Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Esi wònye be wode se na Yudatɔwo be woƒe nu nagaka ‘nu ʋaʋã aɖeke’ ŋu le Ŋutitotoŋkekenyuia dzi o ta la, nu ka tae Yesu ya zã wein—si nye nu si ʋãna alo ɖoa ƒã—esime wònɔ eƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ɖom anyi?—Mose II, 12:20; Luka 22:7, 8, 14-20.

Woɖo Ŋutitotoŋkekenyui, si wotsɔna ɖoa ŋku Israel viwo ƒe Ʋuʋu tso Egipte dzi, la anyi le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me. Esime Yehowa nɔ ale si woaɖui ŋuti mɔfiamewo nam la, egblɔ be: “Migade nu abolo ʋaʋã aɖeke ŋu o, eye afisiafi, si miele la, miaɖu abolo maʋamaʋã sɔŋ.” (Mose II, 12:11, 20) Abolo si ƒomevi wòle be woaɖu le Ŋutitotoŋkekenyuia dzi ŋu koe Mawu ƒe sedede sia ku ɖo. Womeƒo nu tso wein ŋu o.

Susu vevi si tae wode se ɖe nu ʋaʋã ɖuɖu ŋu ɖoe nye be kplakplakpla dzie Israel viwo nɔ dzo le Egipte. Mose II, 12:34 gblɔ be: “Dukɔ la tsɔ woƒe amɔwɔ, si mekpɔ ʋã haɖe o la, kpakple woƒe amɔwɔkpakuwo bla ɖe woƒe avɔwo me helé ɖe abɔ.” Amɔwɔ ʋaʋã mazãmazã le Ŋutitotoŋkekenyui siwo wova ɖu emegbe la ɖuɣi aɖo ŋku nyateƒenya vevi sia dzi na woƒe dzidzimeviwo.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wova tsɔa nu ʋaʋã wɔa nu vɔ̃ alo gbegblẽ ƒe kpɔɖeŋu zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, esime apostolo Paulo nɔ nu ƒom tso agbe gbegblẽ nɔla aɖe si nɔ Kristo hamea me ŋu la, ebia be: “Mienyae bena, amɔwɔ ʋaʋã vi aɖe nana amɔwɔ blibo la katã ʋãna o mahã?” Eye wògblɔ be: “Mitsɔ amɔwɔ ʋaʋã xoxo la ƒu gbe, bene mianye amɔwɔ yeye, abe alesi mienye amɔwɔ maʋãmaʋã ene; elabena wowu míaƒe ŋutitotolẽvi, si nye Kristo la hã. Eyata mina míaɖu ŋutitotoŋkekenyuie, menye le amɔwɔ ʋaʋã xoxo me o, eye menye le vɔ̃ɖiwɔwɔ kple nu tovo wɔwɔ ƒe amɔwɔ ʋaʋã me o, hafi le dzadzɛnyenye kple nyateƒe ƒe amɔwɔ maʋãmaʋã la me boŋ.” (Korintotɔwo I, 5:6-8) Amɔwɔ maʋãmaʋã bolo koe woate ŋu atsɔ awɔ Yesu ƒe amegbetɔ ŋutilã si ŋu nu vɔ̃ aɖeke mele o la ƒe kpɔɖeŋui.—Hebritɔwo 7:26.

Yudatɔwoe va tsɔ weinzazã kpe ɖe Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu ŋu le ɣeyiɣi aɖe megbe. Anye esime wogbɔ tso aboyo me le Babilon megbee wotsɔe kpee. Biblia me nuŋlɔɖi aɖeke metsi tsitre ɖe nutovɛ sia ŋu o, eya tae wòsɔ be Yesu te ŋu zã wein la le Ŋutitotoŋkekenyuia dzi ɖo. Le nyateƒe me la, ale si wein ʋãna alo ɖoa ƒã le blema la to vovo na ale si amɔwɔ ʋãnɛ. Hafi amɔwɔ naʋã la, ehiã be woade amɔʋãnu eme. Mehiã be woade nuʋãnu aɖeke weintsetse me tsia me hafi wòaɖo ƒã o. Nu si naa wein ya ɖoa ƒã la le weintsetsea me xoxo. Womate ŋu akpɔ wein yeye le Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɣi o, elabena weintsetse mate ŋu akpɔtɔ anɔ anyi maʋãmaʋãe tso exaɣi le kele me va se ɖe Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɣi le ada me o.

Eya ta esi Yesu zã wein abe Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunui ene la, meda le nu ʋaʋã mazãmazã le Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɣi ƒe sea dzi le mɔ aɖeke nu o. Woate ŋu azã wein dzĩ ɖe sia ɖe si me womede nu vivi loo, nu muame bubu loo, alo nu ʋeʋĩ bubu aɖeke o la atsɔ awɔ Kristo ƒe “ʋu xɔasi” la ƒe kpɔɖeŋui.—Petro I, 1:19.