Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Bu Etsɔme Ŋu Le Wò Agbenɔnɔ Me

Bu Etsɔme Ŋu Le Wò Agbenɔnɔ Me

Bu Etsɔme Ŋu Le Wò Agbenɔnɔ Me

‘MIDZUDZƆ dzimaɖitsitsi le etsɔ si gbɔna la, ƒe nuwo ŋuti,’ esiawo nye nya siwo Yesu Kristo gblɔ le eƒe nuƒo xɔŋkɔ si wòƒo le to aɖe dzi le Galilea la me. Eyi edzi be: “Etsɔ si gbɔna la, adze agbagba le eya ŋutɔ ƒe nuwo ŋuti.”—Mateo 6:34.

Nu kae nèsusu be nyagbɔgblɔ si nye “etsɔ si gbɔna la, adze agbagba le eya ŋutɔ ƒe nuwo ŋuti” la fia? Ðe wòle fiafiam be míanɔ agbe na egbea ɖeɖe ko ahaŋlɔ etsɔ si gbɔna la bea? Ðe esia wɔ ɖeka kple nu si dzi Yesu kple eƒe yomedzelawo xɔ sea?

‘Midzudzɔ Dzimaɖitsitsi’

Wò ŋutɔ xlẽ Yesu ƒe nya siwo dze le Mateo 6:25-32 me nàkpɔ. Nya siwo wògblɔ la ƒe akpa aɖewoe nye: ‘Midzudzɔ dzimaɖitsitsi le miaƒe agbe ŋuti, nu si miaɖu kple nu si miano, alo le miaƒe ame blibo la ŋuti, nu si miata. Mikpɔ dziƒoxeviwo ɖa, womeƒãa nu o, womeŋea nu hã o, eye womeƒoa nuwo ƒu ɖe avawo me hã o, ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyia wo. Eye ame kae le mia dome, ne ele fu ɖem na eɖokui la, wòate ŋu atsɔ abɔ ɖeka akpe ɖe eƒe agbenɔɣi ŋu mahã? Eye nu ka ŋuti miele fu ɖem na mia ɖokui le avɔtata ŋuti mahã? Mibu dzogbenyã, si le gbedzi la, ŋuti kpɔ, ale si wòwɔnae; mewɔa dɔ o, metrea ɖeti hã o. Eya ŋuti migaɖe fu na mia ɖokui agblɔ bena: Nu ka míaɖu, nu ka míano, alo nu ka míatsɔ ata mahã o. Elabena nenem nu siawo katã tɔgbi trɔ̃subɔlawo dina; ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyae bena, nenem nu siawo katã hiãa mi.’

Yesu tsɔ aɖaŋuɖoɖo eve ƒo eƒe nuƒoa ƒe akpa sia tae. Gbãtɔe nye: ‘Miyi edzi mianɔ mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye dim gbãgbiagbã.’ Eveliae nye: ‘Eyaŋuti midzudzɔ dzimaɖitsitsi le etsɔ si gbɔna la, ƒe nuwo ŋuti; elabena etsɔ si gbɔna la, adze agbagba le eya ŋutɔ ƒe nuwo ŋuti. Ŋkeke ƒe vɔ̃ la sɔ gbɔ nɛ.’—Mateo 6:33, 34.

Mia Fofo Nya Nu Siwo Hiãa Mi

Èsusu be ɖe Yesu nɔ dzi ɖem le eƒe nusrɔ̃lawo, kple agbledelawo, ƒo be ‘woagaƒã nu o, woagaŋe nu o, eye wogaƒo nuwo nu ƒu ɖe avawo me hã oa’? Alo ɖe wònɔ dzi ɖem le wo ƒo be ‘woagawɔ dɔ o, eye woagatre ɖeti hã’ bene woakpɔ avɔtata siwo hiã wo la oa? (Lododowo 21:5; 24:30-34; Nyagblɔla 11:4) Kura o. Nenye be wodzudzɔ dɔwɔwɔ la, kakaɖedzitɔe la ‘woadi nu le nuŋeɣi do kpoe,’ eye naneke manɔ wo si woaɖu alo ata o.—Lododowo 20:4.

Ke dzimaɖitsitsi ya ɖe? Ðe Yesu nɔ gbɔgblɔm be yeƒe nyaselawo ate ŋu aƒo asa na dzimaɖitsitsi keŋkeŋua? Ema mate ŋu anya wɔ o. Yesu ŋutɔ hã xa nu vevie eye wòtsi dzimaɖi vevie le zã si me wolée me.—Luka 22:44.

Nyateƒenya vevi aɖe ko gblɔm Yesu nɔ. Dzimaɖitsitsi si gbɔ eme mate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàkpe akɔ kple kuxi siwo nèdoa goe la dometɔ aɖeke o. Le kpɔɖeŋu me, mate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nànɔ agbe didi o. Yesu gblɔ be, dzimaɖitsitsi matsɔ “abɔ ɖeka akpe ɖe [wò] agbenɔɣi ŋu” o. (Mateo 6:27) Le nyateƒe me la, anɔ eme godoo be, dzimaɖitsitsi vevie wòadidi akpa ate ŋu aɖe wò agbenɔƒewo dzi akpɔtɔ.

Eƒe aɖaŋuɖoɖoawo sɔ ŋutɔ. Nu siwo ŋu míetsia dzimaɖi ɖo la dometɔ geɖe meva dzɔna gbeɖe o. Britaintɔwo ƒe dziɖuɖumegã si ŋkɔe nye Winston Churchill kpɔ esia dze sii le Xexemeʋa II ƒe ɣeyiɣi vɔ̃wo me. Eŋlɔ ku ɖe nu siwo ŋu wòtsia dzimaɖi ɖo ɣemaɣi la dometɔ aɖewo ŋu be: “Ne mede ŋugble tso nu siwo katã ŋu metsia dzimaɖi ɖo ŋu la, meɖoa ŋku amegãɖeɖi aɖe si nɔ eƒe kuba dzi si gblɔ be yetsi dzimaɖi le nu geɖe ŋuti le agbe me, gake esiawo ƒe akpa gãtɔ medzɔ gbeɖe o, la ƒe ŋutinya dzi.” Le nyateƒe me la, nunya anɔ eme be míatsɔ nu siwo dzɔna le ŋkeke ɖe sia ɖe me la kpoo, vevietɔ nenye be nyaƒoɖeamenuwo kple kuxi siwo míedoa goe ate ŋu ana míatsi dzimaɖi vevie.

‘Miyi Edzi Mianɔ Mawu Ƒe Fiaɖuƒe La Dim Gbã’

Le nyateƒe me la, nu siwo nɔ susu me na Yesu la yi ŋgɔ wu eƒe nyaselawo ƒe ŋutilã me kple seselelãme nuhiahiãwo ko. Enyae be dzimaɖitsitsi ɖe agbemenuhiahiãwo ŋu, kple nunɔamesiwo kpakple vivisese yome nɔnɔ fũu ate ŋu avu atsyɔ nu siwo le vevie wu la dzi. (Filipitɔwo 1:10) Ðewohĩ àbia be, ‘Nu kae ate ŋu anɔ vevie wu agbemenuhiahiãwo ƒe amesisusu?’ Ŋuɖoɖoa ku ɖe gbɔgbɔmenu siwo do ƒome kple míaƒe Mawu subɔsubɔ la ŋu. Yesu te gbe ɖe edzi be nu si wòle be wòanye nu vevitɔ na mí le agbe mee nye be ‘míayi edzi anɔ Mawu ƒe fiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye dim gbã.’—Mateo 6:33.

Le Yesu ƒe ŋkekea me la, ame geɖe nɔ ŋutilãmenuwo yome tim vevie. Kɔlili kesinɔnuwo gleglegle ye nɔ vevie na wo. Gake Yesu ya xlɔ̃ nu eƒe nyaselawo be woƒe nukpɔsusu nato vovo. Esi wonye ame siwo ɖe adzɔgbe na Mawu ta la, ‘nu siwo katã wobia tso wo si’ ye nye be ‘woavɔ̃ Mawu, eye woalé eƒe seawo me ɖe asi.’—Nyagblɔla 12:13.

Dzitsitsi ɖe ŋutilãmenuwo—‘xexea me ƒe agbagbadzedze kple kesinɔnuwo ƒe beble’—ŋu ate ŋu agblẽ eƒe nyaselawo ƒe mawusubɔsubɔ dome. (Mateo 13:22) Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Amesiwo dina be, yewoazu kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔwo kple mɔ̃tetrewo kpakple movidzɔdzɔ kple nuveviwɔame ƒe nudzodzro geɖe, siwo tsɔa amewo xlãna ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me la me.” (Timoteo I, 6:9) Be Yesu nakpe ɖe eƒe nyaselawo ŋu be ‘mɔtetre’ sia nagaɖe wo o la, eɖo ŋku edzi na wo be wo Fofo si le dziƒo la nyae be nu siawo katã hiã wo. Mawu akpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo abe ale si wòkpɔa “dziƒoxeviwo” tɔwo gbɔe ene. (Mateo 6:26, 32) Enɔ na wo be woawɔ nu sia nu si woate ŋui atsɔ akpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ eye woatsɔ kakaɖedzi agblẽ susɔea ɖe Yehowa si me, ke menye be woaɖe mɔ dzimaɖitsitsi naɖu wo dzi o.—Filipitɔwo 4:6, 7.

Esime Yesu gblɔ be, “etsɔ si gbɔna la, adze agbagba le eya ŋutɔ ƒe nuwo ŋuti” la, nu si ko gblɔm wònɔ ye nye be mele be míaɖe mɔ dzimaɖitsitsi akpa ɖe nu si ate ŋu adzɔ le etsɔ si gbɔna me la ŋu nado agba na mí akpe ɖe kuxi siwo me tom míele egbea la ŋu o. Biblia gɔmeɖeɖe bubu aɖe ɖe nya siawo gɔme be: “Migatsi dzi ɖe etsɔ ŋuti o; etsɔ si gbɔna la hã kple ye ŋutɔ ƒe dzimaɖitsitsiwoe. Mehiã be miagatsɔ kuxi bubuwo akpe ɖe esi ŋkeke ɖe sia ɖe hena vanɛ la ŋu o.”—Mateo 6:34, Today’s English Version.

“Wò Fiaɖuƒe Nava”

Ke hã, vovototo gã aɖe le dzimaɖimatsimatsi akpa ɖe etsɔ si gbɔna ŋu kple etsɔme ŋu mabumabu kura dome. Yesu mede dzi ƒo na eyomedzelawo kpɔ gbeɖe be woagbe etsɔme ŋu bubu o. Ðe ema teƒe la, exlɔ̃ nu wo be woatsɔ ɖe le nu siwo adzɔ le etsɔme la me vevie. Esɔ be woado gbe ɖa abia nu siwo wohiã ɣemaɣi—woƒe gbe sia gbe bolo. Gake gbã la, ele be woado gbe ɖa abia nu siwo ava va le etsɔme—woabia be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nava eye woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi.—Mateo 6:9-11.

Mele be míanɔ abe Noa ƒe ŋkekea me tɔwo ene o. ‘Wonɔ nu ɖum, nɔ nu nom, ŋutsuwo nɔ srɔ̃ ɖem, eye wonɔ nyɔnuwo tsɔm na be woaɖe,’ ale gbegbe be ‘womedze si’ nu siwo nɔ ŋgɔ na wo la o. Nu kae do tso eme na wo? “Tɔɖɔɖɔ va, eye wòkplɔ wo katã yii.” (Mateo 24:36-42) Apostolo Petro zã ŋutinyamenudzɔdzɔ sia tsɔ ɖo ŋku ale si wòle vevie be míabu etsɔme ŋu le míaƒe agbenɔnɔ me dzi na mí. Eŋlɔ bena: “Azɔ esi woalólo nusiawo katã la, ameka ƒomeviwo wòle na mi be, mianye le anyinɔnɔ kɔkɔe kple mawusosroɖa me, eye mialala, eye miadi Mawu ƒe ŋkeke la ƒe vava vevie!”—Petro II, 3:5-7, 11, 12.

Midzra Nu Nyuiwo Ðo Na Mia Ðokui Le Dziƒo

Mina ‘míaƒe susu’ nanɔ Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋu vevie. Esia wɔwɔ akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe ale si míezãa míaƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, aɖaŋu, kesinɔnuwo kple míaƒe ŋutetewoe la dzi. Mele be míana ŋutilãmenuwo yome nɔnɔ naxɔ míaƒe susu me—eɖanye agbemenuhiahiãwo alo agbemevisesewo o—ale gbegbe be ɣeyiɣi boo aɖeke maganɔ mía si ɖe nuwɔna siwo ɖea “mawusosroɖa” fiana ŋu o. Ate ŋu adze abe ne ame ƒe susu katã le egbea ko ŋu la akpɔ eme viɖewo enumake ene, gake ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe viɖewo ko woanye. Yesu gblɔ be nunya le eme be ‘míadzra nu nyuiwo ɖo na mía ɖokui le dziƒo’ wu be míadzra wo ɖo ɖe anyigba dzi.—Mateo 6:19, 20.

Yesu te gbe ɖe nya ma dzi le kpɔɖeŋu aɖe si wòwɔ ku ɖe ŋutsu aɖe si wɔ ɖoɖo gãwo ɖe etsɔme ŋu la ŋuti me. Mebu Mawu ŋu le eƒe ɖoɖoawo wɔwɔ me o. Ŋutsu la ƒe anyigba wɔ nu geɖe. Eɖoe be yeamu yeƒe avawo ahatu esiwo lolo wu ɖe eteƒe ale be yeate ŋu agbɔ ɖe eme, aɖu nu, ano nu ahado dzidzɔ na ye ɖokui. Nu kae gblẽ le ema ŋu? Mete ŋu se vivi le nu siwo wòku kutri kpɔ la me hafi ku o. Nu si vɔ̃ɖi wue nye be metu ƒomedodo nyui aɖeke ɖo kple Mawu o. Yesu ƒo nya ta be: “Ale amesi le nu nyuiwo dzram ɖo na eɖokui, eye kesinɔnuwo mele esi le Mawu gome o la, le enye si.”—Luka 12:15-21; Lododowo 19:21.

Nu Kae Nàte Ŋu Awɔ?

Mègawɔ vodada si ŋutsu si ŋu Yesu ƒo nu tsoe wɔ la tɔgbi o. Dze agbagba nànya tame si Mawu ɖo ɖe etsɔme ŋu, eye nàna wò agbemenuwɔna ɖe sia ɖe nawɔ ɖeka kplii. Mawu megblẽ amegbetɔwo ɖe viviti me le nu siwo wògbɔna wɔwɔ ge la ŋuti o. Blema nyagblɔɖila Amos ŋlɔ bena: “Yehowa mewɔa naneke, ne meɖe eƒe tameɖoɖo fia eƒe dɔla, nyagblɔɖilawo hafi o.” (Amos 3:7) Àte ŋu akpɔ nu siwo Yehowa ɖe fia to eƒe nyagblɔɖilawo dzi la le eƒe Nya, Biblia, si tso gbɔgbɔ me la me.—Timoteo II, 3:16, 17.

Nu siwo Biblia ɖe fia ku ɖe etsɔme ŋu dometɔ ɖekae nye nu si tɔgbi medzɔ kpɔ o si ava anyigba bliboa dzi le etsɔme si gbɔna kpuie. Yesu gblɔ be: “Xaxa gã lava, esi meva kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze vaseɖe egbegbe o.” (Mateo 24:21) Amegbetɔ aɖeke mate ŋu axe mɔ ɖe nu sia ƒe dzɔdzɔ nu o. Le nyateƒe me la, susu aɖeke meli si ta tadeagula vavãwo adi be yewoaxe mɔ nɛ o. Nu ka tae? Elabena nudzɔdzɔ sia aɖe vɔ̃ɖinyenye katã ɖa le anyigbaa dzi, eye wòahe “dziƒo yeye kple anyigba yeye,” si nye dziɖuɖu yeye kple anyigba dzi ƒome yeye la, avae. Le xexe yeye ma me la, “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le [amewo ƒe] ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o.”—Nyaɖeɖefia 21:1-4.

Eya ta ɖe susu mele eme be nàdi ɣeyiɣi ade ŋugble le nu si Biblia gblɔ tso tɔtrɔ mawo ŋu la ŋu oa? Àhiã kpekpeɖeŋu le esia wɔwɔ mea? Ekema bia Yehowa Ðasefowo ne woakpe ɖe ŋuwò. Alo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe magazine sia talawo. Ðoe kplikpaa be yemanɔ agbe na egbea ko o, ke boŋ yeanɔ agbe na etsɔme wɔnuku si gbɔna la hã.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

‘Midzudzɔ dzimaɖitsitsi. Etsɔ si gbɔna la, adze agbagba le eya ŋutɔ ƒe nuwo ŋuti’