Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Ðe Vɔ̃ɖinyenye Ŋu?

Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Ðe Vɔ̃ɖinyenye Ŋu?

Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Ðe Vɔ̃ɖinyenye Ŋu?

MEHIÃ be nàyi adzɔge ke hafi akpɔe be vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe bɔ ŋutɔ o. Wowua dumeviwo kple asrafowo siaa le aʋa me. Hlɔ̃dodo kple ŋutasẽnuwɔwɔ bɔ ɖe afi sia afi. Ðewohĩ wobu nazã ɖe ŋuwò alo wɔ nu madzɔmadzɔ aɖe ɖe ŋuwò nyitsɔ laa. Le nu siwo nèkpɔ kple nu siwo me nèto ta la, anɔ eme godoo be èbia ɖokuiwò se be, ‘Nu ka tae Mawu ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu?’

Esia menye nyabiase yeye o. Ƒe 3,600 aɖewoe nye esi va yi la, Mawu subɔla wɔnuteƒe si woyɔna be Hiob bia be: “Nukaŋuti ame vɔ̃ɖiwo tsia agbe?” (Hiob 21:7) Esi nyagblɔɖila Yeremya si nɔ anyi le ƒe alafa adrelia D.M.Ŋ. me detɔwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe fu nɛ vevie la, ebia be: “Nukata ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzea edzi na wo, eye eme nyona na ame tovowo katã ɖo?” (Yeremya 12:1) Hiob kple Yeremya siaa nyae be Mawu nye nu dzɔdzɔe wɔla. Ke hã, womete ŋu se nu si tae vɔ̃ɖinyenye nɔ anyi nenema gbegbe ɖo la gɔme o. Ðewohĩ nya sia tɔtɔa wò hã vevie.

Ame aɖewo bua fɔ Mawu be eya gbɔe vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe tso. Ame bubuwo biaa wo ɖokui se be: ‘Nenye be Mawu nye ŋusẽkatãtɔ, nu dzɔdzɔe wɔla, eye wòlɔ̃a ame la, ke nu ka tae meɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ kple fukpekpe ɖa o? Nu ka tae wòɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye gakpɔtɔ li va se ɖe egbea?’ Nyati si kplɔe ɖo ana nya sia kple nyabiase vevi bubuwo ƒe ŋuɖoɖo mí.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

AP Photo/Adam Butler