Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Zɔ Yi Kekelia Gbɔ

Ðe Zɔ Yi Kekelia Gbɔ

Ðe Zɔ Yi Kekelia Gbɔ

AKAÐIXƆ siwo fiaa mɔ tɔdziʋuwo xɔ ame gbogbo aɖewo ɖe agbe. Gake menye ƒumekpo siwo agblẽ nu le tɔdziʋu ŋu ƒe kaklã koe akaɖi si le dzedzem le didiƒe la naa mɔzɔla si ŋu ɖeɖi te la o. Enana wònyana hã be yegogo afi si yim yele la. Le mɔ ma ke nu la, Kristotɔ siwo li egbea le mɔzɔzɔ legbe aɖe, si me wozɔ to xexe doblukɔ si me gbɔgbɔmefɔkuwo bɔ ɖo me la, ƒe nuwuwu gogom. Le Biblia me la, wotsɔ ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ—ame siwo ɖe wo ɖokui ɖe aga le Mawu ŋu—sɔ kple “atsiaƒu dzeagbo” si “mate ŋu anɔ anyi kpoo o, eye eƒe tsiwo le bà kple gbeɖuɖɔ ɖem ɖe go” la. (Yesaya 57:20) Ame siawo tɔgbi domee Mawu ƒe amewo le. Ke hã, etsɔme ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname, si nye woƒe kpɔɖeŋukekeli si ŋu kakaɖedzi le la, le wo si. (Mixa 7:8) Yehowa kple eƒe Nya si woŋlɔ ɖi na be, “kekeli dona na ame dzɔdzɔewo kple dzidzɔ na amesiwo ƒe dzi toa mɔ ɖeka la.”—Psalmo 97:11. *

Gake Kristotɔ aɖewo ɖe mɔ susuhenuwo he wo ɖa tso Yehowa ƒe kekelia ŋu, si wɔe be kpɔɖeŋukpe—siwo nye ŋutilãmenudidi, agbe gbegblẽ nɔnɔ, alo xɔsegbegbe gɔ̃ hã—gblẽ woƒe xɔse dome. Ɛ̃, egbea la, ame aɖewo ƒe “xɔse dome gblẽ abe tɔdziʋu si gbã la ene,” abe ale si ko wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene. (Timoteo I, 1:19; Petro II, 2:13-15, 20-22, NW) Míate ŋu atsɔ xexe yeyea asɔ kple melidzeƒe aɖe si míeɖo tae. Esi xexe yeyea tu aƒe nyuie alea ta la, afɔku kae nye esi wòanye be woabu Yehowa ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu!

Mègana ‘Wò Xɔse Dome Nagblẽ O’

Le ƒe alafa siwo va yi me la, tɔdziʋu ate ŋu azɔ mɔ ato ƒu gbanaa la dzi dedie, gake wòava gbã esime wògogo tɔdziʋudzeƒea vɔ. Zi geɖe la, mɔzɔzɔ ƒe akpa si nyea afɔku na tɔdziʋuwo wue nye ne esusɔ vie woaɖo go ŋu. Nenema kee fifi nuɖoanyi sia ƒe ‘ŋkeke mamlɛawoe’ nye ɣeyiɣi si me afɔkuwo le wu le ameƒomea ƒe ŋutinya me na ame geɖe. Biblia ɖɔ ŋkeke mamlɛ siawo wòsɔ nyuie be wonye ɣeyiɣi siwo ‘me nɔnɔ sesẽ’ vevietɔ na Kristotɔ ɖeadzɔgbewo.—Timoteo II, 3:1-5.

Nu ka tae ŋkeke mamlɛ siawo me nɔnɔ sesẽ alea? Esi Satana nyae be “vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ” atsɔ awɔ aʋa kple Mawu ƒe amewo la tae. Eya ta edzi agbagba vɔ̃ɖi siwo dzem wòle be yeagblẽ woƒe xɔse dome la ɖe edzi. (Nyaɖeɖefia 12:12, 17) Ke hã, womegblẽ mí ɖi kpekpeɖeŋu kple mɔfiame manɔmee o. Yehowa kpɔtɔ nye bebeƒe na ame siwo wɔna ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi. (Samuel II, 22:31) Ena nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu siwo kloa nu le Satana ƒe aɖaŋu vɔ̃ siwo menya kpɔna dzea si bɔbɔe o dzi la mí. Mina míadzro kpɔɖeŋu siawo dometɔ eve siwo ku ɖe Israel dukɔa ŋu esime wogogo Ŋugbedodonyigba la me akpɔ.—Korintotɔwo I, 10:11; Korintotɔwo II, 2:11.

Esime Wogogo Ŋugbedodonyigba La

Israel viwo te ŋu do le Egiptetɔwo si me heʋu dzo le Mose ƒe kpɔkplɔ te. Eteƒe medidi kura o, wogogo Ŋugbedodonyigba la ƒe liƒo si le anyiehe gome. Emegbe Mose dɔ ŋkutsala 12 be woaɖatsa ŋku le anyigba la dzi. Ŋkutsala xɔsemanɔsitɔ ewo meva ƒo nu nyui aɖeke tso teƒea ŋu o, eye wonɔ gbɔgblɔm be Israel viwo mate ŋu aɖu Kanaantɔwo dzi o, elabena wonye “ame kplalawo sɔŋ” eye wonye aʋawɔla sesẽwo. Ŋusẽ gbegblẽ kae esia kpɔ ɖe Israel viwo dzi? Nuŋlɔɖia gblɔ na mí be wo katã lĩ Mose kple Aron ŋu, eye wogblɔ bena: “Nukata gɔ̃ Yehowa kplɔ mí va anyigba sia dzi, bena míatsi yi nu, eye mía srɔ̃wo kple mía viwo nazu aboyonu? . . . Mina míaɖo tatɔ na mía ɖokui, eye míagbugbɔ ayi Egipte!”—Mose IV, 13:1, 2, 28-32; 14:1-4.

Kpɔ nya ma ɖa ko! Ame siawo tututue kpɔ eteƒe esime Yehowa tsɔ fuwɔame gblẽnu ewo kple nukunu dziŋɔ si wòwɔ le Ƒudzĩa nu la ɖi gbɔ Egipte dukɔ sesẽ, si nye xexemefiaɖuƒe ɣemaɣi la. Wogogo Ŋugbedodonyigba la vɔ, eye ɖeko wòle be woaɖe zɔ ayi abe ale si tɔdziʋu zɔna yia akaɖi si dea dzesi afi si wòyina la gbɔ ene. Ke hã, wobui be Yehowa mate ŋu atsrɔ̃ Kanaan du si nye fiaɖuƒe nyaŋui mawɔɖekɛ la o. Aleke xɔsemanɔamesi ƒe nuwɔna sia anya te ɖe Mawu kple ŋkutsala dzinɔameƒotɔ eve, Yosua kple Kaleb, siwo bu Kanaantɔwo be wole “abe abolo ene” na Israel la dzie nye esi! Esi ame eve siawo ŋutɔ zɔ to Kanaan duwo me ta la, woawo ŋutɔwo kpɔ ale si nuwo nɔ. Esi dukɔa mete ŋu yi ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi o ta la, enɔ na Yosua kple Kaleb hã be woanɔ gbea dzi ƒe gbogbo aɖewo, gake womeku le afi ma kpe ɖe xɔsemanɔsitɔ mawo ŋu o. Le nyateƒe me la, Yosua kple Kaleb nɔ ŋgɔ wokplɔ dzidzime yeye la tso gbea dzi yi ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi. (Mose IV, 14:9, 30) Esi Israel viwo gava ɖo Ŋugbedodonyigbaa ƒe agbo nu zi evelia la, dodokpɔ bubu gadze ŋgɔ wo. Aleke woawɔ nui?

Moab Fia Balak dze agbagba be yeana aʋatsonyagblɔɖila Bileam naƒo fi ade Israel viwo. Ke hã, Yehowa gblẽ eƒe tameɖoɖoa me esime wòna Bileam yra Israel viwo ɖe eteƒe boŋ. (Mose IV, 22:1-7; 24:10) Dzi meɖe le Bileam ƒo kura o, eɖo tame vɔ̃ɖi bubu, si nye be yeawɔ nane si ana Mawu ƒe amewo magadze na anyigba la xɔxɔ o. Aleke wòawɔe? To wo beble de agbe gbegblẽ nɔnɔ kple Baal subɔsubɔ me. Togbɔ be eƒe tameɖoɖo ma medze edzi o hã la, ete ŋu ble Israel vi 24,000 sɔŋ. Wonɔ agbe gbegblẽ kple Moab nyɔnuwo, eye woku ɖe Baal-Peor ŋu.—Mose IV, 25:1-9.

Bu ema ŋu kpɔ ko! Israel vi mawo ke dometɔ geɖe kpɔ ale si Yehowa kplɔ wo dedie to “gbegbe gã dziŋɔ ma” dzii teƒe. (Mose V, 1:19) Ke hã, esi wova ɖo anyigba si ƒe dome nyi ge woala ƒe agbo nu la, ŋutilãmenudzodzro ƒe mɔ ɖe Mawu ƒe amewo dometɔ 24,000, eye Yehowa tsrɔ̃ wo. Ðe esia menye nuxlɔ̃ame na mí Mawu subɔla siwo li egbea esi míele domenyinu si de ŋgɔ sãsãsã wu gogom oa?

Satana mehiã aɖaŋu yeyewo le eƒe gbagba mamlɛtɔ si dzem wòle be yeaxe mɔ na Yehowa subɔla siwo li egbea be woƒe fetua nagasu wo si o la me o. Satana zã aɖaŋu aɖe si ɖoa ŋku nu si dzɔ esime Israel viwo ɖo teƒe aɖe si gogo Ŋugbedodonyigbaa zi gbãtɔ la dzi na mí, si nye ale si wòdzea agbagba zi geɖe be yeato ŋɔdzidoname, yometiti, alo fewuɖuɖu dzi ade vɔvɔ̃ kple ɖikeke mía me. Kristotɔ aɖewo na ta le ŋɔdzidoname siawo tɔgbi me. (Mateo 13:20, 21) Aɖaŋu vɔ̃ bubu si me Satana kpɔa dzidzedze lee nye ɖiƒoƒo amewo ƒe agbenɔnɔ. Ɣeaɖewoɣi la, ame aɖewo siwo va tra ɖe Kristo hamea me dzaa la dzea agbagba be yewoable ame siwo gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me eye womele zɔzɔm le Mawu ƒe kekeli la me kple kakaɖedzi o la.—Yuda 8, 12-16.

Ame siwo tsi le gbɔgbɔ me eye wole ŋudzɔ la kpɔnɛ be ale si xexea le nyɔnyrɔm ɖe agbe baɖa nɔnɔ me la nye kpeɖodzi sẽŋu be mɔkpɔkpɔ bu ɖe Satana eye eƒe ŋku biã. Ɛ̃, Satana nyae be eteƒe madidi o yeƒe asi magate ŋu asu Mawu subɔla wɔnuteƒewo dzi o. Eya ta fifia koŋue nye ɣeyiɣi si me wòle be míanɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me ɖe Satana ƒe agbagbadzedzewo ŋu.

Nu Siwo Akpe Ðe Mía Ŋu Míanɔ Ŋudzɔ Le Gbɔgbɔ Me

Apostolo Petro gblɔ tso Mawu ƒe nyagblɔɖinyawo ŋu be wole “abe akaɖi, si le keklẽm le tsyɔtsyɔƒe ene,” elabena wokpena ɖe mí Kristotɔwo ŋu míetsɔa nugɔmesese ƒe ŋkuwo kpɔa ale si Mawu ƒe tameɖoɖowo le eme vamee. (Petro II, 1:19-21) Ame siwo tu lɔlɔ̃ na Mawu ƒe Nya la ɖo eye woyi edzi na wòle mɔ fiam wo la kpɔnɛ be Yehowa ata mɔ dzɔdzɔe na yewo. (Lododowo 3:5, 6) Akpedala siawo siwo mɔkpɔkpɔ yɔ dzi me na fũu la “atso aseye le dzi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta,” evɔ ame siwo medze si Yehowa o alo wogblẽ eƒe mɔwo ɖi keŋkeŋ la ya ado “ɣli le dzi ƒe vevesese” kple “gbɔgbɔ ƒe teteɖeanyi ta.” (Yesaya 65:13, 14) Eya ta to Biblia sɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe kple nu siwo míesrɔ̃na tsɔtsɔ de dɔwɔna me dzi la, míate ŋu ana be míaƒe ŋkuwo nanɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le la dzi, ke menye nuɖoanyi si li fifia ƒe nudzodzro siwo nu va yina kabakaba la dzi o.

Gbedodoɖa hã le vevie bene míakpɔtɔ anɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me. Esime Yesu nɔ nu ƒom tso fifi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu ŋu la, egblɔ be: “Minɔ ŋudzɔ le ɣeawo katã ɣi me kple gbedodoɖa [alo kokoƒoƒo], bena miate ŋu asi le nusiawo katã, siwo le eme va ge la nu, eye be miatsi tre ɖe Amegbetɔvi la ŋku me.” (Luka 21:34-36) De dzesi ale si Yesu zã nya “kokoƒoƒo,” si fia gbedodoɖa vevie la. Yesu nyae be ate ŋu anɔ bɔbɔe be amewo nabu agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔa le ɣeyiɣi sesẽ sia me. Ðe wò gbedodoɖawo ɖena ale si nèdina vevie be yeanɔ ŋudzɔ bliboe le gbɔgbɔ me la fiana?

Migana míaŋlɔ be o be, mɔ si zɔm míele yina ɖe nuɖoanyi yeyea me la ƒe nuwuwu lɔƒoe afɔkuwo ate ŋu anɔ wu. Eya ta kpɔ ale si wòle vevie be míagana míaƒe ŋku nadzo le kekeli si ate ŋu afia mɔ mí ayi ɖe agbekpɔkpɔ me dzi o enye si!

Nɔ Ŋudzɔ Ðe Akaɖi Siwo Blea Ame La Ŋu

Afɔku aɖe koŋ si me ƒudzimɔzɔlawo tona le ɣeyiɣi si me wotsɔa tɔdziʋu siwo zãa abala zɔa mɔe me lae nye, ame vɔ̃ɖi siwo lɔ̃a zã siwo me dzinu meɖi le o si me wometea ŋu kpɔa godzi nyuie o la zazã atsɔ able woe. Ame vɔ̃ɖi siawo tea ŋu daa akaɖi ɖe ƒuta ƒe afi siwo menyo o tsɔ blea ʋumefiawo ale be wotraa mɔ. Ame siwo wote ŋu flu la ƒe tɔdziʋuwo tea ŋu gbãna, wofia woƒe agbawo, eye amewo bua woƒe agbe.

Le mɔ ma ke nu la, Satana si nye aʋatso “kekeli ƒe dɔla” la dina be yeaha ƒomedodo si le Mawu kple eƒe amewo dome la le mawusubɔlawo si. Abosam ate ŋu azã “aʋatso-apostolowo” kple ‘dzɔdzɔenyenye ƒe dɔla’ xɔsegbelawo atsɔ aflu ame siwo mele ŋudzɔ o. (Korintotɔwo II, 11:13-15) Abe ale si ko, wometea ŋu tsɔa akaɖi siwo blea ame la flua ʋumefia kple tɔdziʋumedɔwɔla bibiwo bɔbɔe o ene la, nenema ke wometea ŋu tsɔa aʋatsonufiafia kple xexemenunya siwo gblẽa nu le ame ŋu la flua Kristotɔ siwo na ‘hehe woƒe nugɔmesese ƒe ŋutetewo to wo zazã me, bene woade vovototo nyui kple vɔ̃ dome’ la bɔbɔe o.—Hebritɔwo 5:14; Nyaɖeɖefia 2:2.

Ƒudzidɔwɔlawo tsɔa akaɖixɔ vovovo siwo woakpɔ le woƒe mɔa dzi la ƒe nuŋlɔɖi ɖe asi. Nu siwo nɔa nuŋlɔɖi sia mee nye nyatakaka siwo ku ɖe akaɖixɔa ƒe nɔnɔme kple ale si wòfia mɔe ŋuti. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Ƒudzidɔwɔlawo dea dzesi akaɖixɔ si kpɔm wole—kple afi si woɖo—to ŋkuléle ɖe akaɖixɔa ƒe nɔnɔme ŋu kpakple etsɔtsɔ sɔ kple akaɖixɔwo ŋuti nuŋlɔɖi si le wo si la.” (The World Book Encyclopedia) Nenema kee Mawu ƒe Nya la kpena ɖe dzi anukwaretɔwo ŋu be woakpɔ subɔsubɔha vavãtɔ kple ame siwo nye emetɔwo la adze sii, vevietɔ le ŋkeke mamlɛ siawo siwo me Yehowa doe ɖe dzi wòkɔ ta gbɔ alakpasubɔsubɔwo ŋu la me. (Yesaya 2:2, 3; Maleaxi 3:18) Esi Yesaya 60:2, 3 le vovototo gã si le tadedeagu vavãtɔ kple alakpasubɔsubɔ dome ŋu nya gblɔm la, egblɔ be: “Viviti xɔ anyigba dzi, eye blukɔ tsyɔ dukɔwo, ke wò la, Yehowa adze ɖe dziwò, eye eƒe ŋutikɔkɔe ado ɖe dziwò. Anyigba dzi dukɔwo azɔ le wò kekeli nu kple fiawo le wò keklẽ ƒe dzedze nu.”

Ne ame miliɔn geɖe siwo tso dukɔwo katã me na Yehowa ƒe kekelia yi edzi le mɔ fiam wo la, woƒe xɔse dome magblẽ le mɔzɔzɔa ƒe nuwuwu sia me o. Ke boŋ woazɔ dedie ato fifi nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me ahage ɖe xexe yeye si me ŋutifafa anɔ la me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Ŋɔŋlɔawo zã “kekeli” le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, Biblia tsɔa Mawu sɔna kple kekeli. (Psalmo 104:1, 2; Yohanes I, 1:5) Wotsɔ gbɔgbɔmenumekɔkɔ siwo le Mawu ƒe Nya la me la sɔ kple kekeli. (Yesaya 2:3-5; Korintotɔwo II, 4:6) Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ le anyigba dzi me la, enye kekeli. (Yohanes 8:12; 9:5; 12:35) Eye wode se na Yesu yomedzelawo be woana woƒe kekeli naklẽ.—Mateo 5:14, 16.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Abe ƒudzidɔwɔlawo ene la, Kristotɔwo ɖɔa ŋu ɖo be akaɖi siwo blea ame nagaflu yewo o