Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Le Yehowa Ƒe Kpekpeɖeŋu Me La, Míedo Dzi Le Ŋutasẽdziɖuɖuwo Te

Le Yehowa Ƒe Kpekpeɖeŋu Me La, Míedo Dzi Le Ŋutasẽdziɖuɖuwo Te

Agbemeŋutinya

Le Yehowa Ƒe Kpekpeɖeŋu Me La, Míedo Dzi Le Ŋutasẽdziɖuɖuwo Te

Abe Ale Si Henryk Dornik Gblɔ Ene

WODZIM le ƒe 1926 me. Dzinyelawo nye Katolikotɔ veviedonulawo. Wonɔ Ruda Slaska, afi si wokua tomenu le, si te ɖe Katowice ŋu, le anyiehe Poland. Wofia wo viwo—nɔvinyeŋutsu tsitsitɔ, Bernard; nɔvinyenyɔnu eveawo, Róża kple Edyta; kple nye ŋutɔ—be woanɔ gbe dom ɖa, anɔ sɔleme dem, ahanɔ nu vɔ̃ me ʋum edziedzi.

Biblia Me Nyateƒea Ge Ðe Mía Ƒe Me

Gbe ɖeka, le January 1937 me esime mexɔ ƒe ewo la, Papa gbɔ va aƒe me kple dzidzɔ. Agbalẽ gã titri aɖe, si Yehowa Ðasefowo nae la, nɔ esi. Egblɔ be, “Ðeviwo, mikpɔ nu si wonam ɖa—Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la!” Nyemekpɔ Biblia le nye agbe me kpɔ o.

Katolikohaa kpɔ ŋusẽ ɖe Ruda Slaska dua kple nuto siwo ƒo xlãe me tɔwo dzi hena ɣeyiɣi didi aɖe. Sɔlemehakplɔlawo wɔa nu ɖe ame siwo tɔe tomenukuƒea nye la ŋu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe, eye wobia toɖoɖo blibo tso tomenukudɔwɔlawo kple woƒe ƒomewo si. Ne tomenukudɔwɔla aɖe mede Sɔleme o, alo gbe be yemayi aɖaʋu nu vɔ̃ me o la, wobunae dzimaxɔtɔe, eye wodéa dzesii hena enyanya le tomenukuƒea. Eteƒe medidi o, wote Papa hã bubu nenema, elabena enɔ ha dem kple Yehowa Ðasefowo. Gake esime nunɔla aɖe va mía ƒe me la, Papa klo nu le eƒe subɔsubɔ me alakpanuwɔwɔwo dzi le mí katã ŋkume. Esi nunɔla sia si ŋu kpe ŋutɔ la medi be kuxi geɖe nava ye dzi o ta la, mena wonya Papa o.

Nyateƒetoto na nunɔlaa ŋkume kple ŋkume nenema teƒekpɔkpɔ do ŋusẽm megaɖoe kplikpaa be masrɔ̃ Biblia. Vivivi la, meva lɔ̃ Yehowa, eye ƒomedodo kplikplikpli va le mía kplii dome. Ɣleti ʋɛ aɖewo le Papa ƒe gododo kple nunɔlaa megbe la, míede Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia, afi si woɖe Papa fia ƒuƒoƒo aɖe si me ame 30 nɔ le hegblɔ be, “Yonadabwo dometɔ ɖekae nye esi.” Eteƒe medidi o, meva se egɔme be “Yonadabwoe” nye Kristotɔ siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le, eye be ame siawo anɔ agbɔ sɔm ɖe edzi. *Fiawo II, 10:15-17.

“Ðekakpui, Ènya Nu Si Nyɔnyrɔxɔxɔ Fia?”

Esi Papa xɔ nyateƒea vɔ megbe la, edzudzɔ ahanono hezu srɔ̃ŋutsu kple vifofo nyui aɖe. Ke hã, Dada meda asi ɖe eƒe subɔsubɔdzixɔsewo dzi o, eye wònɔa gbɔgblɔm be anyo na ye wu be Papa nakpɔtɔ anye Katolikotɔ eye wòanɔ agbe abe ale si wònɔnɛ tsã ene. Gake esi Xexemeʋa II lia dze egɔme la, ede dzesii be subɔsubɔhakplɔla siwo do gbe ɖa ɖe Poland dukɔa ta be wòaɖu Germanytɔ siwo va dze wo dzi la dzi la kee gale gbe dom ɖa azɔ hele akpe dam ɖe Hitler ƒe aʋadziɖuɖuwo ta! Emegbe le ƒe 1941 me la, Dada va wɔ ɖeka kpli mí azɔ le Yehowa subɔsubɔ me.

Do ŋgɔ na esia la, meɖe nye didi be matsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ aɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe na Mawu dzi la gblɔ, gake hamemetsitsiawo susui be nyemetsi o. Wogblɔ nam be malala. Gake mlɔeba, le December 10, 1940 dzi la, Konrad Grabowy (nɔviŋutsu aɖe si wɔ nuteƒe le fuwɔamesaɖa me yi ɖase ɖe ku me) ɖe kpɔm hebia gbem le xɔ sue aɖe me. Ebia nya atɔ̃m eye esi wòkpɔ ŋudzedze ɖe nye ŋuɖoɖoawo ŋu la, enyrɔm. Nya siwo wòbiam dometɔ ɖekae nye, “Ðekakpui, ènya nu si nyɔnyrɔxɔxɔ fia?” Bubu hãe nye, “Ènya be esi wònye aʋawɔɣie míele ta la, eteƒe madidi o, ava hiã be nàtso nya me nenye Hitler ye nàwɔ nuteƒe na loo, alo Yehowae nàwɔ nuteƒe na, eye ate ŋu adzɔ be nàku ne ètiae be yeawɔ nuteƒe na Yehowa?” Meɖo eŋu enumake be, “Ɛ̃, menya.”

Yometiti Dze Egɔme

Nu ka tae Konrad Grabowy biam nya mawo tẽ nenema ɖo? Esi Germany srafowo va xɔ Poland dukɔa le ƒe 1939 me megbe la, wodo míaƒe xɔse kple nuteƒewɔwɔ kpɔ vevie. Tso ŋkeke yi ŋkeke la, míaƒe dzodzodzoetsitsia nu sẽna ɖe edzi, elabena míesea nyatakakawo be woléa nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Krsitotɔwo dea gakpɔwo alo fuwɔamesaɖawo me, alo lɔa wo ɖakɔna ɖe duta afi aɖe. Eteƒe madidi o, dodokpɔ mawo ƒomevi ava míawo hã dzi.

Nazitɔwo di be yewoana ɖekakpuiwo katã—mía kple nɔvinye etɔ̃awo hã—nava zu Nazi Dziɖuɖua dzi dela dovevienuwo. Esi Papa kple Dada wogbe zi geɖe be yewomade asi Volkslist (agbalẽ si te ame siwo di be yewoaxɔ Germanytɔwo ƒe dukɔmevinyenye gbalẽ dea asii) la te o ta la, woxɔ mía dzi kpɔkpɔ ƒe gomenɔamesi le wo si. Wokplɔ Papa yi ɖade fuwɔamesaɖa si le Auschwitz me. Wokplɔ mía kple nɔvinyeŋutsu yi ɖe ɖevi siwo gbe toɖoɖo dziɖuɖua la ɖɔɖoƒe si le Grodków (Grottkau), si te ɖe Nysa ŋu la me, le February 1944 me, eye wokplɔ mía nɔvinyɔawo yi ɖe Katolikotɔwo ƒe nyɔnuwo ƒe saɖagaxɔ me le Czarnowąsy (Klosterbrück), si gogo Opole. Taɖodzinuae nye be woana míaɖe asi le nu si dziɖuɖumegãwo yɔ be “mía dzilawo ƒe nukpɔsusu totro la” ŋu. Wogblẽ Dada ɖeɖe ɖe aƒea me.

Le ɖeviwo ɖɔɖoƒea la, wotsia Nazitɔwo ƒe aflaga ɖe dzi ŋdi sia ŋdi hebiana tso mía si be míado míaƒe ɖusibɔwo ɖe dzi ado gbe na aflaga la ahado ɣli be, “Heil Hitler.” Xɔse ƒe dodokpɔ sesẽ aɖee wònye, gake mía kple Bernard míetɔ afɔ to sesĩe gbe tanana. Esia wɔe be woƒo mí vevie be, “míebua ame o.” Agbagba ɖe sia ɖe si wogadze be yewoagblẽ míaƒe nuteƒewɔwɔ me la do kpo nu, eya ta SS srafoawo tsɔ mɔnukpɔkpɔ mamlɛa ɖo mía ŋkume be: “Miade asi agbalẽ te be yewoawɔ nuteƒe na Germany Dukɔa ahage ɖe Wehrmacht [Germany srafoha la] me loo, alo míaɖo mi ɖe fuwɔamesaɖa me.”

Esime amegãwo tso nya me le August 1944 me be woaɖo mí ɖe fuwɔamesaɖa me la, wogblɔ be: “Esesẽ ŋutɔ be míaƒoe ɖe wo nu woawɔ nu ɖe sia ɖe si míebia tso wo si. Fukpekpe ɖe woƒe xɔse ta nana wokpɔa dzidzɔ. Woƒe aglãdzedzea ate ŋu agblẽ nu le ɖevi siwo le ɖeviwo ɖɔɖoƒea ŋu.” Togbɔ be menye nye didie wònye be manye xɔsetakula o hã la, fukpekpe dzinɔameƒotɔe le nuteƒewɔwɔ na Yehowa me léle ɖe asi me nana mekpɔa dzidzɔ. (Dɔwɔwɔwo 5:41) Menyae be nyemate ŋu ado dzi le fukpekpe siwo me to ge megbɔna la me le nye ŋutɔ nye ŋusẽ me o. Gake gbedodoɖa vevie wɔe be mía kple Yehowa dome va le kplikplikpli, eye wòzu Kpeɖeŋutɔ si dzi mate ŋu aka ɖo nam.—Hebritɔwo 13:6.

Le Fuwɔamesaɖaa Me

Eteƒe medidi o, wokplɔm yi Gross-Rosen fuwɔamesaɖaa me le Silesia. Wonam gaxɔmenɔla ƒe xexlẽdzesi kple dzesidevɔ dzẽ si le dzogoe etɔ̃ me, si ade dzesim abe Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka ene. Asrafo siwo le mía ŋu dzɔm la tsɔ tiatia aɖe ɖo ŋkunye me. Nu ɖeka ko wodi tso asinye bene woaɖe asi le ŋunye eye be mazu Nazi srafomegãwo dometɔ ɖeka gɔ̃ hã. “Ele be nàgbe nu le Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe dzixɔse, siwo tsi tsitre ɖe Nazi Dziɖuɖua ŋu la gbɔ.” Wometsɔ mɔnukpɔkpɔ ma gbegbe ɖo gamenɔla bubuwo dometɔ aɖeke ŋkume o. Yehowa Ðasefowo ɖeɖe koe wona mɔnukpɔkpɔ ma bene woaɖe asi le wo ŋu le fuwɔamesaɖaa me. Ke hã, abe nɔvi akpe geɖeawo ke ene la, megbe yeaɖimɔnukpɔkpɔ sia enumake megbemakpɔmakpɔe. Nya si dzɔlaawo gblɔe nye: “Lé ŋku ɖe kpodzo ma ƒe dzudzɔtoƒea ŋu nyuie. Gade ŋugble le nya si míetsɔ ɖo ŋkuwò me la ŋu nyuie, ne menye nenema o la, dzudzɔtoƒe ma mee wò ablɔɖea asu asiwò le.” Megate afɔ to hegbe ake, eye le ɣeyiɣi ma tututu me la, mese le ɖokuinye me be “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la” yɔ menye fũu.—Filipitɔwo 4:6, 7.

Medo gbe ɖa be mate ŋu ake ɖe haxɔsetɔwo ŋu le asaɖaa me, eye Yehowa na wòva eme nenema. Kristotɔ haxɔsetɔ siawo dometɔ ɖekae nye nɔviŋutsu wɔnuteƒe, Gustaw Baumert, si lé be nam lɔlɔ̃tɔe. Ðikeke mele eme o be, Yehowa nye “dɔmetɔtrɔ Fofo kple akɔfafawo katã ƒe Mawu” nam vavã.—Korintotɔwo II, 1:3.

Ɣleti ʋɛ aɖewo megbe, esi Russia srafowo nɔ asaɖa si me míenɔ gogom la, eƒoe ɖe Nazitɔwo nu be woalɔ mí dzoe afɔtsɔtsɔe. Esime míenɔ dzadzram ɖo hena ʋuʋu la, mí nɔviŋutsuawo míetsɔ míaƒe agbe de afɔku me heyi nyɔnuwo ƒe gaxɔ me be míalé ŋku ɖe nɔnɔme si me mía nɔvinyɔawo, siwo anɔ abe 20 ene, le la ŋu; Elsa Abt kple Gertrud Ott hã nɔ wo dome. * Esi wokpɔ mí la, wosi du va kpe mí enumake, eye esi míede dzi ƒo na mía nɔewo hena ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, wodzi Fiaɖuƒeha si me nyagbe siwo nye, “Nuteƒewɔla kple anukwaretɔ meɖea mɔ vɔvɔ̃ ɖua edzi o” le la ɖekae. * Aɖatsi lólo ɖe ŋku dzi na mí katã!

Ʋuʋu Yi Ðe Asaɖa Bubu Me

Nazitɔawo tigi mí gamelɔna 100 va ɖo 150 ɖe agbatsɔketekewo me, tsi kple nuɖuɖu aɖeke manamana míi, eye míezɔ mɔ to tsidzadza me esime yame fa miamiamia. Tsikɔ wu mí vevie eye asrãdɔ dze mía dzi. Esi gamenɔla siwo ŋu nu te la va nɔ anyi dzem ɖe ʋua me henɔ kukum ta la, mɔ va nɔ keketexɔa me. Nye afɔwo kple ƒunukpeƒewo te ale gbegbe be nyemagate ŋu anɔ tsitrenu o. Le mɔzɔzɔ hena ŋkeke ewo megbe la, gamenɔla ʋɛ siwo tsi agbe la va ɖo Mittelbau-Dora fuwɔamesaɖa, si le Nordhausen, si gogo Weimar, le Thuringia. Nukutɔe la, nɔviawo dometɔ aɖeke meku le mɔzɔzɔ dziŋɔ sia me o.

Esi ŋusẽ vi aɖe gate ŋunye ɖoɖo le mɔzɔzɔ teɖeɖiameŋu ma megbe la, kpetanyenyedɔ dziŋɔ aɖe va dze mía dzi le asaɖaa me, eye nɔviŋutsu aɖewo kple nye ŋutɔ hã míexɔ dɔa. Wogblɔ na mí be míadzudzɔ detsi tsrolo siwo woƒona na mí le asaɖaa me la ɖuɖu ahanɔ yevubolo meme si wonana mí la ɖeɖe ko ɖum hena ɣeyiɣi aɖe. Mewɔ ɖe edzi, eye eteƒe medidi o nye lãme sẽ. Le March 1945 me la, míese be ƒea ƒe mawunyakpukpuie nye Mateo 28:19, si gblɔ be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo.” Míese le mía ɖokui me be eteƒe madidi o, woaɖe asi le mía ŋu eye míayi nya nyui gbeƒãɖeɖedɔa dzi! Ema na míeyɔ fũu kple dzidzɔ kple mɔkpɔkpɔ, elabena míesusui ɣemaɣi be Xexemeʋa II lia awu enu kple Harmagedon ʋa la. Aleke gbegbee Yehowa do ŋusẽ mí le ɣeyiɣi sesẽ mawo mee nye esi!

Asiɖeɖe Le Mía Ŋu

Le April 1, 1945 dzi la, Dukɔ Wɔɖekawo ƒe asrafowo va da bɔmb ɖe SS srafowo ƒe nɔƒe kple míaƒe asaɖa, si te ɖe eŋu la, dzi hegbã wo. Ame geɖe ku, geɖewo hã xɔ abi. Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, wogada bɔmb geɖe do ɖe mía gbɔ, eye bɔmb sesẽ aɖe wó hekɔm do ɖe yame.

Nɔviŋutsuawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Fritz Ulrich va xɔ nam. Eka ke kple nu siwo li kɔ ɖe dzinye la me kple mɔkpɔkpɔ be mekpɔtɔ le agbe. Mlɔeba, eke ɖe ŋunye eye wòhem do goe tso kea me. Esi megbugbɔ ɖo ɖokuinye me la, mede dzesii be mexɔ abi geɖe ŋutɔ ɖe ŋkume kple nye ameti bliboa katã ŋu, eye nyemegate ŋu nɔ naneke sem o. Bɔmb la ƒe wòwó sesĩe gblẽ nu le nye toti ŋu. Esia wɔe be nye towo ɖe fu nam ƒe geɖe hafi wova ka ɖe eme mlɔeba.

Ame ʋɛ aɖewo koe tsi agbe le gamenɔla akpeakpeawo dome le bɔmb mawo dada megbe. Mía nɔviawo dometɔ aɖewo ku, eye Gustaw Baumert, si melɔ̃na vevie hã nɔ wo dome. Abi siwo mexɔ na medze asrãdɔ ƒomevi aɖe. Gake eteƒe medidi o, Dukɔ Wɔɖekawo ƒe asrafowo va ke ɖe mía ŋu hena ablɔɖe mí. Le ɣeyiɣi siawo me la, gamenɔla kukuawo ƒe ŋutilã vovówo na be asrã sesẽ aɖe lé ame geɖewo helé nye hã. Wokplɔ mía kple dɔnɔ bubuawo yi dɔdaƒe. Togbɔ be ɖɔktawo dze agbagba vevie hã la, mí ame etɔ̃ koe tsi agbe. Aleke gbegbe meda akpee nye esi be Yehowa do ŋusẽm melé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le ɣeyiɣi sesẽ mawo me. Meda akpe hã be Yehowa ɖem tso ku ƒe ‘blukɔ tsiɖitsiɖi’ me.—Psalmo 23:4.

Metrɔ Gbɔ Va Aƒe Mlɔeba!

Esi woɖu Germanytɔwo dzi megbe la, mesusui be mate ŋu aɖo aƒe kaba, gake meva nɔ nenema o. Mía kple ame siwo nɔ game tsã, siwo nye Katolikotɔwo ƒe habɔbɔ aɖe me tɔwo, la kpɔm dze sii. Wodo ɣli be, “Miwui!” eye woƒom ƒu anyi, henɔ afɔ tum dzinye. Ŋutsu aɖe va xɔm le wo si me, gake exɔ ɣiyiɣi geɖe hafi nye lãme gasẽ, elabena mexɔ abi geɖe, eye megbɔdzɔ xoxo le asrãdɔa ta. Gake mete ŋu va ɖo aƒe mlɔeba. Dzi dzɔm ŋutɔ be megava wɔ ɖeka kple nye ƒomea! Esi wokpɔm la, wokpɔ dzidzɔ wòtso eme, elabena wosusui be meku.

Eteƒe medidi o, míegadze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme, eye dzi anukwaretɔ geɖe siwo nɔ nyateƒea dim la ɖo to mí. Wode dɔ asi nam be manɔ Biblia srɔ̃gbalẽwo tsɔm yi na hamewo. Mɔnukpɔkpɔ su mía kple nɔviŋutsu bubuwo si míeɖakpe kple Germany alɔdzedɔwɔƒea teƒenɔlawo le Weimar, eye míexɔ Gbetakpɔxɔ ƒe tata gbãtɔ siwo wota le aʋaa megbe la tso afi ma va Poland. Woɖe wo gɔme enumake ɖe Polandgbe me, eye wotrɔ asi le wo ŋu hete kɔpi geɖewo tata. Esi dɔdzikpɔƒe si nɔ Lodz la te dɔa dzi kpɔkpɔ le Poland la, Biblia srɔ̃gbalẽwo va ɖoa hameawo gbɔ edziedzi. Mete subɔsubɔ abe mɔɖela vevi, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe nya nyui gblɔla ene, eye meɖe gbeƒã le Silesia nuto gã la katã me, si ƒe akpa gã aɖe nye Poland nyigba ɣemaɣi.

Gake eteƒe medidi o, Kɔmunist ƒe dziɖuɖu yeye si woɖo anyi le Poland la hã gate Yehowa Ðasefowo yome titi. Wolém de ga le ƒe 1948 me hena ƒe eve, le nye Kristotɔwo ƒe akpa aɖeke dzi mademade ta. Mekpe ɖe gamenɔla geɖewo ŋu le afi ma wova nya Mawu. Wo dometɔ ɖeka xɔ nyateƒea eye wòtsɔ eɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ emegbe.

Le ƒe 1952 me la, wogadem ga ake le esi wotsɔ nya ɖe ŋunye be menye Amerika dukɔa ƒe ŋkutsala ta! Hafi woava drɔ̃ ʋɔnum la, wotsɔm de ameɖekɛgaxɔ me henɔa nyawo biamem zã kple keli. Yehowa gaɖem tso yonyemetilawo si me ake, esi wòna woɖe asi le ŋunye, eye nyemegakpe fu mawo dometɔ aɖeke tso ema dzi o.

Nu Siwo Kpe Ðe Ŋunye Mete Ŋu Do Dzi

Ne metrɔ kpɔ dodokpɔ kple ɣeyiɣi sesẽ siwo me meto la, mate ŋu agblɔ nu ɖedzesi siwo do ŋusẽm. Gbã la, Yehowa kple eƒe Nya, Biblia la, do ŋusẽm. Gbedodoɖa na “akɔfafawo katã ƒe Mawu la” vevie edziedzi, kple eƒe Nya la sɔsrɔ̃ gbe sia gbe hã do ŋusẽ mía kple nɔvi bubuwo le gbɔgbɔ me. Gbetakpɔxɔ, siwo woŋlɔ kple asi la, hã na gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo míehiã vevie la su mía si. Le fuwɔamesaɖawo me la, haxɔsetɔwo, siwo tsɔa ɖe le eme na ame henɔ klalo be yewoana kpekpeɖeŋu la, hã do ŋusẽm geɖe ŋutɔ.

Srɔ̃nye Maria hã nye yayra bubu tso Yehowa gbɔ nam. Míeɖe mía nɔewo le October 1950 me, eye emegbe míedzi mía vinyɔnu, Halina, si va ɖe eƒe lɔlɔ̃ na Yehowa fia hele esubɔm. Le míaƒe srɔ̃ɖeɖe hena ƒe 35 megbe la, Maria ku, le dɔléle aɖe si ɖe fu nɛ ɣeyiɣi didi aɖe megbe. Eƒe kua do vevesese kple nuxaxa geɖe nam ŋutɔ. Togbɔ be mesena le ɖokuinye me ɣeaɖewoɣi be ‘woxlãm ɖe anyi’ hã la, ‘wometsrɔ̃m o.’ (Korintotɔwo II, 4:9) Le ɣeyiɣi sesẽ mawo me la, mekpɔa ŋusẽdodo tso vinyenyɔnu lɔlɔ̃a, srɔ̃a, kple viawo, siwo nye tɔgbuiyɔvinyewo, siwo katã le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe la gbɔ.

Tso ƒe 1990 me la, mele subɔsubɔm le Poland alɔdzedɔwɔƒea. Hadede kple Bethel ƒome lɔ̃ame la nye yayra gã aɖe nam. Ɣeaɖewoɣi la, nye lãmegbegblẽ nana mesena le ɖokuinye me be mele abe hɔ̃ si ŋu ɖeɖi te, si wòle na be wòasa agba sẽ la ene. Ke hã, kakaɖedzi le asinye ku ɖe etsɔme ŋu, eye ‘medzia ha na Yehowa, elabena ewɔ dɔmenyo nam’ va se ɖe egbe siawo. (Psalmo 13:6) Mele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me Yehowa, nye Kpeɖeŋutɔ, aɖɔ nu siwo katã Satana ƒe ŋutasẽdziɖuɖu gblẽ la ɖo.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 8 Kpɔ January 1, 1998, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 13, memama 6.

^ mm. 20 Kpɔ Eŋlisigbe me April 15 [Fransegbe me July 15], 1980 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 12-15 hena Elsa Abt ƒe agbemeŋutinya xexlẽ.

^ mm. 20 Esia nye Eŋlisigbe me hadzigbalẽ si nye Songs of Praise to Jehovah, si Yehowa Ðasefowo ta le ƒe 1928 me ƒe hadzidzi 101 lia. Eyae va zu hadzidzi 56 lia le hadzigbalẽ si zãm míele fifia me.

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Wonam xexlẽdzesi sia kpakple dzesidevɔ dzẽ sia si le dzogoe etɔ̃ me la le fuwɔamesaɖaa me

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Mía kple srɔ̃nye Maria, le ƒe 1980 me