Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yonatan​—“‘Mawue Wòwɔ Dɔ Kple’

Yonatan​—“‘Mawue Wòwɔ Dɔ Kple’

Yonatan​—“‘Mawue Wòwɔ Dɔ Kple’

ISRAEL fia gbãtɔ ƒe viŋutsu yi ɖasrã ame aɖe si nɔ sisim la kpɔ. Egblɔ na sisila la be: “Megavɔ̃ o, elabena fofonye Saul ƒe asi matu wò o, eye wòe le fia ɖu ge ɖe Israel dzi, ke nye la manye evelia anɔ ŋuwò, eye fofonye hã nyae alea.”—Samuel I, 23:17.

Ame si yi ɖasrã amea kpɔe nye Yonatan, eye sisila lae nye Dawid. Ne menye ɖe Yonatan ku emegbe kpui o la, anye ne eva zu Dawid ƒe ame vevitɔ.

Yonatan kple Dawid ƒe xɔlɔ̃dzedzea mebɔ kura o. Le nyateƒe me la, ame vevi aɖe ŋutɔe Yonatan nye. Eŋɔlimetɔwo hã susui nenema, elabena wogblɔ le eŋu be: ‘Mawue wòwɔ dɔ kple.’ (Samuel I, 14:45, NW) Nu ka tae wogblɔ nya sia? Nɔnɔme nyui kawoe nɔ Yonatan si? Eye nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso eƒe agbemeŋutinya me?

Israel Viwo “Ðo Xaxa Me”

Le ɣeyiɣi si me Biblia ƒo nu tso Yonatan ŋu zi gbãtɔ me la, Israel viwo “ɖo xaxa me.” Filistitɔwo ha woƒe dua, eye woxaxa wo ɖo ale gbegbe be womate ŋu aʋli wo ɖokuiwo ta o.—Samuel I, 13:5, 6, 17-19.

Ke hã, Yonatan ka ɖe nya si Yehowa gblɔ be yemagblẽ yeƒe amewo ɖi o la dzi. Fofoa Saul ŋue Mawu gblɔ le be: “Eya naɖe nye dukɔ tso Filistitɔwo si me.” Yonatan ka ɖe nya ma dzi. Eya ŋutɔ nɔ ŋgɔ na Israel vi 1,000 siwo si aʋawɔnu boo aɖeke menɔ o la woɖu Filistitɔwo dzi va yi. Fifia adi be yeaɖe Filistitɔwo ƒe ŋɔdzidonamea ɖa keŋkeŋ.—Samuel I, 9:16; 12:22; 13:2, 3, 22.

Amedzidzedze Si Bia Dzinɔameƒo

Yonatan tɔ ŋku Filistitɔwo ƒe dzɔlawo ƒe ha si te ɖe Mixmas ƒe todzimɔ ŋu la. (Samuel I, 13:23) Be wòaɖo afi ma la, ehiã be wòata “asi kple afɔ.” Ema meɖe dzi le eƒo kura o. Yonatan ɖoe be ye kple yeƒe adekplɔvi ɖeɖe yewoayi aɖadze wo dzi, eye wògblɔ nɛ be: “Ðewohĩ Yehowa awɔ nane ɖe mía nu, elabena mesesẽ na Yehowa be, wòatsɔ ame geɖe alo ame ʋee axɔ na ame o!”—Samuel I, 14:6, 13.

Israel vi eve siawo bia dzesi tso Yehowa gbɔ. Woana ŋutsu siwo nye dzɔlawo nakpɔ wo. Ne Filistitɔawo gblɔ na wo be: “Mitɔ, vaseɖe esime míava mia gbɔ la,” Yonatan kple eƒe adekplɔvia maɖe zɔ ayi wo gbɔ o. Gake ne futɔawo gblɔ na wo be: “Miva mía gbɔ la,” esia afia be Yehowa tsɔ wo de asi na Yonatan kple eƒe adekplɔvia. Yonatan ka ɖe edzi be Mawu nɔ megbe na ye, eya ta eɖoe be ne yeyi dzɔlawo gbɔ la, yeawɔ aʋa kpli wo.—Samuel I, 14:8-10.

Nu kae ŋutsu eve ate ŋu awɔ na asrafo siwo le dzɔlawo ƒe ha blibo ɖeka me? Enyo, ɖe Yehowa mekpe ɖe Ʋɔnudrɔ̃la Ehud ŋu esime wònɔ ŋgɔ na Israel woho aʋa ɖe Moab ŋu oa? Ðe Mawu menɔ anyi kple Samgar, eye wòkpe ɖe eŋu be wòtsɔ nyikplɔti wu Filistitɔ 600 oa? Eye ɖe Yehowa mena ŋusẽ Simson ale be eya ɖeka ɖu Filistitɔwo dzi oa? Yonatan ka ɖe edzi be Mawu akpe ɖe ye hã ye ŋu.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 3:12-31; 15:6-8, 15; 16:29, 30.

Esi Filistitɔwo kpɔ Israel vi eveawo la, wodo ɣli be: “Miva mía gbɔ, ne míagblɔ nya aɖe na mi!” Yonatan kple eƒe adekplɔvia yi ɖe wo gbɔ. Woyi ɖadze wo dzi dzinɔameƒotɔe, eye wowu ame 20 le dzɔlawo ƒe asrafoawo dome, si na be dzidzi ƒo dzɔlawo. Ðewohĩ Filistitɔwo susui be Israel ʋawɔla geɖe nɔ ame eve siawo megbe gbɔna. Nuŋlɔɖia gblɔ be, emegbe la, ‘ŋɔdzi ɖo aʋakɔ blibo la; dzidzi ƒo dzɔlawo, eye anyigba ʋuʋu, elabe ŋɔdzi la tso Mawu gbɔ.’ Esi Mawu na anyigba ʋuʋu alea ta la, Filistitɔwo tɔtɔ, ale be ‘ame sia ame di yi ɖe nɔvia ŋu.’ Esi Israel srafowo kpɔ esia la, dzi ɖo wo ƒo. Israel vi siwo si be kple esiwo nɔ Filistitɔwo ƒe akpa dzi la va kpe ɖe wo ŋu “eye wosi Filistitɔwo gbemagbe tso Mixmas vaseɖe Ayalon.”—Samuel I, 14:11-23, 31.

Dukɔ La Xɔe Ðe Agbe

Fia Saul do ɖiŋu na eƒe asrafo ɖe sia ɖe si aɖu nu hafi woaɖu aʋa dzi la eŋumabumabui. Le susu aɖewo ta la, Yonatan ya mese ɖiŋudodo sia o. Yonatan ya ɖu nu. Etsɔ eƒe atikplɔ tɔ anyitsi me heɖu. Edze ƒã be emae na ŋusẽ yeyee be wòte ŋu wu aʋa la nu.—Samuel I, 14:24-27.

Esi Saul se be Yonatan ɖu nu la, ede se be woawui. Yonatan mevɔ̃ na ku o. Egblɔ be: “Nyee nye si, maku!” “Gake dukɔ la gblɔ na Saul bena: Ðe Yonatan, amesi ɖu dzi gã sia le Israel la, akua? Esia nede megbe xaa! Míeta Yehowa ƒe agbe be, taɖa aɖeke mage tso eƒe ta ɖe anyigba o; elabena Mawue na be, wòwɔ nusia egbea! Ale dukɔ la xɔ nya ɖe Yonatan nu, be meku o.”—Samuel I, 14:38-45.

Mawu subɔla siwo li egbea mewɔa aʋa ŋutɔŋutɔ o, gake ɣeyiɣi aɖewo ate ŋu ava le wò agbe me siwo me wò hã nàhiã xɔse kple dzinɔameƒo le. Ne ame siwo katã ƒo xlã wò le nu gbegblẽ wɔm la, asesẽ ŋutɔ be nàwɔ nu dzɔdzɔe. Ke hã, Yehowa ado ŋusẽ wò eye wòayra ɖe agbagba siwo dzem nèle be yealé eƒe dzidzenu dzɔdzɔewo me ɖe asi la dzi. Abia dzinɔameƒo be nàlɔ̃ axɔ subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ aɖewo le Yehowa ƒe habɔbɔa me, siwo dometɔ aɖewoe nye wò subɔsubɔdɔa dzidzi ɖe edzi, dɔdeasi yeyewo xɔxɔ, ʋuʋu aɖawɔ dɔ le teƒe siwo Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le wu. Ànɔ ɖokuiwò biam nenye be yedze na dɔ siawo wɔwɔ. Ke hã, ne etsɔ ɖokuiwò na be Yehowa nazã ye le mɔ si dzea eŋu nu la, ekema ka ɖe edzi be yedze na kafukafu. Ðo ŋku Yonatan dzi! Wogblɔ le eŋu be, ‘Mawue wòwɔ dɔ kple.’

Yonatan Kple Dawid

Ƒe 20 aɖewo megbe la, Filistitɔwo ƒe aʋawɔla bibi Goliat ɖu fewu le Israel ƒe aʋakɔ la ŋuti, gake Dawid wui. Togbɔ be Yonatan tsi wu Dawid ƒe 30 hã la, wo ame evea wosɔ le nu geɖe me. * Dzinɔameƒo si Yonatan ɖe fia le Mixmas la tɔgbi nɔ Dawid hã me. Nu siwo me wosɔ kple wo nɔewo le wòɖe dzesi wue nye be Dawid ka ɖe Yehowa ƒe ameɖeŋusẽ dzi abe ale si wònɔ le Yonatan hã gome ene, si na be wòte ŋu kpe akɔ kple Goliat dzinɔameƒotɔe, esime Israel viwo katã nɔ sisim le enu. Alea wòdzɔe be “Dawid ƒe nu lé dzi na Yonatan, eye Yonatan lɔ̃e abe eya ŋutɔ ɖokui ene.”—Samuel I, 17:1–18:4.

Togbɔ be Dawid ƒe kalẽwɔwɔ le aʋa me na be Fia Saul ɖe ŋku tɔe hã la, Yonatan ya meʋã ŋu Dawid kura o. Eya kple Dawid wova zu xɔlɔ̃ veviwo, eye anɔ eme be le woƒe dzeɖoɖowo me la, Yonatan va nyae be wosi ami na Dawid be wòazu Israel fia ɖe ye fofo yome. Yonatan de bubu Mawu ƒe nyametsotsoa ŋu.

Esi Fia Saul gblɔ na via kple eƒe dɔlawo be yeawu Dawid la, Yonatan fi tofi na Dawid. Yonatan na Saul va ka ɖe edzi be mele be wòavɔ̃ Dawid le mɔ aɖeke nu o. Le nyateƒe me la, Dawid medze agɔ aɖeke le fia la dzi o! Ðe Dawid mede eƒe agbe afɔku me hekpe akɔ kple Goliat oa? Yonatan fa dzi na Saul to kukuɖeɖe nɛ ɖe exɔlɔ̃ si wòbu fɔ madzemadzee la ta. Gake eteƒe medidi o, Saul gatrɔ susu be yeawu Dawid, eye wògadze agbagba ake be yeaɖe eƒe agbe ɖa; esia ƒoe ɖe Dawid nu be wòsi.—Samuel I, 19:1-18.

Yonatan kpe ɖe Dawid ŋu nuteƒewɔwɔtɔe. Xɔlɔ̃ eveawo kpe hede ŋugble le nu si woawɔ ŋu. Esi Yonatan nɔ agbagba dzem be yeawɔ nuteƒe na Dawid kple ye fofo siaa la, egblɔ na Dawid be: “Esia nede megbe xaa, mèle kuku ge o!” Ke hã, Dawid gblɔ na Yonatan be, “afɔɖeɖe ɖeka” koe “le mía kple ku dome.”—Samuel I, 20:1-3.

Yonatan kple Dawid de adaŋu aɖe be yewoatsɔ ado Saul ƒe susu kpɔ. Ne wova de dzesii be Dawid meva nua ɖuƒe kple fia o la, ele na Yonatan be wòagblɔ na fofoa be Dawid bia gbe ye be yeayi yeƒe ƒomea gbɔ ale be yewoaɖasa vɔ. Ne Saul do dɔmedzoe la, esia aɖee afia be eɖo tame vɔ̃ ɖe Dawid ŋu. Yonatan yrae eye wòda asi ɖe edzi le mɔ aɖe nu be eyae ava zu fia le etsɔme hegblɔ be: “Yehowa anɔ kpli wò, abe alesi wònɔ kple fofonye tsã ene!” Wo ame evea woka atam be yewoawɔ nuteƒe na yewo nɔewo, eye wogblɔ ale si Yonatan ana Dawid nanya dodokpɔa me tsonuwo.—Samuel I, 20:5-24.

Esi Saul de dzesii be Dawid meli o la, Yonatan ɖe eme nɛ be Dawid bia gbe le ye gbɔ be: “Ne ève nunye la, ekema ɖe mɔ nam, ne mayi aɖakpɔ nɔvinyewo ɖa.” Yonatan mevɔ̃ be yealɔ̃ ɖe edzi be yee ɖe mɔ na Dawid o. Fia la do dziku helĩhelĩ! Edzu Yonatan, eye wògblɔ kple dziku be Dawid nye ŋɔdzi na ye via ƒe fiaɖuɖu. Saul bia tso Yonatan si be wòayi aɖakplɔ Dawid vae, elabena edze na ku. Yonatan ɖo eŋu na fofoa be: “Nukata wòaku ɖo, eye nuka wòwɔ?” Saul tsɔ dziku da akplɔ via be yeatɔe. Yonatan de axa na akplɔa eye vɔ̃ aɖeke mewɔe o, ke hã exa nu vevie le Dawid ta vevie.—Samuel I, 20:25-34.

Nuteƒewɔwɔ ka gbegbee nye esi Yonatan ɖe fia! Le amegbetɔwo ƒe nukpɔsusu nu la, makpɔ viɖe aɖeke tso woa kple Dawid dome xɔlɔ̃dzedzea me o, gake abu mɔnukpɔkpɔ geɖe. Ke hã, Yehowa tia Dawid be wòaɖu fia ɖe Saul yome, eye tame si Mawu ɖo la aɖe vi na Yonatan ŋutɔ kpakple ame bubuwo siaa.

Kaklã Kple Aɖatsi

Yonatan do go kple Dawid le adzame hegblɔ nu si dzɔ la nɛ. Eme kɔ ƒã be Dawid magate ŋu aɖo afɔ Saul ƒe fiasã me gbeɖe o. Wo ame evea wofa avi hekpla asi kɔ na wo nɔewo. Emegbe Dawid si yi ɖabe.—Samuel I, 20:35-42.

Zi ɖeka koe Yonatan gakpɔ Dawid ake, esime wònɔ sisim le Saul nu heva be ɖe “ave me le Sif-gbedzi.” Ɣemaɣie Yonatan de dzi ƒo na Dawid kple nya siawo be: “Megavɔ̃ o, elabena fofonye Saul ƒe asi matu wò o, eye wòe le fia ɖu ge ɖe Israel dzi, ke nye la manye evelia anɔ ŋuwò, eye fofonye hã nyae alea.” (Samuel I, 23:15-18) Le esia megbe kpuie la, Yonatan kple Saul woku le aʋa aɖe si wowɔ kple Filistitɔwo la me.—Samuel I, 31:1-4.

Anyo be ame siwo katã lɔ̃ Mawu la nade ŋugble tso Yonatan ƒe agbenɔnɔ ŋu. Ðe nèdoa go nuteƒewɔwɔ ƒe dodokpɔwoa? Ekema ɖo ŋku edzi be Saul ƒoe ɖe Yonatan nu be wòati eya ŋutɔ ƒe viɖewo yome. Gake Yonatan tsɔ mawuvɔvɔ̃ kple ɖokuibɔbɔ blibo de bubu Yehowa ŋu, eye wòkpɔ dzidzɔ be ame si Mawu tia lae azu Israel fia ɖe ye fofo yome. Nyateƒee, Yonatan kpe ɖe Dawid ŋu, eye wòwɔ nuteƒe na Yehowa.

Nɔnɔme nyoameŋu geɖewo nɔ Yonatan si. Srɔ̃ eƒe nɔnɔme siawo! Esia awɔe be amewo ate ŋu agblɔ le ŋuwò abe ale si wogblɔ le Yonatan ŋu ene be: ‘Mawue wòwɔ dɔ kple.’—Samuel I, 14:45, NW.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 18 Yonatan xɔ ƒe 20 ya teti esime woƒo nu tso eŋu zi gbãtɔ be enye aʋafia le Saul ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe 40 lia me. (Mose IV, 1:3; Samuel I, 13:2) Eya ta Yonatan anya gogo ƒe 60 esime wòku le ƒe 1078 D.Ŋ.M. me. Esi wònye be Dawid xɔ ƒe 30 ɣemaɣi ta la, edze ƒã be Yonatan tsi wu Dawid ƒe 30.—Samuel I, 31:2; Samuel II, 5:4.

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Yonatan meʋã ŋu Dawid o