Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tiatia Siwo Nana Wokpɔa Dzidzɔ

Tiatia Siwo Nana Wokpɔa Dzidzɔ

Tiatia Siwo Nana Wokpɔa Dzidzɔ

“NE ÐE menyaa, nyemawɔ nu alea o!” Zi nenie nègblɔ nya ma kpɔ? Mí katã míedina be míawɔ tiatia siwo mave mí le etsɔ me o, vevietɔ ne tiatia siawo akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbe dzi. Ke alekee míate ŋu awɔ tiatia siwo ana míakpɔ dzidzɔ?

Gbã la, ele be dzidzenu siwo ŋu kakaɖedzi le vavã nanɔ mía si. Ðe míate ŋu ake ɖe dzidzenu mawo ŋua? Ame geɖe mesusui nenema o. Numekuku aɖe si wowɔ le United States la ɖee fia be, sekɛndrisukuvi siwo le xɔ mamlɛtɔ me dometɔ 75 le alafa me xɔe se be nyui kple vɔ̃ ŋuti dzidzɔnu ɖeka aɖeke meli o, eye be nyui kple vɔ̃ ŋuti nukpɔsusuwo toa vovo le “ame sia ame kple dekɔnu ɖe sia ɖe” gome.

Ðe susu anɔ eme vavã be woatu agbe nyui nɔnɔ ŋuti dzidzenuwo ɖe ame ŋutɔ alo ame akpa gãtɔ ƒe nukpɔsusu dzia? Ao. Ne nu si dze ame sia ame ŋu koe wòawɔ la, nu sia nu atɔtɔ. Ame kae adi be yeanɔ du aɖe si me se, ʋɔnudrɔ̃ƒe, kple kpovitɔ aɖeke mele o me? Gawu la, nu si ame ŋutɔ susu menyea nyuitɔ ɣesiaɣi o. Míate ŋu atiae be míawɔ nane si míebu be enyo, gake míava kpɔe emegbe be míebu eŋu nyuie o. Le nyateƒe me la, amegbetɔƒomea ƒe ŋutinya katã ɖo kpe Biblia me gɔmeɖose sia ƒe nyateƒenyenye dzi be: “Amegbetɔ . . . ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Yeremya 10:23) Ekema, afi kae míate ŋu atrɔ ɖo hena mɔfiame le agbe me nyametsotso veviwo wɔwɔ me?

Ðekakpui dziɖula si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati si do ŋgɔ me la wɔ nu le nunya me esime wòte ɖe Yesu ŋu. Abe ale si míekpɔe ene la, Mawu ƒe Se lae Yesu zã tsɔ ɖo nyaa ŋu na ɖekakpuia. Yesu lɔ̃ ɖe edzi be Yehowa Mawue nye sidzedze kple nunya Tsoƒe nyuitɔ kekeake, eye be Enya nu si nye nyuitɔ wu na Eƒe nuwɔwɔwo. Esia tae Yesu gblɔ be: “Nye nufiafia la menye tɔnye o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la tɔe.” (Yohanes 7:16) Vavãe, Mawu ƒe Nyae nye mɔfiametsoƒe si dzi míate ŋu aka ɖo, si akpe ɖe mía ŋu míawɔ nyametsotso nyuiwo le agbe me. Na míakpɔ Mawu ƒe Nyaa me gɔmeɖose aɖewo, siwo dzi wɔwɔ ana míakpɔ dzidzɔ geɖe wu la ɖa.

Sikasedede La

Yesu fia gɔmeɖose vevi aɖe si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ nyametsotso nyuiwo le nuwɔwɔ kple amewo me le eƒe Todzimawunya xɔŋkɔa me. Egblɔ be: “Nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.” (Mateo 7:12) Woyɔa agbenɔnɔ ŋuti gɔmeɖose sia zi geɖe be Sikasedede.

Ame aɖewo trɔ gɔmeɖose sia gblɔ le mɔ bubu nu be: “Nu sia nu si mialɔ̃ be amewo nawɔ na mi o la, miawo hã migawɔe na wo o.” Be nàkpɔ vovototo si le nyagbɔgblɔ sia kple Sikasededea dome la, bu Yesu ƒe Samariatɔ havilɔ̃la ŋuti lododoa ŋu kpɔ. Woƒo Yudatɔ aɖe wòku afã kple afã hegblẽe ɖe mɔ to dzo le egbɔ. Nunɔla aɖe kple Lewitɔ aɖe va ke ɖe eŋu heto eŋu yi. Le esi womewɔ naneke si agawɔ nu vevi ŋutsua o ko la, woate ŋu agblɔ be wowɔ ɖe nya sia si mesɔ kple Sikasededea o, si nye, “nu sia nu si mialɔ̃ be amewo nawɔ na mi o la, miawo hã migawɔe na wo o” la dzi. Gake to vovo na esiae la, Samariatɔ aɖe ya tɔ ɖe ŋutsua ŋu hena kpekpeɖeŋui. Ebla eƒe abiawo nɛ hekɔe yi ɖe amedzrodzeƒe. Ewɔ nu si eya ŋutɔ adi be woawɔ na ye la na ŋutsua. Ewɔ ɖe Sikasededea dzi—eye tiatia nyuitɔe nye ema wòwɔ.—Luka 10:30-37.

Míate ŋu awɔ ɖe agbenɔnɔ ŋuti gɔmeɖose sia dzi le mɔ vovovowo nu, si ana míakpɔ dzidzɔ. Tsɔe be ƒome aɖe ʋu va miaƒe nutoa me. Ðe manyo be nàte ɖe wo ŋu ahado dzaa na wo vividoɖeameŋutɔe oa? Ðewohĩ àkpe ɖe wo ŋu woanya nutoa me, eye àɖo biabia siwo anɔ wo si la ŋu na wo ahakpe ɖe wo ŋu le mɔ bubuwo hã nu. Ne ètso le ɖokuiwò si ɖe ameŋububu fia wo la, ana ƒomedodo nyui nanɔ mia kpli wo dome. Àkpɔ dzidzɔ hã le esi nènyae be yewɔ nu si dze Mawu ŋu ta. Ðe esia manye tiatia si me nunya le oa?

Tiatia Siwo Míewɔna Le Esi Míelɔ̃ Amewo Ta

Tsɔ kpe ɖe Sikasededea ŋu la, Yesu na mɔfiame bubu aɖe si akpe ɖe ŋuwò nàwɔ tiatia nyuiwo. Esi wobia Yesu be, se kae nye gãtɔ kekeake le Mose ƒe Sea me hã la, eɖo eŋu be: “‘Lɔ̃ [Yehowa], wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.’ Esia nye se gbãtɔ si le vevie. Eye evelia, si ɖii la, enye bena: ‘Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’ Se blibo la katã kple nyagblɔɖilawo ku ɖe nenem se eve siawo ŋuti.”—Mateo 22:36-40.

Le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, ena “se yeye” eƒe nusrɔ̃lawo be woalɔ̃ wo nɔewo. (Yohanes 13:34) Nu ka tae wògblɔ be enye se yeye ɖo? Ðe eya ŋutɔ megblɔ do ŋgɔ xoxo be wo haviwo lɔlɔ̃ nye se eve siwo dzi wotu Se bliboa ɖo la dometɔ ɖeka oa? Esime Israel viwo nɔ Mose ƒe Sea te la, wogblɔ na wo be: “Nalɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene.” (Mose III, 19:18) Gake fifia, Yesu bia tso eƒe nusrɔ̃lawo si be woawɔ nu wòade ŋgɔ wu ema. Le zã ma ke me la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be yele yeƒe agbe tsɔ ge aɖo anyi ɖe wo ta. Esia megbe kpuie la, egblɔ na wo be: “Esia nye nye se la bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene. Lɔlɔ̃ gã wu esia megale ame aɖeke si bena, wòatsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe xɔlɔ̃awo ta o.” (Yohanes 15:12, 13) Ɛ̃, se sia nye se yeye le esi wòbia be woatsɔ ame bubuwo ƒe nyonyo aɖo nɔƒe gbãtɔ na ame ŋutɔ tɔ ta.

Mɔ geɖewo li siwo dzi míate ŋu ato aɖe ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ afia tsɔ wu be míanɔ míawo ŋutɔwo ƒe nyonyo ko dim. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be edzɔa dzi na wò be yeaƒo ha wòade dzi nyuie hafi nàse vivi nɛ, evɔ èle aƒe aɖe si me amewo sɔ gbɔ ɖo me eye haƒoƒoa ɖea toɣli aƒea me tɔ bubuwo. Ðe nàlɔ̃ aɖe wò vivisesea dzi kpɔtɔ bene aƒea me tɔwo nate ŋu akpɔ tomefafa? Ne míagblɔe bubui la, ɖe nàtsɔ wò aƒelikawo ƒe nyonyo aɖo ŋgɔ na tɔwòa?

Gabu kpɔɖeŋu bubu ŋu kpɔ. Yehowa Ðasefo eve woyi ɖe ŋutsu tsitsi aɖe ƒe me le Canada, le ŋkeke aɖe si dzi sno nɔ dzadzam eye xexea me fa miamiamia la dzi. Esi wonɔ dze ɖom la, ŋutsua gblɔ be dzi nɔ fu ɖem na ye si wɔe be yemete ŋu lɔ snowo ɖa le yeƒe aƒea ŋgɔ o. Anɔ abe gaƒoƒo ɖeka ene megbe la, esee wotsɔ sɔfiwo nɔ nu lɔm le gota. Ðasefo eveawo trɔ va lɔ snoawo ɖa le eƒe aƒea mɔ nu. Ŋutsua ŋlɔ ɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Canada be: “Egbea mekpɔ Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ vavã ɖeɖe fia teƒe ŋutɔŋutɔ. Esia trɔ mɔkpɔkpɔbuɖeame ƒe nukpɔsusu si nɔ asinye ɖe egbexexea ŋu. Azɔ hã, egado ŋusẽ nye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe miaƒe dɔ si miewɔna le xexea me katã la ŋu.” Nyateƒee, ne míetso le mía ɖokui si na kpekpeɖeŋu amewo, le mɔ suetɔ kekeake gɔ̃ hã nu la, ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe wo dzi. Aleke ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe tiatia siawo wɔwɔ doa dzidzɔ na amee nye esi!

Tiatia Siwo Míewɔna Le Esi Míelɔ̃ Mawu Ta

Nu bubu si ŋu wòle be míabu ne míele tiatiawo wɔmee nye nu si Yesu gblɔ be eyae nye se gãtɔ kekeake—si nye be míalɔ̃ Mawu. Yudatɔ siwo nye dukɔ ɖeadzɔgbe na Yehowa xoxo la me tɔwoe Yesu nɔ nyaa gblɔm na. Ke hã, ele be Israel vi ɖe sia ɖe natiae nenye be asubɔ woƒe Mawu la kple luʋɔ blibo kpakple lɔlɔ̃ si tso dzi blibo me.—Mose V, 30:15, 16.

Nenema kee tiatia siwo nèwɔna la ɖea ale si nèsena le ɖokuiwò me ɖe Mawu ŋu la fiana. Le kpɔɖeŋu me, ne Biblia me sidzedze geɖe va le asiwò sum eye nèva kpɔ ale si eme ɖaŋuɖoɖowo wɔa dɔe hekpɔ ŋudzedze geɖe ɖe eŋu la, tiatia aɖe adze ŋgɔ wò hã. Ðe nàlɔ̃ be woava nɔ Biblia srɔ̃m kpli wò edziedzi kple taɖodzinu be nàva zu Yesu yomedzelaa? Tiatia sia wɔwɔ ana nàkpɔ dzidzɔ godoo, elabena Yesu gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo.”—Mateo 5:3, NW.

Míenya ne tiatia si ɖekakpui dziɖulaa wɔ la va vee emegbe o. Gake míenya ale si apostolo Petro ya se le eɖokui me le Yesu Kristo yome dzedze hena ƒe geɖe la ŋu. Esi Petro ƒe agbe ƒe nuwuwu nɔ ɖoɖom le ƒe 64 M.Ŋ. me lɔƒo la, ede dzi ƒo na haxɔsetɔwo be: “Mido vevie, bena [Mawu nakpɔ] mi le ŋutifafa me ɖimaƒomaƒo kple mokaka manɔŋui.” (Petro II, 1:14; 3:14) Eme kɔ ƒãa be, tiatia si Petro wɔ ƒe 30 kple edzivɔ do ŋgɔ la mevee o, eye wòde dzi ƒo na ame bubuwo hã be woalé tiatia si wowɔ la me ɖe asi sesĩe.

Petro ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi wɔwɔ bia be míalɔ̃ faa axɔ agbanɔamedzi si nye be míanye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka ahawɔ Mawu ƒe sededewo dzi. (Luka 9:23; Yohanes I, 5:3) Togbɔ be esia ate ŋu adze nu sesẽe hã la, míate ŋu aka ɖe Yesu ƒe ŋugbedodo sia dzi be: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana dzudzɔ mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo. Elabena nye kɔkuti la le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.”—Mateo 11:28-30.

Bu Arthur ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Esi Arthur xɔ ƒe ewo la, ete kasaŋkuƒoƒo sɔsrɔ̃ kple taɖodzinu be yeava zu kasaŋkuƒola. Kaka wòaxɔ ƒe 14 la, eva zu kasaŋkuƒola bibi aɖe le fefewɔƒe. Ke hã, mekpɔa dzidzɔ o. Biabia geɖewo nɔ fofoa si ku ɖe tameɖoɖo si le agbea ŋu la ŋuti, eye esia ta ekpe mawunyafiala geɖewo va eƒe me; ke hã, mekpɔ ŋudzedze ɖe ŋuɖoɖo siwo wonae ŋu o. Woa kple eƒe ƒomea wodina be yewoanya ne Mawu li ŋutɔŋutɔ, kple nu si tae wòɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye li ɖo. Eteƒe medidi o, Arthur fofo te numedzodzro kple Yehowa Ðasefowo. Arthur fofo kpɔ dzidzɔ ɖe woƒe numedzodzroa ŋu, eye esia na ƒomea me tɔwo katã te Biblia sɔsrɔ̃.

Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, Arthur va se nu si tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo kple tameɖoɖo si le agbea ŋu la gɔme to Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ me. Arthur kple eƒe ƒomea me tɔ etɔ̃ bubuwo wɔ tiatia si mave wo akpɔ o. Wotsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa. Arthur gblɔ be: “Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ be Yehowa na meva ke ɖe nyateƒe ƒe sidzedzea ŋu, eye wòɖem tso hoʋiʋli si nɔa hadzilawo dome la me. Hadzilawo toa mɔ ɖe sia ɖe dzi be yewoakpɔ dzidzedze.”

Togbɔ be Arthur gaƒoa kasaŋku kokoko tsɔ doa dzidzɔ na xɔlɔ̃awo hã la, menye emae nye nu vevitɔ le eƒe agbe me o. Nu si nye nu vevitɔ nɛ le agbe mee nye Mawu subɔsubɔ. Ele subɔsubɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒewo dometɔ ɖeka fifia. Abe Arthur kpakple ame milion geɖe bubuwo ene, ke menye abe ɖekakpui kesinɔtɔ dziɖulaa ene o la, wò hã àte ŋu awɔ tiatia, si nye lɔlɔ̃ ɖe Yesu ƒe amekpekpe be nàva nye ye yomedzela dzi, si ana nàkpɔ dzidzɔ geɖe.

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Wò nyametsotso ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe ame bubuwo dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ðe nàdi be yeasrɔ̃ Biblia be nàva nye Yesu yomedzelaa?