Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe Nya Vevi Siwo Tso Xezekiel Ƒe Agbalẽa Me—II

Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe Nya Vevi Siwo Tso Xezekiel Ƒe Agbalẽa Me—II

Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Xezekiel Ƒe Agbalẽa Me—II

ƑE 609 D.M.Ŋ. ƒe December mee. Babilon fia la te toɖeɖe ɖe Yerusalem ŋu zi mamlɛtɔ. Le ɣeyiɣi siwo do ŋgɔ me la, nu ɖeka ŋu koe gbedeasi si gblɔm Xezekiel nɔ na aboyome siwo le Babilon la ku ɖo: woƒe du malɔ̃nugbɔa, Yerusalem, ƒe anyidzedze kple tsɔtsrɔ̃. Gake azɔ la, Xezekiel ƒe nyagblɔɖiawo me nyawo ku ɖe trɔ̃subɔdukɔ siwo akpɔ dzidzɔ ɖe Mawu ƒe amewo ƒe anyidzedze ŋu la ŋu. Ɣleti 18 megbe, esime wotsrɔ̃ Yerusalem vɔ la, nu bubu ŋue Xezekiel ƒe gbedeasia gaku ɖo: tadedeagu vavãtɔ gbugbɔɖoanyi le atsyɔ̃ɖoɖo me.

Ðukɔ siwo ƒo xlã Israel kpakple Mawu ƒe amewo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋutie nyagblɔɖinya siwo le Xezekiel 25:1–48:35 ku ɖo. * Ta ɖe sia ɖe me nyawo ku ɖe nyati aɖe koŋ ŋu hele ɣeyiɣi ƒe ɖoɖo si me nuawo dzɔ le la nu, negbe kpukpui ene siwo nye Xezekiel 29:17-20 me nyawo koe mele ɣiyiɣi ƒe ɖoɖo nu o. Esi Xezekiel ƒe agbalẽa nye Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me dometɔ ɖeka ta la, emenyawo ‘le agbe eye wosẽa ŋu.’—Hebritɔwo 4:12.

‘ANYIGBA LA AZU ABE EDEN-BƆ ENE’

(Xezekiel 25:1–39:29)

Esi Yehowa nya ale si dukɔ siwo nye Amon, Moab, Edom, Filisti, Tiro, kple Zidon awɔ nu ɖe Yerusalem ƒe anyidzedze ŋu do ŋgɔ ta la, ena Xezekiel gblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu. Woaha Egipte. Wotsɔ “Egipte-fia Farao kple eƒe ame gbogboawo” sɔ kple sederti si woatsɔ “Babel-fia ƒe yi” alã ƒu anyi.—Xezekiel 31:2, 3, 12; 32:11, 12.

Esi wotsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 607 D.M.Ŋ. me vɔ ƒe ɣleti ade megbe la, sisila aɖe va gblɔ na Xezekiel be: “Wosi du la!” Azɔ, nyagblɔɖilaa te nuƒoƒo na aboyomeawo. (Xezekiel 33:21, 22) Gbugbɔgaɖoanyi ŋuti nyawo le Xezekiel si wòagblɔ ɖi. Yehowa ‘aɖo kplɔla ɖeka kolia, si nye eƒe dɔla Dawid la, wo nu.’ (Xezekiel 34:23) Edom azu aƒedo, gake Yuda ya azu “abe Eden-bɔ ene.” (Xezekiel 36:35) Yehowa do ŋugbe be yeakpɔ yeƒe ame siwo trɔ gbɔ la ta tso “Gog” ƒe amedzidzedzea me.—Xezekiel 38:2.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

29:8-12—Ɣekaɣie Egipte zu aƒedo hena ƒe 40? Esi wotsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 607 D.M.Ŋ. me vɔ megbe la, Yudatɔ susɔeawo si yi Egipte togbɔ be Yeremya xlɔ̃ nu wo be woagayi o hã. (Yeremya 24:1, 8-10; 42:7-22) Woƒe sisi yi afi ma mekpɔ wo ta o, alebena Nebukadnezar va dze Egipte dzi heɖu edzi. Anɔ eme be Egipte ƒe aƒedozuzu hena ƒe 40 la va eme le nudzɔdzɔ sia megbe. Togbɔ be womekpɔ kpeɖodzi aɖeke le dukɔwo ƒe ŋutinyawo ŋuti nuŋlɔɖiwo me ku ɖe aƒedozuzu sia ŋu o hã la, míate ŋu aka ɖe edzi be eva eme, elabena Yehowa nye Ame si nana eƒe nyagblɔɖiwo vaa eme.—Yesaya 55:11.

29:18—Aleke ‘tawo katã bebe, eye abɔtawo ɖe boe’? Toɖeɖe ɖe Tiro, si gbɔ didi tso ƒuta, ŋu bia dɔ sesẽ wɔwɔ ale gbegbe be ena Nebukadnezar ƒe aʋakɔwo ƒe tawo bebe le esi woƒe gakukuwo nɔ woƒe tawo ŋu lilim ta, eye woƒe abɔtawo ɖe bo le esi wonɔ xɔtunuwo tsɔm hena mɔ̃ sesẽwo tutu ta.—Xezekiel 26:7-12.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

29:19, 20. Esi wònye be Tirotɔwo tsɔ woƒe kesinɔnu geɖeawo si yi woƒe du siwo gbɔ didi me ta la, aboyonu ʋɛ aɖewo ko Fia Nebukadnezar kpɔ tso Tiro dzi dzedze me. Togbɔ be dziɖula trɔ̃subɔla dadala ɖokuitɔdilae Nebukadnezar nye hã la, Yehowa na wòha Egipte wònye “fetu na eƒe aʋakɔ” ɖe dɔ si wòwɔ la ta. Ðe mele be míasrɔ̃ Mawu vavã la le adzɔxexe na dziɖuɖuwo me le dɔ siwo wowɔna ɖe mía ta la ta oa? Aleke kee dziɖuɖuwo wɔa nui o, eye mɔ ka ke nue wozãa adzɔ siawo le o, meɖe adzɔxexe ƒe agbanɔamedzi sia ɖa le mía dzi o.—Romatɔwo 13:4-7.

33:7-9. Mele be egbegbegbetakpɔla ƒe haa—amesiamina susɔeawo—kple woƒe zɔhɛwo nadzudzɔ gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la kple nuxɔxlɔ̃ amewo ku ɖe “xaxa gã” si gbɔna ŋuti gbeɖe o.—Mateo 24:21.

33:10-20. Míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ nɔ te ɖe asiɖeɖe le vɔ̃ ŋu kple Mawu ƒe nudidiwo dzi wɔwɔ dzi. Le nyateƒe me la, Yehowa ƒe nuwɔnawo le “eteƒe.”

36:20, 21. Esi Israel viwo menɔ agbe abe ale si wonyawoe, abe ‘Yehowa ƒe dukɔ’ ene o ta la, wodo gu Mawu ƒe ŋkɔ le dukɔwo dome. Menye ɖeko míanɔ mía ɖokuiwo yɔm be Yehowa subɔlawo ko evɔ o.

36:25, 37, 38. ‘Ameha siwo ŋu wokɔ’ woe yɔ míaƒe gbɔgbɔmeparadisoa me. Eya ta ele be míadze agbagba anɔ kɔkɔe.

38:1-23. Aleke gbegbee nyanya be Yehowa akpɔ eƒe amewo ta tso Gog, si tso Magog nyigba dzi ƒe amedzidzedzea me dea dzi ƒo na míi enye esi! Gog ye nye ŋkɔ si woyɔna na “xexe sia me fia,” Satana Abosam, le enyanya tso dziƒo vɔ megbe. Anyigba ƒe nuto siwo me wozi Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo dzi be woanɔ ye woyɔna be Magog nyigba.—Yohanes 12:31; Nyaɖeɖefia 12:7-12.

“LÉ ŊKU ÐE NUSIWO KATÃ MELE FIAWÒ GE LA ŊU”

(Xezekiel 40:1–48:35)

Yerusalem dua tsɔtsrɔ̃ vɔ megbe ƒe ƒe 14 lia mee. (Xezekiel 40:1) Dukɔa agakpɔtɔ anɔ aboyo me hena ƒe 56 sɔŋ. (Yeremya 29:10) Esusɔ vie Xezekiel naxɔ ƒe 50. Wokplɔe va Israel nyigba dzi le ŋutega me. Wogblɔ nɛ be: “Amevi, kpɔ nu kple ŋku, se nu kple to, eye nalé ŋku ɖe nusiwo katã mele fiawò ge la ŋu.” (Xezekiel 40:2-4) Aleke gbegbee dzi adzɔ Xezekiel enye esi be woɖe gbedoxɔ yeye fiae le ŋutega me!

Xezekiel kpɔe be mɔnu alo agbo 6, nuɖuxɔ 30, Kɔkɔeƒe la, Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒe, ativɔsamlekpui, kple numevɔsamlikpui, le gbedoxɔ gã si wòkpɔ la me. Tsi aɖe nɔ “dzidzim” tso gbedoxɔa ƒe kpui nu heva zu tɔsisi. (Xezekiel 47:1) Woɖe ale si woma anyigba na toawo la hã fia Xezekiel—anyigbamama ɖe sia ɖe keke tso ɣedzeƒe yi ɖe ɣetoɖoƒe, eye anyigbamama si woɖe ɖe vovo be wòanye dudzikpɔƒe la le Yuda kple Benyamin ƒe anyigbamamaawo dome. “Yehowa ƒe kɔkɔeƒe la” kple du si woyɔna be “Yehowa le afima” la le anyigba sia si woɖe ɖe vovo la dzi.—Xezekiel 48:9, 10, 15, 35.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

40:3–47:12—Nu kae ŋutegaa me gbedoxɔa le tsitre ɖi na? Wometu gbedoxɔ gã nyadri si Xezekiel kpɔ le ŋutegaa me la ŋutɔŋutɔ o. Ele tsitre ɖi na Mawu ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ—ɖoɖo si ɖi gbedoxɔa me tɔ si wòwɔ ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu le míaƒe ŋkekea me. (Xezekiel 40:2; Mixa 4:1; Hebritɔwo 8:2; 9:23, 24) Nu si wòle tsitre ɖi na va eme le “ŋkeke mamlɛawo” me, esime wokɔ ame siwo le nunɔlanyenyedɔ wɔm la ŋu. (Timoteo II, 3:1; Xezekiel 44:10-16; Maleaxi 3:1-3) Ke hã, ava eme zi mamlɛtɔ le Paradiso me. Ŋutegamegbedoxɔa na mɔkpɔkpɔ Yudatɔ siwo nɔ aboyo me la be woagbugbɔ tadedeagu vavãtɔ aɖo anyi eye woana anyigba woƒe ƒome ɖe sia ɖe wòanye eƒe domenyinu.

40:3–43:17—Nu kae gbedoxɔa dzidzedzidze fia? Enye dzesi be tame si Yehowa ɖo ɖe tadedeagu dzadzɛtɔ ŋu la ava eme godoo.

43:2-4, 7, 9—Nu kae nye “woƒe fiawo ƒe kukuawo” siwo wòle be woaɖe ɖa le gbedoxɔa me? Edze ƒãa be legbawoe wowɔnɛ. Yerusalem fiawo kple dua me tɔwo tsɔ legbawo do gu Mawu ƒe gbedoxɔa—wowɔ wo fiawoe gɔ̃ hã.

43:13-20—Nu ka ƒe kpɔɖeŋue vɔsamlekpui si Xezekiel kpɔ le ŋutegaa me nye? Kpɔɖeŋuvɔsamlekpuia le tsitre ɖi na ɖoɖo si Mawu wɔ ku ɖe Yesu Kristo ƒe tafesɔvaa ŋu. To tafevɔsa sia dzi la, wobua amesiaminawo ame dzɔdzɔewoe eye wokɔa “ameha gã” la ŋu wonɔa dzadzɛ le Mawu ŋkume. (Nyaɖeɖefia 7:9-14; Romatɔwo 5:1, 2) Ðewohĩ esia tae “gazɔ” si me tsi nɔna, si me nunɔlawo lea tsi le le Salomo ƒe gbedoxɔa me mele ŋutegaa me gbedoxɔa me o ɖo.—Fiawo I, 7:23-26.

44:10-16—Ame kawoe nunɔlawo ƒe ha la le tsitre ɖi na? Nɔnulawo ƒe ha la nye vɔvɔli na Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea le míaƒe ŋkeke siawo me. Wokɔ wo ŋu le ƒe 1918 me esime Yehowa va eƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa me abe “galólola” si anɔ anyi “alólo klosalo, eye wòadza eŋu” ene. (Maleaxi 3:1-5) Ame siwo ŋu kɔ kple esiwo trɔ dzi me la ayi edzi awɔ woƒe subɔsubɔgbanɔamedziwo ŋu dɔ. Le wo ŋu kɔkɔ vɔ megbe la, ele be woaʋli vevie anɔ anyi “ɖi maƒomaƒoe tso xexeame,” be woanye kpɔɖeŋu na “ameha gã,” si wotsɔ to siwo me tɔwo menye nunɔlawo o wɔ kpɔɖeŋu na.—Yakobo 1:27; Nyaɖeɖefia 7:9, 10.

45:1; 47:13–48:29—Nu kae “anyigba la” kple emama le tsitre ɖi na? Anyigba la le tsitre ɖi na Mawu ƒe amewo ƒe gbɔgbɔmenɔƒe si lɔ woƒe gbɔgbɔmedɔwɔnawo ɖe eme. Afi ka kee Yehowa subɔla aɖe ɖale o, zi ale si wònya lé tadedeagu vavãtɔ me ɖe asi ko la, ele anyigba si wogbugbɔ ɖo anyi la dzi. Nu si anyigbaa mama le tsitre ɖi na ava eme zi mamlɛtɔ le xexe yeyea me esime woana anyigba nuteƒewɔla ɖe sia ɖe.—Yesaya 65:17, 21.

45:7, 16—Nu kae dukɔa ƒe adzɔ nana nunɔlawo kpakple amegã la nye kpɔɖeŋu na? Le gbɔgbɔmegbedoxɔa me la, esia fia gbɔgbɔmekpekpeɖeŋunana koŋ—asikpekpe ɖe gbɔgbɔmedɔwo ŋu kpakple nuwɔwɔ aduadu ƒe gbɔgbɔ ɖeɖe fia.

47:1-5—Nu kae Xezekiel ƒe ŋutegaa me tɔsisia me tsia le tsitre ɖi na? Tsi la le tsitre ɖi na mɔnuɖoɖo siwo Yehowa wɔ hena agbekpɔkpɔ, si lɔ Kristo Yesu ƒe tafevɔsaa kple Mawu ŋuti sidzedze si le Biblia me ɖe eme. (Yeremya 2:13; Yohanes 4:7-26; Efesotɔwo 5:25-27) Tɔsisia me tsiwo le agbɔ sɔm ɖe edzi, si fia be woate ŋu axɔ ame yeye gbogbo siwo va le ɖeka wɔm kple tadedeagu vavãtɔa la hã. (Yesaya 60:22) Le Ƒe Akpe Ðekaa me la, agbetsi vavã anɔ sisim le tɔa me, eye emetsiawo anye nugɔmesese deto siwo atso ‘agbalẽ’ siwo woaʋu ɣemaɣi la me.—Nyaɖeɖefia 20:12; 22:1, 2.

47:12—Nu kae ati tsekuawo nye kpɔɖeŋu na? Ati siawo nye kpɔɖeŋu na gbɔgbɔmemɔnuɖoɖo siwo Mawu wɔ, siwo dzi wòato ana ameƒomea nade blibo.

48:15-19, 30-35—Nu kae du si Xezekiel kpɔ le ŋutegaa me le tsitre ɖi na? Esi wogblɔ be du si woyɔ be “Yehowa le afima” la le anyigba “makɔmakɔ” (NW) dzi alo nye “hahoo ƒe anyigba” la, efia be ele be wòaku ɖe anyigbadzinuwo ŋu. Edze abe du la le tsitre ɖi na anyigbadzinuwo ƒe dɔdzikpɔɖoɖo si aɖe vi na ame dzɔdzɔe siwo anɔ “anyigba yeye” la dzi ene. (Petro II, 3:13) Mɔnu siwo le eƒe akpa ɖe sia ɖe dzi la ɖee fia be enɔa ʋuʋu. Ele be dzikpɔla siwo le Mawu ƒe amewo dome nana wòanɔ bɔbɔe be amewo nate ɖe wo ŋu.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

40:14, 16, 22, 26. Deti siwo wota ɖe gbedoxɔa ƒe xɔxɔnuwo ƒe gliwo ŋu la fia be ame dzɔdzɔewo koe woaɖe mɔ na woage ɖe eme. (Psalmo 92:13) Esia le mía fiam be, ne míewɔa nu dzɔdzɔe ko hafi míaƒe subɔsubɔ dzea Yehowa ŋu.

44:23. Aleke gbegbee wòle be míada akpe ɖe dɔ siwo egbegbe nunɔlawo ƒe ha la wɔna la ta enye esi! “Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la xɔa ŋgɔ le gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia nu nana me be wòakpe ɖe mía ŋu míade vovo nu siwo nye nu makɔmakɔ kple nu kɔkɔewo le Yehowa ŋkume la dome.—Mateo 24:45.

47:9, 11. Sidzedze, si nye kpɔɖeŋutsia ƒe akpa vevi aɖe la, le dɔ yɔm amewo nukutɔe le míaƒe ŋkekea me. Afi sia afi si sidzedze sia su amewo si le la, enana wogbɔa agbe le gbɔgbɔ me. (Yohanes 17:3) Le go bubu me la, “dze anɔ” ame siwo gbe agbetsi la xɔxɔ la me—woatsrɔ̃ wo tegbee. Aleke wòle vevie be ‘míamã nyateƒenya la me pɛpɛpɛ’ enye esi!—Timoteo II, 2:15.

‘Makɔ Nye Ŋkɔ Gã La Ŋuti Godoo’

Esi woɖe ame siwo ɖua fia le Dawid ƒe ƒomea me dometɔ mamlɛtɔ ɖa megbe la, Mawu vavã la ɖe mɔ ɣeyiɣi didi aɖe ŋutɔ va yi hafi ‘Ame si tɔ fiaɖuɖua nye le se nu la’ va. Ke hã, Mawu meŋlɔ woa kple Dawid dome nubablaa be o. (Xezekiel 21:27; Samuel II, 7:11-16) Xezekiel ƒe nyagblɔɖia ƒo nu tso “nye dɔla Dawid,” si anye “kplɔla” ɖeka kple “fia” ɖeka la ŋu. (Xezekiel 34:23, 24; 37:22, 24, 25) Menye ame aɖekee ame sia nye wu Yesu Kristo si le Fiaɖuƒeŋusẽ me o. (Nyaɖeɖefia 11:15) Yehowa ato Mesia Fiaɖuƒea dzi ‘akɔ eƒe ŋkɔ gã la ŋu.’—Xezekiel 36:23.

Eteƒe madidi kura o, woatsrɔ̃ ame siwo katã doa gu Mawu ƒe ŋkɔ kɔkɔe la. Gake ame siwo kɔa ŋkɔ ma ŋu le woƒe agbe me to Yehowa subɔsubɔ le mɔ si dzea eŋu nu me la akpɔ agbe mavɔ. Eya ta mina míawɔ agbetsi si le sisim le agbɔsɔsɔ me egbea la ŋu dɔ bliboe eye míana tadedeagu vavãtɔ nanye nu vevitɔ na mí le agbe me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Kpɔ Xezekiel 1:1–24:27 ŋuti numedzodzro le “Nya Vevi Siwo Tso Xezekiel Ƒe Agbalẽa Me—I,” si dze le July 1, 2007 ƒe Gbetakpɔxɔ me la me.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Xezekiel ƒe ŋutegaa me gbedoxɔ gã la

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Nu kae agbetsitɔsisi si le Xezekiel ƒe ŋutegaa me la le tsitre ɖi na?

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.