Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kafu Aɖaŋunu La Srɔ̃ Nu Tso Aɖaŋuwɔla La Ŋu

Kafu Aɖaŋunu La Srɔ̃ Nu Tso Aɖaŋuwɔla La Ŋu

Kafu Aɖaŋunu La Srɔ̃ Nu Tso Aɖaŋuwɔla La Ŋu

ÐEWOHĨ èse nu tso nutala kple kpenumela, si nye Italiatɔ, Michelangelo ŋu kpɔ. Togbɔ be ate ŋu adzɔ be mèkpɔ asinudɔ siwo eya ŋutɔ wɔ tẽe dometɔ aɖeke kpɔ o hã la, wò susu awɔ ɖeka kple blema nutata ŋuti nunyala aɖe si yɔ Italiatɔ aɖaŋudɔwɔla bibi ma be “nutala wɔnuku si ɖeke mesɔ kpli o” la tɔ godoo. Míate ŋu agbe lɔlɔ̃ ɖe Michelangelo ƒe dzɔdzɔmeŋutete dzi o. Ame kae adze agbagba be yeakafu Michelangelo ƒe nutatawo evɔ wòagbe lɔlɔ̃ ɖe edzi be nutala bibi aɖe ŋutɔe wònye?

Azɔ bu nu gbagbe hamehame siwo ƒe wɔwɔme wɔ nuku siwo ƒo xlã mí le anyigba dzi ŋu kpɔ. The New York Times gbugbɔ gblɔ nu gbagbe ŋuti nufialagã aɖe ƒe nyawo wòsɔ be: “Edze le nu gbagbe ŋuti nunya ƒe akpa sia akpa me be ɖe wowɔ nu siwo míekpɔna la aɖaŋutɔe.” Egblɔ kpee be: “Nu gbagbe gbogbo siwo li ɖee fia kɔte be ɖe wowɔ nuwo.” Ðe susu le eme be míakafu aɖaŋunuawo evɔ míagbe lɔlɔ̃ ɖe aɖaŋuwɔla ƒe anyinɔnɔ dzia?

Apostolo Paulo, ame si léa ŋku ɖe nu siwo ƒo xlãe ŋu vevie la, ƒo nu tso ame siwo ‘subɔa nuwɔwɔ wu wɔla la’ ŋu. (Romatɔwo 1:25) Wo dometɔ aɖewo siwo dzi nɔnɔmetɔtrɔ ŋuti nufiafia totrowo kpɔ ŋusẽ ɖo la, gbe lɔlɔ̃ ɖe edzi be aɖaŋunuwɔwɔ bia be aɖaŋuwɔla nanɔ anyi alo womete ŋu de dzesii o. Gake dzɔdzɔmeŋutinunya vavãe nɔnɔmetɔtrɔ ŋuti nufiafia la nyea? De dzesi nya si Christoph Schönborn, si nye Vienna ƒe Katoliko bisiɔpgã la, gblɔ le The New York Times me, egblɔ be: “Nufiafia ɖe sia ɖe si melɔ̃na ɖe aɖaŋunuwɔwɔ ŋuti kpeɖodzi gbogbo siwo le nu gbagbe ŋuti nunya me dzi o alo dina be yeaŋe aɖaba aƒu edzi la menye dzɔdzɔmeŋutinunya o, ke boŋ nususugblɔ koe wònye.”

Ðe Wòana Dzɔdzɔmeŋutinunya Natsi Akpo Dzia?

Ke hã, ame aɖewo bunɛ be lɔlɔ̃ ɖe kpeɖodzi siwo li be Wɔla aɖe li dzi “axe mɔ na numekukuwɔwɔ.” Magazine si nye New Scientist me nyati aɖe ɖe vɔvɔ̃ sia gblɔ be “dzɔdzɔmeŋutinunya si seɖoƒe meli na o la, atsi akpo dzi, eye mɔxeɖenu sesẽ si nye ‘aɖaŋuwɔla lae wɔe’ axe mɔ na eƒe ŋgɔyiyi.” Ðe kpeɖodzi aɖe le vɔvɔ̃ ma ŋua? Kura o. Le nyateƒe me la, mele nenema o. Nu ka tae?

Ne míegblɔ be nudogoɖenunu kple nɔnɔmetɔtrɔ si va yi edzi emegbe gbɔe míaƒe xexea kple nu gbagbe siwo le anyigba dzi dzɔ tso la, anye agbagbadzedze be míagbe numeɖeɖe siwo ŋu kpeɖodzi le la xɔxɔ de eme. Le go bubu me la, ne míelɔ̃ ɖe edzi be Wɔla nyanu aɖee wɔ nu siwo ƒo xlã mí la, ate ŋu aʋã mí be míaku nu me ku ɖe dzɔdzɔmenuwo kple Wɔla la ƒe nunya si dze le xexe si wokpɔna me la ŋu. Bu nya sia ŋu kpɔ: Enyanya be Leonardo da Vinci ye ta nɔnɔmetata si woyɔna be “Mona Lisa” la mexe mɔ na blema nutata ŋuti nunyalawo be woaku nu me ku ɖe aɖaŋu kple dɔwɔnu siwo wòzã la ŋu o. Nenema kee, ne míelɔ̃ ɖe edzi be Aɖaŋuwɔla aɖe li la, mele be esia naɖe dzi le mía ƒo be míagawɔ numekuku tsitotsito ku ɖe aɖaŋu wɔnuku si dze le eƒe aɖaŋunuwo kple nuwɔwɔwo me ŋu o.

Biblia mexe mɔ ɖe numekukuwɔwɔ ŋu kura o, ke boŋ ede dzi ƒo be woaku nu me ku ɖe dzɔdzɔmenuwo kple Mawu ŋu. Fia Dawid si nɔ anyi le blema de ŋugble tso ale si wowɔ eƒe ametia aɖaŋutɔe la ŋu. Esia na wògblɔ be: “Wowɔm nukutɔe . . . wò dɔwɔwɔwo nye nukunu, eye nye luʋɔ dze si esia keŋ.” (Psalmo 139:14) Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be Wɔla la bia blemafofo Hiob be: “Èkpɔ anyigba ƒe kekemea?” (Hiob 38:18) Esia mefia mɔxexe ɖe nusɔsrɔ̃ kple numekukuwɔwɔ nu kura o. Ke boŋ ɖe Aɖaŋuwɔla Gãtɔ la kpe mí le afi sia be míasrɔ̃ nu tso yeƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu. Bu nya si nyagblɔɖila Yesaya ŋlɔ si kpe mí be míadzi míaƒe sidzedze ku ɖe Ame si wɔ nu siwo ƒo xlã mí ŋu ɖe edzi la ŋu kpɔ, eŋlɔ bena: ‘Mifɔ mo dzi, ne miakpɔ nu! Ame kae wɔ nu siawo?’ Vavãe, Yesaya 40:26 gblɔ nyateƒenya aɖe si ɖee fia be ŋusẽ triakɔ aɖee wotsɔ wɔ xexea. Nyateƒenya ma wɔ ɖeka kple nu siwo ŋu dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ke ɖo siwo ku ɖe dzɔdzɔmeŋusẽ kple dzɔdzɔmenuwo ŋu.

Enye nyateƒe be, nyabiase siwo ku ɖe nuwɔwɔwo ŋu ƒe ŋuɖoɖo kpɔkpɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Le go aɖewo me la, nu si gbɔ esia tsoe nye be míaƒe nugɔmesese ŋutete mede blibo o, eye míesea nu siwo le míaƒe xexea me la gɔme keŋkeŋ o. Hiob kpɔ esia dze sii. Ekafu Wɔla si na be anyigba te ŋu le yame evɔ mekui ɖe naneke ŋu o, ame si blaa tsiwo ɖe alilikpowo me le anyigba tame la. (Hiob 26:7-9) Ke hã, Hiob de dzesii be nu wɔnuku mawo ‘nye Wɔla la ƒe mɔwo toga ko.’ (Hiob 26:14) Ðikeke mele eme o be Hiob di be yeasrɔ̃ nu geɖe tso xexe si ƒo xlãe la ŋu. Dawid lɔ̃ ɖe eƒe nugɔmesese ƒe seɖoƒewo dzi, eye wòŋlɔ bena: “Nunya sia nye nuku nam akpa, ekɔ, nyemate ŋu anya ta le enu o.”—Psalmo 139:6.

Lɔlɔ̃ ɖe edzi be Wɔla aɖe li mexea mɔ na dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe ŋgɔyiyi o. Le nyateƒe me la, ŋutilãmenuwo kple gbɔgbɔmenuwo ƒe gɔmesese deto didi nye nu si seɖoƒe meli na o, eye ayi edzi tegbee. Blema fia aɖe si xɔ ŋkɔ le nunya deŋgɔ si nɔ esi ta la ŋlɔ ɖokuibɔbɔtɔe be: “Ewɔ nuwo katã nyuie ɖe wo wɔɣi, eye wòde mavɔmavɔ dzi me na wo, negbe ɖeko amegbetɔ menya mɔnu le nusiwo Mawu wɔ la ƒe agɔmegbɔ kple tagbɔ ŋu o.”—Nyagblɔla 3:11.

“Nu Siwo Me Ðeɖe Sesẽ Ƒe Mawu Yea”?

Ame aɖewo ʋlia nya be nenye be womekpɔ kpeɖodzi le dzɔdzɔmeŋutinunya me atsɔ aɖe nane me o hafi woƒoa nu tso Mawu ŋu “abe nyameɖeɖe gbɔkpɔnu” ene. Ne míagblɔe bubui la, ame siawo le gbɔgblɔm be Mawu Aɖaŋuwɔla ma va zua “nu siwo me ɖeɖe sesẽ ƒe Mawu,” abe ɖee “Mawu” nye amlimanya si wozãna ne amegbetɔwo menya ale si woaɖe nanewo me o ene. Gake nu kawo me ɖeɖee sesẽ le afi sia? Nu maɖinu sue aɖe si gbɔ míaƒe sidzedze ŋu yea? Kura o, nu gbogbo aɖe ŋutɔ siwo me Darwin ƒe nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia mete ŋu ɖena o ye wonye. Wonye nu gbagbewo ƒe wɔwɔme ƒe akpa vevi aɖewo siwo me nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia la mete ŋu ɖena o. Ne míagblɔe tututu la, nɔnɔmetɔtrɔ ŋuti nufiala siwo metua woƒe numeɖeɖewo ɖe kpeɖodzi ŋutɔŋutɔ aɖeke dzi o boŋue tsɔ Darwin ƒe nufiafia wɔ woƒe “nu siwo me ɖeɖe sesẽ ƒe Mawu.”

Wɔla si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me menye “nu siwo me ɖeɖe sesẽ ƒe Mawu” o. Ke boŋ eƒe dɔwo ku ɖe ɖoɖo si nu wowɔ nuwo ɖo, nuwɔwɔwo ƒe akpa sia akpa, kple nu sia nu si ku ɖe nuwɔwɔwo ŋu la ŋuti. Hakpala la te gbe ɖe nu si ƒo ɖe sia ɖe ta le Yehowa ƒe asinudɔwo me dzi ale: “Elabena gbɔwò agbedzɔƒe le, eye wò kekeli me míele kekeli kpɔm le.” (Psalmo 36:10) Woɖɔe wòsɔ nyuie be enye “Mawu, si wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kpakple woƒe nuwo katã.” (Dɔwɔwɔwo 4:24; 14:15; 17:24) Susu nyui aɖe tae ƒe alafa gbãtɔ me nufiala aɖe ŋlɔ bena Mawue “wɔ nuwo katã” ɖo.—Efesotɔwo 3:9.

Gakpe ɖe eŋu la, Mawu ɖo ‘dziƒo ƒe sewo,’ se siwo kplɔa dzɔdzɔmenuwo kple dzɔdzɔmeŋusẽwo, eye dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gakpɔtɔ le nu srɔ̃m tso nu siawo ŋu. (Hiob 38:33) Eƒe aɖaŋunuwo de blibo, eye tameɖoɖo le wo ŋu, eye wonaa tame si wòɖo be nu gbagbe hamehame wɔnukuwo nanɔ anyigba dzi la vaa eme.

Aɖaŋunu Kple Susuŋudɔwɔwɔ Nyuie

Mlɔeba la, ele be míadzro nya si ku ɖe susuŋudɔwɔwɔ nyuie ŋu la me. Esi dzɔdzɔmeŋutinunya ŋlɔla John Horgan nɔ nu ƒom tso dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe nufiafia vovovoawo ŋu la, egblɔ be: “Ne ɖikeke le kpeɖodziawo ŋu la, mele be wòakpe ŋu na mí be míana susuŋudɔwɔwɔ nyuie nafia mɔ mí o.”

Ðe susu le eme be míagblɔ be ɖeko agbea dzɔ le vome alo dzɔ tso ŋusẽ manyatalenu aɖe gbɔa? Togbɔ be nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia kaka ale gbegbe hã la, ame siwo nunya le tagbɔ na, siwo dome dzɔdzɔmeŋutinunyalawo hã le, ka ɖe edzi be Wɔla nyanu aɖe li. Dzɔdzɔmeŋutinunya nufialagã aɖe de dzesii be “ame gbogbo aɖe ŋutɔ bunɛ nunyatɔe be ɖe wowɔ nu gbagbewo.” Nu ka tae wòle alea? Ame akpa gãtɔ alɔ̃ ɖe apostolo Paulo ƒe nya sia dzi bɔbɔe be: ‘Aƒe sia aƒe la amee tsonɛ.’ (Hebritɔwo 3:4) Eye Paulo yi edzi kple nyataƒoƒo sia si sɔ be: ‘Ame si wɔ nuwo katã lae nye Mawu.’ Le Biblia ƒe nukpɔsusu nu la, susu mele eme be woalɔ̃ ɖe edzi be aɖaŋuwɔla kple tula le aƒe sia aƒe si, evɔ agblɔ le ɣeyiɣi ma ke me be lãmenugbagbevi siwo ƒe wɔwɔme gɔme sese mele bɔbɔe o la dzɔ le wo ɖokui si le vome o.

Biblia gblɔ nya sia ku ɖe ame siwo melɔ̃na ɖe edzi be Aɖaŋuwɔla kple Wɔla aɖe li o la ŋu be: “Abunetɔwo gblɔna le woƒe dzi me be: Mawu aɖeke meli o.” (Psalmo 14:1) Le afi sia la, hakpalaa ka mo na ame siwo mexɔ Wɔla la ƒe anyinɔnɔ dzi se va se ɖe fifi o la. Ate ŋu adzɔ be ame ŋutɔ ƒe nukpɔsusuwo ko nakpɔ ŋusẽ ɖe edzi le esi wòabu nuwo ŋu nyuie teƒe. Le go bubu me la, ame si nye nunyala kple nugɔmesela lɔ̃na ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be Wɔla aɖe li.—Yesaya 45:18.

Le ame butame geɖe gome la, kpeɖodzi blibo li be Aɖaŋuwɔla Gã aɖe li.

Àte Ŋu Adze Si Aɖaŋuwɔla La

Ne míebua mía ɖokui be míenye aɖaŋunuwɔwɔwo la, ke susu ka tae wowɔ mí ɖo? Tameɖoɖo kae le míaƒe agbe ŋu? Dzɔdzɔmeŋutinunya ɖeɖe dzaa mate ŋu aɖo nyabiase mawo ŋu wòade edeƒe o. Gake ele be míakpɔ ŋuɖoɖo siwo ŋu kakaɖedzi le, siwo me kɔ nyuie la, na nyabiase siawo. Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le go siawo me ŋutɔ. Eƒo nu tso Yehowa ŋu be enye Wɔla kple Tameɖola, ame si wɔa nu sia nu le susu nyui aɖe ta. Ŋɔŋlɔawo ɖe tame si Mawu ɖo ɖe ameƒomea ŋu la fia, eye wòna etsɔme mɔkpɔkpɔ mí.

Gake míagabia ake be ame kae nye Yehowa? Mawu ka ƒomevie wònye? Yehowa Ðasefowo le didim be nànyae be ame ŋutɔŋutɔe Aɖaŋuwɔla Gã la nye. Àte ŋu asrɔ̃ nu ku ɖe eƒe ŋkɔ kple eƒe nɔnɔmewo kpakple ale si wòwɔa nu kple ameƒomea ŋu. To eƒe Nya, Biblia, sɔsrɔ̃ me la, àva kpɔ nu si tae menye ɖeko míakafu aɖaŋunu dzeani siwo wòwɔ ko evɔ o, ke boŋ míatsɔ kafukafu anae abe Aɖaŋuwɔla ene la.—Psalmo 86:12; Nyaɖeɖefia 4:11.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Michelangelo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 5]

Aɖaŋuwɔla dzi xɔxɔ se wɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunya vavã

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Ale si nuwɔwɔwo li hamehame hetrɔna ɖe woƒe nutoa me ƒe nɔnɔmewo ŋu ɖo kpe edzi be aɖaŋu gã aɖee wotsɔ wɔ woe

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Aɖaŋunu bia be aɖaŋuwɔla nanɔ anyi