Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Nukae Nye Nyateƒe?”

“Nukae Nye Nyateƒe?”

“Nukae Nye Nyateƒe?”

ROMA MƆ̃MEFIA, Pontio Pilato ye bia nya sia Yesu ɖekematsɔlemetɔe. Medi be yeanya ŋuɖoɖoa o, eye Yesu hã meɖo eŋu nɛ o. Ðewohĩ Pilato susui be nyateƒe nye nane si nu womate ŋu anya ta le o.—Yohanes 18:38.

Ame geɖewo, siwo dome subɔsubɔhakplɔlawo, agbalẽnyalawo, kple dunyahelawo hã le la, ɖea vlododo nu ƒe nɔnɔme sia fiana egbea. Wobua nyateƒe—vevietɔ agbe nyui nɔnɔ kple mawusubɔsubɔ ŋuti nyateƒe—be enye nu si toa vovo le ame ɖe sia ɖe gome eye wònɔa tɔtrɔm ɖaa. Gake ɖeko esia afia be ame ŋutɔ ate ŋu atso nya me le nu si nye nyui kple nu si nye vɔ̃ ŋu. (Yesaya 5:20, 21) Nɔnɔme sia nana hã be amewo va bua agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu siwo nu dzidzime siwo nɔ anyi tsã nɔ agbe ɖo la be wonye tsigãdzinuwo alo blemanyawo.

Anyo be míade dzesi nya si Yesu gblɔ na Pilato hafi wòbiae nya ma. Yesu gblɔ be: “Esia ta wodzim ɖo, eye esia ta meva xexeame ɖo, bena maɖi ɖase na nyateƒe la.” (Yohanes 18:37) Le Yesu gome la, nyateƒe menye nu manyatalenu si gɔme womate ŋu ase o. Edo ŋugbe na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe.”—Yohanes 8:32.

Afi kae woake ɖe nyateƒe ma ŋu le? Yesu gblɔ na Mawu le gbedodoɖa me gbe ɖeka be: “Wò nya la enye nyateƒe.” (Yohanes 17:17) Biblia, si woŋlɔ le Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe mɔfiafia te la, ɖea nyateƒe si naa mɔfiame si ŋu kakaɖedzi le kple etsɔmemɔkpɔkpɔ vavã, si nye agbe mavɔ, la ɖe go.—Timoteo II, 3:15-17.

Pilato gbe mɔnukpɔkpɔ si su esi be wòanya nyateƒe sia la ɖekematsɔlemetɔe. Ke wò ya ɖe? Ðe manyo be nàbia Yehowa Ðasefowo woakpe ɖe ŋuwò nànya nu si tututu “nyateƒe” si ŋu Yesu fia nu tsoe la nye oa? Adzɔ dzi na wo be yewoakpe ɖe ŋuwò.