Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Daniel Ƒe Agbalẽa Me

Nya Vevi Siwo Tso Daniel Ƒe Agbalẽa Me

Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Daniel Ƒe Agbalẽa Me

BIBLIA gɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be: “Daniel ƒe agbalẽa nye Biblia gbalẽ siwo me nyawo doa dzidzɔ na ame wu la dometɔ ɖeka. Nyateƒenya siwo nu mayi gbeɖe o la yɔe fũu.” (Holman Illustrated Bible Dictionary) Daniel ƒe agbalẽa me nudzɔdzɔwo dze egɔme tso ƒe 618 D.M.Ŋ. me, esime Babilon fia Nebukadnezar va ɖe to ɖe Yerusalem dua ŋu, eye wòɖe aboyo ‘Israel ŋutsuviwo dometɔ aɖewo’ yi ɖe Babilon. (Daniel 1:1-3) Wo dometɔ ɖekae nye ɖekakpui Daniel, si anɔ eme be eƒe ƒewuiwo me ko wònɔ ɣemaɣi. Babilon koe Daniel gakpɔtɔ nɔ esime wòwu eƒe Agbalẽa ŋɔŋlɔ nu. Azɔ, esi Daniel xɔ ƒe 100 kloe la, Mawu do ŋugbe sia nɛ be: “[Àfɔ] le ŋkekeawo ƒe nuwuwu [axɔ] wò gome.”—Daniel 12:13.

Togbɔ be Daniel ƒe agbalẽa ƒe akpa gbãtɔa nye nudzɔdzɔ siwo woɖo ɖe ɣeyiɣi siwo me wodzɔ le ƒe ɖoɖo nu, eye wòdze abe ame bubu aɖee ŋlɔ wo ene hã la, akpa mamlɛtɔa ya ɖee fia be Daniel ŋutɔe ŋlɔ wo. Xexemedziɖuŋusẽwo ƒe dodo kple woƒe mumu, ɣeyiɣi si me Mesia la ava, kple nu bubu siwo le dzɔdzɔm egbea la ŋuti nyagblɔɖiwo le agbalẽ sia si Daniel ŋlɔ la me. * Nyagblɔɖila tsitsi sia ƒo nu tso nu siwo me eya ŋutɔ to le agbe me la hã ŋu, siwo dea dzi ƒo na mí be míanye mawumeme siwo alé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi sesĩe. Daniel ƒe gbedeasia le agbe eye wòsẽa ŋu vavã.—Hebritɔwo 4:12.

NUFIAME KAWOE LE NUDZƆDZƆAWO, SIWO WOÐO ÐE ƔEYIƔI ƑE ÐOÐO NU LA, ME NA MÍ?

(Daniel 1:1–6:28)

Ƒe 617 D.M.Ŋ. mee. Daniel kple exɔlɔ̃ ɖekakpui etɔ̃awo, Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego, wole Babilon fiasã me. Le ƒe etɔ̃ siwo ɖekakpui siawo tsɔ xɔ fiasãa me nɔnɔ ŋuti hehee me la, wolé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi na Mawu. Anɔ abe ƒe enyi ene megbe la, Fia Nebukadnezar ku drɔ̃e manyatalenu aɖe. Daniel gblɔ drɔ̃ea me nyawo kple nu siwo wofia la nɛ. Fia la lɔ̃ ɖe edzi be Yehowa nye “mawuwo dzi Mawu kple fiawo dzi Aƒetɔ kpakple nya ɣaɣlawo ɖefiala.” (Daniel 2:47) Gake eteƒe medidi hafi wòdze ƒãa be Nebukadnezar ŋlɔ nyateƒenya mawo be o. Esi Daniel ƒe xɔlɔ̃ etɔ̃awo gbe tadede agu na legba kɔkɔ si fia lĩ la, fia la na wotsɔ wo ƒu gbe ɖe kpodzo me. Mawu vavã la ɖe wo ame etɔ̃a siaa, eye esia ƒoe ɖe Nebukadnezar nu wòkpɔe dze sii be “mawu bubu aɖeke meli ate ŋu aɖe ame abe eya ene o.”—Daniel 3:29.

Nebukadnezar gaku drɔ̃e ɖedzesi bubu. Ekpɔ ati gã aɖe si kɔkɔ ŋutɔ, si wolã ƒu anyi hetsɔ gayibɔkɔsɔkɔsɔ bla eƒe takpoea bene wòagadze azɔ o. Daniel ɖe drɔ̃e ma gɔme. Drɔ̃e ma me nyawo va eme le mɔ aɖe nu, esime Nebukadnezar yi ɖatsi gbe me abe lã ene, eye emegbe wògaɖo eɖokui me. Le ƒe blananewo megbe la, Fia Belsazar ɖu azã gã aɖe na eƒe amegãwo, eye mede bubu nu siwo Nebukadnezar fɔ tso Yehowa ƒe gbedoxɔa me la ŋu o, esime wòna wozã wo le azã la ɖuɣi. Eya ta wowu Belsazar le zã ma me, eye Media fia Dario xɔ fiaɖuƒea. (Daniel 5:30, 31) Le Dario ƒe dziɖuɣia, esime nyagblɔɖila Daniel tsi xɔ ƒe 90 kple edzivɔwo la, fiaɖuƒea ƒe tatɔwo, siwo le ŋu ʋãmee la, ɖo nugbe be yewoawui. Gake Yehowa ɖee “tso dzatawo si me.”—Daniel 6:27.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

1:11-15Amagbewo ɖuɖue na ɖekakpui Yuda vi eneawo ƒe nɔnɔme nyo wu ŋutsuvi siwo katã ɖua fia ƒe nuɖuɖu la tɔa? Kura o. Nuɖuɖu aɖeke mate ŋu ana ame ƒe nɔnɔme natrɔ nenema gbegbe le ŋkeke ewo pɛ ko me o. Eya ta Yehowae yra Hebrivi siawo le esi woɖo ŋu ɖe eŋu ta.—Lododowo 10:22.

2:1—Ɣekaɣie Nebukadnezar ku legbaa ŋuti drɔ̃e la? Nuŋlɔɖia gblɔ be “Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia” mee. Ƒe 624 D.M.Ŋ. mee wòzu fia. Eya ta eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia adze egɔme tso ƒe 623 D.M.Ŋ. me—ƒe nanewo megbe hafi wòva dze Yuda dzi. Daniel manɔ Babilon ɣemaɣi bene wòaɖe drɔ̃ea gɔme o. Eya ta edze ƒãa be ƒe 607 D.M.Ŋ., si me Babilon fia la tsrɔ̃ Yerusalem hezu xexemefiaɖuƒe la, dzie woxlẽ eƒe fiaɖuɖu ƒe “ƒe evelia” tsoe.

2:32, 39—Mɔ ka nue fiaɖuƒe si legbaa ƒe akpa si nye klosalo le tsitre ɖi na la, le ʋɛ wu fiaɖuƒe si legbaa ƒe ta, si nye sika, le tsitre ɖi na la le, eye aleke akɔblitɔ hã le ʋɛ wu klosalotɔae? Medo Persia Fiaɖuƒea, si legbaa ƒe akpa si nye klosalo tsi tsitre ɖi na la le ʋɛ wu Babilon si nye ta, si nye sika la, le mɔ sia nu be mɔnukpɔkpɔ mesu Medo Persia ya si wòtsrɔ̃ Yuda o. Xexemeŋusẽ si gakplɔe ɖoe nye Hela, si akɔbli la le tsitre ɖi na. Abe ale si ko akɔbli ƒe asixɔxɔ mede klosalo tɔ nu o ene la, nenemae Hela hã le ʋɛ wu Medo Persia. Togbɔ be Hela Fiaɖuƒea keketa ŋutɔ hã la, mɔnukpɔkpɔ mesu esi wòna ablɔɖe Mawu ƒe dukɔa tso aboyo me abe ale si Medo Persia wɔe ene o.

4:5, 6—Ðe Daniel va zu dzotɔa? Ao. Ale si wotsɔ Daniel “ɖo Babel-nunyalawo katã ƒe tatɔe” la ŋu nya ko gblɔm wogale esime woyɔe be “dzotɔwo ƒe tatɔ.”—Daniel 2:48.

4:7, 8, 17-19—Nu kae ati kɔkɔ si Nebukadnezar kpɔ le drɔ̃ea me la le tsitre ɖi na? Gbã la, enɔ tsitre ɖi na Nebukadnezar ŋutɔ, esime wònye xexemeŋusẽ dziɖula. Ke hã, esi wogblɔ be dziɖuɖu la keke ta “de anyigba ƒe mlɔenu ke” ta la, ele be atia nafia nu bubu aɖe si lolo wu Nebukadnezar ƒe fiaɖuƒea. Daniel 4:14 ɖee fia be drɔ̃e la ku ɖe “dziƒoʋĩtɔ la” ƒe fiaɖuɖu ɖe ameƒomea dzi ŋu. Esia fia be ati la gale tsitre ɖi na Yehowa ƒe xexea me katã ƒe dziɖulanyenye, vevietɔ le anyigba la dzi ɖuɖu gome. Eya ta mɔ eve nue drɔ̃ea ava eme le—gbãtɔ ku ɖe Nebukadnezar ƒe dziɖuɖua ŋu, eye evelia ku ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu.

4:13, 20, 22, 29, 30—Ɣeyiɣi didi kae azã adre” la nye? Tɔtrɔ siwo katã va Fia Nebukadnezar dzi la bia be “azã adre” la nadidi wu ŋkeke adre ko. Le eyama gome la, azã siawo ƒe didime nye ƒe adre alo ŋkeke 2,520, si fia be ŋkeke 360 ye nɔ ƒeawo dometɔ ɖe sia ɖe me. Le emevava gãtɔa me la, “azã adreawo” ƒe didimee nye ƒe 2,520. (Xezekiel 4:6, 7) Azã siawo dze egɔme tso ƒe 607 D.M.Ŋ. me, esime wotsrɔ̃ Yerusalem, eye wova wu enu le ƒe 1914 M.Ŋ. me esime woɖo Yesu Fiae le dziƒo.—Luka 21:24.

6:7-11—Esi wònye be mehiã kokoko be woanɔ nɔnɔme tɔxɛ aɖe me hafi ado gbe ɖa na Yehowa o ɖe, ɖe manye nuwɔwɔ le nunya me ne ɖe Daniel nɔ gbe dom ɖa le adzame le ŋkeke 30-awo me oa? Amewo katã kloe nya be Daniel doa gbe ɖa zi etɔ̃ gbe sia gbe. Ema tae nugbeɖolawo do susua ɖa be yewoana woade se ɖe gbedodoɖa nu ɖo. Eya ta ne amewo megakpɔa Daniel wòdoa gbe ɖa o la, woase egɔme be ɖe wòna ta eye be mete ŋu lé subɔsubɔ si wòtsɔna naa Yehowa ɖeka pɛ ko la me ɖe asi o.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

1:3-8. Ale si Daniel kple eƒe zɔhɛawo ɖoe kplikpaa lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa la ɖe asixɔxɔ si gbegbe le hehe si wo dzilawo na wo ŋu la fia. Ne dzila Mawu vɔ̃lawo tsɔ gbɔgbɔmenuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me hefia wo viwo hã be woawɔ nenema la, ate ŋu akpe ɖe ɖeviawo ŋu be woaɖu tetekpɔ kple nyaƒoɖeamenu ɖe sia ɖe si woado go le suku alo afi sia afi la dzi.

1:10-12. Daniel se nu si tae “aƒedzikpɔlawo ƒe amegã” vɔ̃ fiaa ɖo la gɔme, si wɔe be Daniel meƒo nya ɖe enu o. Gake Daniel va te ɖe “dzikpɔla,” si wòkpɔ be eya ase nu gɔme na ye la ŋu emegbe. Ele be míawɔ nuŋububu nyuie, nugɔmesese, kple nunya sia tɔgbi ŋu dɔ le nya sesẽ aɖewo gbɔ kpɔkpɔ me.

2:29, 30. Abe ale si Daniel wɔe ene la, ele be míatsɔ sidzedze, nɔnɔme nyui, kple ŋutete ɖe sia ɖe si va su mía si to Biblia me hehexɔxɔ me la ŋuti kafukafua ana Yehowa.

3:16-18. Ele eme baa be ne ɖee Hebrivi etɔ̃awo na ta le fia ƒe nuɖuɖu ŋuti dodokpɔa me va yi la, anye ne womate ŋu aɖo nya ŋu kple kakaɖedzi blibo alea o. Ele be míawo hã míadze agbagba anye “nuteƒewɔlawo le nusianu me.”—Timoteo I, 3:11.

4:21-24. Gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia, si lɔ ʋɔnu si Mawu adrɔ̃ eƒe futɔwo hã gbɔgblɔ ɖe eme la, bia xɔse kple dzideƒo si Daniel ɖe fia esime wògblɔ nu si ava dzɔ ɖe Nebukadnezar dzi kple nu si wòle be wòawɔ bene ‘wòagbɔ ɖe eme eteƒe nadidi’ la nɛ.

5:30; 6:1. “Hamelo” si wodo “ɖe Babel-fia ŋu” la va eme. (Yesaya 14:3, 4, 12-15) Satana Abosam, si hã ƒe dada sɔ kple Babilon fiaƒomea tɔ la atsrɔ̃ gbɔɖiametɔe.—Daniel 4:30; 5:2-4, 23.

NU KAWOE DANIEL ƑE ŊUTEGAWO ÐE FIA?

(Daniel 7:1–12:13)

Daniel xɔ ƒe 70 kple edzivɔwo esime wòkpɔ drɔ̃emeŋutega gbãtɔa le ƒe 553 D.M.Ŋ. me. Daniel kpɔ lã gã lã gã ene siwo le tsitre ɖi na xexemeŋusẽ siwo akplɔ wo nɔewo ɖo, tso eƒe ŋkekea me va ɖo egbeɣeyiɣiawo me. Le ŋutega aɖe si ku ɖe dziƒonudzɔdzɔ aɖe ŋu me la, ekpɔ ame aɖe si “le abe amegbetɔ ene” wòxɔ ‘dziɖuɖu si anɔ anyi tegbee.’ (Daniel 7:13, 14) Le ƒe eve megbe la, Daniel kpɔ ŋutega bubu ku ɖe Medo-Persia, Hela, kple dziɖula aɖe si va zu “fia vlo” la ŋuti.—Daniel 8:23.

Fifia, míeva ɖo ƒe 539 D.M.Ŋ. me. Babilon mu, eye Mediatɔ Dario zu Kaldeatɔwo ƒe fiaɖuƒea dziɖula. Daniel do gbe ɖa na Yehowa tso wo de dua gbugbɔgatso ŋu. Esime Daniel gakpɔtɔ nɔ gbea dom ɖa la, Yehowa dɔ mawudɔla Gabriel ɖo ɖee be ‘wòafia nui’ tso Mesia la ƒe vava ŋu. (Daniel 9:20-25) Míeva ɖo ƒe 536/535 D.M.Ŋ. me. Aboyome susɔe aɖewo trɔ gbɔ va Yerusalem. Gake futɔwo tsi tsitre ɖe gbedoxɔtutudɔa ŋu. Esia na Daniel tsi dzimaɖi. Etsɔe de gbedodoɖa me, eye Yehowa dɔ mawudɔla aɖe si si ɖoƒe kɔkɔ aɖe le la ɖee. Esi mawudɔla sia do ŋusẽ Daniel hede dzi ƒo nɛ vɔ la, egblɔ nya ɖi tso hoʋiʋli si ava nɔ dziehefia kple anyiehefia dome la ŋu. Fia eve siawo dome hoʋiʋlia dze egɔme tso esime Aleksanda Gãtɔ ƒe fiaɖuƒea va mã kakɛkakɛ ɖe eƒe aʋafia ene dome la dzi va se ɖe esime amegãwo ƒe Tatɔ, Mixael, “ado.”—Daniel 12:1.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

8:9—Nu ka ƒe kpɔɖeŋue “anyigba nyo la” nye? Le go sia me la, “anyigba nyo la” le tsitre ɖi na nɔnɔme si me Kristotɔ amesiaminawo le le anyigba dzi le Anglo-Amerika Xexemeŋusẽ ƒe dziɖuɣia me.

8:25—Ame kae nye “aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ la”? Gɔmesese si ŋutɔŋutɔ le Hebrigbe me nya sar, si gɔme woɖe be “aƒetɔ” la ŋue nye “fia,” alo “tatɔ.” Dzesideŋkɔ “aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ” la yi na Yehowa Mawu ɖeka pɛ ko—ame si nye mawudɔlawo katã, siwo dome “Mixael, amegãwo ƒe tatɔwo dometɔ ɖeka” hã le la, ƒe Fia.—Daniel 10:13.

9:21—Nu ka tae Daniel yɔ mawudɔla Gabriel be “ŋutsu” ɖo? Esi wònye be Gabriel ɖe eɖokui fia Daniel le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me, abe ale si wòdze le ŋutega si Daniel kpɔ do ŋgɔ me ene la tae.—Daniel 8:15-17.

9:27—Nu kae ‘wobla sesẽe kple ame geɖewo’ va se ɖe kwasiɖa 70 lia ƒe nuwuwu, si nye ƒe 36 M.Ŋ. me? Woɖe Se ƒe nubabla la ɖa le ƒe 33 M.Ŋ. me, esime woklã Yesu ɖe ati ŋuti. Ke hã, Yehowa na nu si wòbla kple Abraham ku ɖe ŋutilã me Israel ŋu ya kpɔtɔ nɔ anyi va se ɖe ƒe 36 M.Ŋ. me, kple susu be ɣeyiɣi si wòatsɔ ave Yudatɔwo nu etɔxɛe la nadidi ɖe edzi le esi wonye Abraham ƒe dzidzimeviwo ta. Nu si Yehowa bla kple Abraham la gakpɔtɔ le dɔ wɔm le “Mawu ƒe Israel” gome.—Galatiatɔwo 3:7-9, 14-18, 29; 6:16.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

9:1-23; 10:11. Daniel nye “ame malɔ̃nugbɔa,” le eƒe ɖokuibɔbɔ, mawusosroɖa, veviedodonu le nusɔsrɔ̃ me, kple kutrikuku le gbedodoɖa me ta. Nɔnɔme siawo kee kpe ɖe eŋu wòte ŋu wɔ nuteƒe na Mawu va se ɖe eƒe agbe ƒe nuwuwu. Mina míaɖoe kplikpaa asrɔ̃ Daniel ƒe kpɔɖeŋua.

9:17-19. Ne míele gbe dom ɖa be Mawu ƒe xexe yeye si me “dzɔdzɔenyenye anɔ la” nava la, ɖe manyo be míatsi dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu kɔkɔ kple eƒe dziɖulanyenye ta ʋiʋli ŋu tsɔ wu míaƒe fukpekpe kple kuxiwo ƒe nuwuwu oa?—Petro II, 3:13.

10:9-11, 18, 19. Le mawudɔla si va Daniel gbɔ sɔsrɔ̃ me la, ele be míato asikpekpe ɖe mía nɔewo ŋu kple akɔfanyawo gbɔgblɔ dzi ade dzi ƒo na mía nɔewo ahado ŋusẽ mía nɔewo.

12:3. Le ŋkeke mamlɛawo me la, “nunyalawo”—Kristotɔ amesiaminawo—le ‘keklẽm abe dziŋgɔli ƒe keklẽ ene,’ hele “dzɔdzɔenyenye mɔ nu” fiam ame geɖewo, siwo dome “alẽ bubuwo” ƒe “ameha gã” aɖe hã le. (Filipitɔwo 2:15; Nyaɖeɖefia 7:9; Yohanes 10:16) Amesiaminawo ‘aklẽ abe dzinuviwo ene’ le gɔmesese blibo nu le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me, esime woawɔ ɖeka kplii le tafea ƒe viɖewo zazã na ameƒomea le anyigba dzi me. Ele be ‘alẽ bubuawo’ natsɔ dzi blibo aku ɖe amesiaminawo ŋu nuteƒewɔwɔtɔe ahanɔ asi kpem ɖe wo ŋu le nu sia nu me tso dzi me faa.

Yehowa ‘Yraa Ame Siwo Vɔ̃nɛ’

Nu kae Daniel ƒe agbalẽa fia mí tso Mawu si subɔm míele ŋu? Wò ya bu nyagblɔɖi gbogbo siwo le eme—esiwo va eme xoxo, kple bubu siwo ava eme kpuie—ŋu kpɔ. Aleke gbegbe wona wòdze ƒãa be Yehowa nana eƒe nyawo vaa eme godoo enye esi!—Yesaya 55:11.

Nu kawoe Daniel ƒe agbalẽa ƒe akpa si nye ŋutinyamenudzɔdzɔwo la fia mí ku ɖe mía Mawu la ŋu? ‘Mawu na sidzedze, gɔmesese kple nunya’ sɔhɛ Hebrivi ene siwo gbe be yewomana yewoƒe nuwɔna naɖi Babilon fiasãa me tɔawo tɔ o la. (Daniel 1:17) Mawu vavã la dɔ mawudɔla wòva xɔ na Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego le kpodzo bibi la me. Ekpɔ Daniel hã ta le dzatawo ƒe do la me. Yehowa ‘nye xɔname kple akpoxɔnu na ame siwo ɖoa dzi ɖe eŋu,’ eye ‘wòyraa ame siwo vɔ̃nɛ.’—Psalmo 115:9, 13.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Be nàkpɔ ale si wodzro Daniel ƒe agbalẽa ƒe mawunyakpukpuiwo me ɖekaɖeka la, kpɔ agbalẽ si nye Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!, si Yehowa Ðasefowo ta.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Nu ka tae Daniel nye “ame malɔ̃nugbɔa” ɖo?