Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Woŋlɔe Le Míaƒe Nufiafia Ta”

“Woŋlɔe Le Míaƒe Nufiafia Ta”

“Woŋlɔe Le Míaƒe Nufiafia Ta”

“AGBALẼ geɖe wɔwɔ mekpɔa seƒeɖo o.” (Nyagblɔla 12:12) Agbalẽ gbogbo siwo wota le egbeŋkekea me la na nya siawo sɔ nyuie egbea abe ale si wonɔ esime woŋlɔ woe ene. Ke, alekee ame si melɔ̃a agbalẽ ɖe sia ɖe dzro ko xexlẽ o, awɔ anya agbalẽ siwo nyo wòaxlẽ?

Ne ame geɖe le ŋku lém ɖe agbalẽ aɖe si woadi be yewoaxlẽ ŋu la, wodina be yewoanya nu geɖe tso ame si ŋlɔe ŋu. Zi geɖe la, woŋlɔa nya ʋɛ aɖewo tso agbalẽa ŋlɔla, du si me wòtso, eƒe agbalẽnyanya, hekpe ɖe agbalẽ bubu siwo wòŋlɔ kpɔ la dometɔ aɖewo ŋu ɖe eme. Ame si ŋlɔ agbalẽ aɖe nyanya le vevie ŋutɔ, abe ale si míate ŋu kpɔe le ale si wowɔna le ƒe alafa geɖe siwo do ŋgɔ me ene, esime nyɔnu agbalẽŋlɔlawo tsoa ŋutsuŋkɔwo ɖoa woƒe agbalẽwo dzi kple susu be wo xlẽlawo nagagbe asixɔxɔdede wo ŋu le esi wònye nyɔnuwoe ŋlɔ wo ta o.

Abe ale si míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me ene la, ewɔ nublanui ŋutɔ be ame aɖewo megazãa Hebri Ŋɔŋlɔawo o, elabena woxɔ se be Mawu si ŋu woƒo nu tso le eme la nye mawu sẽŋuta aɖe si tsrɔ̃a eƒe futɔwo nublanuimakpɔmakpɔe. * Mina míakpɔ nu si Hebri Ŋɔŋlɔawo kple Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ŋutɔ gblɔ tso Biblia la Ŋlɔla ŋu ɖa.

Biblia La Ŋlɔla

Le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la, Mawu gblɔ na Israel dukɔa be: “Nye Yehowa nyemetrɔ o.” (Maleaxi 3:6) Ƒe 500 aɖewo megbe la, Biblia ŋlɔla Yakobo ŋlɔ tso Mawu ŋu be: “[Enye] amesi gbɔ liɖɔɖɔ alo tɔtrɔ ƒe vɔvɔlidodo aɖeke meli o.” (Yakobo 1:17) Ke nu ka tae wòwɔna na ame aɖewo be Mawu si ŋu woƒo nu tso le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la to vovo na Mawu si ŋu Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tsoe?

Ŋuɖoɖoae nye be, woƒo nu tso Mawu ƒe amenyenye ƒe nɔnɔme vovovo ŋu le Biblia ƒe akpa vovovowo. Le Mose ƒe agbalẽ gbãtɔa ɖeɖe me la, woƒo nu tso eŋu le mɔ vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ be ‘nu ɖua dzi nɛ,’ enye ame si “wɔ dziƒo kple anyigba,” kple be enye ‘xexea me katã ƒe ʋɔnudrɔ̃la.’ (Mose I, 6:6; 14:22; 18:25) Mawu ɖeka ma koe woɖɔ le mɔ vovovo siawo nua? Ɛ̃, Mawu ɖeka ma koe.

Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Ame siwo ʋɔnudrɔ̃la aɖe drɔ̃ nya na kpɔ la ate ŋu anyae abe ame si ƒe nya me sẽ ene, le esi wòkpɔa egbɔ be woawɔ se dzi pɛpɛpɛ ta. Gake ɖewohĩ, viawo ya anyae be enye vifofo lɔ̃ame si nyoa dɔme. Ðewohĩ exɔlɔ̃wo hã anyae be enye ame aɖe si ŋu wote ŋu tena ɖo bɔbɔe kple ame si doa nukokoe na ame. Ame ɖeka ma koe ʋɔnudrɔ̃laa, vifofoa, kple xɔlɔ̃ nyui la nye. Ðeko amea ƒe amenyenye ƒe akpa vovovowo dze le nɔnɔme vovovowo me.

Le mɔ ma ke nu la, Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso Yehowa ŋu be enye “nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ.” Gake egblɔ le eŋu hã be “megbea tohehe o.” (Mose II, 34:6, 7) Mawu ƒe amenyenye ƒe nɔnɔme eve siawo ɖe gɔmesese si le eƒe ŋkɔ ŋu fia. Mawu ƒe ŋkɔ, “Yehowa,” gɔme ɖeɖe tẽ enye “Enana Wòvaa Eme.” Esia fia be, Mawu ate ŋu azu nu sia nu si hiã be wòana eƒe ŋugbedodowo nava eme. (Mose II, 3:13-15) Gake Mawu ɖeka ma koe. Yesu gblɔ be: “Yehowa mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe.”—Marko 12:29, NW.

Ðe Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo Va Xɔ Ðe Hebri Ŋɔŋlɔawo Teƒea?

Enye nu si bɔ egbea be, woɖɔlia nusrɔ̃gbalẽwo ne wova ke ɖe numekɔkɔ yeyewo ŋu alo ne ale si amewo bua nuwo ŋui la va trɔ. Ðe Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo va xɔ ɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo Teƒe le mɔ ma ke nua? Ao.

Ne ɖee Yesu di be yeƒe subɔsubɔdɔa ŋuti nuŋlɔɖiwo kple agbalẽ siwo yeƒe nusrɔ̃lawo ava ŋlɔ naxɔ ɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo teƒe la, anye ne egblɔe. Luka ƒe nuŋlɔɖia gblɔ tso nu siwo Yesu wɔ do ŋgɔ teti na eƒe dziƒoyiyi ŋu be: “Esi wòdze egɔme tso Mose kple nyagblɔɖilawo [ƒe nuŋlɔɖi siwo le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la] katã dzi la, eɖe nusiwo le ŋɔŋlɔawo katã me le eŋuti la ƒe gɔme fia [eƒe nusrɔ̃la eve].” Emegbe, Yesu ɖe eɖokui fia eƒe apostolo wɔnuteƒeawo kple ame bubuwo. Nuŋlɔɖia gblɔ yi edzi be: “Eye wògblɔ na wo bena: Esiawo nye nye nya, siwo megblɔ na mi, esi megali kpli mi la bena: Ele be, woawu nusiwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo kpakple Psalmowo me le ŋutinye la nu.” (Luka 24:27, 44) Nu ka tae Yesu akpɔtɔ ayi edzi anɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo zãm ne ɖee wozu blemanya siwo nu va yi?

Esi woɖo Kristo hamea anyi vɔ megbe la, Yesu yomedzelawo yi edzi zãa Hebri Ŋɔŋlɔawo tsɔ ɖoa kpe nyagblɔɖi siwo le eme va ge, gɔmeɖose siwo le Mose ƒe Sea me siwo me nufiame veviwo le, kple Mawu ƒe subɔla siwo nɔ anyi le blema ƒe kpɔɖeŋu siwo dea dzi ƒo na Kristotɔwo be woalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi la ƒe ŋutinyawo dzi. (Dɔwɔwɔwo 2:16-21; Korintotɔwo I, 9:9, 10; Hebritɔwo 11:1–12:1) Apostolo Paulo ŋlɔ bena: ‘Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo.’ * (Timoteo II, 3:16) Alekee Hebri Ŋɔŋlɔawo nyo heɖea vi na mí egbeae?

Gbe Sia Gbe Gbenɔnɔ Ŋuti Ðaŋuɖoɖo

Bu ame ƒomevi vovovowo dome nazãbubu ƒe kuxia bɔ egbea ŋu kpɔ. Le Ɣedzeƒe Europa ƒe du aɖe me la, ɖekakpui Etiopiatɔ aɖe si xɔ ƒe 21 la gblɔ be: “Ne míedi be míado ayi afi aɖe la, ele be míawɔ ɖoɖo azɔ le ha me. Ðewohĩ ne míele ha me la, womadze míadzi o.” Egblɔ yi edzi be: “Ne eƒo fiẽsi ga 6 la, míate ŋu ado go o, vevietɔ, míate ŋu aɖo keteke siwo zɔa tomemɔ o. Ne amewo kpɔ mí la, míaƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede ko wokpɔna.” Ðe nya aɖe le Hebri Ŋɔŋlɔawo me si ate ŋu akpɔ kuxi sesẽ sia gbɔa?

Wogblɔ na blema Israel viwo be: “Ne amedzro aɖe dze gbɔwò le wò anyigba dzi la, migatee ɖe anyi o. Amedzro nanɔ mia gbɔ abe duamevi ene, eye nàlɔ̃e abe ɖokuiwò ene; elabena miawo hã mienye amedzrowo kpɔ le Egipte-nyigba dzi.” (Mose III, 19:33, 34) Ɛ̃, se ma bia tso blema Israel viwo si be woawɔ nu ɖe “amedzrowo” ŋu ameŋububutɔe, eye woŋlɔ se ma ɖi ɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo me. Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be gɔmeɖose siwo le se ma me la nye nu si dzi woate ŋu anɔ te ɖo atsi ame ƒomevi vovovowo dome nazãbubu nu egbea oa?

Togbɔ be Hebri Ŋɔŋlɔawo meƒo nu tso ga ŋuti ɖoɖowo ŋu tsitotsitso o hã la, mɔfiame nyui siwo ɖea vi la le wo me ku ɖe ale si míawɔ ga ŋuti dɔ la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ le Lododowo 22:7 be: “Amesi doa nugbana la, dɔla wònye na agbanatɔ.” Gaŋutiɖaŋuɖola geɖewo kpɔe be agbananuwo ƒeƒle nuŋumabumabutɔe ate ŋu akplɔ ame ade fe me.

Hekpe ɖe eŋu la, Fia Salomo, si nye kesinɔtɔ gãtɔwo kekeake siwo nɔ anyi kpɔ dometɔ ɖeka la ƒo nu tso kesinɔnuwo yome titi kutɔkutɔe—si bɔ ɖe xexe sia si me ŋutilãmenudidi vivivo xɔ aƒe ɖo me—ŋu eme kɔ nyuie. Eŋlɔ bena: “Amesi lɔ̃a ga la, ga maɖi ƒo nɛ o, eye amesi lɔ̃a kesinɔnu la, viɖe aɖeke matso eme nɛ o. Esia hã toflokoe.” (Nyagblɔla 5:9) Nuxlɔ̃menya si me nunya le ka gbegbee nye esi!

Etsɔmemɔkpɔkpɔ

Tanya ɖekae le Biblia bliboa si: Mawu ƒe dziɖulanyenye ta ʋiʋli kple Eƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ to Fiaɖuƒe si le Yesu Kristo si me dzi.—Daniel 2:44; Nyaɖeɖefia 11:15.

Míesrɔ̃ nu geɖe tso ale si agbenɔnɔ anɔ le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te, si ahe akɔfafa vae na mí, la ŋu le Hebri Ŋɔŋlɔawo me, eye esia tea mí ɖe Yehowa Mawu, Ame si gbɔ akɔfafa sia tso la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, nyagblɔɖila Yesaya gblɔe ɖi be ŋutifafa anɔ amegbetɔwo kple lãwo dome: “Amegãxi anɔ alẽvi gbɔ, lãkle atsyɔ akɔ ɖe gbɔ̃vi gbɔ, nyivi, dzata kple nyi dami woanɔ wo nɔewo gbɔ, eye ŋutsuvi sue aɖe akplɔ wo.” (Yesaya 11:6-8) Mɔkpɔkpɔ lédziname kae nye esi!

Ke ame siwo dzi nuwo mede o, le esi wokpea fu le ame ƒomeviwo dome fuléle alo nazãbubu, dɔléle sesẽwo, alo gakuxiwo ta, ya ɖe? Hebri Ŋɔŋlɔawo gblɔ ɖi le Kristo Yesu ŋu ale: “Aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ.” (Psalmo 72:12, 13) Ŋugbedodo siawo ɖea vi elabena wokpena ɖe ame siwo xɔ wo dzi se la ŋu be mɔkpɔkpɔ kple kakaɖedzi te ŋu nɔa wo si ku ɖe etsɔme ŋu.—Hebritɔwo 11:6.

Mewɔ nuku o be gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ bena: “[Nu siwo katã] woŋlɔ ɖi tsã la, [woŋlɔ wo] le míaƒe nufiafia ta, bene míatsɔ ŋɔŋlɔawo ƒe dzidodo kple akɔfafa akpɔ mɔkpɔkpɔ”! (Romatɔwo 15:4) Ɛ̃, Hebri Ŋɔŋlɔawo kpɔtɔ nye Mawu ƒe Nya, Biblia, si tso gbɔgbɔ me la ƒe akpa vevi aɖe. Asixɔxɔ gã aɖe le wo ŋu na mí egbea. Míaƒe didie nye be nàdze agbagba vevie asrɔ̃ nu geɖe tso nu si tututue nye Biblia bliboa ƒe nufiafia ŋu ahate ɖe Eŋlɔla, Yehowa Mawu, ŋu kplikplikpli.—Psalmo 119:111, 112.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Le nyati sia me la, míeyɔ Nubabla Xoxoa be Hebri Ŋɔŋlɔawo. (Kpɔ aɖaka si nye “Nubabla Xoxo Loo, Alo Hebri Ŋɔŋlɔawo?” si dze le axa 6.) Nenema kee Yehowa Ðasefowo yɔa Nubabla Yeyea be Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo.

^ mm. 13 Gɔmeɖose siwo ŋu asixɔxɔ geɖe le egbea la sɔ gbɔ ɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo me. Ke hã, ele be míade dzesii be Kristotɔwo mele Se si Mawu tsɔ na Israel dukɔa to Mose dzi la te o.

[Aɖaka si le axa 6]

NUBABLA XOXO LOO, ALO HEBRI ŊƆŊLƆAWO?

Míakpɔ nyagbɔgblɔ “nubabla xoxo” la le Korintotɔwo II, 3:14.

Nyagɔmeɖegbalẽ ŋuti nunyala, Edward Robinson gblɔ be: “Esi wònye be blemanubabla la nɔ Mose ƒe agbalẽawo me ta la, nubabla ƒe agbalẽawo, siwo nye agbalẽ siwo Mose ŋlɔ, alo sea ye wozã nya ‘nubabla’ na.” Mose ƒe Sea, si nye Ŋɔŋlɔ siwo woŋlɔ ɖi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli ƒe akpa aɖe la, ŋu koe apostolo Paulo nɔ nu ƒom tso le Korintotɔwo II, 3:14.

Ke, aleke wòasɔ be woayɔ Biblia Kɔkɔe la ƒe agbalẽ 39 gbatɔawo? Yesu Kristo kple eyomedzelawo meyɔ ŋkɔ si afia be Biblia ƒe akpa sia zu blemanya alo do xoxo la na wo o, ke boŋ ɖe woyɔa nuŋlɔɖi mawo be ‘Ŋɔŋlɔawo’ alo ‘Ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo.’ (Mateo 21:42; Romatɔwo 1:2) Eya ta le ɖekawɔwɔ me kple nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me la, Yehowa Ðasefowo yɔa Nubabla Xoxoa be Hebri Ŋɔŋlɔawo, elabena Hebrigbe mee woŋlɔ Biblia ƒe akpa sia ƒe akpa gãtɔ ɖo le gɔmedzedzea me. Nenema kee, woyɔa Biblia ƒe akpa si amewo yɔna be Nubabla Yeye la be Hela Ŋɔŋlɔawo, elabena Helagbee ame siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã woŋlɔ Biblia ƒe akpa sia la zã le eŋɔŋlɔ me.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 4]

Ame aɖe ate ŋu anye ʋɔnudrɔ̃la si ƒe nya sẽ, vifofo lɔ̃ame, kple xɔlɔ̃ nyui siaa

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Yesu zã Hebri Ŋɔŋlɔawo le eƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi katã

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Biblia me gɔmeɖose kawoe ate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòawɔ nyametsotso nyuiwo?