boŋ, Yesu gblɔ nɛ be: “[Ŋutsu,] amekae ɖom ʋɔnudrɔ̃la alo numãla ɖe mia dzi mahã?” (Luka 12:14) Le nya ma gbɔgblɔ me la, Yesu nɔ susu hem yi nane si le nyanya na ameawo nyuie la dzi, si nye be, le Mose ƒe Sea nu la, woɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe duwo me be woadrɔ̃ nya mawo ƒomevi. (Mose V, 16:18-20; 21:15-17; Rut 4:1, 2) Gake nane si le vevie wu ŋue Yesu ya tsi dzi ɖo—ɖaseɖiɖi tso Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒea ŋu kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu fiafia amewo. (Yohanes 18:37) Le Yesu ƒe kpɔɖeŋua sɔsrɔ̃ me la, míeɖea mɔ xexemenyawo hea míaƒe susu ɖa le dɔ vevitɔ dzi o, ke boŋ míezãa míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ le nunya me tsɔ ɖea gbeƒã nya nyuia ‘hewɔa dukɔwo katã me tɔwo ne woanye nusrɔ̃lawo.’—Mateo 24:14; 28:19.

Mikpɔ Nyuie Le Ŋukeklẽ Ŋuti

7. Nya kae Yesu gblɔ si kpe ɖe mía ŋu míese nu si ʋã ŋutsua wòbia nyaa gɔme?

7 Esi ŋutete le Yesu si be wòade dzesi ame ƒe dzimesusuwo ta la, ede dzesi nɔnɔme gbegblẽ aɖe si nye ŋkubiãnya le ŋutsua me, si wɔe be wòbia Yesu be wòade nu yewoƒe ƒomenyaa me ɖo. Eya ta le esi Yesu nagbe eƒe biabiaa dzi wɔwɔ nɛ ko teƒe la, eɖe nu si tututu ʋã ŋutsua wòbia nyaa la ɖe go esime wògblɔ be: “Mikpɔ nyuie, eye milé be na mia ɖokui le ŋukeklẽ [ƒomevi ɖe sia ɖe, NW] ŋuti; elabena ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.”—Luka 12:15.

8. Nu kae nye ŋukeklẽ, eye afi kae wòate ŋu akplɔ ame yii?

8 Ŋukeklẽ nye nu si de ŋgɔ wu didi be ga alo nane si ame hiã ŋutɔŋutɔ la nasu esi ko. Enye “didi vevie be kesinɔnu alo nunɔamesiwo alo ame bubu aɖe ƒe nu nasu ye si.” Ate ŋu anye nu ƒe kɔmaɖimaɖiname ƒe didi vevie be nuwo nasu ame si—nu siwo nye ame bubu tɔ gɔ̃ hã—ne wòanye be wole ye si ta ko, nuawo ɖahiãe alo meɖahiãe o, alo ale si wòakpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzi ŋu mabumabui. Ŋuklẽla ɖea mɔ nu si dim wòle la va kpɔa ŋusẽ ɖe eƒe tamesusu kple nuwɔnawo dzi ale gbegbe be wòva zua eƒe mawu. Ðo ŋku edzi be apostolo Paulo tsɔ ŋuklẽla sɔ kple trɔ̃subɔla, si domenyinyi aɖeke meli na le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me o.—Efesotɔwo 5:5; Kolosetɔwo 3:5.

9. Mɔ kawo nue ŋukeklẽ ate ŋu adze le? Gblɔ woƒe kpɔɖeŋu aɖewo.

9 Mewɔ nuku o be Yesu xlɔ̃ nu ku ɖe “ŋukeklẽ ƒomevi ɖe sia ɖe ŋu.” Ŋukeklẽ ƒomevi vovovowoe li. Se Ewoawo dometɔ mamlɛtɔ yɔ wo dometɔ aɖewo esime wògblɔ be: “Megabiã ŋu ɖe hawòvi ƒe aƒe dzi o. Megabiã ŋu ɖe hawòvi srɔ̃, eƒe dɔlaŋutsu alo eƒe dɔlanyɔnu, eƒe nyi alo eƒe tedzi, alo nusianu, si nye hawòvi tɔ la ƒe ɖeke dzi o.” (Mose II, 20:17) Ame vovovo siwo wɔ nu vɔ̃ gãwo le esi ŋukeklẽ ƒomevi aɖe ƒe mɔ̃ ɖe wo ta la ŋuti nuŋlɔɖiwo le Biblia me fũu. Satanae nye ame gbãtɔ si biã ŋu nu si nye ame bubu tɔ—ŋutikɔkɔe, bubu kple ŋusẽ si nye Yehowa ɖeka kolia tɔ la. (Nyaɖeɖefia 4:11) Woble Xawa wòbiã ŋu ɖokuisinɔnɔ ƒe gomenɔamesi, eye esia kplɔ amegbetɔƒomea de nu vɔ̃ kple ku me. (Mose I, 3:4-7) Mawudɔla siwo megava kpɔ ŋudzedze ɖe woƒe dɔdeasiwo ŋu o la ‘gblẽ woawo ŋutɔwo ƒe nɔƒewo ɖi’ heti nu si womedze na o la yome si na wozu gbɔgbɔ vɔ̃wo. (Yuda 6; Mose I, 6:2) De ŋugble tso Bileam, Axan, Gexazi, kple Yuda ƒe ŋutinyaawo hã ŋu kpɔ. Le esi teƒe be woakpɔ ŋudzedze ɖe nu si le wo si le agbe me ŋu la, woɖe mɔ didi vevie be nunɔamesiwo nasu yewo si na wozã woƒe ŋusẽ alo agbanɔamedzinɔƒe le mɔ gbegblẽ nu, si he gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ va wo dzi.

10. Nu kae Yesu ƒe nuxlɔ̃amenya si nye “mikpɔ nyuie” fia?

10 Esɔ ŋutɔ be hafi Yesu naxlɔ̃ nu tso ŋukeklẽ ŋu la, egblɔ be “mikpɔ nyuie” si gɔme woagate ŋu aɖe be “mike ŋku ɖi.” (NW) Nu ka tae? Elabena ele bɔbɔe ŋutɔ be woakpɔe be ame aɖe le ŋu klẽm alo le ŋu biãm, gake esesẽna ŋutɔ be ame ŋutɔ nalɔ̃ ɖe edzi be yeɖi fɔ le go sia me. Ke hã, de dzesii be apostolo Paulo gblɔ be “nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃.” (Timoteo I, 6:9, 10) Nusrɔ̃la Yakobo ɖe nu me be ne nudzodzro vɔ̃ la “fɔ fu la, edzia nuvɔ̃.” (Yakobo 1:15) Le ɖekawɔwɔ me kple Yesu ƒe nuxlɔ̃amea la, ele be “míake ŋku ɖi,” menye be míanɔ ŋku lém ɖe ame bubuwo ŋu be míanya ne wonye ŋuklẽlawo hã o, ke boŋ be míadzro mía ɖokuiwo me akpɔ be nu ka ŋue míaƒe dzi ku ɖo hã, bene “míanɔ ŋudzɔ ɖe ŋukeklẽ ƒomevi ɖe sia ɖe ŋu.”

Nukpɔkpɔ Vivivo

11, 12. (a) Nuxlɔ̃amenya kae Yesu gblɔ ku ɖe ŋukeklẽ ŋu? (b) Nu ka tae wòle be míawɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃amenyaa dzi?

11 Susu bubu aɖe hã gali si tae wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖe ŋukeklẽ ŋu ɖo. De dzesi nu si Yesu gblɔ kplɔe ɖo, be: “Elabena ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.” (Luka 12:15) Esi míele nunɔamesiwo didi vivivo ƒe ɣeyiɣi me, eye amewo gblɔna be nu geɖe ƒe ame si nɔnɔ ye nana wokpɔa dzidzɔ, eye be emae nye dzidzedzekpɔkpɔ ta la, ele be míade ŋugble le nya sia ŋu vevie. Yesu to nya sia dzi le eɖem fia be nudzedziname ŋutɔŋutɔ kple agbenɔnɔ si me dzidzeme le menɔa te ɖe ŋutilãmenunɔamesiwo alo ale si gbegbe nu le ame si dzi o.

12 Gake ame aɖewo malɔ̃ ɖe nya sia dzi o. Woate ŋu agblɔ be ŋutilãmenunɔamesiwo nana be ame nɔa agbe le dziɖeɖi kple dzidzɔ geɖe wu me, eye be esia le vevie. Eya ta woƒoa wo ɖokui ɖe dɔwɔwɔ me vevie be yewoate ŋu akpɔ ga geɖe aƒle nu nyuiwo kple mɔ̃ yeye ɖe sia ɖe si le tsia dzi, si nya dzro wo ko. Wosusu be esiae nye nudzedziname ƒe agbe. Gake nuŋububu nenema na be womekpɔa nu si Yesu wɔnɛ la dzea sii o.

13. Nukpɔsusu si da sɔ kae wòle be wòanɔ mía si ku ɖe agbe kple nunɔamesiwo ŋu?

13 Le esi Yesu nagblɔe nenye be nu geɖe ƒe ame si nɔnɔ nyo alo menyo o teƒe la, ɖe wòte gbe ɖe edzi boŋ be ame ƒe agbe menɔa “eƒe nukpɔkpɔ vivivo,” alo nu gbogbo siwo le esi la, me o. Mí katã míenya be nu ʋɛ aɖewo koe míehiã be míanɔ agbe alo alé agbea ɖe te, ɛ̃, míehiã nu gbogbo aɖeke o. Nu siwo ko míehiãe nye nuɖuɖu, nudodo, kple afi si míaziɔ ta ɖo. Nu siawo sɔ gbɔ ɖe gatɔwo si fũu, evɔ ele na ame dahewo ya be woadagba be nu si wohiã nasu wo si. Gake togbɔ be edzɔna alea hã la, nu ɖeka koe dzɔna ɖe wo katã dzi ne woku—nu sia nu nu yina. (Nyagblɔla 9:5, 6) Eya ta be gɔmesese kple asixɔxɔ nanɔ míaƒe agbe ŋu la, mate ŋu aku ɖe nu siwo ga ate ŋu aƒle alo nu siwo asu mía si ɖeɖe ko ŋu o, eye mele be wòanɔ nenema hã o. Nya sia me akɔ na mí nyuie ne míedzro nu me ku ɖe agbe si ƒomevi ŋu Yesu nɔ nu ƒom tsoe ŋu.

14. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nya si wozã na “agbe” le Luka ƒe nuŋlɔɖi sia me la me?

14 Esime Yesu gblɔ be “agbe menɔa nukpɔkpɔ vivivo me o” la, nya si wozã na “agbe” (Helagbe, zo·eʹ) le Luka ƒe Nya Nyui Gbalẽa me le afi sia meku ɖe ale si ame nɔa agbee ŋu o, ke boŋ agbe si míele ŋue wòku ɖo. * Yesu nɔ gbɔgblɔm be míeɖanye gatɔ alo ame dahe o, nu geɖe fũu ɖale mía si alo bebli hafi míekpɔa nu ɖuna o, míate ŋu awɔ naneke le ɣeyiɣi didi si míanɔ agbee ŋu o; eye míanya ne míanɔ agbe etsɔ ƒe ŋu si ake kura gɔ̃ hã o. Yesu gblɔ le eƒe Todzimawunyaa me be: “Amekae le mia dome, ne ele fu ɖem na eɖokui la, wòate ŋu atsɔ abɔ ɖeka akpe ɖe eƒe agbenɔɣi ŋu mahã?” (Mateo 6:27) Biblia gblɔe eme kɔ nyuie be Yehowa ɖeɖe koe nye “agbedzɔƒe,” eye eya ɖeɖe koe ate ŋu ana “agbe vavã la,” alo “agbe mavɔ,” agbe si nuwuwu manɔe na o la nuteƒewɔlawo, eɖanye le dziƒo loo, alo le anyigba dzi o.—Psalmo 36:10; Timoteo I, 6:12, 19.

15. Nu ka tae ame geɖe tsɔa woƒe dzi kuna ɖe ŋutilãmenunɔamesiwo ŋu?

15 Yesu ƒe nyawo ɖe ale si gbegbe wòle bɔbɔe be nukpɔsusu totro nasu amewo si ku ɖe agbea ŋu la fia. Kesinɔtɔwo kple ame dahewo siaa nye ame madeblibowo, eye nu ɖeka tɔgbie dzɔna ɖe wo katã dzi. Mose si nɔ anyi le blema la de dzesii be: “Míaƒe agbenɔƒewo nye ƒe blaadre, ne ede ƒã la, ƒe blanyi, eye fuɖename kple hiã nye wo adegbeƒonu; elabena wova yi kabakaba, eye míedzo.” (Psalmo 90:10; Hiob 14:1, 2; Petro I, 1:24) Susu sia tae “minɛ míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ míele kuku ge!” ƒe nukpɔsusu si ŋu apostolo Paulo ƒo nu tsoe la nɔa ame siwo mele ƒomedodo nyui aɖeke me kple Mawu o la si ɖo. (Korintotɔwo I, 15:32) Esi ame bubuwo kpɔe be amegbetɔ ƒe agbenɔɣi le kpuie ŋutɔ eye fuɖename geɖe le eme ta la, wosusuna be yewoanɔ dedie ahaɖe dzi ɖi ne yewodze agbagba ŋutilãmenu geɖe su yewo si. Wosusui be ne nu ŋutɔŋutɔ siwo wokpɔna kple ŋku sɔ gbɔ ɖe yewo si la, ana kakaɖedzi nanɔ yewoƒe agbe ŋu. Eya ta wowɔa dɔ sesĩe bene yewoaƒo kesinɔnuwo kple nunɔamesi geɖe nu ƒu, hebuna vodadatɔe be nu mawo ana yewoanɔ dedie ahakpɔ dzidzɔ.—Psalmo 49:7, 12, 13.

Dedienɔnɔ Le Etsɔme

16. Nu ka dzie asixɔxɔ ŋutɔŋutɔ si le agbea ŋu menɔ te ɖo o?

16 Enye nyateƒe be agbe kɔkɔ nɔnɔ—nuɖuɖu, nudodo, aƒe, kple kesinɔnu bubu, geɖe ƒe ame si nɔnɔ—ate ŋu ana ame naɖe dzi ɖi le agbe me alo ana be woazã atikewɔwɔmɔnu nyuitɔwo nɛ ne edze dɔ, bene ƒe ʋɛ aɖewo nagadze eƒe agbenɔƒewo dzi. Gake ɖe gɔmesese ŋutɔŋutɔ nɔa agbe sia ƒomevi nɔnɔ ŋu eye wònana wonɔa dedie ŋutɔŋutɔa? Menye ƒe ale si nu ame aɖe anɔ agbe alo nu agbɔsɔsɔme si anɔ esi, alo nu siwo gbegbe wòzãna dzie asixɔxɔ si le agbea ŋu nɔ te ɖo o. Apostolo Paulo tɔ asi afɔku si le ŋuɖoɖo ɖe nu mawo ƒomevi ŋu akpa me dzi. Eŋlɔ na Timoteo be: “De se na xexe sia me kesinɔtɔwo bena, woagado wo ɖokui ɖe dzi glodzo o, eye womagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o; ke boŋ ɖe Mawu gbagbe, si tsɔ nuwo katã na mí fũ be, míawɔ wo ŋuti dɔ la dzi.”—Timoteo I, 6:17.

17, 18. (a) Kpɔɖeŋu kawoe ku ɖe ŋutilãmenunɔamesiwo ŋu siwo wòanyo be míasrɔ̃? (b) Yesu ƒe lododo ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

17 Nunya mele eme be ame natsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ aɖo kesinɔnuwo dzi o, elabena ‘womenɔa anyi ɖaa o.’ Kesinɔnu geɖe nɔ blemafofo Hiob si, gake esi afɔku va ɖi ɖee la, eƒe kesinɔnuawo mete ŋu xɔ nɛ o; gbe ɖeka kple eƒe zãdodo la, nu mawo katã nu yi. Ƒomedodo sẽŋu si me wònɔ kple Mawue kpɔ eta wòte ŋu do le dodokpɔawo kple xaxawo me. (Hiob 1:1, 3, 20-22) Abraham mena eƒe ŋutilãmenunɔamesiwo xe mɔ nɛ be wòaxɔ dɔ sesẽ si Yehowa de esi la o, eye woyrae wòva zu “dukɔ geɖewo fofo.” (Mose I, 12:1, 4; 17:4-6) Enyo be míasrɔ̃ kpɔɖeŋu siawo kple bubuwo. Míeɖanye sɔhɛwo alo ame tsitsiwo o, ehiã be míadzro mía ɖokuiwo me kpɔ bene míanya nu si le vevie na mí le agbe me ŋutɔŋutɔ, kple nu si dzi míedaa míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo.—Efesotɔwo 5:10; Filipitɔwo 1:10.

18 Gɔmesese geɖe le nya ʋɛ siawo siwo Yesu gblɔ ku ɖe ŋukeklẽ kple nukpɔsusu nyuitɔ si wòle be wòanɔ ame si ku ɖe agbea ŋu la ŋu, eye nufiame le eme vavã. Gake nu bubu aɖe hã nɔ susu me na Yesu, eye wòyi edzi do lo, alo wɔ kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi aɖe tso kesinɔtɔ bometsila aɖe ŋu. Alekee míate ŋu awɔ lododo ma me nyawo ŋu dɔ le egbeŋkekeawo me, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eme? Nyati si kplɔe ɖo aɖo biabia siawo ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 14 Helagbe me nya bubu si gɔme woɖena be “agbe” lae nye biʹos, si me nya siwo nye agbemeŋutinya kple agbe ŋuti nunya tso. Le nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ƒe nya nu la, biʹos kuna ɖe “agbenɔɣi alo ɣeyiɣi didi si ame nɔ agbe,” “ale si wonɔa agbeae,” kple “gɔmesese si le agbea ŋu” la ŋu.—Vine’s Expository Dictionary of Old and New Testament Words.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu kae míate ŋu asrɔ̃ le Yesu ƒe gbegbe be yemawɔ ŋutsu aɖe ƒe biabia dzi nɛ o la me?

• Nu ka tae wòle be míakpɔ nyuie le ŋukeklẽ ŋu, eye aleke míate ŋu awɔ esiae?

• Nu ka tae agbe menɔa te ɖe ŋutilãmenunɔamesiwo dzi o?

• Nu kae ate ŋu ana asixɔxɔ kple dedienɔnɔ ŋutɔŋutɔ nanɔ ame ƒe agbe ŋu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Nu ka tae Yesu gbe ŋutsu aɖe ƒe biabia dzi wɔwɔ nɛ?

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ŋukeklẽ ate ŋu akplɔ ame ade gbegblẽ me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]

Alekee Abraham ɖe nukpɔsusu nyuitɔ si wòle be wòanɔ ame si ku ɖe ŋutilãmenunɔamesiwo ŋu la fiae?