Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kristotɔnyenye Ðo Asia Sue

Kristotɔnyenye Ðo Asia Sue

Kristotɔnyenye Ðo Asia Sue

LE ƑE alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, Kristotɔwo ƒe hame geɖe dzi ɖe edzi le Asia Sue (vevietɔ egbegbe Turkey). Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ geɖewo xɔ Kristotɔwo ƒe gbedeasia. Biblia gɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be: “To vovo na Siria Palestina la, Asia Sue afi siae Kristotɔwo ƒe dɔa keke ta le wu zi gbãtɔ.”

Míate ŋu akpɔ ale si Kristotɔnyenye keke ta le nuto sia me bliboe ne míeƒo ƒu nyatakaka geɖewo tso teƒe vovovowo. Mina míakpɔ ale si nyatakaka siwo li la me dzodzro aɖe vi na míi ɖa.

Kristotɔ Gbãtɔ Siwo Nɔ Asia Sue

Nudzɔdzɔ ɖedzesi gbãtɔ si na be Kristotɔnyenye kaka le Asia Sue la dzɔ le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi ke, esime gbe vovovo dola siwo dometɔ aɖewo nye Yudatɔ siwo nɔ duta (Yudatɔ siwo menɔ Palestina nyigba dzi o) kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔwo kpe ta le Yerusalem. Yesu ƒe apostolowo ɖe gbeƒã nya nyuia na vavala siawo. Ŋutinyamenuŋlɔɖi la gblɔ be ame vovovowo tso Kapadokia, Ponto, Asia * nutowo me, Frigia, kple Pamfilia—nuto siawo nye Asia Sue ƒe akpa gã aɖe. Nyasela siwo ade 3,000 xɔ Kristotɔwo ƒe gbedeasia eye wonyrɔ wo. Esi wotrɔ yi wo de la, wotsɔ woƒe xɔse yeye la yii.—Dɔwɔwɔwo 2:5-11, 41.

Míekpɔ nyatakaka si kplɔe ɖo le Biblia me nuŋlɔɖi si ku ɖe apostolo Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔwo le Asia Sue ŋu me. Le Paulo ƒe mɔzɔzɔ gbãtɔ le ƒe 47 M.Ŋ. va se ɖe ƒe 48 M.Ŋ. me lɔƒo me la, woa kple eƒe mɔzɔhatiwo ɖo tɔdziʋu tso Kipro yi Asia Sue, eye woɖi go le Perge le Pamfilia. Ale si wokpɔ dzidzedze le gbeƒãɖeɖedɔa me le Antioxia, dugã si nɔ du dome le Pisidia la, na be Yudatɔwo ʋã ŋu wo, eye wotsi tsitre ɖe wo ŋu. Esi Paulo ʋu yi Ikonio si nɔ anyieheɣetoɖoƒe gome la, Yudatɔ bubuwo ɖo tame be yewoaɖi gbɔ dutanyanyuigblɔlaawo. Gbã la, ame siwo nɔ Listra, si nye du aɖe si te ɖe Ikonio ŋu, siwo ƒe nu ku la, ɖe gbeƒãe be mawu aɖee Paulo nye. Gake esi Yudatɔ tsitretsiɖeŋulawo tso Antioxia kple Ikonio va ɖo afi ma megbe la, dua me tɔwo ƒu kpe Paulo eye wogblẽe ɖi hebu be eku! Le nudzɔdzɔ sia megbe la, Paulo kple Barnaba yi Derbe si nɔ Roma dziɖuɖua ƒe nuto si nye Galatia me, afi si amewo doa Likaoniagbe le. Woɖo hamewo heɖo hamemetsitsiwo le wo me. Eya ta àte ŋu akpɔe be ƒe 15 pɛ le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste megbe la, Kristotɔnyenye xɔ anyi nɔ le Asia Sue.—Dɔwɔwɔwo 13:13–14:26.

Le Paulo ƒe mɔzɔzɔ evelia le ƒe 49 M.Ŋ. va se ɖe ƒe 52 M.Ŋ. me lɔƒo me la, woa kple eƒe mɔzɔhatiwo zɔ mɔ yi Listra, anɔ eme godoo be woto Tarso si nye Paulo dedu si nɔ Kilikia la me. Esi Paulo yi ɖasrã nɔviwo kpɔ ake le Listra eye wòɖo ta dziehe gome la, etee kpɔ be ‘yeagblɔ nya la’ le Bitinia kple Asia nutowo me. Gake gbɔgbɔ kɔkɔea meɖe mɔ ɖe esia ŋu nɛ o. Woava gblɔ nya nyui la le afi mawo emegbe. Le esia teƒe la, Mawu fia mɔ Paulo be wòato Asia Sue ƒe dzieheɣetoɖoƒe gome ayi Troa si le ƒuta. Emegbe wofia mɔ Paulo le ŋutega me be wòayi aɖaɖe gbeƒã nya nyuia le Europa.—Dɔwɔwɔwo 16:1-12; 22:3.

Le Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ etɔ̃lia le ƒe 52 M.Ŋ. va se ɖe ƒe 56 M.Ŋ. me lɔƒo me la, egazɔ mɔ to Asia Sue ake heva ɖo Efeso si nye Asia ƒe melidzeƒedu la me. Eva dze afi ma kpɔ esime wògbɔ tso eƒe mɔzɔzɔ evelia me. Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe nɔ dɔ dzi vevie le du ma me, eye Paulo kple eƒe zɔhɛwo wɔ dɔ kpli wo ƒe etɔ̃ kloe. Le ɣeyiɣi mawo me la, woto nɔnɔme sesẽ kple afɔku geɖe me; esiawo dometɔ ɖekae nye ale si Efesotɔ klosalonutula aɖe de adã tame na dua me tɔwo be yeatsɔ akpɔ yewoƒe asitsatsa, si do ƒome kple mawusubɔsubɔ, si me wokpɔa ga geɖe le la ta.—Dɔwɔwɔwo 18:19-26; 19:1, 8-41; 20:31.

Edze ƒã be dutanyanyuigbɔgblɔdɔ si wowɔ le Efeso la kpɔ ŋusẽ ɖe ame geɖe dzi. Dɔwɔwɔwo 19:10 gblɔ be: “Amesiwo katã le Asia la, Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa, se Aƒetɔ ƒe nya la.”

Ale Si Dɔa Keke Ta Le Asia Sue

Esi ɣeyiɣi de be Paulo nadzo le Efeso la, eŋlɔ ɖo ɖe Korintotɔwo be: “Asia-hameawo ɖuɖɔ mi ƒã!” (Korintotɔwo I, 16:19) Hame kawoe nɔ susu me na Paulo? Anɔ eme be hame siwo nɔ Kolose, Laodikea, kple Hierapoli hã nɔ wo dome. (Kolosetɔwo 4:12-16) Agbalẽ si nye Paul—His Story gblɔ be: “Susu le eme be woagblɔ be dutanyanyuigbɔgblɔdɔ si wowɔ le Efeso ye na be hame siwo nɔ Smirna, Pergamo, Sardes, kple Filadelfia la va li. . . . Wo katã wodidi tso Efeso gbɔ anɔ kilometa 192, eye mɔdodo nyuiwo tso du sia me yi wo dometɔ ɖe sia ɖe me.”

Eya ta ƒe 20 aɖewo le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea megbe la, Kristo hame geɖe nɔ Asia Sue ƒe anyiehe kple ɣetoɖoƒe gome. Ke Asia Sue ƒe nuto bubuwo ya ɖe?

Ame Siwo Petro Ŋlɔ Eƒe Agbalẽwo Na

Apostolo Petro ŋlɔ eƒe agbalẽ gbãtɔ si tso gbɔgbɔ me la le ƒe aɖewo megbe, anye ƒe 62 M.Ŋ. va se ɖe ƒe 64 M.Ŋ. me lɔƒo. Eŋlɔe ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ Ponto, Galatia, Kapadokia, Asia, kple Bitinia. Agbalẽ si Petro ŋlɔ na wo la ɖee fia be Kristo hame geɖe nɔ nuto mawo me, eye wòxlɔ̃ nu woƒe hamemetsitsiwo be ‘woanyi alẽha la.’ Ɣekaɣie woɖo hame siawo?—Petro I, 1:1; 5:1-3.

Paulo ye gblɔ nya nyuia le nuto siwo me ame siwo xɔ Petro ƒe agbalẽwo nɔ la dometɔ aɖewo me, eye wo dometɔ aɖewoe nye Asia kple Galatia. Ke hã, meɖe gbeƒã de Kapadokia kple Bitinia o. Biblia megblɔ ale si Kristotɔnyenye wɔ ɖo nuto mawo me na mí o; ke hã, ate ŋu anye be Yudatɔwo alo trɔ̃subɔla zu Yudatɔ siwo yi Yerusalem le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi, eye wogbugbɔ yi wo de emegbe lae tsɔ nya nyuia yi afi mawo. Aleke kee wòɖale o, edze kɔte be anɔ ƒe 30 le Pentekoste ŋkekea megbe, ɣeyiɣi si me Petro ŋlɔ eƒe agbalẽawo la, hamewo “kaka ɖe Asia Sue bliboa,” abe ale si agbalẽnyala aɖe gblɔe ene.

Hame Adre Siwo Woyɔ Le Nyaɖeɖefia Me

Yudatɔwo dze aglã ɖe Romatɔwo ŋu, eye esia na be wova tsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 70 M.Ŋ. me. Anye be Kristotɔ siwo nɔ Yudea ʋu yi ɖanɔ Asia Sue. *

Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo me la, Yesu Kristo to apostolo Yohanes dzi ŋlɔ agbalẽ na hame adre siwo nɔ Asia Sue. Agbalẽ siawo siwo wòŋlɔ na hame siwo nɔ Efeso, Smirna, Pergamo, Tiatira, Sardes, Filadelfia, kple Laodikea la ɖee fia be Kristotɔ siwo nɔ Asia Sue ƒe nuto mawo me dze ŋgɔ afɔku vovovo siwo nye agbe gbegblẽ nɔnɔ, kɔmama, kple xɔsegbegbe.—Nyaɖeɖefia 1:9, 11; 2:14, 15, 20.

Subɔsubɔ Ðokuibɔbɔtɔe Tso Dzi Blibo Me

Kristotɔnyenye ƒe takeke le ƒe alafa gbãtɔ me de ŋgɔ wu nu siwo míexlẽna le Apostolowo ƒe Dɔwɔwɔwo me. Petro kple Paulo, ame siwo nye apostolo siwo wonya nyuie la, wɔ akpa vevie aɖe le nudzɔdzɔ siwo ŋu woƒo nu tsoe le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me la me, gake ame gbogbo aɖewo nɔ anyi siwo ɖe gbeƒã le teƒe bubuwo siwo ŋu míenya naneke tso o. Dɔa ƒe takeke le Asia Sue ɖo kpe edzi be Kristotɔ gbãtɔwo bu Yesu ƒe sedede si nye be, “miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo” la nya vevii.—Mateo 28:19, 20.

Nenema kee egbea hã la, dɔ siwo Yehowa Ðasefowo wɔna nuteƒewɔwɔtɔe le xexea me godoo la ƒe akpa sue aɖe koe nɔa nyanya na nɔvi siwo le xexea me la. Abe ale si wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me nya nyui gbeƒãɖela wɔnuteƒe geɖe siwo nɔ Asia Sue gomee ene la, dɔ siwo nya nyui gbeƒãɖela siwo li egbea ƒe akpa gãtɔ wɔna mele nyanya o. Ke hã, woawo hã wowɔa dɔ geɖe si me teƒeɖoɖo le, eye woƒe dzi dzea eme ŋutɔ esi wonyae be yewotsɔ yewo ɖokuiwo le nanam toɖoɖotɔe hena amewo xɔxɔ ɖe agbe ta.—Timoteo I, 2:3-6.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo kple nyati sia me la, “Asia” si ŋu wole nu ƒom tsoe ye nye Roma nuto si nɔ Asia Sue ƒe ɣetoɖoƒe, ke menye Asia anyigbagã la o.

^ mm. 17 Blemaŋutinyaŋlɔla Eusebius (260-340 M.Ŋ.) gblɔ be ɣeyiɣi aɖewo do ŋgɔ na 66 M.Ŋ. la, “wonya apostolowo, ame siwo ŋu woɖoa nugbe ɖo enuenu be yewoawu wo la, le Yudea. Gake be woagblɔ woƒe gbedeasia na amewo la, wozɔa mɔ yia du ɖe sia ɖe me le Kristo ƒe ŋusẽ me.”

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

KRISTOTƆ GBÃTƆ SIWO NƆ BITINIA KPLE PONTO

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Bitinia kple Ponto siwo nye nuto eve ƒokpli la le Asia Sue ƒe Ƒuyibɔ Ƒuta. Nu si Pliny Suetɔ si nye Roma Fiagã Trajan ƒe dziɖuɖumegãwo dometɔ ɖeka ŋlɔ ɖo ɖe Fiagã la na míenya nu geɖe tso dua me tɔwo ƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ ŋu.

Ƒe 50 aɖewo esime hame siwo le nuto ma me xɔ Petro ƒe agbalẽwo vɔ megbe la, Pliny bia Trajan be wòagblɔ nu si yeawɔ kpli Kristotɔwo la na ye. Pliny ŋlɔ bena: “Nyemekpɔ gbebiabia Kristotɔwo teƒe kpɔ o. Esia tae nyemenya nu gobi aɖeke tso ale si gbegbe to si wohena na wo zi geɖe la nu sẽnɛ ŋu o. Wokplɔa ame geɖe siwo le ɖoƒe vovovo, siwo nye nyɔnuwo kple ŋutsuwo, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa vaa ʋɔnui, eye edze ƒã be nuwɔna sia ayi edzi nenema. Menye dugãwo me koe vivimeha vɔ̃ɖi sia xɔ aƒe ɖo o, exɔ aƒe ɖe kɔƒenutowo hã me.”

[Anyigbatata si le axa 9]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

PAULO ƑE MƆZƆZƆWO

Dutanyanyuigbɔgblɔ Ƒe Mɔzɔzɔ Gbãtɔ

KIPRO

PAMFILIA

Perge

Antioxia (si nɔ Pisidia)

Ikonio

Listra

Derbe

Dutanyanyuigbɔgblɔ Ƒe Mɔzɔzɔ Evelia

KILIKIA

Tarso

Derbe

Listra

Ikonio

Antioxia (si nɔ Pisidia)

FRIGIA

GALATIA

Troa

Dutanyanyuigbɔgblɔ Ƒe Mɔzɔzɔ Etɔ̃lia

CILICIA

Tarsus

Derbe

Lystra

Iconium

Antioch (of Pisidia)

Efeso

ASIA

Troa

[Hame adre]

Pergamo

Tiatira

Sardes

Smirna

Efeso

Filadelfia

Laodikea

[Du Bubuwo]

Hierapoli

Kolose

LIKIA

BITINIA

PONTO

KAPADOKIA

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Antioxia

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Troa

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© 2003 BiblePlaces.com

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Efeso ƒe fefewɔƒe.—Dɔwɔwɔwo 19:29

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Zeus ƒe vɔsamlekpui si nɔ Pergamo la ƒe agunu. Kristotɔ siwo nɔ dua me nɔ “afisi Abosam ƒe zikpui” nɔ.—Nyaɖeɖefia 2:13

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.