Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Mia Fofo Nye Nublanuikpɔla’

‘Mia Fofo Nye Nublanuikpɔla’

‘Mia Fofo Nye Nublanuikpɔla’

“Mizu nublanuikpɔlawo, abe alesi mia Fofo hã nye nublanuikpɔla ene.”—LUKA 6:36.

1, 2. Aleke nya siwo Yesu gblɔ na agbalẽfialawo kple Farisitɔwo kpakple eyomedzelawo la ɖee fia be nɔnɔme nyoameŋu aɖe ŋutɔe nublanuikpɔkpɔ nye?

SE KPLE ɖoɖo siwo wu 600 woe nɔ Se siwo wotsɔ na to Mose dzi la me. Togbɔ be nu siwo katã Mose ƒe Sea bia dzi wɔwɔ nɔ vevie hã la, nublanuikpɔkpɔ ɖeɖe fia hã nɔ vevie. Bu nya si Yesu gblɔ na Farisitɔ siwo meɖe nublanuikpɔkpɔ aɖeke fia o la ŋu kpɔ. Le nudzɔdzɔ eve aɖewo me la, eka mo na wo, eye wòhe woƒe susu yi nya si Mawu gblɔ dzi be: “Nublanuikpɔkpɔ dim mele, menye numeme o.” (Mateo 9:10-13; 12:1-7; Hosea 6:6) Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ƒe nuwuwu lɔƒo la, egblɔ be: “Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, elabena miena ahame, sikɔni kple tsyo ƒe memamã ewolia, eye miegblẽ nusiwo le kpekpem wu le sedede la me: ʋɔnudɔdrɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ kple xɔse la ɖi.”—Mateo 23:23.

2 Ðikeke mele eme o be, Yesu de asixɔxɔ gã aɖe nublanuikpɔkpɔ ŋu. Egblɔ na eyomedzelawo be: “Mizu nublanuikpɔlawo, abe alesi mia Fofo hã nye nublanuikpɔla ene.” (Luka 6:36) Gake be ‘míazu mawusrɔ̃lawo’ le go sia me la, ele be míanya nu si nublanuikpɔkpɔ vavãtɔ nye. (Efesotɔwo 5:1) Gawu la, viɖe siwo dona tso nublanuikpɔkpɔ me nyanya aʋã mí be míaɖe nɔnɔme sia afia geɖe wu le míaƒe agbenɔnɔ me.

Nublanuikpɔkpɔ Na Ame Siwo Dzi Nu Mede O

3. Nu ka tae wòle be míakpɔ mɔ be Yehowa afia nu si nublanuikpɔkpɔ vavãtɔ nye la mí?

3 Hakpala la dzi ha be: “Amenuvela kple nublanuikpɔla enye Yehowa, medoa dziku kabakaba o, eye eƒe amenuveve sɔ gbɔ. Yehowa enye dɔmenyotɔ na amewo katã, eye eƒe nublanuikpɔkpɔ gbagba ɖe eƒe dɔwɔwɔwo katã dzi.” (Psalmo 145:8, 9) Yehowa nye “dɔmetɔtrɔ Fofo kple akɔfafawo katã ƒe Mawu.” (Korintotɔwo II, 1:3) Woɖea nublanuikpɔkpɔ fiana to nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu dɔmetɔtrɔtɔe me. Esia nye Mawu ƒe amenyenye ƒe akpa vevi aɖe. Kpɔɖeŋu si wòɖo kple mɔfiame siwo wòna mí ate ŋu afia nu si nublanuikpɔkpɔ vavãtɔ nye la mí.

4. Nu kae Yesaya 49:15 fia mí ku ɖe nublanuikpɔkpɔ ŋu?

4 Abe ale si wòdze le Yesaya 49:15 mee ene la, Yehowa bia be: “Ðe nyɔnu aŋlɔ eƒe vidzĩe be, eye eƒe dɔme agbe tɔtrɔ ɖe eƒe dɔmevi ŋua?” Hebrigbe me nya siwo do ƒome kplikplikpli kple nya si gɔme woɖe be ‘dɔmetɔtrɔ’ le kpukpui sia me wɔa ɖeka kple nublanuikpɔkpɔ si wozã le Psalmo 145:8, 9 si míeyɔ va yi me la. Wotsɔ seselelãme si ʋãa Yehowa wòkpɔa nublanui na ame la sɔ kple esi nɔa vidada si na via. Ðewohĩ dɔ le vidzĩa wum alo nu bubu aɖewo le fu ɖem nɛ. Dɔmetɔtrɔ alo veveseseɖeamenu ʋãa vidada la be wòkpɔa vidzĩa ƒe nuhiahiãwo gbɔ nɛ. Yehowa ɖea seselelãme si me lɔlɔ̃ yɔ fũu sia tɔgbi fiaa ame siwo wòkpɔa nublanui na.

5. Aleke Yehowa ɖee fia be yenye “kesinɔtɔ le nublanuikpɔkpɔ me” le nuwɔwɔ kple Israel viwo mee?

5 Be ame ƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu la nyo, gake be wòaʋã ame wòawɔ nu atsɔ akpe ɖe ame siwo dzi nu mede o ŋu la nyo sãsãsã wu. Bu ale si Yehowa wɔ nui esime esubɔlawo nɔ kluvinyenye me le Egipte ƒe 3,500 aɖewoe nye esi va yi la ŋu kpɔ. Egblɔ na Mose be: “Mekpɔ alesi wole nye dukɔ tem ɖe anyi le Egipte keŋ, eye mese woƒe ɣli, si wodo, be yewoavo atso yewo dzikpɔlawo si me la; ẽ, menya woƒe fukpekpewo. Eye meɖi va, be maɖe wo le Egiptetɔwo si me, eye makplɔ wo atso anyigba sia dzi ayi ɖe anyigba, si nyo, eye wòlolo la dzi, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo.” (Mose II, 3:7, 8) Ƒe 500 aɖewo le Israel viwo ɖeɖe tso Egipte megbe la, Yehowa ɖo ŋku edzi na wo be: “Mekplɔ Israel tso Egipte, eye meɖe mi tso Egiptetɔwo kple fiaɖuƒe, siwo te mi ɖe anyi la si me.” (Samuel I, 10:18) Israel viwo ɖoa xaxa me zi geɖe le esi wogbea wɔwɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo dzi ta. Ke hã, Yehowa ƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu, eye wòxɔ na wo enuenu. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:11-16; Kronika II, 36:15) Esia ɖe ale si Mawu lɔ̃ame la kpena ɖe ame siwo hiã tu kple ame siwo ɖo afɔku alo nɔnɔme sesẽ aɖe me la ŋu fia. Yehowa “nye kesinɔtɔ le nublanuikpɔkpɔ me.”—Efesotɔwo 2:4.

6. Aleke Yesu Kristo srɔ̃ Fofoa le nublanuikpɔkpɔ ɖeɖe fia mee?

6 Esime Yesu Kristo nɔ anyigba dzi la, esrɔ̃ Fofoa bliboe le nublanuikpɔkpɔ ɖeɖe fia me. Aleke Yesu wɔ nui esime ŋkuagbãtɔ eve aɖewo ƒo koko nɛ be: “Aƒetɔ, Dawid vi la, kpɔ mía nublanui”? Wonɔ kuku ɖem na Yesu be wòaʋu ŋku na yewo nukutɔe. Yesu ʋu ŋku na wo, gake mewɔe vevemaseɖeamenutɔe o. Biblia gblɔ be: “Yesu ƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu, eye wòde asi woƒe ŋkuwo ŋu, eye enumake wokpɔ nu.” (Mateo 20:30-34) Dɔmetɔtrɔ ʋã Yesu wòwɔ nukunu geɖe siwo he gbɔdzɔe vae na ŋkuagbãtɔwo, ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ, kpodɔlélawo, kple dzila siwo ƒe viwo nɔ fu kpem la.—Mateo 9:27; 15:22; 17:15; Marko 5:18, 19; Luka 17:12, 13.

7. Nu kae kpɔɖeŋu siwo Yehowa Mawu kple Via ɖo la fia mí tso nublanuikpɔkpɔ ŋu?

7 Kpɔɖeŋu si Yehowa Mawu kple Yesu Kristo ɖo la ɖee fia be nu evee le nublanuikpɔkpɔ me—dɔmetɔtrɔ kple veveseseɖeamenu ɖeɖe fia ame siwo dzi nu mede o kple nu siwo ahe gbɔdzɔe vae na wo la wɔwɔ. Be woanye nublanuikpɔla bia be woawɔ nu eveawo siaa. Le Ŋɔŋlɔawo me la, nu si nublanuikpɔkpɔ fiana zi geɖee nye nuwɔwɔ ɖe ame siwo hiã tu ŋu dɔmenyotɔe. Ke aleke woɖea nublanuikpɔkpɔ fiana le ʋɔnudrɔ̃nyawo mee? Ðe esia bia hã be woawɔ nu si amewo ate ŋu abu be menyo o, si nye be woagbe tohehe na amewoa?

Nublanuikpɔkpɔ Na Nu Vɔ̃ Wɔlawo

8, 9. Nu kawoe na be wokpɔ nublanui na Dawid esi eya kple Bat-Seba wɔ nu vɔ̃ vɔ megbe?

8 Bu nu si dzɔ esime nyagblɔɖila Natan yi Fia Dawid si ɖu blema Israel dzi gbɔ ɖaɖe ahasi si wòwɔ kple Bat-Seba la fiae megbe ŋu kpɔ. Dawid si trɔ dzi me la do gbe ɖa be: “Mawu, ve nunye le wò dɔmenyo la nu, eye le wò nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la nu tutu nye dzidadawo ɖa! Le tsi nam keŋkeŋ tso nye vodada me, eye naklɔ ŋunye tso nye nuvɔ̃ me! Elabena nye dzidadawo la, medze si wo, eye nye nuvɔ̃ le ŋkunye me ɖaa. Wò ɖeka ɖeɖe ko ŋuti mewɔ nuvɔ̃ ɖo, eye nusi nye vɔ̃ le ŋkuwò me la, mewɔ.”—Psalmo 51:3-6.

9 Dawid se veve ɖe eƒe nu vɔ̃a ta. Yehowa tsɔ eƒe nu vɔ̃a kee, eye wòɖu eɖokui dzi le ʋɔnudɔdrɔ̃ woa kple Bat-Seba me. Le Mose ƒe Sea nu la, ele be woawu Dawid kple Bat-Seba siaa. (Mose V, 22:22) Togbɔ be wokpɔ woƒe nu vɔ̃a me tsonu aɖewo hã la, womewu wo ya o. (Samuel II, 12:13) Esi Mawu nye nublanuikpɔla ta la, etsɔa nu vɔ̃ kena. Ke hã, mehena ɖe megbe le tohehe si dze la nana ŋu o.

10. Togbɔ be Yehowa ɖea nublanuikpɔkpɔ fiana le ʋɔnudɔdrɔ̃ me hã la, nu ka tae mele be míabu eƒe nublanuikpɔkpɔ nu tsɛ o?

10 Esi “to ame ɖeka [Adam] dzi nu vɔ̃ la va xexeame” eye “nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku” ta la, ameƒomea me tɔwo katã dze na ku. (Romatɔwo 5:12; 6:23) Aleke gbegbe wòle be míada akpee nye esi be Yehowa ɖea nublanuikpɔkpɔ fiana le ʋɔnudɔdrɔ̃ me! Ke hã mele be míabu Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔa nu tsɛ o. Mose V, 32:4 gblɔ be: “[Yehowa ƒe] mɔwo katã dzɔ.” Mawu meŋea aɖaba ƒua eƒe dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenu deblibowo dzi le nublanuikpɔkpɔ ɖeɖe fia me o.

11. Aleke Yehowa wɔ dzɔdzɔenyenye ŋu dɔ nyuie le nuwɔwɔ kple Dawid me esime eya kple Bat-Seba wɔ nu vɔ̃?

11 Le Dawid kple Bat-Seba gome la, hafi woate ŋu akpɔ eme na wo be woagawu wo o la, ehiã be woatsɔ woƒe nu vɔ̃a ake wo. Womeɖe mɔ na Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo be woawɔ esia o. Ne woawoe adrɔ̃ nya sia la, anye ne kufia koe woatso na wo. Nu siae Sea bia be woawɔ. Le nubabla si Yehowa wɔ kple Dawid ta la, Yehowa di be yeadzro nyaa me akpɔ be nane li si dzi yeanɔ te ɖo atsɔ Dawid ƒe nu vɔ̃wo akee mahã. (Samuel II, 7:12-16) Eya ta Yehowa Mawu si nye “xexeame ƒe ʋɔnudrɔ̃la,” ame si “dzroa dziwo me kpɔna” la, tiae be ye ŋutɔ yeakpɔ nyaa gbɔ. (Mose I, 18:25; Kronika I, 29:17) Mawu ate ŋu anya nu si tututu nɔ Dawid ƒe dzi me, anya ne etrɔ dzi me vavã, eye wòatsɔ eƒe nu vɔ̃a akee.

12. Aleke amegbetɔ nu vɔ̃ mewo ate ŋu awɔ be Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ naɖe vi na wo?

12 Nublanuikpɔkpɔ si Yehowa ɖe fia mí esime wòwɔ ɖoɖo aɖe si dzi wòato aɖe mí tso nu vɔ̃ si ƒe dome míenyi me tsonuwo si me la wɔ ɖeka kple eƒe dzɔdzɔenyenye. Be Yehowa natsɔ nu vɔ̃ ake evɔ mada le eƒe dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenua dzi o la, etsɔ Via Yesu Kristo na tafee—esiae nye nublanuikpɔkpɔ gãtɔ kekeake si woɖe fia kpɔ. (Mateo 20:28; Romatɔwo 6:22, 23) Be míana Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ, si ate ŋu aɖe mí tso nu vɔ̃ si ƒe dome míenyi ƒe tohehe si me, naɖe vi na mí la, ele be ‘míaxɔ Via dzi ase.’—Yohanes 3:16, 36.

Nublanuikpɔkpɔ Kple Ʋɔnudɔdrɔ̃ Ƒe Mawu

13, 14. Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔe nana eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dana sɔna? Ðe eme.

13 Togbɔ be Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ menye dada le eƒe dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenuwo dzi o hã la, ɖe wòkpɔa ŋusẽ ɖe ale si wòdrɔ̃a ʋɔnui dzi le mɔ aɖe nua? Nublanuikpɔkpɔ ye nana Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dana sɔna? Ao, mele nenema o.

14 Yehowa to nyagblɔɖila Hosea dzi gblɔ na Israel be: “Ànye nye ŋugbetɔ tegbee, eye matsɔ dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃, amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ ana nanye nye ŋugbetɔ.” (Hosea 2:21) Nya siawo ɖee fia kɔte be ale si Yehowa ɖea nublanuikpɔkpɔ fianɛ la wɔa ɖeka kple eƒe nɔnɔme bubu siwo dometɔ ɖekae nye ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ɣesiaɣi. Yehowa nye “nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, . . . eye wòtsɔa vodada, dzidada, kple nuvɔ̃ kena; ke megbea tohehe o.” (Mose II, 34:6, 7) Nublanuikpɔkpɔ kple ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ƒe Mawue Yehowa nye. Biblia gblɔ tso eŋu be: “Agakpe wònye, eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzɔ.” (Mose V, 32:4) Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ de blibo, abe eƒe nublanuikpɔkpɔ ke ene. Nɔnɔme eve siawo dometɔ aɖeke mede ŋgɔ wu nɔvia o, eye ɖeke mehiã nɔvia hafi wòada asɔ o. Ke boŋ Mawu wɔa nɔnɔme eve siawo siaa ŋu dɔ wowɔa ɖeka kple wo nɔewo bliboe.

15, 16. (a) Nu kae ɖee fia be Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me mesẽna o? (b) Ne Yehowa he eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ va nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia dzi la, nu ka dzie Yehowa subɔlawo ate ŋu aka ɖo?

15 Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me mesẽna o. Ɣesiaɣi kloe la, ʋɔnudɔdrɔ̃ kuna ɖe senyawo ŋu, eye zi geɖe la, ebiana be woahe to si dze na agɔdzelawo. Ke hã, Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ate ŋu anye ɖeɖekpɔkpɔ na ame siwo dze nɛ la. Le kpɔɖeŋu me, esime wotsrɔ̃ ame vɔ̃ɖi siwo nɔ Sodom kple Gomora la, woɖe blemafofo Lot kple vianyɔnu eveawo.—Mose I, 19:12-26.

16 Míate ŋu aka ɖe edzi be ne Yehowa he ʋɔnudɔdrɔ̃ va nuɖoanyi vɔ̃ɖi si li egbea dzi la, “ameha gã,” siwo nye tadeagula vavãwo, ame siwo ‘nya woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me’ atsi agbe. To esia dzi la, ‘woado go tso xaxa gã la me.’—Nyaɖeɖefia 7:9-14.

Nu Ka Tae Míanye Nublanuikpɔlawo?

17. Susu vevi ka tae wòle be míanye nublanuikpɔlawo?

17 Kpɔɖeŋu siwo Yehowa kple Yesu Kristo ɖo ɖi la ɖe nu si nublanuikpɔkpɔ vavã nye la fia. Esi Lododowo 19:17 le susu vevi si ta wòle be míanye nublanuikpɔlawo gblɔm la, egblɔ be: “Amesi ve ame dahe nu la, edo nugbana na Yehowa, eye wòaɖo eƒe nuwɔwɔ teƒe nɛ.” Ne míesrɔ̃ Yehowa kple Via ƒe kpɔɖeŋuwo heɖea nublanuikpɔkpɔ fiana le nuwɔwɔ kple mía nɔewo me la, edzɔa dzi nɛ ŋutɔ. (Korintotɔwo I, 11:1) Eye esia dea dzi ƒo na ame bubuwo hã be woanye nublanuikpɔlawo, elabena wokpɔa nublanui na nublanuikpɔlawo.—Luka 6:38.

18. Nu ka tae wòle be míadze agbagba anye nublanuikpɔlawo?

18 Nublanuikpɔkpɔ nye nɔnɔme nyui geɖewo ƒe ƒuƒoƒo. Wo dometɔ aɖewoe nye dɔmekɔkɔ, lɔlɔ̃, dɔmenyonyo, kple nyuiwɔwɔ. Dɔmetɔtrɔ alo veveseseɖeamenu ye ʋãa ame wòɖea nublanuikpɔkpɔ fiana. Togbɔ be Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ metsia tsitre ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu o hã la, Yehowa medoa dziku kabakaba o, eye egbɔa dzi ɖi na agɔdzelawo henaa ɣeyiɣi geɖe wo be woatrɔ dzi me. (Petro II, 3:9, 10) Eya ta nublanuikpɔkpɔ do ƒome kple dzigbɔɖi kpakple dzigbɔgbɔ blewu. Esi nublanuikpɔkpɔ nye nɔnɔme nyoameŋu vovovo—siwo me Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa vovovoawo hã le—ƒe ƒuƒoƒo ta la, enaa mɔnukpɔkpɔ mí be míatu nɔnɔme nyui siawo ɖo. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Aleke gbegbe wòle vevie be míadze agbagba anye nublanuikpɔlawoe nye esi!

‘Dzidzɔtɔwoe Nye Nublanuikpɔlawo’

19, 20. Mɔ ka nue nublanuikpɔkpɔ ɖua ʋɔnudɔdrɔ̃ dzi le?

19 Nusrɔ̃la Yakobo gblɔ nu si ta wòle vevie be míakpɔ nublanui na amewo ɣesiaɣi la na mí. Eŋlɔ bena: ‘Nublanuikpɔkpɔ ɖua ʋɔnudɔdrɔ̃ dzi.’ (Yakobo 2:13b) Yakobo nɔ nu ƒom tso nublanuikpɔkpɔ si Yehowa subɔla ɖena fiaa ame bubuwo la ŋu. Eɖua ʋɔnudɔdrɔ̃ dzi le mɔ sia nu be, ne ɣeyiɣia de be ame nabu “akɔnta le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti na Mawu” la, Yehowa bua ale si amea ɖe nublanuikpɔkpɔ fia le eƒe nuwɔnawo me ŋu, eye wònɔa te ɖe Via ƒe tafevɔsa la dzi tsɔa eƒe nu vɔ̃ kenɛ. (Romatɔwo 14:12) Ðikeke mele eme o be, susu siwo tae Mawu kpɔ nublanui na Dawid le esime woa kple Bat-Seba wowɔ nu vɔ̃ la dometɔ ɖekae nye be eya ŋutɔ nye nublanuikpɔla. (Samuel I, 24:4-7) Le go bubu me la, “nublanuikpɔkpɔ manɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ me na amesi mefia nublanuikpɔkpɔ aɖeke o.” (Yakobo 2:13a) Mewɔ nuku o be Mawu bua “ame makpɔnublanuiwo” ɖe ame siwo wòbu be “wodze ku” la dome!—Romatɔwo 1:31, 32.

20 Yesu gblɔ le eƒe Todzimawunya me be: ‘Dzidzɔtɔwoe nye nublanuikpɔlawo, elabena woakpɔ nublanui na wo.’ (Mateo 5:7) Aleke nya siawo ɖee fia be enye ŋkubiãnya be ame siwo di be Mawu nakpɔ nublanui na yewo la ŋutɔwo nanye nublanuikpɔlawoe nye esi! Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro ale si míakpɔ nublanui na amewo le míaƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me la me.

Nu Kae Nèsrɔ̃?

• Nu kae nye nublanuikpɔkpɔ?

• Mɔ kawo nue woɖea nublanuikpɔkpɔ fiana le?

• Mɔ kawo nue Yehowa nye nublanuikpɔkpɔ kple ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe Mawu le?

• Nu ka tae wòle be míanye nublanuikpɔlawo?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Yehowa ƒe seselelãme si me lɔlɔ̃ yɔ fũu si wòɖena fiaa ame siwo hiã tu la le abe esi vidada ɖena fiaa via ene

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Nu kae míesrɔ̃ tso nublanuikpɔkpɔ ŋu le Yesu ƒe nukunuwo me?

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Ðe Yehowa da le eƒe dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenua dzi esime wòkpɔ nublanui na Dawid mahã?

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ na amegbetɔ nu vɔ̃ mewo wɔ ɖeka kple eƒe dzɔdzɔenyenye