Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Ƒe Ŋkɔ Dze Le Russiatɔwo Ƒe Hakpanya Aɖe Me

Mawu Ƒe Ŋkɔ Dze Le Russiatɔwo Ƒe Hakpanya Aɖe Me

Mawu Ƒe Ŋkɔ Dze Le Russiatɔwo Ƒe Hakpanya Aɖe Me

LE ƑE 1877 me la, Russiatɔ hakpala xɔŋkɔ Modest Mussorgsky kpa ha aɖe si me nyawo wòtu ɖe Biblia nyigbawo dzi nudzɔdzɔ aɖe dzi. Eŋlɔ ɖo ɖe exɔlɔ̃ aɖe be: “Mekpa ha tso Biblia me nudzɔdzɔ aɖe ŋu, si mena ŋkɔe be Jesus Navinus [Yosua], si le ɖekawɔwɔ me kple Biblia me nyawo, eye wòku ɖe Navinus ƒe aʋadziɖuɖu mɔzɔzɔ le Kanaan nyigba bliboa dzi ŋu.” Mussorgsky tsɔ Biblia me nudzɔdzɔwo kpa ha bubuwo hã, siwo dometɔ ɖekae nye “The Destruction of Sennacherib” (Sanxerib Tsɔtsrɔ̃).

Eɖe dzesi ŋutɔ be Mussorgsky zã ale si Russiatɔwo yɔa Mawu ƒe ŋkɔ, si wotsɔ xaxagbeɖiɖi ene—יהוה (YHWH)—ŋlɔ le Hebri Ŋɔŋlɔawo me zi 7,000 kloe la le eƒe “Jesus Navinus” kple “The Destruction of Sennacherib,” si wòɖe ɖe go le ƒe 1874 me, la me.

Mussorgsky ƒe hakpanya siawo ɖee fia be Russiatɔwo nya Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, si le Biblia me la xoxoxo do ŋgɔ na ƒe alafa 20 lia. Esɔ nenema hã, elabena Yehowa ŋutɔ gblɔ na Mose be: “Esia nye nye ŋkɔ tegbee, eye nye ŋkɔ sia dzidzimewo katã woayɔ.”—Mose II, 3:15.

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

Agbalẽ ɖeɖe si dzi hakpanyaa le: The Scientific Music Library of the Saint-Petersburg State Conservatory named after N.A. Rimsky-Korsakov; xɔ la: National Library of Russia, St. Petersburg

[Picture Credit Lines on page 32]

St. Petersburg Blemanudzraɖoƒe le 1913 me, afi si wodzra Mussorgsky ƒe hadzigbalẽa ɖo