Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Yehowa, Dom Kpɔ”

“Yehowa, Dom Kpɔ”

“Yehowa, Dom Kpɔ”

“YEHOWA doa dziwo kpɔna.” (Lododowo 17:3) Ele be esia nana kakaɖedzi blibo mí. Nu ka tae? Elabena to vovo na amegbetɔ siwo drɔ̃a ʋɔnu le nu si woƒe ŋku kpɔna nu ko la, mía Fofo si le dziƒo ya “kpɔa keke dzi me ke.”—Samuel I, 16:7, 8.

Le nyateƒe me la, mía ŋutɔwo gɔ̃ hã míate ŋu alé ŋku ɖe mía ɖokui ŋu anya nu siwo ʋãa mí míewɔa nu kple míaƒe dzimedidiwo wòade edeƒe o. Nu ka tae? Elabena míaƒe “dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye, ameka ahadze sii ma?” Gake Mawu ya nyanɛ, elabena egblɔ be: “Nye Yehowa ye dzroa dziwo me, eye medoa ayikuwo me kpɔna.” (Yeremya 17:9, 10) Nyateƒee, Yehowa nyaa nu si “dzi la”—si ƒe akpa aɖee nye nu siwo ʋãa mí—kple nu si “ayikuwo,” si nye míaƒe tamesusu kple seselelãme ememetɔwo, siaa nye.

Nu ka ta Wodoa Mí Kpɔ?

Mewɔ nuku o be Fia Dawid si nɔ anyi le blema la gblɔ na Mawu be: “Yehowa, dom kpɔ, eye nadzro menye kpɔ, lólo nye ayikuwo kple nye dzi!” (Ps. 26:2) Ðe Dawid dza keŋkeŋ le nuwɔna kple nuƒoƒo me ale be mavɔ̃ na naneke nenye be Yehowa doe kpɔ oa? Kura o! Abe mí katã ene la, Dawid mede blibo o, eye mate ŋu anɔ agbe ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu bliboe o. Le Dawid ƒe blibomademade ta la, ewɔ nu vɔ̃ gã geɖewo, gake eyi edzi “zɔ le dzimekɔkɔ” me. (Fiawo I, 9:4) Le mɔ ka nu? Ewɔ esia to ale si wolɔ̃ xɔ mokaname heɖɔ eƒe zɔzɔme ɖo dzi. Eto esia dzi ɖee fia be yelɔ̃ Yehowa vavã. Etsɔ eɖokui na Mawu bliboe.

Ke alekee wòle le míawo ya gome egbea? Yehowa nyae be míede blibo o, eye míate ŋu ada vo le nuƒoƒo kple nuwɔna me. Ke hã, mezãa ŋutete si le esi be wòanya míaƒe etsɔme la tsɔ ɖoa agbe si míava nɔ le etsɔme ɖi o. Ewɔ mí hena tiatiawɔblɔɖe mí, eye wòdea bubu tiatia siwo míewɔna la ŋu—nu si wòna mí dɔmenyotɔe.

Ke hã, ɣeaɖewoɣi la, Yehowa doa ame si míenye le ememe la kpɔ, si ƒe akpa aɖee nye nu siwo ʋãa mí míewɔa nu. Ate ŋu awɔ esia to mɔnukpɔkpɔ nana mí be míaɖe ale si míaƒe dzia ƒe nɔnɔme le la afia. Ate ŋu aɖe mɔ hã be nɔnɔme vovovowo alo kuxiwo nava mía dzi bene míaɖe míaƒe tamesusuwo afia. Esia naa mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖe míaƒe ɖokuitsɔtsɔna kple nuteƒewɔwɔ na Yehowa afiae. Dodokpɔ siawo siwo ŋu Yehowa ɖea mɔ ɖo ate ŋu ana míaƒe xɔse ƒe nyonyome nadze ƒãa be míenye ‘ame blibowo keŋkeŋ, eye naneke mehiã mí o.’—Yakobo 1:2-4.

Blema Xɔse Ƒe Dodokpɔ Aɖe

Xɔse kple ameʋãŋusẽ ƒe dodokpɔwo menye nu yeye na Yehowa subɔlawo o. Bu blemafofo Abraham ŋu kpɔ. “Mawu do Abraham kpɔ.” (Mose I, 22:1) Esime wogblɔ nya siawo la, wodo ale si Abraham xɔ Mawu dzi see kpɔ xoxo. Ƒe geɖe do ŋgɔ la, Yehowa bia tso Abraham si be woa kple eƒe ƒomea naʋu tso Ur dugã si me kesinɔnuwo bɔ ɖo me ayi anyigba aɖe si womenya o dzi. (Mose I, 11:31; Dɔwɔwɔwo 7:2-4) Abraham, ame si si aƒe anya nɔ le Ur, meƒle teƒe aɖeke si nye eya ŋutɔ tɔ koŋ le Kanaan, afi si wònɔ ƒe geɖe la o. (Hebritɔwo 11:9) Esi Abraham nɔ ʋuʋum tso teƒe yi teƒe ta la, esia na be woa kple eƒe ƒomea woɖoa afɔku aɖewo siwo nye dɔwuame, aʋawɔlawo ƒe amedzidzedze, kple nutoa me dziɖula siwo nye trɔ̃subɔlawo dome nɔnɔ la me. Le esia katã me la, Abraham ƒe xɔse sesẽ wu ame sia ame tɔ.

Emegbe Yehowa wɔ dodokpɔ aɖe si sesẽ wu ema na Abraham. Egblɔ nɛ be: “Kplɔ Isak, wò tenuvi, si gbɔ mèlɔ̃a nu lena o la, . . . eye natsɔe amè nui.” (Mose I, 22:2) Le Abraham gome la, menye vi dzro aɖe koe Isak nye nɛ o. Enye Abraham kple srɔ̃a Sara ƒe vi ɖekɛ. Isak ye nye ŋugbedodovi la, ame si ko Abraham nɔ mɔ kpɔm na be anye yeƒe ‘dzidzimevi’ si anyi Kanaan nyigba la dome, eye wòahe yayrawo avae na ame geɖewo abe ale si Mawu do ŋugbee ene. Le nyateƒe me la, Isak ye nye vi si wonɔ mɔ kpɔm na be Abraham adzi, eye wodzii le nukunu aɖe si Mawu wɔ megbe!—Mose I, 15:2-4, 7.

Àte ŋu akpɔ ale si wòasesẽ na Abraham be wòase sedede sia gɔmee le susu me ɖaa. Ðe Yehowa abia be woatsɔ amegbetɔ asa vɔea? Nu ka tae Yehowa ana Abraham nakpɔ dzidzɔ si wokpɔna le vidzidzi me le eƒe amegãkuɣi, eye emegbe wòabia tso esi be wòatsɔ vi ma ke asa vɔe na ye? *

Abraham ɖo to enumake, togbɔ be mese nya siawo gɔme nyuie o hã. Exɔ ŋkeke etɔ̃ hafi wòte ŋu ɖo to si wofia asi nɛ la gbɔ. Eɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma, eye wòfɔ nakewo ɖo edzi. Dodokpɔa va ɖo eƒe sesẽaƒe azɔ. Abraham tsɔ hɛ ɖe asi, gake esi wòdo asi ɖa be yeawu via la, Yehowa to mawudɔla aɖe dzi ɖo asi edzi hegblɔ nɛ be: “Menyae azɔ bena, èvɔ̃a Mawu, elabena mète wò tenuvi lam o.” (Mose I, 22:3, 11, 12) Kpɔ ale si gbegbe nya mawo sese anya na Abraham ƒe dzi adze emee ɖa! Ale si Yehowa bua Abraham ƒe xɔsee tsã la le eteƒe. (Mose I, 15:5, 6) Le esia megbe la, Abraham tsɔ agbo aɖe sa vɔe ɖe Isak teƒe. Eye Yehowa ɖo kpe ŋugbe si wòdo le nubabla me ku ɖe Abraham ƒe dzidzimevia ŋu la dzi. Eme kɔ be wova yɔ Abraham be Yehowa xɔlɔ̃.—Mose I, 22:13-18; Yakobo 2:21-23.

Wodoa Míawo Hã Míaƒe Xɔse Kpɔ

Mí katã míenya be Mawu subɔla siwo li egbea mate ŋu asi le dodokpɔwo nu o. Le mía gome la, dodokpɔ akpa gãtɔ nyea nu siwo Yehowa ɖea mɔ wovaa mía dzi ke menye nu siwo wògblɔna na mí be míawɔ o.

Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Amesiwo katã dina be, yewoanɔ agbe ɖe mawusosroɖa nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã.” (Timoteo II, 3:12) Yometiti mawo ate ŋu atso sukuhatiwo, xɔlɔ̃wo, ƒometɔwo, aƒelikawo, alo dziɖuɖumegã siwo wogblɔ alakpanyawo le mía ŋuti na la gbɔ. Eye woate ŋu anye dzugbewo kple anyrawɔwɔ ɖe ame ŋu kpakple mɔxeɖenu si Kristotɔwo doa goe le dɔwɔnyawo me. Kristotɔ vavãwo toa kuxi siwo vaa ameƒomea me tɔ ɖe sia ɖe dzi, siwo nye dɔléle, mɔkpɔkpɔbuɖeame, kple madzɔmadzɔnyenye hã me. Dodokpɔ siawo katã doa ame ƒe xɔse kpɔ.

Apostolo Petro he susu yi viɖe siwo dona tso xɔse ƒe dodokpɔ me dzi ale: ‘Miexa nu azɔ ɣeyiɣi ʋɛ aɖe le tetekpɔ bubu ƒomeviwo me hafi, bena woakpɔ miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ be, exɔ asi geɖe wu sika, si gblẽna, wònye wodoe kpɔ kple dzo hafi hena kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple bubu le Yesu Kristo ƒe ɖeɖe fia la me.’ (Petro I, 1:6, 7) Nyateƒee, woate ŋu atsɔ dɔ si dodokpɔwo wɔna ɖe ame dzi la asɔ kple ale si wotsɔa dzo lólona sikae. Ale si wolólonɛ na wokpɔa sika akuakua, eye woɖea ɖiwo ɖa le eme. Nu sia tɔgbi dzɔna ɖe míaƒe xɔse dzi ne míele dodokpɔwo me tom.

Le kpɔɖeŋu me, afɔku aɖe alo dzɔdzɔmefɔku aɖe ate ŋu ahe nɔnɔme sesẽwo avae. Ke hã, ame siwo si xɔse sẽŋu le la metsia dzimaɖi wògbɔa eme o. Kakaɖedzinya siawo si Yehowa gblɔ la faa akɔ na wo, egblɔ be: “Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpɔ o.” (Hebritɔwo 13:5) Woyia edzi tsɔa gbɔgbɔmenuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ kple kakaɖedzi be Yehowa Mawu ayra ɖe yewoƒe agbagbadzedzewo dzi bene nu siwo hiã yewo ŋutɔŋutɔ la nasu yewo si. Woƒe xɔse léa wo ɖe te le ɣeyiɣi sesẽwo me, eye wònana be woƒoa asa na dzimaɖitsitsi madzemadzee si ana woƒe nɔnɔmeawo nagblẽ ɖe edzi la.

Nyateƒe si wònye be dodokpɔwo ate ŋu ana afi siwo míaƒe xɔse gbɔdzɔ le nadze hã ate ŋu aɖe vi na mí ne míekpɔe dzesii be ele be míawɔ nu siwo hiã atsɔ aɖɔ nɔnɔmea ɖo. Anyo be ame sia ame nabia eɖokui se be: ‘Aleke mate ŋu ado ŋusẽ nye xɔsee? Ðe wòle be mazã ɣeyiɣi geɖe wu atsɔ anɔ Mawu ƒe Nya la me dzrom ahanɔ ŋugble dem tso eŋu moveviɖoɖotɔea? Ðe mewɔa mɔnukpɔkpɔ si su asinye be made kpekpewo kple haxɔsetɔwo la ŋu dɔ bliboea? Ðe meɖoa ŋu ɖe ɖokuinye ŋu le esi maɖe nye dzimaɖitsitsiwo agblɔ na Yehowa Mawu le gbedodoɖa me teƒea?’ Ðokuimedzodzro alea nye afɔɖeɖe gbãtɔ ko.

Be míado ŋusẽ míaƒe xɔse bia be míadzi ale si gbɔgbɔmenuɖuɖuwo dzroa míi ɖe edzi ahana ‘gbɔgbɔ me notsi tsimatɔ nadzro mí vevie.’ (Petro I, 2:2; Hebritɔwo 5:12-14) Ele be míadze agbagba anɔ abe ame si ŋu hakpala ƒo nu tsoe be, “ekpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eƒe se la ŋu zã kple keli” la ene.—Psalmo 1:2.

Esia bia nu geɖe wu Biblia xexlẽ ko. Ele vevie be míade ŋugble tso nu siwo Mawu ƒe Nya la gblɔna na mí ŋu, eye míawɔ ɖe eƒe nuxlɔ̃amewo dzi. (Yakobo 1:22-25) Esia ana lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu la nadzi ɖe edzi, akpe ɖe mía ŋu be míaƒe gbedodoɖawo nanɔ tẽe eye míaɖe míaƒe dzimedidiwo agblɔ, eye wòana ale si míexɔ Mawu dzi see me nasẽ ɖe edzi.

Xɔse Si Wodo Kpɔ Ƒe Asixɔxɔ

Ne míede dzesii be xɔse nye nu si le vevie ŋutɔ hafi Mawu nate ŋu akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la, eʋãa mí vevie míedoa ŋusẽ míaƒe xɔsea. Biblia ɖo ŋku edzi na mí be: “Ne xɔse mele mía si o la, míate ŋu adze Mawu ŋu o; elabena ele be, amesi ke tena va Mawu gbɔ la, naxɔ ase be, Mawu li, eye wònye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.” (Hebritɔwo 11:6) Eya ta ele be míase le mía ɖokui me abe ale si ŋutsu si ƒo koko na Yesu be, “kpe ɖe ŋunye le afi si xɔse hiãm le!” la se le eɖokui mee ene.—Marko 9:24, NW.

Xɔse ƒe dodokpɔ si me tom míele ate ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne Kristotɔ aɖe ƒe ame vevi aɖe ku la, xɔse sẽŋu si le esi ku ɖe tsitretsitsi si ŋugbe Mawu do ŋu la alée ɖe te. Afa konyi ya, gake ‘maxa nu abe ame bubu siwo si mɔkpɔkpɔ aɖeke mele o la ene o.’ (Tesalonikatɔwo I, 4:13, 14) Ame bubu siwo léa ŋku ɖe ale si Kristotɔ aɖe ƒe xɔse lénɛ ɖe te ŋu la, ate ŋu ava de dzesii be nu xɔasi aɖe ŋutɔe le esi. Esia ate ŋu aʋã dzi na wo woadi be xɔse ma tɔgbi nasu yewo hã yewo si, eye wòaʋã wo woasrɔ̃ Mawu ƒe Nya la ahazu Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo.

Yehowa nyae be xɔse si wodo kpɔ la xɔ asi ŋutɔ. Gakpe ɖe eŋu la, xɔse ƒe dodokpɔwo kpena ɖe mía ŋu míenyana ne ŋutete ŋutɔŋutɔ le míaƒe xɔsea ŋu be wòalé mí ɖe te. Míekpɔa nu siwo me míaƒe xɔse gbɔdzɔ le la dzea sii, eye esia kpena ɖe mía ŋu míewɔa ɖɔɖɔɖowo. Mlɔeba la, ne míeto dodokpɔwo me do dzidzedzetɔe la, esia ate ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu be woava zu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo. Eya ta mina míawɔ mía tɔ sinua bene míaƒe xɔse nakpɔtɔ asesẽ—xɔse si ne eto dodokpɔ vovovowo me vɔ la, anyo “hena kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple bubu le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la me.”—Petro I, 1:7.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 11 Ne èdi be yeanya nu si Isak tsɔtsɔ “sa vɔe” tsi tsitre ɖi na la kpɔ July 1, 1989, ƒe yevugbe me Gbetakpɔxɔ, axa 22.

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Etso Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo Si Ŋu Nɔnɔmetatawo Kpe Ðo, si Cassell, Petter kple Galpin ta la me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Abraham ƒe xɔse ƒe dɔwɔwɔwo na wòzu Yehowa xɔlɔ̃

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 12]

Dodokpɔwo ate ŋu aɖee afia be ŋutete ŋutɔŋutɔ le míaƒe xɔse ŋu be wòalé mí ɖe te