Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Vidada Aɖe Ƒe Xɔse Na Wònɔ Te Sesĩe Le Afɔku Me

Vidada Aɖe Ƒe Xɔse Na Wònɔ Te Sesĩe Le Afɔku Me

Vidada Aɖe Ƒe Xɔse Na Wònɔ Te Sesĩe Le Afɔku Me

“Ne miele lɛta sia xlẽm la, efia be nyemetsi agbe le dɔ si wowɔ nam la me o, eye nyemegali kpli mi o.”

NYA siawoe vidada Kristotɔ aɖe, si ŋkɔe nye Carmen, tsɔ dze lɛta si wòŋlɔ na via nyɔnuvi etɔ̃ siwo xɔ ƒe 25, 19, kple 16 la gɔme. Esime wonɔ dɔ wɔm nɛ la, nuwo meva yi nyuie o, eye nublanuitɔe la, Carmen trɔ megbe.

Agbã dzi na ame sia ame godoo be wòagblẽ via nyɔnuvi etɔ̃ ɖi le nɔnɔme sesẽ sia me. Ke hã, ale si vidada sia xɔ Yehowa kple eƒe ŋugbedodowo dzi se la nu sẽ ale gbegbe be wòte ŋu nɔ te sesĩe le afɔku sia me, si na be eƒe dziɖeɖi dze ƒãa le nyagbe wɔdɔɖeamedzi siwo wòzã le lɛtaa me la me. Nya siwo wòŋlɔ na viawoe nye esi gbɔna.

“Gbã la, medi be magblɔ na mi be melɔ̃ mi kple dzi blibo. . . . Vinyɔnu nyuitɔwo kekeke si vidada ɖe sia ɖe adi be woanɔ ye sie mienye, eye metsɔa mi ƒoa adegbee.

“Nye didi wònye be manɔ mia gbɔ va se ɖe esime xexe yeye si ŋugbe Mawu do la na va . . . , gake esi mate ŋu anɔ alea o ta la, meɖe kuku nɛ be wòakpe ɖe mia ŋu bene miate ŋu awɔ nuteƒe, abe ale si miele ewɔm xoxo ene. Mía kple mi mieto tetekpɔ geɖewo me, eye Yehowa megblẽ mí ɖi kpɔ gbeɖe o. . . . Eya ta miyi edzi miaɖo ŋu ɖe mɔfiame siwo wònana to eƒe habɔbɔa dzi la ŋu, eye miyi edzi mianɔ asi kpem ɖe hamea kple hamemetsitsiawo ŋu. Miyi edzi mianɔ gbeƒã ɖem edziedzi ale si miate ŋui, eye milɔ̃ nɔviawo katã.

“Ɣeyiɣi kpui aɖe koe míaƒe kaklãa axɔ. . . . Meɖe kuku na mi be miatsɔ vodada siwo katã mewɔ ɖe mia ŋu, kple ɣesiaɣi si nyemese nu gɔme na mi, alo gblɔ ale si gbegbe melɔ̃ mii na mi o la kem. . . . Menyae be mia dometɔ ɖe sia ɖe ƒe nuhiahiãwo le vovovo. Esia le nyanya na Yehowa nyuie wu miawo ŋutɔwo gɔ̃ hã, eye ana nu ɖe sia ɖe si miehiã la mi ahaɖo miaƒe dzidodowo katã teƒe na mi.

“Miaƒe ŋku megadzo le miaƒe taɖodzinua, si nye agbenɔnɔ le xexe yeyea me, dzi o, eye miyi edzi mianɔ ʋiʋlim sesĩe be miaƒe asi nasu edzi. Yehowa neyra mi, eye wòado ŋusẽ mi be miawɔ nuteƒe ɖase ɖe nuwuwu. . . . Vinye lɔlɔ̃awo, migalé blanui o. Melɔ̃ mi vevie!”

Afɔku ate ŋu adzɔ ɖe ame sia ame dzi le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me. Fia Salomo, si nɔ anyi le blema, ŋlɔ bena: “Azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.” (Nyagblɔla 9:11) Gake kakaɖedzi ate ŋu anɔ ame siwo xɔ Mawu dzi se vevie la si abe Paulo ene, ame si gblɔ be: “Menyae keŋ bena, eɖanye ku o, eɖanye agbe o; . . . alo nuwɔwɔ bubu aɖe o, mate ŋu amã mí atso Mawu ƒe lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me la gbɔ o.”—Romatɔwo 8:38, 39; Hebritɔwo 6:10.