Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðeɖekpɔkpɔ Tso Xevimɔ̃trela Ƒe Mɔ̃wo Me

Ðeɖekpɔkpɔ Tso Xevimɔ̃trela Ƒe Mɔ̃wo Me

Ðeɖekpɔkpɔ Tso Xevimɔ̃trela Ƒe Mɔ̃wo Me

“[Yehowa ŋutɔ] aɖe wò tso xevimɔ̃trela ƒe adoboli me.” —PSALMO 91:3.

1. Ame kae nye “xevimɔ̃trela” la, eye nu ka tae ŋɔdzi le eŋu?

KRISTOTƆ vavãwo katã dze ŋgɔ amedzidzela aɖe, si ƒe nunya kple ayedzedze de ŋgɔ wu amegbetɔwo tɔ. Woyɔe le Psalmo 91:3 be “xevimɔ̃trela.” Ame kae nye futɔ sia? Tso magazine sia ƒe tata si nye June 1, 1883 tɔ dzi kee woɖee fia be futɔ sia menye ame bubu aɖeke tsɔ wu Satana Abosam o. Futɔ dziŋɔ sia dzea agbagba ayetɔe be yeable Yehowa ƒe amewo ahatre mɔ̃ na wo abe ale si xevimɔ̃trela trea mɔ̃ na xevi ene.

2. Nu ka tae wotsɔ Satana sɔ kple xevimɔ̃trela ɖo?

2 Le blemaɣeyiɣiwo me la, woléa xewo le woƒe hadzidzi viviwo, woƒe fu dzeaniwo, alo ɖe nuɖuɖu kple vɔsasa ta. Gake le dzɔdzɔme nu la, xewo nɔa ŋudzɔ heɖɔa ŋu ɖo ale gbegbe be, esesẽna ŋutɔ be woalé wo. Eya ta le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, ele be xevimɔ̃trela nalé ŋku ɖe xe siwo ƒomevi wòdi be yeatre mɔ̃ na la ŋu nyuie ahanya woƒe nɔnɔmewo kple ale si wowɔa nui gbã. Emegbe, etrɔa asi le ayemɔ siwo dzi wòato alé wo la ŋu. Esi Biblia tsɔ Satana sɔ kple xevimɔ̃trela la, ele kpekpem ɖe mía ŋu be míanya eƒe ayemɔwo. Abosam léa ŋku ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu nyuie. Edea dzesi míaƒe nɔnɔmewo kple ale si míewɔa nui la nyuie heɖoa mɔ̃ na mí le adzame kple susu be yealé mí agbagbee. (Timoteo II, 2:26) Ne eƒe mɔ̃ ɖe mí la, agblẽ nu le mía ŋu le gbɔgbɔ me, eye tsɔtsrɔ̃ ate ŋu ado tso eme na mí mlɔeba. Eya ta be míakpɔ mía ɖokuiwo ta la, ehiã vevie be míanya “xevimɔ̃trela” sia ƒe ayemɔ vovovoawo.

3, 4. Mɔ kawo nue Satana ƒe ayemɔwo ɖia dzata tɔ le? ɖia ƒli tɔ le?

3 Hakpalaa gatsɔ Satana ƒe ayemɔwo sɔ kple dzata kple ƒli ƒe nuwɔna le mɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe nu. (Psalmo 91:13) Abe dzata ene la, Satana dzea Yehowa ƒe amewo dzi tẽe to yometiti alo dziɖuɖuwo ƒe sededewo dzi ɣeaɖewoɣi. (Psalmo 94:20) Ðewohĩ eƒe amedzidzedze alea abe dzata ene awɔe be ame ʋɛ aɖewo nadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Gake zi geɖe la, ɖeko eƒe amedzidzedze mawo wɔnɛ be Mawu ƒe amewo ƒe ɖekawɔwɔ me gasẽna ɖe edzi. Ke Satana ƒe ayemɔ si menya kpɔna dzea sii bɔbɔe o, si le abe ale si ƒli wɔa nui ene ya ɖe?

4 Abosam wɔa eƒe nunya deŋgɔa ŋu dɔ tsɔ dzea ame dzi le adzame vɔ̃ɖitɔe abe ale si da nɔa bebeƒe heɖua ame le vome ene. Etoa mɔ sia dzi gblẽa nu le Mawu subɔlawo dometɔ aɖewo ƒe nukpɔsusu ŋu heblea wo be woawɔ yeƒe lɔlɔ̃nu, ke menye Yehowa tɔ o, eye esia gblẽa nu le wo ŋu vevie. Dzidzɔtɔe la, míenya Satana ƒe ayemɔwo. (Korintotɔwo II, 2:11) Azɔ mina míadzro “xevimɔ̃trela” sia ƒe mɔ̃ vɔ̃ɖiawo dometɔ ene me akpɔ.

Amegbetɔvɔvɔ̃

5. Nu ka tae “amegbetɔvɔvɔ̃” ƒe mɔ̃ te ŋu ɖea ame bɔbɔe?

5 “Xevimɔ̃trela” la nyae be le dzɔdzɔme nu la, amegbetɔ dina be yeƒe nu nadze ame bubuwo ŋu eye woalɔ̃ yeƒe nya. Kristotɔwo hã tsɔa ɖe le ale si ame siwo dome wole abu woe, alo ase le wo ɖokui me le wo ŋu la me. Esi Abosam nya nenema ta la, edina be yeazã ale si wotsia dzi ɖe nu si ame bubuwo asusu tso wo ŋu la ŋu atsɔ agblẽ nu le wo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ezãa “Amegbetɔvɔvɔ̃” ƒe mɔ̃ tsɔ ɖea Mawu subɔla aɖewo. (Lododowo 29:25) Nenye be le amegbetɔvɔvɔ̃ ta, Mawu subɔlawo wɔ ɖeka kple amewo le nu si ŋu Yehowa de se ɖo wɔwɔ me, alo do kpo nu si Mawu ƒe Nya la de dzi ƒo be woawɔ la wɔwɔ la, ke “xevimɔ̃trela” la ƒe mɔ̃e nye ema ɖe wo.—Xezekiel 33:8; Yakobo 4:17.

6. Kpɔɖeŋu kae ɖe ale si “xevimɔ̃trela” la ƒe mɔ̃ ate ŋu aɖe sɔhɛwoe la fia?

6 Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ sɔhɛ aɖe ana ta le eƒe sukuhatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu me ahano atama. Ðewohĩ atamanono meva susu me nɛ kura gbe ma gbe hafi wòyi suku o. Gake kasia, eyae nye ema le nu si agblẽ nu le eƒe lãmesẽ ŋu heganye nu si medzea Mawu ŋu o la wɔm. (Korintotɔwo II, 7:1) Aleke wòdzɔe? Ðewohĩ eyi ɖade ha kple ehati siwo menɔa agbe ɖɔʋu o eye wòvɔ̃ be ne yegbe la, womakpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu o. Sɔhɛwo, migaɖe mɔ “xevimɔ̃trela” la nable mi eye eƒe mɔ̃ naɖe mi o! Bene wòagalé mi agbagbee o la, migana ta le nu suetɔ kekeake gɔ̃ hã me o. Miwɔ ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃ame be miatsri hadede vɔ̃wo la dzi.—Korintotɔwo I, 15:33.

7. Alekee Satana ate ŋu ana dzila aɖewo magada sɔ le gbɔgbɔ me o?

7 Dzila Kristotɔ siwo lɔ̃a wo viwo la tsɔa woƒe Ŋɔŋlɔawo me gbanɔamedzi si nye be woakpɔ woƒe ƒomea ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ la nu vevii. (Timoteo I, 5:8) Gake Satana ƒe taɖodzinue nye be yeablu afɔ na Kristotɔwo le esia wɔwɔ me. Ðewohĩ eva zu numame na wo dometɔ aɖewo be wodoa kpo kpekpeawo dede le esi wonaa ta le woƒe dɔtɔ ƒe nyaƒoɖeamenu be woawɔ dɔ le kpakpã vɔ megbe me ta. Alo ɖewohĩ wovɔ̃na be yewoabia mɔ le dɔme bene yewoate ŋu awɔ ɖeka kple yewo nɔviwo ade ta agu na Yehowa le nutome gã takpekpe ƒe ŋkeke etɔ̃awo ƒe wɔnawo katã me. Nu si akpɔ mía ta tso gege ɖe mɔ̃ sia mee nye ‘ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu.’ (Lododowo 3:5, 6) Gakpe ɖe eŋu la, enyanya be Yehowa ƒe aƒemetɔwoe mí katã míenye eye be etsɔe ɖo eɖokui dzi be yeakpɔ mía ta hã akpe ɖe mía ŋu míanɔ te sesĩe. Dzilawo, ɖe xɔse le mia si be, aleke kee wòɖadzɔe o, Yehowa ate ŋu alé be na mia kple miaƒe ƒomea ne miewɔ eƒe lɔlɔ̃nua? Alo ɖe Abosam alé mi agbagbee ahana miawɔ eya boŋ ƒe lɔlɔ̃nu le amegbetɔvɔvɔ̃ ta? Míele dzi dem ƒo na mi be miade ŋugble tso biabia siawo ŋu gbedodoɖatɔe.

Ŋutilãmenuwo Didi Ƒe Mɔ̃ La

8. Mɔ ka nue Satana zãa ŋutilãmenuwo ƒe beble le?

8 Satana zãa ŋutilãmenuwo ƒe beble hã tsɔ trea mɔ̃ na mí. Xexe sia ƒe asitsanuɖoanyia doa gakpɔkpɔ kaba ƒe mɔnuwo ɖe ŋgɔ, siwo ate ŋu able Mawu ƒe amewo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã. Ɣeaɖewoɣi la, haxɔsetɔ aɖewo ate ŋu ade dzi ƒo na mí be: “Wɔ dɔ sesĩe. Ne kesinɔnuwo su asiwò vɔ la, àte ŋu aɖe dzi ɖi ahase vivi na agbea. Àte ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa gɔ̃ hã.” Nya siawo tɔgbi ate ŋu anye ame siwo dia viɖe tso hati Kristotɔwo gbɔ le hamea me la ƒe nukpɔsusu masɔmasɔwo. De ŋugble le yeaɖi dzideƒonamenya mawo ŋu nyuie. Ðe womesɔ kple ŋutsu kesinɔtɔ “tsibome” si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le eƒe lododoa me ƒe nuŋububu oa?—Luka 12:16-21.

9. Aleke didi be nuwo nasu ame si ate ŋu azu mɔ̃ aɖe Kristotɔ aɖewo?

9 Satana wɔa eƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ŋu dɔ le mɔ aɖe nu ale gbegbe be ekpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi be woadi be nuwo nasu yewo si. Didi ma ate ŋu agblẽ nu le Kristotɔ ƒe agbe ŋu vevie ahavu tsyɔ nya la dzi eye ‘wòatsi matsematse.’ (Marko 4:19) Biblia de dzi ƒo na mí be ne nunyiame kple nudodo le mía si la, nu siawo nasɔ gbɔ na mí. (Timoteo I, 6:8) Gake “xevimɔ̃trela” la ƒe mɔ̃ sia ɖea ame aɖewo le esi woawo ŋutɔwo metsɔa aɖaŋuɖoɖo sia wɔa dɔe o ta. Ðe wòanye be dadae na wodina be yewoanɔ agbe le mɔ aɖe koŋ nu kokokoa? Ke míawo ŋutɔwo ya ɖe? Ðe didi be nuwo nasu mía si wɔnɛ be míetsɔa tadedeagu vavãtɔ ƒe nuwo ɖoa nɔƒe evelia? (Xagai 1:2-8) Nublanuitɔe la, ne gakuxiwo do mo ɖa ɣeaɖewoɣi la, ame aɖewo tsɔa woƒe gbɔgbɔmemenyenye saa vɔe ale be woate ŋu akpɔtɔ anɔ agbe abe ale si wonɔe wòma wo ene. Ŋutilãmenudidi ƒe nɔnɔme sia doa dzidzɔ na “xevimɔ̃trela” la ŋutɔ!

Modzakaɖeɖe Maɖɔʋu Ƒe Mɔ̃ La

10. Ðokuimedzodzro kae wòle be Kristotɔ ɖe sia ɖe nawɔ?

10 “Xevimɔ̃trela” la ƒe ayemɔ bubue nye be yeagblẽ nu le vovototodede nyui kple vɔ̃ dome ƒe ŋutete si le amegbetɔ si le dzɔdzɔme nu la ŋu. Nɔnɔme siwo bɔ ɖe Sodom kple Gomora ye modzakaɖeɖe ƒe asitsanuɖoanyia dona ɖe ŋgɔ le modzakaɖenuwo me. Woɖea ŋutasesẽ kple gbɔdɔnuwɔna nyɔŋuwo fiana le television dzi nyadzɔdzɔwo kple nyadzɔdzɔgbalẽwo gɔ̃ hã me. Nu siwo woɖena fiana le nyatakakamɔnuwo dzi la nana amewo megate ŋu ‘dea vovo nyui kple vɔ̃ dome o.’ (Hebritɔwo 5:14) Gake ɖo ŋku nya si Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila Yesaya dzi la dzi, be: “Baba na amesiwo yɔa vɔ̃ be nyui kple nyui be vɔ̃.” (Yesaya 5:20) Ðe “xevimɔ̃trela” la to modzakaɖeɖe maɖɔʋu siawo tɔgbi dzi kpɔ ŋusẽ ɖe wò tamesusu dzi le wò manyamanya mea? Ele vevie be míadzro mía ɖokui me kpɔ.—Korintotɔwo II, 13:5.

11. Nuxlɔ̃ame kae Gbekakpɔxɔ na ku ɖe television dzi wɔna siwo woɖena tsiana ɖe enu la ŋu?

11 Ƒe 25 aɖewoe nye esia la, Gbetakpɔxɔ xlɔ̃ nu Mawu ƒe tadeagula vavãwo lɔlɔ̃tɔe tso television dzi wɔna siwo woɖena tsiana ɖe enu la kpɔkpɔ ŋu. * Wogblɔ tso ale si wɔna mawo siwo vivia ame geɖe nu kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi le mɔ si menya dea dzesii bɔbɔe o nu la ŋu be: “[Nu siwo woɖena fianae nye be] le lɔlɔ̃ ta la, woate ŋu anɔ agbe ƒomevi ɖe sia ɖe faa. Le kpɔɖeŋu me, ɖetugbui aɖe si fɔ fu evɔ meɖe srɔ̃ o la gblɔ na exɔlɔ̃ aɖe le ɖeɖefia aɖe me be: ‘Melɔ̃ Victor ŋutɔ. Nyemetsɔ le nu bubu aɖeke me o. . . . Be madzi vi nɛ ɖeɖe dzaa le vevie nam wu nu sia nu!’ Haƒoƒo lédziname si kpe ɖe ɖeɖefiaa ŋu na wòsesẽ be woakpɔe be nu gbegblẽ wɔm ɖetugbuia le. Wò ŋutɔ hã àlɔ̃ Victor ƒe nya godoo. Àse veve ɖe ɖetugbuia nu. ‘Àse eƒe nɔnɔmea gɔme nɛ.’ Ame aɖe si kpɔa dzidzɔ ɖe television dzi wɔna mawo kpɔkpɔ ŋu tsã gake fifia wòtrɔ eƒe nukpɔsusu la gblɔ be, ‘Ale si wòdzɔnae be nàva nɔ lɔlɔ̃m ɖe edzi le ɖokuiwò me be naneke megblẽ le nu siawo ŋu o la wɔ nuku ŋutɔ. Míenya be agbe gbegblẽ nɔnɔ menyo o. . . . Gake mede dzesii be meva nɔ gome kpɔm le eme le susu me.’”

12. Nu kawoe le dzɔdzɔm si ɖee fia be nuxlɔ̃me si wona ku ɖe television wɔna aɖewo ŋu la sɔ ɖe ɣeyiɣia nu?

12 Tso esime wota nyati mawo la, television dzi wɔna mawo siwo gblẽa nu le ame ƒe tamesusu kple dzi ŋu la va bɔ ŋutɔ. Le dukɔ geɖe me la, woɖea wɔna mawo fiana zã kple keli. Ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple sɔhɛ geɖewo kpɔa modzakaɖenu siawo edziedzi ale gbegbe be wova xɔ dzi kple susu me na wo. Gake mele be míawo ya míatsɔ nuŋububu masɔmasɔ able mía ɖokui o. Masɔ be míasusui be nu siwo wowɔna le modzakaɖenu mawo me la megblẽ de esiwo dzɔna le agbe me ŋutɔŋutɔ nu o. Ðe Kristotɔ ate ŋu agblɔ be esɔ be yealɔ̃ be ame si ƒomevi yemaku drɔ̃e gɔ̃ hã be yeakpe va ye ƒe me o la naɖe modzaka na yea?

13, 14. Alekee ame aɖewo ɖe ale si nuxlɔ̃amenya si wona ku ɖe television kpɔkpɔ ŋu ɖe vi na woe la gblɔ?

13 “Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa” ƒe aɖaŋuɖoɖo ma ɖe vi na ame geɖe siwo tsɔe de dɔwɔna me. (Mateo 24:45-47) Esi ame mawo dometɔ aɖewo xlẽ aɖaŋuɖoɖo ma si le tẽe, si wotu ɖe Biblia dzi vɔ la, woŋlɔ lɛta na Gbetakpɔxɔ talawo tsɔ ɖe ale si nyati mawo wɔ dɔ ɖe wo dzii la gblɔ. * Wo dometɔ ɖeka ʋu eme be: “Television dzi wɔna siwo woɖena tsiana ɖe enu kpɔkpɔ zu numame nam hena ƒe 13 sɔŋ. Mesusui be esi menya dea Kristotɔwo ƒe kpekpewo eye medea gbeadzi ɣeaɖewoɣi ko la, naneke magblẽ le nye gbɔgbɔmemenyenye ŋu o. Gake xexea me ƒe nukpɔsusu si le television dzi fefe mawo wɔlawo si la va su asinye be, le kpɔɖeŋu me, ne srɔ̃wò sẽa ŋuta le ŋuwò alo nèse le ɖokuiwò me be melɔ̃ ye o la, àte ŋu awɔ ahasi faa—ye ŋutɔe di wòkpɔe. Eya ta esime mese le ɖokuinye me be ‘tɔnye dzɔ’ la, meɖe afɔ gbegblẽ ma hewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa kple srɔ̃nyea ŋu.” Woɖe nyɔnu sia le hamea me. Eva se eɖokui gɔme emegbe, etrɔ dzi me, eye wogbugbɔ xɔe ɖe hamea me. Nyati siwo wota tsɔ xlɔ̃ nu ku ɖe television dzi wɔna siwo woɖena tsiana ɖe enu ŋu xexlẽ do ŋusẽe wòte ŋu tsri nu si Yehowa lé fui tsɔtsɔ ɖe modzakae.—Amos 5:14, 15.

14 Ame bubu si ŋu nu siawo gblẽ nu le, si hã xlẽ nuxlɔ̃amenyatiawo la gblɔ be: “Esime mexlẽ nyatiawo la, mefa avi elabena mekpɔe dze sii be nye dzi megaku ɖe Yehowa ŋu bliboe o. Medo ŋugbe na Mawu be nyemaganye kluvi na television dzi wɔna siawo gbeɖe o.” Esi nyɔnu Kristotɔ aɖe ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nyatiawo ŋu fia vɔ la, elɔ̃ ɖe edzi be wɔna mawo kpɔkpɔ zu numame na ye eye wòŋlɔ bena: “Mete tamebubu tso . . . ale si woate ŋu agblẽ nu le mía kple Yehowa dome ƒomedodoa ŋu la ŋu. Aleke television dzi wɔna siawo wɔlawo anye ‘xɔ̃nyewo’ eye magate ŋu anye Yehowa xɔlɔ̃?” Ne television dzi wɔna mawo gblẽ nu le amewo ƒe dzi ŋu ƒe 25 enye esi va yi la, ke alekee wòanɔ egbea? (Timoteo II, 3:13) Ele be míanɔ ŋudzɔ ɖe Satana ƒe mɔ̃ si nye modzakaɖeɖe maɖɔʋu ƒomevi ɖe sia ɖe ŋu, eɖanye television dzi wɔna siwo woɖena tsiana ɖe enu, videofefe siwo me wowɔa ŋutasẽnuwo le, alo videohadzidzi siwo me woɖea agbe gbegblẽ nɔnɔ nuwɔnawo fiana le o.

Ame Nɔewo Dome Masɔmasɔ Ƒe Mɔ̃ La

15. Aleke Abosam lé ame aɖewo agbagbee?

15 Satana zãa ame nɔewo dome masɔmasɔwo tsɔ dea mama Yehowa ƒe amewo dome. Subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ kae ɖale mía si o, mɔ̃ sia ate ŋu aɖe mí bɔbɔe. Abosam lé ame aɖewo agbagbee le esi woɖe mɔ woa kple wo nɔviwo dome masɔmasɔwo gblẽ ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ kpakple gbɔgbɔmenudzedziname si Yehowa tsɔ yra eƒe amewoe la me ta.—Psalmo 133:1-3.

16. Alekee Satana toa ayemɔwo dzi dzea agbagba be yeagblẽ míaƒe ɖekawɔwɔ dome?

16 Le Xexemeʋa I wɔɣi la, Satana dze agbagba be yeatsrɔ̃ Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la to edzidzedze tẽe me, gake edo kpo nu. (Nyaɖeɖefia 11:7-13) Tso ɣemaɣi la, etoa ayemɔwo dzi dzea agbagba be yeagblẽ míaƒe ɖekawɔwɔ dome. Ne míeɖe mɔ mía nɔewo dome masɔmasɔwo he mama de mía dome la, ekema míena mɔ “xevimɔ̃trela” la be eƒe mɔ̃ naɖe mí. To esia wɔwɔ me la, míaxe mɔ na gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe dɔwɔwɔ bliboe le míawo ŋutɔwo ƒe agbe me kpakple le hamea me. Ne edzɔ alea la, ado dzidzɔ na Satana, elabena ne hamea ƒe ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ dome gblẽ la, enana be gbeƒãɖeɖedɔa megaɖea zɔ nyuie o.—Efesotɔwo 4:27, 30-32.

17. Nu kae ate ŋu akpe ɖe ame siwo dome masɔmasɔwo le ŋu be woakpɔ wo gbɔ?

17 Nu kae nàte ŋu awɔ ne masɔmasɔ aɖe ɖo mia kple hati Kristotɔ aɖe dome? Enye nyateƒe be kuxiawo ato vovo ya. Gake togbɔ be kuxiwo ate ŋu ado mo ɖa le susu vovovowo ta hã, susu aɖeke meli si tae woado kpo wo gbɔ kpɔkpɔ ɖo o. (Mateo 5:23, 24; 18:15-17) Aɖaŋuɖoɖo siwo le Mawu ƒe Nyaa me la tso gbɔgbɔ me, eye wode blibo. Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ medoa kpo nu gbeɖe o. Wowɔa dɔ godoo!

18. Nu ka tae Yehowa sɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ mía nɔewo dome masɔmasɔwo gbɔ?

18 Yehowa ‘lɔ̃a tsɔtsɔke,’ eye etsɔna kea ame bliboe. (Psalmo 86:5; 130:4) Ne míesrɔ̃a Yehowa le go sia me la, míeɖenɛ fiana be míenye via lɔlɔ̃awo. (Efesotɔwo 5:1) Nu vɔ̃ wɔlawoe mí katã míenye eye míehiã Yehowa ƒe tsɔtsɔke vevie. Eya ta ele be míakpɔ mía ɖokui dzi nyuie ne míese le mía ɖokui me be míatsɔ ame aɖe ƒe vodada akee o. Míate ŋu ava ɖi dɔla si le Yesu ƒe lododoa me, si gbe be yematsɔ ye hati dɔla ƒe fe si wònyi le eŋu—si nye fe si eƒe aƒetɔ tsɔ ke eya ŋutɔ xoxo la ƒe kakɛ aɖe ko—la kee o la. Esi eƒe aƒetɔ see la, ena wolée de gaxɔ me. Yesu ƒo eƒe lododoa ta hegblɔ be: “Nenema ke Fofonye, si le dziƒo la, hã lawɔ mi, ne mia dome amesiame metsɔ ke nɔvia tso eƒe dzi me o.” (Mateo 18:21-35) Ŋugbledede le lododo sia me nyawo ŋu kple ŋkuɖoɖo vodada gbogbo siwo Yehowa tsɔ kea mí dzi akpe ɖe mía ŋu godoo ne míele agbagba dzem be míakpɔ mía kple mía nɔvi aɖe dome masɔmasɔwo gbɔ!—Psalmo 19:15.

Dedienɔnɔ Le “Dziƒoʋĩtɔ La Ƒe Bebeƒe”

19, 20. Aleke wòle be míabu Yehowa ƒe “bebeƒe” kple eƒe “vɔvɔli” te nɔnɔ le ɣeyiɣi vɔ̃ siawo mee?

19 Ɣeyiɣi vɔ̃wo mee míele. Ne menye Yehowa ƒe ametakpɔkpɔ lɔlɔ̃tɔe ye o la, anye ne Satana tsrɔ̃ mí katã. Eya ta bene “xevimɔ̃trela” la ƒe mɔ̃ nagaɖe mí o la, ele be míakpɔtɔ anɔ “dziƒoʋĩtɔ la ƒe bebeƒe” be míakpɔ takpɔkpɔ le “ŋusẽkatãtɔ la ƒe vɔvɔli te.”—Psalmo 91:1.

20 Mina míabu Yehowa ƒe mɔfiamewo kple ŋkuɖodzinyawo ametakpɔnui ɣesiaɣi, ke menye abe mɔxexe ɖe míaƒe ablɔɖe nu ene gbeɖe o. Mí katã míedze ŋgɔ amedzidzela aɖe si ƒe nunya de ŋgɔ wu amegbetɔwo tɔ. Kpekpeɖeŋu si Yehowa nana lɔlɔ̃tɔe manɔmee la, mía dometɔ aɖeke mate ŋu asi le enu o. (Psalmo 124:7, 8) Eya ta mina míado gbe ɖa be Yehowa naɖe mí tso “xevimɔ̃trela” la ƒe adoboliwo me!—Mateo 6:13.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 11 Kpɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, December 1, 1982, axa 3-7.

^ mm. 13 Kpɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, December 1, 1983, axa 23.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nu ka tae “amegbetɔvɔvɔ̃” nye mɔ̃ vɔ̃ɖi aɖe?

• Aleke Abosam zãa ŋutilãmenuwo ƒe beblee?

• Alekee Satana zã modzakaɖeɖe maɖɔʋu ƒe mɔ̃ la tsɔ ɖe ame aɖewo?

• Mɔ̃ kae Abosam zãna tsɔ gblẽa nu le míaƒe ɖekawɔwɔ ŋu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

“Amegbetɔvɔvɔ̃” ƒe mɔ̃ ɖe ame aɖewo

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Ðe nètsɔa nu siwo Yehowa lé fui la ɖea modzakaea?

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Nu kae nàte ŋu awɔ ne masɔmasɔ ɖo mia kple haxɔsetɔ aɖe dome?