Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Hosea Ƒe Agbalẽa Me

Nya Vevi Siwo Tso Hosea Ƒe Agbalẽa Me

Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Hosea Ƒe Agbalẽa Me

TADEDEAGU vavã nu yi keŋkeŋ kloe le Israel ƒe dziehe to ewo fiaɖuƒe la me. Le Yerobeam II ƒe dziɖuɣi la, nuwo nɔ edzi dzem na amewo le Israel, gake le eƒe ku megbe teti la nuwo meganɔ nenema o. Ʋunyaʋunyawɔwɔ kple dunyahehe me zitɔtɔ ye nye nu siwo va yi edzi emegbe. Woɖo nugbe hewu fia ade siwo ɖu fia ɖe Yerobeam II yome la dometɔ ene. (Fiawo II, 14:29; 15:8-30; 17:1-6) Hosea ƒe nyagblɔɖidɔ si wòwɔ hena ƒe 59 la dze egɔme tso ƒe 804 D.Ŋ.M. me va de asi na ʋunyaʋunyawɔwɔ ƒe ɣeyiɣi sia me.

Nu siwo yi edzi le Hosea ŋutɔ ƒe srɔ̃ɖeɖe me la nye ale si Yehowa se le eɖokui me ɖe Israel vi dzeaglãwo ŋu ƒe kpɔɖeŋu si sɔ ŋutɔ. Hosea klo nu le Israel viwo ƒe vodadawo dzi, eye wògblɔ ʋɔnudrɔ̃nya ɖe Israel kple Yuda fiaɖuƒea ŋu le eƒe gbedeasia me. Hosea zã nya siwo me lɔlɔ̃ le, nya ʋãmewo, kple nya siwo nu sẽ hewɔa dɔ ɖe ame dzi la tsɔ ŋlɔ nu siawo katã ɖe agbalẽ si tɔ eƒe ŋkɔ la me. Abe agbalẽ si nye Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la ƒe akpa aɖe ene la, gbedeasi si le eme la le agbe eye ŋusẽ le eŋu.—Hebritɔwo 4:12.

“YI NAÐE GBOLO”

(Hosea 1:1–3:5)

Yehowa gblɔ na Hosea be “Yi naɖe gbolo.” (Hosea 1:2) Hosea wɔ ɖe nya sia dzi, eye Gomer dzi ŋutsuvi ɖeka nɛ. Edze ƒã be vi eve siwo Gomer dzi ɖe ɖevi sia yome la nye ahasiviwo. Woƒe ŋkɔ siwo nye Amemalɔ̃e kple Manyenyedukɔe la gɔmesese fia be Yehowa makpɔ nublanui na Israel o, eye agbe eƒe dukɔ mawɔnuteƒe la.

Aleke tututue Yehowa se le eɖokui me ku ɖe eƒe dukɔ dzeaglã la ŋu? Egblɔ na Hosea be: ‘Gayi nàlɔ̃ nyɔnu, si ame bubu le lɔlɔ̃m, eye wònye gbolo la, abe ale si Yehowa lɔ̃ Israel viwo, ke woawo trɔ ɖe mawu tutɔwo ŋu la ene.’—Hosea 3:1.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

1:1—Nu ka tae Hosea yɔ fia ene siwo katã ɖu Yuda dzi le eƒe nyagblɔɖidɔa wɔɣi la ŋkɔwo, evɔ Israel fia ɖeka pɛ ƒe ŋkɔ koe wòyɔ? Nu si tae nye be fia siwo tso Dawid ƒomea me koe wobuna be wodze aɖu Mawu ƒe dukɔ tiatia la dzi. Dziehefiaɖuƒea ƒe fiawo metso Dawid ƒe fiaƒomea me o, gake Yuda fiawo ya tso eme.

1:2-9—Ðe Hosea ɖe gbolo nyateƒea? Ɛ̃, Hosea ɖe nyɔnu aɖe si va zu gbolo emegbe nyateƒe. Nyagblɔɖilaa megblɔ nya aɖeke si fia be nya siwo wògblɔ ku ɖe eƒe ƒomegbenɔnɔ ŋu la nye drɔ̃e alo ŋutega o.

1:7—Ɣekaɣie wokpɔ nublanui na Yuda ƒe aƒea hexɔ nɛ? Esia va eme le ƒe 732 D.Ŋ.M. me le Fia Xizkiya ƒe dziɖuɣi. Ɣemaɣi la, Yehowa he Asiriatɔwo ƒe ŋɔdzidodo na Yerusalemtɔwo va nuwuwu, esime wòna mawudɔla ɖeka pɛ wu futɔawo ƒe asrafo 185,000 le zã ɖeka ko me. (Fiawo II, 19:34, 35) Aleae Yehowa xɔ na Yuda menye to “dati, yi kple aʋawɔwɔ, sɔwo kple sɔdolawo” dzi o, ke boŋ to mawudɔla aɖe dzi.

2:1, 2—Esi wònye be Israel ƒe dziehefiaɖuƒea mu le ƒe 740 D.M.Ŋ. me ta la, aleke “Yuda-viwo kple Israel-viwo aƒo takpli?” Dziehefiaɖuƒea me tɔ geɖe yi ɖe Yuda hafi wova ɖe aboyo Yudatɔwo yi Babilon le ƒe 607 D.Ŋ.M. me. (Kronika II, 11:13-17; 30:6-12, 18-20, 25) Esime Yuda vi siwo yi aboyo me trɔ gbɔ va wo denyigba dzi le ƒe 537 D.Ŋ.M. me la, ame siwo tso Israel ƒe dziehefiaɖuƒea me la ƒe dzidzimeviwo nɔ wo dome.—Ezra 2:70.

2:23-25—Nu ka ŋu nya gblɔm Yehowa nɔ ɖi esime wògblɔ be: ‘Maƒã [Yezreel] ɖe anyigba dzi na ɖokuinye, makpɔ nublanui nɛ’? Vi gbãtɔ si Gomer dzi na Hosea la ŋkɔe nye Yezreel. (Hosea 1:2-4) Ŋkɔ sia si gɔmee nye ‘Mawu Aƒã Nuku’ la nye nyagblɔɖi si ku ɖe ale si Yehowa aƒo Yuda ƒe ame susɔe wɔnuteƒewo nu ƒu le ƒe 537 D.Ŋ.M. me, eye wòaƒã wo abe nuku ene ɖe Yudanyigba dzi la ŋu. Anyigba si zu gbegbe hena ƒe 70 la amie bli, wein, kple ami azɔ. Nyagblɔɖi si woŋlɔ wònye hakpanya la gblɔe be nu nyui siawo aɖe kuku na anyigba la be wòaɖe asi le eƒe nunyiamewo ŋu na yewo, eye anyigba aɖe kuku na dziƒo be wòana tsidzadza ye. Eye emegbe dziƒo hã aɖe kuku na Mawu be wòana tsililikpowo ye. Woawɔ esiawo katã bene woakpɔ nu gbogbo aɖe atsɔ akpɔ Yudatɔwo ƒe ame susɔe siwo atrɔ agbɔ ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. Apostolo Paulo kple Petro zã Hosea 2:25 me nyawo ku ɖe gbɔgbɔ me Israel ƒe ame susɔeawo nu ƒoƒo ƒu ŋu.—Romatɔwo 9:25, 26; Petro I, 2:10.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

1:2-9; 3:1, 2. Bu nu siwo gbegbe Hosea tsɔ sa vɔe esime wòyi edzi nɔ srɔ̃ɖeɖe ma me le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ta ŋu kpɔ! Ne eɖo Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ dzi la, mía ŋutɔwo míaƒe didi kawo gbegbee míelɔ̃na faa be míatsɔ asa vɔe?

1:6-9. Yehowa lé fu gbɔgbɔmehasiwɔwɔ abe ale si ko wòlé fu ŋutilãmehasiwɔwɔ hã ene.

1:7; 2:1, 2, 14-23. Nya siwo Yehowa gblɔ ɖi ku ɖe Israel kple Yuda ŋu la va eme. Yehowa ƒe nyawo vaa eme ɣesiaɣi.

2:18, 21, 23-25; 3:1-4. Yehowa lɔ̃na faa tsɔa ame siwo trɔ dzi me vavã la ƒe nu vɔ̃wo kea wo. (Nexemya 9:17) Abe Yehowa ene la, ele be míaɖe veveseseɖeamenu kple nublanuikpɔkpɔ afia le nuwɔwɔ kple ame bubuwo me.

“YEHOWA LE DZRE HEM”

(Hosea 4:1–13:16)

“Yehowa le dzre hem kple anyigbadzitɔwo.” Nu ka tae? Elabena “nuteƒewɔwɔ, lɔlɔ̃ kple sidzedze Mawu mele anyigba dzi o.” (Hosea 4:1) Israel dukɔ dzeaglã la ƒo eɖokui ɖe ametafatafa, ʋukɔkɔɖi, ŋutilã me kple gbɔgbɔ me ƒe ahasiwɔwɔ me. Le esi teƒe be woayɔ Mawu be wòakpe ɖe yewo ŋu la, “wole Egipte yɔm, eye woyi Asur” boŋ.—Hosea 7:11.

Yehowa gblɔ eƒe ʋɔnudrɔ̃gbedeasia ale: “Woami Israel.” (Hosea 8:8) Yuda fiaɖuƒea hã ɖi fɔ. Hosea 12:3 gblɔ be: “Yehowa le nya he ge kple Yuda, ahe to na Yakob le eƒe zɔzɔme nu, eye wòaɖo eƒe nuwɔnawo teƒe nɛ.” Gake kakaɖedzi le eŋu be woagbugbɔ aɖo wo te, elabena Mawu do ŋugbe be: “Mava aɖe wo le tsieƒe si me, eye mava axɔ wo aƒle le ku si me!”—Hosea 13:14.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

6:1-3—Ame kae nɔ gbɔgblɔm bena: “Mina míagatrɔ ɖe Yehowa ŋu”? Ðewohĩ Israel vi mawɔnuteƒeawoe nɔ dzi dem ƒo na wo nɔewo be yewoagatrɔ ɖe Yehowa ŋu. Nenye be woawoe nɔ nya sia gblɔm la, ke ayemenu ko wɔm wonɔ be yewotrɔ dzi me. Woƒe lɔlɔ̃a menɔ anyi eteƒe didi o, eye enu va yi kaba abe “ŋdililikpo kple zãmu, si nu yina le ŋdi ene.” (Hosea 6:4) Le go bubu me la, ate ŋu anye be Hosea ye gblɔ nya sia tsɔ nɔ koko ƒom na dukɔa be woagatrɔ ɖe Yehowa ŋu. Aleke kee wòɖale o, ele be Israel to ewo fiaɖuƒea me tɔ dzegoawo natrɔ dzi me vavã ahatrɔ ɖe Yehowa ŋu.

7:4—Mɔ ka nue Israel vi wɔahasiawo nɔ “abe kpo, si me aboloƒola do dzo ɖo ene”? Nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo alea ɖe ale si gbegbe dzodzro vɔ̃ɖi si nɔ woƒe dzi me nu sẽe la fia.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

4:1, 6. Ne míedi be Yehowa nayi edzi akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la, ele be míayi edzi anɔ eŋuti sidzedze xɔm ahanɔ agbe nɔm ɖe nu siwo míesrɔ̃na la nu.

4:9-13. Yehowa abia akɔnta tso ame siwo kpɔa gome le gbɔdɔdɔ manɔsenuwo kple tadedeagu makɔmakɔwo me la si.—Hosea 1:4.

5:1. Ele be ame siwo le ŋgɔ xɔm le Mawu ƒe amewo dome naƒo asa na xɔsegbegbe keŋkeŋ. Ne menye nenema o la, woate ŋu able ame aɖewo ade alakpasubɔsubɔ me, eye woato esia dzi ava zu ‘mɔ kple ɖɔ’ aɖe wo.

6:1-4; 7:14, 16. Dzimetɔtrɔ le nu me ɖeɖe ko nye ameŋkumenuwɔwɔ eye viɖe aɖeke mele eŋu o. Be Mawu nakpɔ nublanui na nu vɔ̃ wɔla aɖe la, ele be wòaɖe dzimetɔtrɔ vavã afia, to ale si wòatrɔ ɖe “dziƒo” ŋu, si fia be wòatrɔ ɖe tadedeagu ƒomevi si nyo wu ŋu. Ele be eƒe nuwɔnawo nawɔ ɖeka kple Mawu ƒe dzidzenu kɔkɔwo.—Hosea 7:16.

6:6. Nu vɔ̃ wɔwɔ ɖenɛ fiana be nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ mele mía si na Mawu o. Mawusubɔsubɔ me vɔsa agbɔsɔsɔ aɖeke mate ŋu axɔ ɖe kpododonu sia teƒe o.

8:7, 13; 10:13. Gɔmeɖose si nye be “nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe” la va eme na Israel vi trɔ̃subɔlaawo.—Galatiatɔwo 6:7.

8:8; 9:17; 13:16. Nyagblɔɖi siwo ku ɖe dziehefiaɖuƒea ŋu va eme esime Asiriatɔwo xɔ woƒe fiadu si nye Samaria la. (Fiawo II, 17:3-6) Míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu awɔ nya siwo wògblɔ la dzi, eye ana nu siwo ŋu wòƒo nu tso la nava eme.—Mose IV, 23:19.

8:14. Yehowa to Babilontɔwo dzi ‘do dzo ɖe Yuda duwo me’ le ƒe 607 D.M.Ŋ. me, eye wòto esia dzi he tsɔtsrɔ̃ si ŋu nya wògblɔ ɖi la va Yerusalem kple Yudanyigba dzi. (Kronika II, 36:19) Mawu ƒe nya mate ŋu ado kpo emevava gbeɖe o.—Yosua 23:14.

9:10. Togbɔ be Israel viwo ɖe adzɔgbe na Mawu hã la, ‘woyi Baal-Peor, eye wotsɔ wo ɖokui na ŋukpenamawu la.’ Nunya anɔ eme be míasrɔ̃ nu tso woƒe kpɔɖeŋu gbegblẽa me, eye míakpɔ mía ɖokuiwo dzi nyuie be míagado kpo adzɔgbe si míeɖe na Yehowa la dzi wɔwɔ o.—Korintotɔwo I, 10:11.

10:1, 2, 12. Ele be míatsɔ dzi siwo me alakpa mele o asubɔ Mawui. Ne ‘míeƒã nu le dzɔdzɔenyenye me la, míaxa nu le Mawu ƒe lɔlɔ̃ me.’

10:5. Bet-Awen (si gɔmee nye “Nu Gbegblẽ Wɔwɔ ƒe Aƒe”) nye fewuɖuŋkɔ si wova tsɔ na Betel (si gɔmee nye “Mawu ƒe Aƒe”). Esi woɖe aboyo Bet-Awen ƒe nyivilegba la, Samariatɔwo xa nu le esi wobu nu si wotsɔa subɔsubɔ ƒe bubu nana la ta. Aleke gbegbe wònye bometsitsii nye esi be woaɖo ŋu ɖe legba si me agbe mele o, si mate ŋu akpɔ eya ŋutɔ ɖokui ta o la ŋu!—Psalmo 135:15-18; Yeremya 10:3-5.

11:1-4. Yehowa wɔa nu ɖe eƒe amewo ŋu le lɔlɔ̃ me ɣesiaɣi. Ðokuibɔbɔ ɖe Mawu te metea ame ɖe anyi gbeɖe o.

11:8-11; 13:14. Nya siwo Yehowa gblɔ be yeƒe amewo agbugbɔ aɖo tadedeagu vavã anyi la ‘megbugbɔ yi egbɔ ƒuƒlu o.’ (Yesaya 55:11) Yudatɔwo ƒe aboyomenɔnɔ le Babilon wu enu le ƒe 537 D.Ŋ.M. me, eye woƒe ame susɔeawo trɔ gbɔ va Yerusalem. (Ezra 2:1; 3:1-3) Nya sia nya si Yehowa gblɔ to eƒe nyagblɔɖilawo dzi la ava eme godoo.

12:7. Ele be míaɖoe kplikpaa be míaɖe lɔlɔ̃ afia, awɔ nu dzɔdzɔe, eye míaɖo dzi ɖe Yehowa ŋu ɖaa.

13:6. ‘Esi Israel viwo ɖu nu ɖi ƒo la, woƒe dzi de asi dada me, eye woŋlɔ Yehowa be.’ Ele be míanɔ ŋudzɔ ɖe dada ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu.

“YEHOWA ƑE MƆWO DZƆ”

(Hosea 14:2-10)

Hosea ƒo koko na wo be: “Israel, gatrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu, elabena wò vodadawoe tsɔ wò ƒu anyi.” Exlɔ̃ nu dukɔ la be woagblɔ na Yehowa be: “Tsɔ vodadawo katã ke, eye wò dɔme neganyo, ekema míana nyitsu, siwo ŋugbe míedo, kple míaƒe nuyiwo la!”—Hosea 14:1, 2.

Ele be nu vɔ̃ wɔla si trɔ dzi me natrɔ va Yehowa gbɔ, alɔ̃ azɔ eƒe mɔwo dzi, eye wòasa kafukafuvɔwo nɛ. Nu ka tae? “Elabena Yehowa ƒe mɔwo dzɔ, ame dzɔdzɔewoe zɔa edzi.” (Hosea 14:9) Aleke dzi dzɔa míi nye esi be ame geɖewo gali siwo ‘anɔ dzodzom nyanyanya ava Yehowa kple eƒe dɔmenyo gbɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu’!—Hosea 3:5.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Nu si dzɔ le Hosea ŋutɔ ƒe srɔ̃ɖeɖe me la nye ale si Yehowa wɔ nu ɖe Israel viwo ŋui la ƒe kpɔɖeŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Israel to ewo fiaɖuƒea gbã esime womu Samaria le ƒe 740 D.M.Ŋ. me