Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Subɔsubɔ—Bubu Kple Mɔnukpɔkpɔ Si Ðeke Mesɔ Kpli O

Yehowa Subɔsubɔ—Bubu Kple Mɔnukpɔkpɔ Si Ðeke Mesɔ Kpli O

Agbemeŋutinya

Yehowa Subɔsubɔ—Bubu Kple Mɔnukpɔkpɔ Si Ðeke Mesɔ Kpli O

ABE ALE SI ZERAH STIGERS GBLƆE ENE

Srɔ̃nye, si nye zɔhɛ wɔnuteƒe nam le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me la, ku le ƒe 1938 me. Esia wɔe be viŋutsuvi si xɔ ƒe ewo kpakple vidzĩ si nɔ asinye la dzi kpɔkpɔ ƒe agba va dze ŋgɔm. Togbɔ be didia kpɔtɔ nɔ menye be mayi mɔɖeɖedɔa wɔwɔ dzi hã la, aleke mate ŋu awɔe? Hafi magblɔ ale si mewɔ te ŋu wɔe na mi la, mina magblɔ nye agbemeŋutinya ƒe gɔmedzedze na mi gbã.

ESI wodzim le Alabama, U.S.A., le July 27, 1907 me vɔ megbe teti la, mía kple dzinyelawo kpakple nɔvinye etɔ̃awo míeʋu yi Georgia. Le ema megbe kpuie la, míegaʋu yi Tennessee, eye esia megbe míeʋu yi du aɖe si tsɔ ɖe Tampa, si le Florida, gbɔ la me. Le ƒe 1916 me, esime míekpɔtɔ nɔ afi ma la, mekpɔ “Xexemewɔwɔ Ƒe Fotoɖeɖefia” la. Esi wònye be ɖeko sinimawɔwɔ do tetie nye ma ta la, ame sia ame kpɔ dzidzɔ ɖe “Fotoɖeɖefia” la ŋu ale gbegbe!

Dzinyelawo xlẽa Gbetakpɔxɔ kple Biblia srɔ̃gbalẽ bubuawo ŋutɔ. Togbɔ be ele nenema hã la, Papa mewɔ ɖeka kple Biblia Nusrɔ̃viawo, abe ale si woyɔa Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi ene la, keŋkeŋ o. Ke hã, Dada ya kplɔa mí ɖeviawo yia kpekpeawo. Esi míeʋu yi Niles, Michigan, eteƒe medidi o la, míeɖoa keteke hezɔa kilometa 16 ƒe mɔ yia South Bend, si le Indiana la edziedzi hena kpekpeawo dede.

Meva xɔ nyɔnyrɔ le July 22, 1924 dzi tsɔ ɖo kpe adzɔgbe si meɖe na Yehowa la dzi. Le ema megbe kpuie la, Dada trɔ asi le eƒe ɖoɖowo ŋu hezu nya nyui kakala, abe ale si woyɔa Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖelawo ɣemaɣi ene. Eƒe kpɔɖeŋu nyui la kpakple nya nyui kakala bubuwo tɔ siaa ʋãm be nye hã maƒo ɖokuinye ɖe dɔ sia me.

Keke Ðe Kpeɖeŋutɔ Aɖe Ŋu

Esi mede nutome gã takpekpe aɖe le Indianapolis, Indiana, le ƒe 1925 me la, medo go James Stigers, si tso Chicago. James ƒe dzonɔameme ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu na eƒe nu lé dzi nam enumake. Esi wònye be du si me menɔ la didi tso Chicago gbɔ abe kilometa 160 ene ta la, menɔ bɔbɔe be míanɔ mía nɔewo srãm kpɔ o. Ɣemaɣi la, hame ɖeka pɛ koe nɔ míaƒe dugã la me, eye dziƒoxɔ aɖe si míehaya la mee míewɔa kpekpewo le. James ŋlɔa lɛta ɖo ɖem zi geɖe tsɔ doa ŋusẽm le gbɔgbɔ me. Le December 1926 me la, míeɖe mía nɔewo, eye le ƒe ɖeka megbe la, medzi mía viŋutsu gbãtɔ, Eddie.

Eteƒe medidi o, mía kple James míete mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ɖekae. Míesubɔ le dukɔ enyi siwo nye Michigan, Louisiana, Mississippi, South Dakota, Iowa, Nebraska, California, kple Illinois me, eye ɣeyiɣi mawoe nye dzidzɔɣeyiɣiwo na mí wu le agbe me. Tso esime James va dze dɔ vevie la koe dzidzɔ si míekpɔna le míaƒe ƒomea me la dzi va ɖe kpɔtɔ vie.

Esi gakuxiwo va do mo ɖa le James ƒe dɔléɣia ta la, eva hiã be míaʋu aɖanɔ lɔ̃xonye, si hã nye Ðasefo la, gbɔ le Chicago, le ƒe 1936 me. Esime James ƒe dɔlélea va ɖo eƒe sesẽaƒe eye fu evelia nɔ ƒonye la, meva wɔ dɔ le ŋdɔnuɖuƒe aɖe eye woxea Amerika dɔlar ɖeka nam gbe sia gbe. Lɔ̃xonye kpɔa egbɔ ɣesiaɣi be nuɖuɖu nanɔ mía si, evɔ melɔ̃na xɔa ga aɖeke le mía si o. Elé be na mí ale gbegbe!

Ahɔhɔ̃ ƒe abixɔxɔ kple eƒe tete dɔlélee ɖe fu na James hena ƒe eve sɔŋ hafi wòku. July 1938 mee wòku. Le eƒe dɔléɣia la, megate ŋu kua ʋu alo kpɔa gome le tso aƒe me yi aƒe me subɔsubɔdɔa me o, gake ewɔa mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ tsɔ ɖia ɖase na ame bubuwo. Bene mate ŋu akpe asi ɖe míaƒe ƒomea ƒe ganyawo ŋu la, medzudzɔ mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gbɔ. Togbɔ be mete ŋu kpɔ dɔ vovovowo wɔ hã la, ɣeyiɣi kpui aɖe koe wo dometɔ ɖe sia ɖe xɔna.

Medzi mía viŋutsu Bobby le July 30, 1938 dzi, si nye ŋkeke enyi pɛ le fofoa ƒe ku megbe. Ke hã, lɔ̃xonye gbe be magayi kɔ si dzi woakpɔ gbɔnye le ɖewoɖewoe femaxee la o. Ke boŋ ekplɔm yi eƒe ɖɔkta gbɔ le kɔ si dzi woakpɔ gbɔnye le nyuie wu la. Gawu la, exe kɔdzifeawo katã, si nye Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia nuwɔna si ŋu mekpɔ ŋudzedze le ale gbegbe.

Megate Ɣeyiɣiawo Katã Ƒe Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ Ake

Míenɔ lɔ̃xonye gbɔ va se ɖe esime Bobby xɔ ƒe eve eye Eddie hã xɔ ƒe 12. Togbɔ be ele be matrɔ ɖe nye nɔnɔme yeyeawo ŋu hã la, megadi vevie kokoko be mawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ na Yehowa. Le takpekpe aɖe si wowɔ le Detroit, Michigan, le ƒe 1940 me, me la, medo go atsu kple asi mɔɖela aɖewo siwo de dzi ƒo nam be mava wɔ mɔɖeɖedɔa le South Carolina. Eya ta meƒle ƒe 1935 me ʋu aɖe si xɔ dɔlar 150, eye mesɔ gbe hena mɔzɔzɔ yi afi ma. Le ƒe 1941, si nye ƒe si me Amerikatɔwo ƒo wo ɖokui ɖe Xexemeʋa II lia me, me la, mía kple vinyeŋutsu eveawo míeʋu yi anyieɣe gome, eye megate ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ake.

Esi míeʋu yi South Carolina la, míeɖanɔ Camden gbã, emegbe míeʋu yi Little River, eye mlɔeba míeva nɔ Conway. Le Conway la, meƒle agbatsɔʋu sue aɖe si míegazãna abe xɔdɔme ene. Mɔmemidzraƒe dzikpɔla dɔmenyotɔ aɖe ɖe mɔ nam be manɔ ʋua tɔm ɖe nudzraƒea xa. Elɔ̃ mexɔ elɛktrik tso egbɔ eye medzea mɔmemi le eƒe amidzraƒea, eye wòɖe mɔ mezãa eƒe nugododeƒea hã. Le Xexemeʋa II lia wɔɣi la, mɔmemi va nɔ vevem, si wɔe be nyemegate ŋu dzenɛ o. Eya ta meƒle gasɔ. Emegbe, le ƒe 1943 me, esime gakuxiwo wɔe be mɔɖeɖedɔa wɔwɔ meganɔ bɔbɔe nam o la, womia asim be mazu mɔɖela vevi, eye wonanam gakpekpeɖeŋu sue aɖe ɣleti sia ɣleti hena nye nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ. Yehowa kpe ɖe ŋunye geɖe ŋutɔ hena ƒe geɖe!

Ɣemaɣi la, Ðasefo bubu aɖeke menɔ Conway o, eye menɔa bɔbɔe na mía kple vinyeawo be míawo ɖeɖe míanɔ gbeadzi yim o. Eya ta meŋlɔ agbalẽ tsɔ bia be woaɖo mɔɖela vevi bubu ɖa be wòava kpe ɖe mía ŋu. Le ƒe 1944 me la, woɖo ɖeka ɖa, si ŋkɔe nye Edith Walker, si nye yayra gã aɖe nam! Míesubɔ ɖekae le du vovovo me hena ƒe 16 sɔŋ. Gake nublanuitɔe la, eva hiã be wòatrɔ ayi Ohio le lãmesẽkuxiwo ta.

Yayra Siwo Nyemaŋlɔ Be Kpɔ Gbeɖe O

Nu dodzidzɔname siwo katã dzi meɖoa ŋkui la dometɔ ɖeka si nyemaŋlɔ be akpɔ o lae nye esi ku ɖe ƒe 13 vi si ŋkɔe nye Albertha, si le Conway, si léa be na mamaa si zu wɔmetɔ kpakple nɔvia ŋutsu eve la ŋu. Elɔ̃ Biblia me nyateƒe si meɖea gbeƒã nɛ la ŋutɔ eye wòdi be ye hã yeaɖe gbeƒãe na ame bubuwo. Eya hã lɔ̃ mɔɖeɖedɔa ale gbegbe be wòva ƒo eɖokui ɖe eme esime wòwu sekɛndrisuku (lycée) nu le ƒe 1950 me. Ƒe 57 kple edzivɔwoe nye esia si wògakpɔtɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm!

Le ƒe 1951 me la, woɖo mía kple Edith ɖe Rock Hill, le South Carolina, afi si Ðasefowo mede ha le o la hena ɣeyiɣi kpui aɖe. Emegbe woɖo mí ɖe Elberton, Georgia, hena ƒe etɔ̃. Míegatrɔ gbɔ va South Carolina, afi si menɔ tso ƒe 1954 me va se ɖe ƒe 1962 me. Le Walhalla la, medo go nyɔnu tsitsi tokunɔ aɖe si ŋkɔe nye Nettie, si ɖeka pɛ nɔ aƒe me le kɔƒenuto aɖe me. Bene míate ŋu awɔ Biblia nusɔsrɔ̃ la, exlẽa memamaa le agbalẽa me, metɔa asi memamaa ƒe nyabiasea dzi nɛ, eye eya hã tɔa asi ŋuɖoɖoa dzi le memamaa me.

Ne mese nane gɔme o la, eŋlɔa eƒe nyabiasea ɖe pɛpa dzi, eye meŋlɔa ŋuɖoɖoa ɖe eyome nɛ. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Nettie va kpɔ ŋudzedze ɖe Biblia me nyateƒea ŋu ale gbegbe be wòte hamea ƒe kpekpewo dede hedze gbeƒãɖeɖe tso aƒe me yi aƒe me dɔa hã gɔme. Eya ɖeɖe te ŋu ɖea gbeƒã na amewo le ʋɔtru nu, gake nyemenɔa adzɔge boo tso egbɔ o. Zi geɖe la, menɔa ʋɔtru bubu nu le mɔa godo henɔa klalo be mate ŋu akpe ɖe eŋu ne ehiã.

Le Walhalla la, nye ʋu si do xoxo ŋutɔ la va gbe dɔwɔwɔ kura. Wova nɔ ʋu aɖe dzram hena dɔlar 100, gake ga menɔ asinye maƒlee o. Mete ɖe Ðasefo asitsala aɖe ŋu hedo ga home sia le egbɔ. Emegbe kpuie la, mexɔ lɛta aɖe si nyemenɔ mɔ kpɔm na o la tso nɔvinye nyɔnu gbɔ, si na menya be nɔvinyewo va xɔ ga aɖe si mía fofo si megali o da ɖe gadzraɖoƒe aɖe la. Esi wode ŋugble tso ale si woawɔ ga lae ŋu la, wo katã wolɔ̃ ɖe edzi be yewoatsɔe ɖo ɖem. Ga la ƒe homee nye dɔlar 100!

Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ Ðekae Kple Vinyewo

Le Eddie kple Bobby ƒe ɖevime la, wonɔa ŋunye ɣesiaɣi le tso aƒe me yi aƒe me gbeƒãɖeɖedɔa me. Ɣemaɣi la, atike vɔ̃ɖiwo zazã kple agbe gbegblẽ nɔnɔ mebɔ ale o. Ale si míenɔ agbe tsɛ hetsɔ míaƒe susu katã ɖo gbeƒãɖeɖedɔa dzi kpe ɖe ŋunye meƒo asa na kuxi gbogbo siwo dzilawo doa goe egbea le wo viwo hehe bene woate ŋu asubɔ Yehowa la me.

Eddie de suku le Camden va se ɖe esime wòwu klass enyilia nu, eye emegbe wòɖoe be yeawɔ mɔɖeɖedɔa kplim. Míekpɔ dzidzɔ le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ɖekae me hena ƒe geɖe. Emegbe eva di be yeayi ɖasubɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe dɔwɔƒe gã le Brooklyn, New York, afi si wòsubɔ le tso ƒe 1947 va se ɖe ƒe 1957 me. Le ƒe 1958 me la, eɖe Albertha, si mesrɔ̃ Biblia kpli la, eye wowɔ mɔɖeɖedɔa ɖekae. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye na mí ame etɔ̃awo siaa be míede Mɔɖelawo Ƒe Subɔsubɔ Sukua ɖekae le ƒe 2004 me!

Meɖo ŋku edzi be ƒe gbogbo aɖewo do ŋgɔ, esime Bobby nye ɖevi la, edo gbe ɖa na Yehowa gbe ɖeka be wòakpe ɖe ŋunye mate ŋu adze ami de ʋu me be mate ŋu ayi ɖe nye Biblia nusrɔ̃viwo gbɔ. Bobby ɖe ale si gbegbe wòlɔ̃ subɔsubɔdɔae la fia le eƒe agbe me katã, eye wòzã ƒe geɖe tsɔ wɔ mɔɖeɖedɔa. Nublanuitɔe la, Bobby hã srɔ̃ va ku le ƒe 1970 me. Ɣleti 22 pɛ koe nye ema woɖe wo nɔewo, eye woa kple venɔvi siwo dzi ge wòyi lae ku le vidziɣia. Mía kple Bobby míenɔ du ɣesiaɣi, eye mía dome nɔ kplikplikpli ŋutɔ.

Megakpɔtɔ Le Mɔɖeɖedɔa Wɔm!

Le ƒe 1962 me la, woɖom ɖe hame si le Lumberton, North Carolina, la me, eye ƒe 45 sɔŋue nye esia megakpɔtɔ le afi ma. Megakua nye ʋu la va se ɖe esime mexɔ ƒe 80 kple edzivɔ. Fifia la, Ðasefowo ƒe ƒome aɖe si tsɔ ɖe gbɔnye lae kɔam ɖe ʋu me yia kpekpeawo kple gbeƒãɖeƒe.

Togbɔ be atizɔti kple bunɔkeke le asinye hã la, nyemezãa wo o, elabena megate ŋu zɔna le ɖokuinye si. Medaa akpe na Yehowa le esi menɔ lãmesẽ nyui me ta, negbe nyitsɔ laa koe nye ŋkuwo va te fuɖeɖe nam vie. Nyemedo kpo kpekpeawo dede kpɔ o, negbe ɖe medze dɔ tsi aba dzi, eye megakpɔtɔ le subɔsubɔm abe gbe sia gbe mɔɖela ŋusẽmanɔŋutɔ ene.

Le ƒe 70 kple edzivɔ siwo metsɔ wɔ mɔɖeɖedɔa dzidzɔtɔe me la, mate ŋu agblɔ tso dzi blibo me be Yehowa kpe ɖe ŋunye ɣeawokatãɣi. * Togbɔ be menye tagbɔ ɖaɖɛtɔ alo dɔwɔla bibie menye o hã la, Yehowa nya nu si mate ŋu awɔ kple esi nyemate ŋu awɔ o. Medaa akpe nɛ hã be enya nye agbagbadzedzewo eye wòzãm geɖe.

Mese le ɖokuinye me be esi wònye Yehowae na nu sia nu mí ta la, esubɔsubɔ bliboe ale si míate ŋui ye nye nu vevitɔ kekeake. Ne ŋutete nya le ŋunye ko la, nyematia dɔ aɖeke wu mɔɖeɖedɔa o. Mɔnukpɔkpɔ wɔnuku kae nye esi! Mele gbe dom ɖa be Yehowa nayi edzi azãm yi ɖe mavɔmavɔ me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 30 Nɔvinyɔnu Stigers wu eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa nu le April 20, 2007, dzi, esi wòsusɔ ɣleti etɔ̃ pɛ ko ne wòaxɔ ƒe 100. Eƒe subɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe hena ƒe geɖe doa ŋusẽ mí, eye edzɔ dzi na mí be exɔ eƒe dziƒofetua.

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Mía kple srɔ̃nye míezã ʋu sia le nya nyui kaka dɔa wɔwɔ me

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Mía kple vinyewo, le ƒe 1941 me

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Mía kple Eddie kpakple Bobby, nyitsɔ laa