Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðo To Gbe Si Tsoa Ememe La

Ðo To Gbe Si Tsoa Ememe La

Ðo To Gbe Si Tsoa Ememe La

“Dukɔ siwo si [Mawu ƒe] se mele o la me tɔwo wɔ nu si se la bia le dzɔdzɔme nu.”—ROMATƆWO 2:14, NW.

1, 2. (a) Aleke ame geɖewo wɔ nu le esi wotsɔ ɖe le eme na amewo ta? (b) Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu kawoe ɖe ɖetsɔtsɔ le ame bubuwo me fia?

ANYIDZEDƆ lé ɖekakpui aɖe si xɔ ƒe 20 si tɔ ɖe tomeketekemɔ aɖe to la ƒu anyi ɖe ketekegakpoawo dzi. Esi ame aɖe si to mɔa ta va yina kpɔe la, eɖe asi le vianyɔnuvi eve ŋu heti kpo dze anyi. Ehe ame si dzi dɔa dze la ɖa le gakpoawo dzi da ɖe ʋe aɖe si le gakpoawo dome la me hetsyɔ edzi ale be wòkpɔ eta tso keteke si to wo ta va yi kple du la si me. Ame aɖewo ayɔ ame si xɔ amea ɖe agbe la be kalẽtɔ, gake egblɔ be: “Ele be ame nawɔ nu si le eteƒe. Domenyonyoe ʋãm mewɔ nu sia. Menye ɖe ŋkɔxɔxɔ alo bubu ta o.”

2 Ðewohĩ ènya ame aɖe si de eƒe agbe afɔku me hena kpekpeɖeŋu ame bubuwo. Ame geɖewo wɔ esia le Xexemeʋa II me ale be wotsɔ ame siwo menye woƒe dumetɔwo o la ɣla bene woagawu wo o. Ðo ŋku nu si dzɔ ɖe apostolo Paulo kple ame 275 dzi esime woƒe tɔdziʋu gbã le Melite si te ɖe Sicily ŋu la hã dzi. Afi ma tɔwo va xɔ na amedzro siawo, eye “menye dɔmenyonyo vi aɖe” woɖe fia wo o. (Dɔwɔwɔwo 27:27–28:2) Bu Israel nyɔnuvi si nyo dɔme na Siriatɔ siwo ɖe aboyoe la dometɔ ɖeka togbɔ be manya de eƒe agbe afɔku me o hã ŋu kpɔ. (Fiawo II, 5:1-4) Eye gabu Yesu ƒe kpɔɖeŋu nyanyɛ si ku ɖe Samariatɔ havilɔ̃la la hã ŋu kpɔ. Nunɔla aɖe kple Lewitɔ aɖe metsɔ ɖeke le eme na wo nɔvi Yudatɔ si ku afã-kple-afã la o, gake Samariatɔ aɖe te ɖe eŋu hena kpekpeɖeŋui. Kpɔɖeŋu sia le dɔ wɔm ɖe ame siwo tso dekɔnu vovovowo me dzi ƒe alafa gbogbo aɖewoe nye esia.—Luka 10:29-37.

3, 4. Nu kae ale si ame geɖe ɖea havilɔlɔ̃ fiana la ɖe fia mí ku ɖe nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia ŋu?

3 Enye nyateƒe be míele “ɣeyiɣi vɔ̃wo” me, eye ame geɖewo nye “ame wɔadãwo” kple “amesiwo melɔ̃a nu nyui o.” (Timoteo II, 3:1-3) Ke hã, ɖe míekpɔ eteƒe amewo nyo dɔme na ame bubuwo, alo ɖewohĩ wonyo dɔme na mía ŋutɔwo kpɔ oa? Didi be woakpe ɖe ame bubuwo ŋu, nenye be abia be woatsɔ ame ŋutɔ ƒe nanewo asa vɔe gɔ̃ hã la, bɔ ale gbegbe be ame aɖewo yɔa nɔnɔme sia be “amewɔwɔ.”

4 Didi be woakpe ɖe amewo ŋu nenye be abia be woatsɔ nanewo asa vɔe gɔ̃ hã dzena le ame siwo tso dukɔwo kple dekɔnuwo katã me la dome, eye esia tsi tsitre ɖe nya si ame aɖewo gblɔna be avemenuwo ƒe se, si nye “sesẽawoe tsia agbe,” ye kplɔa amegbetɔwo la ŋu. Francis S. Collins, si nye domenyiŋusẽfianu ŋuti nunyala, si nɔ ŋgɔ na United States dziɖuɖua le agbagbadzedze be woaku nu me ku ɖe amegbetɔwo ƒe dzɔdzɔmefianu (DNA) ŋu la gblɔ be: “Havilɔlɔ̃ ɖokuitɔmadimaditɔe nye kuxi gã aɖe na nɔnɔmetɔtrɔfialawo. . . . Womate ŋu atsɔ nufiafia si nye be ɖokuitɔdidi ƒe domenyiŋusẽfianuwo yia edzi wɔa avu be yewoanɔ anyi ɖaa la atsɔ aɖe eme o.” Egblɔ hã be: “Ame aɖewo tsɔa wo ɖokuiwo saa vɔ ɖe ame siwo menye wo detɔwo alo woƒe subɔsubɔha me tɔwo o eye woto vovo kura tso wo nɔewo gbɔ la ta. . . . Edze kɔte be Darwin ƒe nufiafia mate ŋu aɖe nu sia me o.”

“Dzitsinya Ƒe Gbe La”

5. Nu kae wodea dzesii le amewo ŋu zi geɖe?

5 Ðk. Collins tɔ asi havilɔlɔ̃ si míeɖena fiana ƒe akpa aɖe dzi ale: “Dzitsinya ƒe gbe ƒonɛ ɖe mía nu be míana kpekpeɖeŋu amewo nenye be míakpɔ naneke tso eme o hã.” * Esi wòƒo nu tso “dzitsinya” ŋu la, ena míeɖo ŋku nyateƒenya aɖe si dzi apostolo Paulo te gbe ɖo la dzi si gblɔ be: “Ɣesiaɣi si dukɔ siwo si se mele o la me tɔwo wɔ nu si se la bia le dzɔdzɔme nu la, togbɔ be se mele ame siawo si o hã la, wozu se na wo ɖokuiwo. Ame siawo tututue ɖee fia be woŋlɔ se la ƒe gɔmeɖosewo ɖe yewoƒe dziwo me, esi woƒe dzitsinya le ɖase ɖim kpe ɖe wo ŋu, eye le woawo ŋutɔwo ƒe tamesusuwo me la, wole wo nɔewo nu tsom alo le afia tsom na wo be wo tɔ dzɔ.”—Romatɔwo 2:14, 15, NW.

6. Nu ka tae amewo katã abu akɔnta na Wɔla la?

6 Le lɛta si Paulo ŋlɔ na Romatɔwo me la, eɖee fia be amegbetɔwo abu akɔnta na Mawu, elabena Eƒe anyinɔnɔ kple eƒe nɔnɔmewo dzena le nu siwo wokpɔna la me. Ele alea “tso xexemewɔwɔ dzi.” (Romatɔwo 1:18-20; Psalmo 19:2-5) Enye nyateƒe be ame geɖe mebua wo Wɔla ŋu o, eye woyia agbe baɖa nɔnɔ dzi. Ke hã, Mawu ƒe didie nye be amegbetɔwo nakpɔ yeƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ adze sii eye woatrɔ dzi me tso nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ me. (Romatɔwo 1:22–2:6) Susu veviwo li siwo tae wòle be Yudatɔwo nawɔ esia, elabena woxɔ Mawu ƒe Sea to Mose dzi. Gake ele be ame siwo si ‘Mawu ƒe nya kɔkɔeawo’ menɔ o gɔ̃ hã nalɔ̃ ɖe edzi be Mawu li.—Romatɔwo 2:8-13; 3:2.

7, 8. Aleke nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe didi de dui, eye nu ka dzie esia ɖoa kpee?

7 Susu vevi aɖe si ta wòle be míalɔ̃ ɖe Mawu ƒe anyinɔnɔ dzi ahanɔ agbe nɔm ɖe enue nye nyui kple vɔ̃ ƒe didi si le mía me. Nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe didi si le mía me la ɖee fia be dzitsinya le mía si. Kpɔ nudzɔdzɔ sia ɖa le susu me: Ðevi aɖewo le fli me le lalam be yewoaku segblesegble. Ðevi ɖeka do le flia me hetso ɖevi susɔeawo ŋgɔ. Wo dometɔ geɖe gblɔ be, ‘Ame baba ye nye ema, menyo kura o!’ Azɔ bia ɖokuiwò se be, ‘Aleke wɔ ɖevi akpa gãtɔ ɖee fia enumake be nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe didi le yewo me?’ Nu si wowɔ la ɖee fia be agbe nyui nɔnɔ ƒe ŋutete le wo me. Paulo ŋlɔ bena: ‘Ɣesiaɣi si dukɔ siwo si se mele o la me tɔwo wɔ nu si se la bia le dzɔdzɔme nu la, wozu se na wo ɖokuiwo.’ Megblɔ be “Nenye be,” abe enye nane si ƒã hafi wowɔnɛ ene o. Ke boŋ egblɔ be “ɣesiaɣi si” alo “esi,” si fia be enye nane si yia edzi edziedzi. Amewo ‘wɔa nu si se la bia le dzɔdzɔme nu,’ si fia be agbe nyui nɔnɔ ƒe ŋutete si le wo me la ʋãa wo wowɔa nu wòwɔa ɖeka kple nu si míexlẽna le Mawu ƒe se si woŋlɔ ɖi la me.

8 Woɖea agbe nyui nɔnɔ ƒe ŋutete sia fiana le dukɔ geɖewo me. Cambridge Yunivɛsiti nufialagã aɖe gblɔ be Babilontɔwo, Egiptetɔwo, Helatɔwo, Australia Vidzidziwo, kple Amerika Vidzidziwo ƒe dzidzenuwo ƒe akpa aɖewo “tsi tsitre ɖe ameteɖeanyi, amewuwu, ametafatafa, kple alakpadada ŋu; dzidzenu le woawo hã si ku ɖe dɔmenyonyo na ame tsitsiwo, ɖeviwo, kple wɔnamanɔŋutɔwo ŋu.” Eye Ðk. Collins ŋlɔ bena: “Nyui kple vɔ̃ ŋuti dzidzenu le xexea katã me le ameƒomea me tɔwo katã dome.” Ðe esia meɖo ŋku Romatɔwo 2:14 me nyawo dzi na wò oa?

Wò Dzitsinya—Aleke Wòwɔa Dɔe?

9. Nu kae nye dzitsinya, eye aleke wòate ŋu akpe ɖe ŋuwò do ŋgɔ na afɔ aɖe ɖeɖe?

9 Biblia ɖee fia be dzitsinya nye ŋutete si le ame me si nana be wòléa ŋku ɖe eƒe nuwɔnawo ŋu hedaa wo kpɔna. Ðeko wòle abe ɖe gbe aɖe le mewò si nɔa nu ƒom tso wò nuwɔna ŋu nenye be enyo alo menyo o ene. Paulo ƒo nu tso gbe sia si le ememe la ŋu ale: “Nye dzitsinya ɖia ɖase nam le gbɔgbɔ kɔkɔe me.” (Romatɔwo 9:1) Le kpɔɖeŋu me, gbe sia ate ŋu aƒo nu na wò do ŋgɔ ne ele ŋugble dem tso nyametsotso aɖe si ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu la ŋuti. Wò dzitsinya ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàda nu si nàdi be yeawɔ le etsɔme la kpɔ, eye wòana nànya ale si nàse le ɖokuiwò me ne èwɔe.

10. Aleke dzitsinya wɔa dɔe zi geɖe?

10 Zi geɖe la, wò dzitsinya wɔa dɔ ne èwɔ nane vɔ megbe. Esime Dawid nɔ sisim le Fia Saul nu la, mɔnukpɔkpɔ va su esi be woawɔ amemabumabunu aɖe ɖe fia si Mawu si ami na la ŋu, eye wòwɔe hã. Emegbe la, “esi Dawid wɔe vɔ la, eƒe dzi lã kpò.” (Samuel I, 24:2-6; Psalmo 32:3, 5) Womezã nya “dzitsinya” le nuŋlɔɖi sia me o; ke hã eyae ɖe fu na Dawid—eƒe dzitsinyae ƒo nu nɛ. Nenema kee mía dometɔ ɖe sia ɖe ƒe dzitsinya ɖe fu nɛ kpɔ. Míewɔ nane, eye emegbe wòɖe fu na mí vevie, míetɔtɔ le ale si míewɔ nui la ta. Dzitsinya ɖe fu na ame aɖewo siwo mexe woƒe adzɔwo o ale be woyi ɖaxe woƒe feawo emegbe. Dzitsinya ʋã ame aɖewo woʋu nu vɔ̃ me na wo srɔ̃wo be yewowɔ ahasi. (Hebritɔwo 13:4) Ke hã, ne amewo ɖo to woƒe dzitsinya la, ate ŋu ana be woakpɔ dzidzeme kple akɔdzeanyi.

11. Nu ka tae afɔku ate ŋu anɔ eme be nàna ‘wò dzitsinya ɖeɖe ko nafia mɔ wò’? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

11 Le esia ta la, ɖe míate ŋu ana ‘míaƒe dzitsinya ɖeɖe ko nafia mɔ mía’? Enyo be míaɖo to míaƒe dzitsinya ya, gake nya siwo wògblɔna na mí la ate ŋu akplɔ mí atrae vevie. Vavãe, gbe si míesena le “míaƒe ememe la” ate ŋu aflu mí. (Korintotɔwo II, 4:16) Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Biblia ƒo nu tso Stefano, Kristo yomedzela veviedonula aɖe “si yɔ fũ kple amenuveve kple ŋusẽ la” ŋu. Yudatɔ aɖewo he Stefano do go yi Yerusalem dua godo heƒu kpee wòku. Saul (ame si wova yɔ emegbe be apostolo Paulo) nɔ tsitre ɖe afi ma, eye ‘wòkpɔ dzidzɔ le Stefano wuwu ŋuti.’ Edze abe Yudatɔ mawo ka ɖe edzi vevie be nu nyui wɔm yewonɔ si wɔe be woƒe dzitsinya meɖe fu na wo kura o ene. Nenemae wòanya nɔ le Saul hã gome, elabena le nudzɔdzɔ ma megbe la, ‘egalé ŋɔdzidodo kple hlɔ̃dodo ƒe gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ɖe Aƒetɔ la ƒe nusrɔ̃lawo ŋuti.’ Eme kɔ ƒã be eƒe dzitsinya menɔ nyateƒe tom nɛ ɣemaɣi o.—Dɔwɔwɔwo 6:8; 7:57–8:1; 9:1.

12. Nu siwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe dzitsinya dzi la dometɔ ɖeka ɖe?

12 Nu kae anya kpɔ ŋusẽ ɖe Saul ƒe dzitsinya dzi? Nu siawo dometɔ ɖeka ate ŋu anye ale si wòde ha kplikplikpli kple amewo. Mía dometɔ geɖe míeƒo nu kple ame aɖe si ƒe gbe ɖi fofoa tɔ ŋutɔ le telefon dzi kpɔ. Le go aɖewo me la, ate ŋu anye be enyi eƒe gbe ƒe ɖiɖime dome tso fofoa gbɔ, gake ate ŋu adzɔ hã be ale si fofoa ƒoa nui ye kpɔ ŋusẽ ɖe edzi. Nenema kee ate ŋu anye be hadede kplikplikpli kple Yudatɔ siwo lé fu Yesu hetsia tsitre ɖe eƒe nufiafiawo ŋu ye kpɔ ŋusẽ ɖe Saul dzi. (Yohanes 11:47-50; 18:14; Dɔwɔwɔwo 5:27, 28, 33) Ɛ̃, ame siwo Saul de ha kplii anya kpɔ ŋusẽ ɖe gbe si wòsena le ememe, si nye eƒe dzitsinya, la dzi.

13. Aleke ame siwo dome ame le ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe eƒe dzitsinya dzii?

13 Afi si ame tso kple ame siwo dome wòle hã ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si eƒe dzitsinya wɔa dɔe la dzi, abe ale si ko ame siwo dome ame le ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe eƒe gbe kple ale si wòdoa wo degbee la dzi ene. (Mateo 26:73) Esiae anya dzɔ ɖe blema Asiriatɔwo dzi. Wonya wo le woƒe aʋawɔwɔ ta, eye ale si wowɔa fu ame siwo woɖe aboyoe la dze le woƒe nukpakpawo dzi. (Naxum 2:12, 13; 3:1) Woɖɔ Niniwetɔ siwo nɔ Yona ƒe ŋkekea me be wonye ame siwo “menya nuka enye ɖusi kple mia” o. Esia fia be dzidzenu si Mawu buna be ele dzɔdzɔe si woatsɔ atso nya me le nu si nyo kple nu si menyo o ŋu la menɔ wo si o. Bu ŋusẽ si gbegbe Niniwetɔwo dome nɔnɔ ate ŋu akpɔ ɖe ame aɖe si nɔ tsitsim le nuto ma me ƒe dzitsinya dzi la ŋu kpɔ! (Yona 3:4, 5; 4:11) Nenema kee ame siwo dome ame aɖe le egbea ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe eƒe dzitsinya dzi.

Nana Be Gbe Si Ðina Tso Ememe Nanyo Ðe Edzi

14. Aleke míaƒe dzitsinya ɖea nu si wògblɔ le Mose I, 1:27 la fianae?

14 Yehowa de dzitsinya Adam kple Xawa me, eye míenyi dzitsinya si le mía si la ƒe dome tso wo gbɔ. Mose I, 1:27 gblɔ na mí be, Mawu wɔ amegbetɔwo ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme nu. Esia mefia be Mawu wɔ amegbetɔwo ɖe eya ŋutɔ ƒe dzedzeme nu o, elabena eya nye gbɔgbɔ evɔ míawo ya míenye ŋutilã. Wowɔ mí ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nu le gɔmesesea nu be Mawu de eƒe nɔnɔmewo, si ƒe akpa aɖee nye agbe nyui nɔnɔ ƒe didi si ŋuti dzitsinya kpe ɖo la mía me. Nyateƒenya sia na míekpɔ mɔ siwo dzi míato ado ŋusẽ míaƒe dzitsinya bene wòanye nu si ŋu woate ŋu aɖo ŋu ɖo geɖe wu la. Eyae nye be míasrɔ̃ nu geɖe wu tso Wɔla la ŋuti eye míate ɖe eŋu kplikplikpli.

15. Mɔ siwo dzi míate ŋu ato be sidzedze mía Fofo la naɖe vi na mí la dometɔ ɖeka ɖe?

15 Biblia ɖee fia be le gɔmesese aɖe nu la, Yehowae nye mí katã mía Fofo. (Yesaya 64:8) Kristotɔ wɔnuteƒewo ate ŋu ayɔ Mawu be Fofo, eɖanye dziƒo ƒe mɔkpɔkpɔe le wo si loo alo agbe nɔnɔ le anyigba dzi paradisoa me ƒe mɔkpɔkpɔe le wo si o. (Mateo 6:9) Ele be míadi vevie be míate ɖe mía Fofo la ŋu kplikplikpli wu eye míato esia dzi asrɔ̃ eƒe nukpɔsusuwo kple dzidzenuwo. (Yakobo 4:8) Ame geɖe medina be yewoawɔ esia o. Wole abe Yudatɔ siwo Yesu gblɔ na be, “Miese eƒe gbe ɣeaɖekeɣi alo kpɔ eƒe nɔnɔme hã kpɔ o. Eye eƒe nya menɔ mia me o” la ene. (Yohanes 5:37, 38) Míese Mawu ƒe gbe ŋutɔŋutɔ kpɔ o, ke hã eƒe nya ate ŋu anɔ mía me, eye esia awɔe be míava ɖi eya amea ahanɔ nuwo ŋu bum abe ale si wòbua wo ŋui ene.

16. Aleke nuŋlɔɖi si ku ɖe Yosef ŋu ɖe hehenana míaƒe dzitsinya kple toɖoɖoe ƒe vevienyenye fia?

16 Nuŋlɔɖi si ku ɖe Yosef ŋu esime wònɔ Potifar ƒe aƒe me la ɖe esia fia. Potifar srɔ̃ dze agbagba be yeana Yosef nanɔ agbe gbegblẽ kpli ye. Togbɔ be Yosef nɔ agbe le ɣeyiɣi aɖe si me womekpɔ ŋlɔ Biblia gbalẽawo dometɔ aɖeke o, eye womekpɔ de Se Ewoawo o me hã la, egblɔ be: “Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia, eye mada vo ɖe Mawu ŋuti mahã?” (Mose I, 39:9) Menɔ nya siawo gblɔm ko be yeadze yeƒe ƒometɔwo ŋu o, elabena wonɔ adzɔge ʋĩ tso egbɔ. Nu si nɔ vevie nɛ ye nye be yeadze Mawu ŋu. Yosef nya Mawu ƒe dzidzenu si ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu—ŋutsu ɖeka na nyɔnu ɖeka, eye wo ame evea wonye “ŋutilã ɖeka.” Anya se nu tso ale si Abimelex se le eɖokui me esime wogblɔ nɛ be ame srɔ̃e Rebeka nye la ŋu; Abimelex kpɔ be nyɔnua xɔxɔ wòazu ye srɔ̃ nye nu gbegblẽ wɔwɔ, si ana be yeahe fɔɖiɖi ava yeƒe dukɔa dzi. Vavãe Yehowa na be nu nyuiwo do tso nudzɔdzɔ sia me, eye wòto esia dzi ɖe eƒe nukpɔsusu ku ɖe ahasiwɔwɔ ŋu fia. Esi Yosef nya esiawo katã ta la, edo ŋusẽ eƒe dzitsinya si ƒe dome wònyi la ƒe ameʋãŋusẽ, eye esia ʋãe be wògbe nu le gbɔdɔdɔ manɔsenu gbɔ.—Mose I, 2:24; 12:17-19; 20:1-18; 26:7-14.

17. Le agbagbadzedze be míaɖi mía Fofo la me la, nu ka tae nɔnɔmeawo de mía dzi wu Yosef?

17 Le nyateƒe me la, nɔnɔmeawo de míawo ya mía dzi egbea wu. Biblia bliboa le mía si si me míate ŋu asrɔ̃ nu tso mía Fofo la ƒe tamesusu kple seselelãmewo, siwo ƒe akpa aɖewoe nye nu siwo dzea eŋu kple nu siwo nu wòde se ɖo, la ŋu le. Zi ale si míesrɔ̃a Ŋɔŋlɔawo vevie la, zi nenemae míetena ɖe Mawu ŋu kplikplikpli eye míeɖia eya amea. Ðikeke mele eme o be esia wɔwɔ ana be nu siwo míaƒe dzitsinya gblɔna na mí la ava sɔ kple mía Fofo la ƒe tamesusuwo geɖe wu. Nu siwo míaƒe dzitsinya gblɔna na mí la ayi edzi anɔ ɖeka wɔm kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu geɖe wu.—Efesotɔwo 5:1-5.

18. Togbɔ be nanewo anya kpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe dzitsinya dzi va yi hã la, nu kae míate ŋu awɔ atsɔ ana be kakaɖedzi nanɔ eŋu geɖe wu?

18 Ke ŋusẽ si ame siwo dome míele kpɔna ɖe míaƒe dzitsinya dzi ya ɖe? Ðewohĩ míaƒe ƒometɔwo kple ame siwo dome míenɔ tsi la ƒe tamebubu kple nuwɔnawoe kpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi. Esia anya trɔ gbo nya siwo míesena tso míaƒe dzitsinya gbɔ alo tɔtɔe. Eƒoa nu kple ame siwo dome míele la ƒe “gbe.” Enye nyateƒe be míate ŋu atrɔ nu siwo me míeto va yi la o, gake míate ŋu aɖoe kplikpaa be míatia zɔhɛ kple ame siwo dome míanɔ siwo akpɔ ŋusẽ nyui ɖe míaƒe dzitsinya dzi. Mɔ vevi aɖe si dzi míato awɔ esiae nye hadede kple Kristotɔ nuteƒewɔla siwo dzea agbagba be yewoaɖi yewo Fofo la edziedzi. Hamea ƒe kpekpewo kpakple hadede kple nɔviwo hafi woadze kpekpeawo gɔme kple kpakpã megbe nye mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe si dzi míato awɔ esia. Míate ŋu ade dzesi hati Kristotɔwo ƒe nuŋububu si wotu ɖe Biblia dzi kple ale si wowɔa nui, tsɔ kpe ɖe ale si wolɔ̃na faa ɖoa to woƒe dzitsinya si wɔ ɖeka kple Mawu ƒe nukpɔsusuwo kple eƒe mɔwo la ŋu. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, esia akpe ɖe mía ŋu míana míaƒe dzitsinya nawɔ ɖeka kple Biblia me gɔmeɖosewo, eye wòana be míaɖe Mawu ƒe nɔnɔmewo afia nyuie wu. Ne míenaa gbe si ɖina le mía me wɔa ɖeka kple mía Fofo la ƒe gɔmeɖosewo hewɔa nu ɖe ŋusẽ nyui si hati Kristotɔwo kpɔna ɖe mía dzi nu la, kakaɖedzi ava nɔ míaƒe dzitsinya ŋu geɖe wu eye míalɔ̃ faa aɖo to nya siwo wògblɔna na mí la geɖe wu.—Yesaya 30:21.

19. Nya vovovo siwo ku ɖe dzitsinya ŋu kawo ŋue wògahiã be míade ŋugble le?

19 Gawu la, ame aɖewo dzea agbagba vevie be yewoaɖo to yewoƒe dzitsinya gbe sia gbe. Nyati si kplɔe ɖo adzro nɔnɔme aɖewo siwo me Kristotɔ aɖewo to la me. Ne míedzro nɔnɔme mawo me la, míate ŋu ava se akpa si míaƒe dzitsinya wɔna, nu si ta nyametsotso si ame ɖe sia ɖe nɔ te ɖe eƒe dzitsinya dzi wɔ ate ŋu ato vovo, kple ale si míawɔ ayi edzi aɖo to dzitsinya ƒe gbe la gɔme nyuie wu.—Hebritɔwo 6:11, 12.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Nenema kee ɣletiviŋutinunya numekulagã Owen Gingerich si le Harvard Yunivɛsiti ŋlɔ bena: ‘Havilɔlɔ̃ ana woabia nya aɖe si dzɔdzɔmeŋutinunya mate ŋu akpɔ ŋuɖoɖo na to ŋkuléle ɖe lãwo ŋu me o. Nya la koe nye be ŋuɖoɖo si me kɔ la le teƒe bubu kura, eye edo ƒome kple nɔnɔme siwo Mawu de ame me si ƒe akpa aɖee nye dzitsinya.’

Nu Kae Nèsrɔ̃?

• Nu ka tae nu si le dzɔdzɔe kple esi mele dzɔdzɔe o ƒe didi, alo dzitsinya, le dekɔnuwo katã me?

• Nu ka tae wòhiã be míakpɔ nyuie be míagana míaƒe dzitsinya ɖeɖe ko nafia mɔ mí o?

• Mɔ siwo dzi míato ana be gbe si míesena le ememe nanyo ɖe edzi wu la dometɔ aɖewo ɖe?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Dzitsinya ɖe fu na Dawid . . .

gake menɔ nenema le Saul si tso Tarsus gome o

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Míate ŋu ana hehe míaƒe dzitsinya