Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Togbɔ be Fia Saul dɔ woɖayɔ Dawid wòva nye eƒe adekplɔvi hã la, nu ka tae wògabia Dawid be, “Ameka vi nènye?” esime Dawid wu Goliat vɔ megbe?—Samuel I, 16:22; 17:58.

Ŋuɖoɖo bɔbɔe si ate ŋu ava susu me na amee nye be Saul ŋlɔ Dawid be, le esi woƒe gododo gbãtɔa nɔ kpuie ta. Gake mate ŋu anɔ alea o, elabena nuŋlɔɖi si le Samuel I, 16:18-23 la ɖee fia be, Fia Saul ŋutɔe dɔ woɖakplɔ Dawid vae nɛ, eye eƒe nu nyo eŋu ŋutɔ, eye wòna wòzu eƒe adekplɔvi gɔ̃ hã. Eya ta anɔ eme be Saul nya Dawid nyuie.

Biblia ŋuti nunyala aɖewo susui be ɖee wova ŋlɔ Samuel I, 17:12-31 kple 17:55–18:5 me nyawo kpee emegbe, elabena mawunyakpukpui siawo medze le Helagbe me Septuagint (Septante) la, si nye Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖeɖe si nu wowu le ƒe alafa evelia D.M.Ŋ. me, ƒe kɔpi aɖewo me o. Gake nunya mele eme be míanɔ te ɖe Septuagint la ƒe kɔpi siawo ɖeɖe ko dzi aƒo nya ta nenema o, elabena ŋɔŋlɔ mawo dze le Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ bubu siwo ŋu kakaɖedzi le la me. *

Esi Saul bia nya sia Abner eye emegbe wòbia Dawid ŋutɔ hã ta la, edze ƒãa be menye Dawid fofo ŋkɔ koe Saul di be yeanya o. Esi Saul kpɔ ame si ƒomevi Dawid nye, eƒe xɔse sesẽ la kple dzinɔameƒo teƒe, le esi wòwu Goliat vɔ megbe la, Saul di be yeanya ame si ƒomevie nyi ɖekakpui sia. Saul anya di be yeatsɔ Dawid fofo, Isai, alo eƒe ƒometɔ bubuwo akpe ɖe yeƒe asrafowo ŋu, elabena dzinɔameƒo kple kalẽwɔwɔ si tɔgbi Dawid ɖe fia anya nɔ woawo hã me.

Togbɔ be Dawid ƒe ŋuɖoɖo kpui si wòna Saul be, “Wò dɔla Betlexemtɔ Isai ƒe vi menye” la koe dze le Samuel I, 17:58 me nyawo me hã la, nya siwo kplɔe ɖo ɖee fia be woanya ɖo dze yi ŋgɔ wu ema. Kpɔ nya si C. F. Keil kple F. Delitzsch gblɔ ku ɖe nya sia ŋu ɖa. Wogblɔ be: “Edze le nya sia, [si le Samuel I, 18:1] si nye, ‘Esi wòƒo nu kple Saul vɔ la,’ me ƒãa be, Saul ɖo dze kplii yi ŋgɔ ku ɖe eƒe ƒomea ŋu, elabena nya siawo ɖee fia be woɖo dze didi aɖe.”

Ne míebu nya siawo katã ŋu la, míate ŋu aƒo nya ta be, esi Saul bia be, “Ðekakpui, ameka vi nènye?” la, menye ame si ƒe vi Dawid nye dim wònɔ be yeanya o, elabena enyae xoxo. Ke boŋ ɖe wònɔ didim be yeanya nu geɖe wu tso ƒome si me Dawid tso ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Kpɔ Insight on the Scriptures, Babla 2, axa 855 (Étude perspicace des Écritures, Babla 2, axa 885-6) nàxlẽ nu tso akpa siwo bu le Septuagint la me ƒe nu vavã nyenye ŋu. Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Nu ka tae Saul bia Dawid be ame ka vie wònye hã?