Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Si Tae Vɔ̃ɖinyenye Gakpɔtɔ Li

Nu Si Tae Vɔ̃ɖinyenye Gakpɔtɔ Li

Nu Si Tae Vɔ̃ɖinyenye Gakpɔtɔ Li

BIBLIA gblɔ be: “Yehowa [Mawu] enye dzɔdzɔetɔ le eƒe mɔwo katã me.” (Psalmo 145:17; Nyaɖeɖefia 15:3) Nyagblɔɖila Mose gblɔ le eŋu be: “Eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzɔ. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.” (Mose V, 32:4) Yakobo 5:11 gblɔ be: “Aƒetɔ la yɔ fũ kple dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ.” Eya ta Mawu mate ŋu awɔ nu vɔ̃ɖi o, eye mewɔnɛ hã o.

Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena: “Amesi wote kpɔ la, megagblɔ bena, Mawue te ye kpɔ o; elabena womate ŋu ate Mawu akpɔ kple nuvɔ̃ o, ke eya ŋutɔ la metea ame aɖeke kpɔna o.” (Yakobo 1:13) Yehowa Mawu metsɔa nu vɔ̃ɖi wɔwɔ tea amewo kpɔ alo blea wo dea nu gbegblẽ wɔwɔ me o. Ke ame ka gbɔe míagblɔ be vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe siwo dona tso eme la tso?

Ame Kae Woabu Fɔ?

Biblia ŋlɔla Yakobo da fɔbubua ƒe akpa aɖe ɖe amegbetɔwo dzi. Egblɔ be: “Wotea amesiame kpɔna, ne eya ŋutɔ ƒe nudzodzro henɛ, eye wòblenɛ; emegbe la ne nudzodzro la fɔ fu la, edzia nuvɔ̃; ke ne nuvɔ̃ la tsi vɔ la, edzia ku.” (Yakobo 1:14, 15) Amewo ate ŋu awɔ nu ɖe woƒe dzodzro vɔ̃wo nu. Bu nu vɔ̃ si ƒe dome amegbetɔwo nyi hã ŋu kpɔ. Ŋusẽ si nu vɔ̃ kpɔna ɖe ame dzi ate ŋu ana dzodzro vɔ̃wo nu nasẽ ɖe edzi eye nu gbegblẽwo ado tso eme. (Romatɔwo 7:21-23) Le nyateƒe me la, nu vɔ̃ si ƒe dome amegbetɔwo nyi la “ɖu fia” ɖe ameƒomea dzi, eye esia na amewo wɔa nu vɔ̃ɖi siwo hea fukpekpe manyagblɔwo vanɛ. (Romatɔwo 5:21) Gawu la, ame vɔ̃ɖiwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi si awɔe be woazu ame gbegblẽwo.—Lododowo 1:10-16.

Gake ame si koŋ gbɔe vɔ̃ɖinyenye tso lae nye Satana Abosam. Eyae he vɔ̃ɖinyenye va xexea me. Yesu Kristo yɔ Satana be “vɔ̃ɖitɔ la” kple ‘xexea me’ alo ameƒome madzɔmadzɔa ƒe ‘fia.’ Ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ ɖoa to Satana to wɔwɔ ɖe eƒe nyaƒoɖeamenu be woagbe zɔzɔ ɖe Yehowa Mawu ƒe mɔ dzɔdzɔeawo dzi la dzi. (Mateo 6:13; Yohanes 14:30; Yohanes I, 2:15-17) Yohanes I, 5:19 gblɔ be: “Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” Le nyateƒe me la, Satana kple eƒe dɔlawo le ‘xexea me katã blem,’ eye xaxa sɔŋ koe esia le hehem vae. (Nyaɖeɖefia 12:9, 12) Eya ta ele be woada vɔ̃ɖinyenye ƒe fɔbubua ƒe akpa gãtɔ ɖe Satana Abosam dzi.

Nyagblɔla 9:11 ɖe nu bubu si gbɔ vevesese kple fukpekpe tso la fia, esime wògblɔ be: ‘Azãgbe kple nuɖiɖeame li na mí katã.’ Yesu Kristo ƒo nu tso afɔku aɖe si me ame 18 bu woƒe agbe le esi xɔ kɔkɔ aɖe mu dze wo dzi la ŋu. (Luka 13:4) Wotsi eme, elabena womenya be nu ma adzɔ le teƒe ma le gaƒoƒo ma dzi o. Nu siawo tɔgbi dzɔna egbea. Le kpɔɖeŋu me, kpe aɖe ate ŋu aŋe tso dziƒoxɔ aɖe dzi eye wòadze ame aɖe si tso eme va yina la dzi. Mawue wòle be woabu fɔa? Ao. Menye nuɖowɔe o, ke nuɖiɖeame koe wònye. Míate ŋu agblɔ esia ke nenye be dɔléle aɖe va dze ƒome aɖe dzi alo vifofo aɖe ku kpata hegble tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ɖi.

Eya ta eme kɔ ƒã be menye Mawu gbɔe vɔ̃ɖinyenye tso o, eye menye eyae naa amewo kpea fu hã o. Ðe ema teƒe la, Yehowa ɖo tame be yeaɖe vɔ̃ɖinyenye kple ame siwo henɛ vanɛ la ɖa. (Lododowo 2:22) Le nyateƒe me la, awɔ nu si yi ŋgɔ wu ema. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be, tame si Mawu ɖo to Kristo dzie nye be “yeagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo.” (Yohanes I, 3:8) Ɣemaɣi la, fifi nuɖoanyi—si wotu ɖe ŋukeklẽ, fuléle, kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ dzi la—nu ayi. ‘Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me’ gɔ̃ hã, eye wòato esia dzi ahe fukpekpe ava nuwuwui. (Nyaɖeɖefia 21:4) Gake àbia be: ‘Nu ka tae Mawu mewɔ esia xoxoxo o? Nu ka tae wòɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe li va se ɖe fifia?’ Nu vevi aɖe si akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo la le Biblia me ŋutinya si ku ɖe Adam kple Xawa ŋu me.

Wofɔ Nya Vevi Aɖe Ðe Te

Susu si tae Mawu ɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye gakpɔtɔ li va se ɖe egbea la do ƒome kple nane si dzɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedzea me. Nu si dzɔ ɣemaɣi la fɔ nya vevi aɖe ɖe te ku ɖe Wɔla la ŋutɔ ŋu—enye nya aɖe si gbɔ manya kpɔ kaba alo esi gbɔ woate ŋu akpɔ bɔbɔe o. Mina míadzro nu si dzɔ la me nyuie akpɔ.

Yehowa Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ wode blibo, eye wòda wo ɖe Paradiso me. Ena nane si na woto vovo tso lãwo gbɔ la wo—si nye tiatiawɔblɔɖe ƒe nunana la. (Mose I, 1:28; 2:15, 19) Esi tiatiawɔblɔɖe nɔ Adam kple Xawa si ta la, woate ŋu awɔ woƒe susu ŋu dɔ atsɔ atiae be yewoalɔ̃ Wɔla la, asubɔe ahaɖo toe. Alo woate ŋu atiae be yewoadze aglã ɖe Mawu ŋu ahaɖoe koŋ agbe toɖoɖoe.

Be Mawu vavã la nana mɔnukpɔkpɔ Adam kple Xawa be woaɖe lɔlɔ̃ si le wo si nɛ afia la, ede se aɖe na wo. Ede se na Adam be: “Ðu abɔmetiawo katã ƒe tsetse faa; ke ati, si na wodzea si nyui kple vɔ̃ la, megaɖu eya ƒe tsetse aɖeke o; gbesigbe naɖu eƒe ɖe, ku ke naku.” (Mose I, 2:16, 17) Be Mawu nakpɔtɔ anɔ ŋudzedze kpɔm ɖe Adam kple Xawa ŋu be wòaɖe vi na woawo ŋutɔwo kple vi siwo woava dzi la, enɔ na wo be woaƒo asa na ati ɖeka aɖe koŋ ƒe tsetsewo ɖuɖu. Ðe woawɔ ɖe edzia?

Biblia gblɔ nu si dzɔ la na mí. Satana Abosam zã da aɖe abe eƒe nyanuɖela ene, eye wòte ɖe Xawa ŋu hebiae be: “Vavãe Mawu gblɔ bena, migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetse aɖeke o mahã?” Esi Xawa gbugbɔ gblɔ se si Mawu de na wo nɛ vɔ la, Satana gblɔ nɛ be: “Miele kuku ge akpɔ o; ke boŋ Mawu nyae bena, gbesigbe ke miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo laʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.” Esia wɔe be atia va dzro Xawa ale gbegbe be “egbe eƒe tsetse aɖe heɖu.” Eye nuŋlɔɖia gblɔ yi edzi be: “Eye wòna srɔ̃a, si le egbɔ hã wòɖu.” (Mose I, 3:1-6) Adam kple Xawa siaa wɔ woƒe tiatiawɔblɔɖea ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu, eye wowɔ nu vɔ̃ esi womeɖo to Mawu o.

Èkpɔ ale si gbegbe nu si dzɔ la nye ŋkubiãnyaea? Abosam ƒo nu tsi tsitre ɖe nya si Mawu gblɔ na Adam la ŋuti. Satana ƒe nyawo fia be Adam kple Xawa mahiã Yehowa hafi atso nya me le nu si nyo na wo kple esi menyo na wo o la ŋu o. Satana ƒe gbetɔame wɔe be ɖikeke va nɔ gome si le Yehowa si kple eƒe dzedze be wòaɖu amegbetɔwo dzi la ŋu. Eya ta nya vevi si Satana fɔ ɖe te lae nye: Ðe Yehowa dze aɖu ameƒomea dzia? Aleke Mawu vavã la ɖo gbetɔame la ŋui?

Ehiã Ɣeyiɣi Be Woatsɔ Akpɔ Nya La Gbɔe

Ŋusẽ nɔ Yehowa si ɣemaɣi be wòatsrɔ̃ aglãdzela etɔ̃awo—Satana, Adam, kple Xawa—hafi. Ðikekemanɔmee la, Mawu sẽ ŋu wu wo. Gake Satana metsɔ nya ɖe Mawu ƒe ŋusẽ ŋu o. Yehowa ƒe dzedze be wòaɖu ameƒomea dzi boŋ ŋue wòtsɔ nya ɖo. Nya la ka nuwɔwɔ siwo katã si tiatiawɔblɔɖe nɔ la. Enɔ na wo be woade dzesii be ele be yewoawɔ tiatiawɔblɔɖe la ŋu dɔ nyuie—wòagagbɔ ŋutilã me, agbenɔnɔ me, kple gbɔgbɔ me mɔfiame siwo tso Mawu gbɔ ŋu o. Ne womewɔe nenema o la, afɔkuwo ado tso eme na wo, abe ale si ko nu vevi ate ŋu awɔ ame ne eŋe aɖaba ƒu nuheŋusẽ ƒe sea dzi heti kpo tso xɔ kɔkɔ aɖe tame va dze anyigba la ene. (Galatiatɔwo 6:7, 8) Amegbetɔwo ƒe wo ɖokui dzi ɖuɖu Mawu ƒe mɔfiame manɔmee la me tsonu gbegblẽwo teƒe kpɔkpɔ ate ŋu aɖe vi na nuwɔwɔ nyanu ɖe sia ɖe. Esia bia ɣeyiɣi.

Míate ŋu awɔ nyateƒe si wònye be ebiaa ɣeyiɣi bene woate ŋu akpɔ nya aɖewo gbɔ keŋkeŋ la ƒe kpɔɖeŋu ale: Tsɔe be vifofo aɖe tɔ gbe vifofo bubu be yewoate kame akpɔ be yewo dometɔ kae sẽ ŋu wu mahã. Woate ŋu akpɔ nya sia gbɔ kaba. Woate ŋu akɔ kpewo ɖe dzi atsɔ ado woƒe ŋusẽwo kpɔ. Vifofo si te ŋu kɔ kpe si kpe wu ɖe dzi lae nye ame si sẽ ŋu wu. Gake tsɔe be gbetɔamea ku ɖe vifofoawo dometɔ si lɔ̃ viawo wu eye viawo hã lɔ̃nɛ ŋu. Alo tsɔe be nya si fɔ ɖe te la ye nye be, vifofo kae léa be na eƒe ƒomea wu? Ŋusẽɖeɖefia loo alo nya aɖewo ko gbɔgblɔ makpɔ nyaa gbɔ o. Ehiã ɣeyiɣi geɖe, ŋkuléle ɖe nu ŋu nyuie, kple nyataƒoƒo si sɔ be woatsɔ akpɔ nya sia gbɔe.

Nu Si Ɣeyiɣi Siwo Va Yi Ðe Fia

Ƒe 6,000 aɖewoe nye esi va yi tso esime Satana tɔ gbe Mawu ƒe dzedze be woaɖu ameƒomea dzi. Nu kae ŋutinya ɖe fia? Bu Satana ƒe nya siwo wòtsɔ tso Mawu nui la dometɔ eve ŋu kpɔ. Satana gblɔ na Xawa kã be: “Miele kuku ge akpɔ o.” (Mose I, 3:4) Le nyateƒe me la, Satana nɔ gbɔgblɔm be aʋatsokalae Yehowa nye esime wògblɔ na Adam kple Xawa be, ne woɖu atia ƒe tsetse la womaku o. Nutsotso gã aɖee nye esia vavã! Ne Mawu meto nyateƒe le nya sia me o la, aleke woate ŋu aka ɖe edzi le nya bubuwo mee? Ke hã, nu kae ɣeyiɣi siwo va yi la ɖe fia?

Emegbe la, Adam kple Xawa va dzea dɔ, sea veve, wova ku amegã, eye mlɔeba la, woku. Biblia gblɔ be: “Adam ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa asieke kple blaetɔ̃, eye wòku.” (Mose I, 3:19; 5:5) Eye ameƒomea katã nyi nu wɔnublanui siawo ƒe dome tso Adam gbɔ. (Romatɔwo 5:12) Ɣeyiɣi siwo va yi ɖee fia be “aʋatsokala kple aʋatsokafofo” ye Satana nye, eye woɖee fia be “Mawu nuteƒetɔ” ye Yehowa nye.—Yohanes 8:44; Psalmo 31:6.

Satana gagblɔ na Xawa be: “Mawu nyae bena, gbesigbe ke miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo laʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.” (Mose I, 3:5) To ameflunya siawo dzi la, Satana ble wo be woate ŋu aɖu wo ɖokui dzi dzidzedzetɔe. Nya siwo Satana gblɔ alakpatɔe la gɔmee nye be anyo na amegbetɔwo wu ne woɖu wo ɖokuiwo dzi Mawu manɔmee. Ðe eƒe nya siawo va eme nyateƒea?

Le ŋutinya katã me la, woɖo fiaɖuƒewo anyi eye womu. Amegbetɔwo te dziɖuɖu ɖe sia ɖe ƒomevi kpɔ. Gake enuenu la, nu dziŋɔwo koe dzɔna ɖe ameƒomea dzi. Ƒe 3,000 aɖewoe nye esi va yi la, Biblia ŋlɔla aɖe ƒo nya ta nunyatɔe be: “Amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.” (Nyagblɔla 8:9) Nyagblɔɖila Yeremya ŋlɔ ɖi bena: “Amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Yeremya 10:23) Ŋgɔyiyi siwo wowɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya kple mɔɖaŋuŋutinunya me nyitsɔ laa gɔ̃ hã mete ŋu trɔ nya siawo ƒe nyateƒenyenye o. Ðeko ɣeyiɣi siwo va yi ɖo kpe woƒe nyateƒenyenye dzi boŋ.

Nu Kae Nàwɔ?

Ɣeyiɣi siwo ŋu Mawu ɖe mɔ ɖo la na wòva dze ƒã be Satana ka aʋatso le nya si wòfɔ ɖe te ku ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe dzedze ŋu la me. Yehowa Mawue nye xexea me katã ƒe Dziɖulagã ɖeka kolia. Edze aɖu eƒe nuwɔwɔwo dzi, eye eƒe dziɖuɖue nye nyuitɔa. Dziƒonuwɔwɔ siwo le Mawu ƒe dziɖuɖu te ƒe gbogbo aɖee nye esia la lɔ̃ ɖe nyateƒenya sia dzi, wogblɔ be: “Mía Aƒetɔ kple mía Mawu, wòe dze be, naxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ; elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.”—Nyaɖeɖefia 4:11.

Akpa ka dzie nèle le Mawu ƒe dziɖulanyenye ƒe nya la me? Ðe nèlɔ̃ ɖe edzi be Mawu dze be wòaɖu dziwòa? Ne èlɔ̃ ɖe edzi la, ele be nàlɔ̃ ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenyea dzi. Àte ŋu awɔ esia to wɔwɔ ɖe Mawu ƒe Nya, Biblia la, me nyateƒe wɔnukuwo kple aɖaŋuɖoɖowo dzi le wò agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa me. “Mawu enye lɔlɔ̃,” eye lɔlɔ̃ dzie wòtu se kple sedede siwo wòna eƒe nuwɔwɔwo la ɖo. (Yohanes I, 4:8) Yehowa metea nu nyui aɖeke mía dometɔ aɖeke o. Eya ta àte ŋu awɔ ɖe Biblia me ɖaŋuɖoɖo sia si nye, “ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò” la dzi.—Lododowo 3:5, 6.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Àte ŋu atiae be yeanɔ Mawu ƒe dziɖulanyenye te to Biblia sɔsrɔ̃ kple nu siwo wògblɔna tsɔtsɔ wɔ dɔe le wò agbenɔnɔ me me

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 4]

© Jeroen Oerlemans/Panos Pictures