Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Nànɔ Agbe Na Egbea Koa?

Ðe Wòle Be Nànɔ Agbe Na Egbea Koa?

Ðe Wòle Be Nànɔ Agbe Na Egbea Koa?

“NYEMEBUA etsɔme ŋu gbeɖe o. Evana kaba akpa.” Wogblɔna be dzɔdzɔmeŋutinunyala xɔŋkɔ Albert Einstein ye gblɔ nya sia si amewo lɔ̃a zazã zi geɖe la. Ame geɖewo gblɔa nya siawo tɔgbi. Ðewohĩ woagblɔ be: “Nu ka tae míatsi dzi ɖe etsɔme ŋu?” Ðewohĩ èse amewo gblɔna be: “Mègatsi dzi ɖe agbea ŋu kura o, wɔ nu si nàte ŋui la ko.” “Ŋu si ke mee wonɔna.” “Mègabu etsɔ ŋu o.”

Nɔnɔme sia si bɔ egbea la menye nu yeye kura o. “Ðu nu, no nu, nàkpɔ dzidzɔ. Nu susɔeawo mele vevie o.” Esiae nye blema Epikurotɔwo ƒe adegbeƒonya. Nukpɔsusu sia tɔgbi nɔ apostolo Paulo ŋɔlimetɔ aɖewo hã si. Woƒe susue nye be “minɛ míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ míele kuku ge!” (Korintotɔwo I, 15:32) Woxɔe se be agbe kpui sia koe le mía si, eya ta wodo nukpɔsusu si nye be míawɔ agbe sia ŋu dɔ ale si míate ŋui la ɖe ŋgɔ.

Le ame miliɔn geɖe siwo le anyigba dzi gome la, agbe sia ŋu dɔ wɔwɔ ale si míate ŋui mefia be míanɔ agbeɖuɖu dzi atraɖii o. Nɔnɔme sesẽ si me ame geɖewo le egbea na be nu si nu woanɔ agbe ɖo ŋu koe woʋlina le madzudzɔmadzudzɔe. Nu ka tae wòle be woabu etsɔme—“etsɔme” aɖe si dzena abe made ame dzi kura o, alo esi ŋu mɔkpɔkpɔ aɖeke mele o ene la—ŋu?

Ðe Wòle Be Míawɔ Ðoɖo Ðe Etsɔme Ŋua?

Zi geɖe la, ame siwo dzi nuwo de vie gɔ̃ hã mekpɔnɛ be ehiã be yewoawɔ ɖoɖo ɖe etsɔme ŋu o. Woabia be: “Nu ka tae wòle be matsi dzi?” Ame aɖewo agblɔ be ɖeko dzi va ɖena le ame siwo wɔa ɖoɖo ɖe etsɔme ŋu la ƒo, eye mɔkpɔkpɔ buna ɖe wo. Blemafofo Hiob gɔ̃ hã xa nu vevie esi wòkpɔe be yeƒe ɖoɖowo “me gblẽ,” eye nu si ana woa kple eƒe ƒomea nakpɔ dzidzɔ le etsɔme la dome gblẽ.—Hiob 17:11; Nyagblɔla 9:11.

Scotlandtɔ hakpanyaŋlɔla Robert Burns tsɔ nɔnɔme sesẽ si me amegbetɔwo le sɔ kple gbemefi sue aɖe si ƒe aba Burns ŋutɔ tsɔ eƒe kodzi kaka le manyamanya me la. Esi wòkaka afi la ƒe aƒea la, afia de afɔ du me le eƒe agbe ta. Hakpanyaŋlɔla la ƒo nya ta be, ‘Nyateƒee, míekpɔnɛ zi geɖe be ŋusẽ boo aɖeke mele mía ŋu o ne míedo go nɔnɔme siwo gbɔ míaƒe ŋutete ŋu, si wɔnɛ be ɖoɖo siwo míewɔ nyuie gɔ̃ hã meva dzea edzi o.’

Eya ta ɖe wònye nu dzodzro be woawɔ ɖoɖo ɖe etsɔme ŋua? Nyateƒeae nye be, ɖoɖo nyui mawɔmawɔ ate ŋu agblẽ nu geɖe ne ahom sesẽwo tu alo dzɔdzɔmefɔku bubuwo dzɔ. Le kpɔɖeŋu me, ele eme baa be ame aɖeke mate ŋu axe mɔ na ahom sesẽ si woyɔna be Katrina la ya o. Gake ɖe nuŋububu kple ɖoɖo nyui wɔwɔ do ŋgɔ maɖe ale si ahom sia gblẽ nu le dua kple emenɔlawo ŋui la dzi akpɔtɔ hafi oa?

Nu kae nèsusu? Ðe nunya le eme vavã be woanɔ agbe na egbea ko ahaŋlɔ etsɔme bea? Kpɔ nu si nyati si kplɔe ɖo agblɔ le nya sia ŋu ɖa.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 3]

“Ðu nu, no nu, nàkpɔ dzidzɔ. Nu susɔeawo mele vevie o”

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Ðe nuŋububu kple ɖoɖo nyui wɔwɔ do ŋgɔ aɖe nu siwo Katrina Ahomya la gblẽ dzi akpɔtɔ hafia?

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

U.S. Coast Guard Digital