Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àte Ŋu Akpe Akɔ Kple Madzɔmadzɔnyenye!

Àte Ŋu Akpe Akɔ Kple Madzɔmadzɔnyenye!

Àte Ŋu Akpe Akɔ Kple Madzɔmadzɔnyenye!

AME ka ŋue womewɔ nu madzɔmadzɔ aɖeke ɖo kpɔ le eƒe agbe me o? Ɣeaɖewoɣi la, mía ŋutɔwo koe susunɛ be wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu, gake bubu aɖewo ya la nu madzɔmadzɔ ŋutɔŋutɔwo wònye wowɔ ɖe mía ŋu.

Ɣesiaɣi si wowɔ nu madzɔmadzɔ aɖe ɖe mía ŋu la, míesea veve le dzi me, eye esia ate ŋu agblẽ ŋu le míaƒe mawusubɔsubɔ ŋu. Ðewohĩ míadi vevie be míaɖɔ nɔnɔmea ɖo. Nu ka tae? Susu ɖekae nye be mía Wɔla, Yehowa Mawu, ame si me ‘alakpa mele o’ la de nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe didi si nu sẽ la amegbetɔwo me. (Mose V, 32:4; Mose I, 1:26) Ke hã, míate ŋu ado go nɔnɔme aɖewo siwo me míase le mía ɖokui me be womewɔ nu dzɔdzɔe ɖe mía ŋu o. Nunyala aɖe gblɔ kpɔ be: “Megaɖe ŋku ɖe ameteteɖeanyi, siwo katã dzɔna le ɣea te la, eye kpɔ ɖa, amesiwo wote ɖe anyi la ƒe aɖatsiwo le tsyɔtsyɔm, ke akɔfala aɖeke meli na wo o; amesiwo te wo ɖe anyi la, sẽ ŋuta le wo ŋu, ke akɔfala aɖeke meli na wo o.” (Nyagblɔla 4:1) Ekema aleke míate ŋu akpe akɔ kple madzɔmadzɔnyenye?

Nu Ka Tututue Nye Madzɔmadzɔnyenye?

Madzɔmadzɔnyenye nye nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe dzidzenuwo dzi mawɔmawɔ. Nu kae anye nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe dzidzenu na amegbetɔwo? Edze ƒã be mía Wɔla dzɔdzɔe si metrɔna o la dze aɖo nu si le dzɔdzɔe kple nu si mele dzɔdzɔe o ŋuti dzidzenuwo anyi. Le eƒe nukpɔsusu nu la, zɔzɔ ɖe “ɖoɖo agbetɔwo nu” bia be ‘woagawɔ nu vɔ̃ɖi o.’ (Xezekiel 33:15) Eya tae esime Yehowa wɔ ame gbãtɔ la, ede dzitsinya eme—si nye gbeɖiɖi aɖe si wòsena le eɖokui me si kpena ɖe eŋu be wòdea vovototo nyui kple vɔ̃ dome. (Romatɔwo 2:14, 15) Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa gblɔ nya geɖe ku ɖe nu si le dzɔdzɔe kple esi mele dzɔdzɔe o ŋu le eƒe Nya, Biblia me.

Ekema ne míese le mía ɖokui me be wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu ya ɖe? Anyo be míabu nyaa ŋu nyuie ahakpɔe ɖa be nu madzɔmadzɔe wònye wowɔ ɖe mía ŋu nyateƒe mahã. Le kpɔɖeŋu me, bu nɔnɔme si me Hebritɔ nyagblɔɖila Yona to la ŋu kpɔ. Yehowa bia tso esi be wòagblɔ afɔku si gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe Niniwetɔwo dzi la na wo. Gbã la, Yona gbe dɔ si wode esi la wɔwɔ hesi dzo. Gake mlɔeba la, eyi Niniwe, eye wòxlɔ̃ nu dua me tɔwo ku ɖe tsɔtsrɔ̃ si gbɔna ŋu. Esi dua me tɔwo trɔ dzi me la, Yehowa tiae be yematsrɔ̃ dua o, eye wòɖoe be yeagblẽ emenɔlawo ɖe agbe. Aleke Yona se le eɖokui me? “Esia medze Yona ŋu o, eye dzi kui vevie.” (Yona 4:1) Ese le eɖokui me be Yehowa wɔ nu madzɔmadzɔ gã aɖe.

Edze ƒã be Yehowa, ame si ate ŋu anya nu si le ame ƒe dzi me, eye ‘wòlɔ̃a dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃’ la mewɔ vodada o. (Psalmo 33:5) Ðeko wòle be Yona nasrɔ̃e be nyametsotso si Yehowa wɔ la wɔ ɖeka kple dzɔdzɔenyenye deblibo. Ne míese le mía ɖokui me be wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu la, míate ŋu abia mía ɖokui se be, ‘Ðe wòate ŋu anye be Yehowa ya akpɔ nya la bubuia?’

Akɔkpekpe Kple Madzɔmadzɔnyenye

Biblia ƒo nu zi geɖe tso ame siwo ŋu wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖo la ŋu. Ne míedzro ale si wowɔ kpe akɔ kple kuxi sesẽwo me la, míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso eme. De ŋugble tso Yosef, ame si nɔvia ŋuʋãlawo dzra wòzu kluvi le Egipte la ŋu kpɔ. Le Egipte la, Yosef ƒe aƒetɔ srɔ̃ dze agbagba be yeable enu wòadɔ ye gbɔ, eye esi melɔ̃ ɖe edzi nɛ o la, eka aʋatso ɖe Yosef si be eɖea fu na ye kple gbɔdɔdɔnyawo. Esia na be wode Yosef gaxɔ me. Ke hã eƒe xɔse sesẽ wu kɔsɔkɔsɔ siwo wotsɔ blae la. Meɖe mɔ nu madzɔmadzɔ si wowɔ ɖe eŋu na be eƒe gbɔgbɔmemenyenye alo ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu me gbɔdzɔ o.—Mose I, 37:18-28; 39:4-20; Psalmo 105:17-19.

Ame bubu si hã ŋu wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖoe nye Nabot. Izebel si nye Israel Fia Axab srɔ̃ ɖo nugbe vɔ̃ɖi aɖe ɖe eŋu. Nabot ƒe agble si nye eƒe domenyinu, si te ɖe fiasãa ŋu, la dzro fia la vevie. Wode se na Israel viwo be woagadzra woƒe domenyinu wòazu ame bubu tɔ tegbee o, eya ta Nabot gbe be yemadzra agblea na fia la o. (Mose III, 25:23) Le nudzɔdzɔ sia me la, Axab srɔ̃ vɔ̃ɖi la di amewo be woaɖi aʋatsoɖase le Nabot ŋu be egblɔ busunya ɖe Mawu kple fia la ŋu. Nu si do tso emee nye be wowu Nabot kple viawo. Kpɔ ale si Nabot anya se le eɖokui me esime amewo nɔ kpewo fɔm be yewoatsɔ aƒui woaku la ɖa!—Fiawo I, 21:1-14; Fiawo II, 9:26.

Ke hã, nu maɖinu aɖe koe esiawo nye ne wotsɔ wo sɔ kple nu madzɔmadzɔ si wowɔ ɖe Kristo Yesu ŋu. Aʋatsonutsotso kple ʋɔnu madzɔmadzɔ dɔdrɔ̃ dzie wonɔ te ɖo tso kufia nɛ. Dzi menɔ Roma mɔmefia si drɔ̃ ʋɔnui la ƒo be wòade nu si wòkpɔ be enye nu dzɔdzɔe la dzi o. (Yohanes 18:38-40) Nyateƒee, Satana wɔ nu madzɔmadzɔ si tɔgbi womewɔ ɖe ame aɖeke ŋu kpɔ o la ɖe Kristo Yesu ŋu!

Ðe nudzɔdzɔ siawo fia be Yehowa metsɔ ɖeke le nu madzɔmadzɔ siwo wowɔna me oa? Ao, mefia nenema kura o! Yehowa metsɔ amegbetɔwo ƒe susu ko kpɔ nudzɔdzɔ mawo o. (Yesaya 55:8, 9) Esi wodzra Yosef kluvii tae wòte ŋu xɔ eƒe ƒomea ɖe agbe ɖo. Hafi dɔ gã aɖe, si me eƒe ƒomea kpe fu le, nato la, eva zu nuɖuɖudzikpɔla le Egipte. Bu eŋu kpɔ, ne ɖe Yehowa meɖe mɔ ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ma ŋu o la, anye ne womede Yosef gaxɔ me o. Afi mae Yosef ɖe drɔ̃ewo gɔme na ehati gamenɔla eve le, eye wo dometɔ ɖeka va ƒo nu tso eŋu na Farao emegbe, si wɔe be Yosef va zu nuɖuɖudzikpɔla.—Mose I, 40:1; 41:9-14; 45:4-8.

Ke Nabot ya ɖe? Gabu nyaa ŋu abe ale si Yehowa bui ene kpɔ. Le Yehowa ame si ate ŋu afɔ ame kukuwo gome la, Nabot nɔ agbe, esime eƒe kukua nɔ anyigba gɔ̃ hã. (Fiawo I, 21:19; Luka 20:37, 38) Ele be Nabot nalala va se ɖe esime Yehowa nafɔe va agbe me ake, ɖeko eƒe lala ma le abe ɣeyiɣi kpui aɖe ene, elabena kukuawo menya naneke o. (Nyagblɔla 9:5) Gawu la, Yehowa bia hlɔ̃ Axab kple eƒe aƒe ɖe Nabot ta.—Fiawo II, 9:21, 24, 26, 35, 36; 10:1-11; Yohanes 5:28, 29.

Le Yesu gome la, eku ya. Gake Mawu fɔe ɖe tsitre hedoe ɖe dzi boo “ɖe dziɖulanyenye kple ŋusẽ kple ŋutete kple aƒetɔnyenye katã kpakple ŋkɔ sia ŋkɔ, si woyɔna la dzi.” (Efesotɔwo 1:20, 21) Nu madzɔmadzɔ si Satana wɔ ɖe Kristo Yesu ŋu mete ŋu xe mɔ na Yehowa be wòaɖo eteƒe na Via o. Kakaɖedzi nɔ Yesu si be Yehowa ate ŋu axe mɔ ɖe nu madzɔmadzɔ si wowɔ ɖe eŋu be wolée madzemadzee la nu enumake, nenye eƒe lɔlɔ̃nue nye ema. Gake Kristo nyae hã be Yehowa ɖo ɣeyiɣi si me Ŋɔŋlɔawo ava eme kple ɣeyiɣi si me wòaɖɔ nu madzɔmadzɔ ɖe sia ɖe ɖo la ɖi.

Enye nyateƒe be Satana kple eƒe dɔlawo wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe ame dzɔdzɔewo ŋu, gake mlɔeba la, Yehowa kpɔ nyawo gbɔ eye wòɖɔ nu madzɔmadzɔawo ɖo keŋkeŋ alo ava ɖɔ wo ɖo le etsɔme. Eya ta ne nu madzɔmadzɔ wɔwɔ aɖe le edzi yim hã la, ele be míakpɔ Mawu sinu be wòaɖɔe ɖo.—Mose V, 25:16; Romatɔwo 12:17-19.

Nu Si Tae Yehowa Ate Ŋu Aɖe Mɔ Ðe Madzɔmadzɔnyenye Ŋu

Susu aɖewo gɔ̃ hã ate ŋu anɔ Yehowa si si ta maɖɔ nɔnɔme aɖe ɖo o. Ate ŋu aɖe mɔ woawɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu wòanye míaƒe Kristotɔwo ƒe hehexɔxɔ ƒe akpa aɖe. Enye nyateƒe be ‘Mawu metea ame aɖeke kpɔ kple nu vɔ̃ o.’ (Yakobo 1:13) Gake ate ŋu aɖe mɔ be nɔnɔme aɖe nayi edzi naneke mawɔmawɔ tso eŋu, eye ate ŋu ado ŋusẽ ame siwo lɔ̃na xɔa hehe sia hã. Biblia gblɔ be: “Amenuveve katã ƒe Mawu . . . awɔ mi amesiwo kpe fu vi aɖe ko la blibo, ado ŋusẽ mi, ali ke mi, eye wòaɖo mia gɔme anyi.”—Petro I, 5:10.

Gawu la, Yehowa ƒe mɔɖeɖe ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ aɖe ŋu ate ŋu ana ɣeyiɣi agɔdzelawo be woatrɔ dzi me. Kwasiɖa ʋɛ aɖewo le Yesu wuwu vɔ megbe esi Yudatɔ aɖewo ɖo to Petro ƒe nuxlɔ̃amewo la, “etɔ woƒe dzi me.” Woxɔ Mawu ƒe Nya la kple dzidzɔ, eye wonyrɔ wo.—Dɔwɔwɔwo 2:36-42.

Enye nyateƒe be, menye nu madzɔmadzɔ wɔlawo katãe atrɔ dzi me o. Dzi ate ŋu anɔ ame aɖewo ƒo be woawɔ nu madzɔmadzɔ siwo lolo wu gɔ̃ hã. Gake Lododowo 29:1 gblɔ be: “Amesi woka mo na zi geɖe, ke wòsẽ ta me la, agbã zi ɖeka gudugudu, eye gbedada manɔ eŋu o.” Vavãe, Yehowa atso mlɔeba eye wòakplɔ ame siwo yi edzi le agbe maɖɔʋu nɔm la katã ɖa ƒiaƒiaƒia.—Nyagblɔla 8:11-13.

Ɣeyiɣi didi ka kee wòɖaxɔ hafi míeŋlɔ nu madzɔmadzɔ si wowɔ ɖe mía ŋu la be keŋkeŋ o, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe mía ŋu míado le eme. Eye ena míenya be yeaɖɔ nu madzɔmadzɔ ɖe sia ɖe si ƒe fu míekpe le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia me la ɖo godoo. Gakpe ɖe eŋu la, edo teƒeɖoɖo si míakpɔ mlɔeba la ŋugbe na mí, si nye agbe mavɔ nɔnɔ le xexe yeye ‘si me dzɔdzɔenyenye anɔ’ la me.—Petro II, 3:13.

[Nɔnɔmetata si le axa 16, 17]

Aleke Nabot anya se le eɖokui me esime wowɔ nu madzɔmadzɔ gã aɖe ɖe eŋu?