Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzidzɔkpɔkpɔ Ðe “Dziɖuɖu Kple Alẽvi La” Ŋu

Dzidzɔkpɔkpɔ Ðe “Dziɖuɖu Kple Alẽvi La” Ŋu

Dzidzɔkpɔkpɔ Ðe “Dziɖuɖu Kple Alẽvi La” Ŋu

LE LƐTA aɖe si Carey W. Barber ŋlɔ le ƒe 1971 me me la, eƒo nu tso ƒe 50 gbãtɔ siwo wòtsɔ subɔ Mawu vavã lae ŋu ale: “Ƒe siwo mezã le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me la nyo ale gbegbe. Hadede kple Mawu ƒe amewo; takpɔkpɔ tso nu vlo wɔla siwo le Satana ƒe xexea me la si me; mɔkpɔkpɔ si nye dziɖuɖu kple Alẽvi Yesu Kristo; Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ƒe kpeɖodzi; nu siawo katã ƒo ƒu he ŋutifafa dodzidzɔname kple dzidzeme si kpɔa dzi la ta vae nam, eye wòna aʋadziɖuɖu mamlɛtɔ ƒe mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le la su asinye.”

Ƒe ade megbe la, Nɔviŋutsu Barber si nye Kristotɔ amesiamina la zu Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔ. Eyi edzi subɔ le Dziɖuha la me ƒe 30 siwo kplɔe ɖo henɔ “dziɖuɖu kple Alẽvi la” lalam. Eɖo taɖodzinu sia gbɔ to nuteƒewɔwɔ yi ɖase ɖe esime wòku le Kwasiɖa, April 8, 2007 dzi, esi wòxɔ ƒe 101.—Korintotɔwo I, 15:57.

Wodzi Carey Barber le England le ƒe 1905 me, eye wòxɔ nyɔnyrɔ le Winnipeg, Canada, le ƒe 1921 me. Ƒe eve megbe la, eya kple eƒe venɔvi Norman, woʋu yi Brooklyn, New York, be yewoaɖakpe asi ɖe dɔ yeye aɖe ŋu. Ɣemaɣi la, Yehowa ƒe amewo wɔ ɖoɖo be yewo ŋutɔwo yewoadze agbalẽwo tata hena Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia kaka “le xexe blibo la katã me” gɔme. (Mateo 24:14) Dɔ gbãtɔ siwo Nɔviŋutsu Barber wɔ la dometɔ ɖekae nye agbalẽtaƒe sue aɖe dzi kpɔkpɔ. Agbalẽ siwo wotana dometɔ aɖewoe nye nutsotso siwo wotsɔ yina United States Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ la ŋuti gbalẽwo. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Nɔviŋutsu Barber yi ɖawɔ dɔ le Subɔsubɔ Dɔdzikpɔƒea, eye dɔ siwo wòwɔna la ku ɖe hame siwo le dukɔa katã me la ƒe nuhiahiãwo kple gbeƒãɖeɖedɔa ŋu.

Nuteƒekpɔkpɔ siwo su Nɔviŋutsu Barber si na wòdze nyuie esime wode dɔ asi nɛ le 1948 me be wòanye subɔla mɔzɔla, eye wòasubɔ le takpekpewo me ahasrã hame siwo katã le United States ƒe ɣetoɖoƒe gome la kpɔ. Egblɔ be dutoƒogbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ le ya fafɛ nu ye doa dzidzɔ na ye wu. Dɔ sia wɔwɔ na be Nɔviŋutsu Barber va dze si nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo. Eƒe tagbɔɖaɖa kple dzonɔameme ɖe subɔsubɔdɔa ŋu va ɖe vi nɛ ŋutɔ emegbe esime wòde Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass 26 lia. Le sukua deɣi la, eva dze si ehati sukuviawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Sydney Lee Brewer si tso Canada. Le sukua nuwuwu megbe la, woɖe wo nɔewo eye wozɔ mɔ kpui aɖe yi ɖaɖu woƒe srɔ̃ɖemɔkeke hesubɔ hame siwo le Chicago nutowo me le Illinois. Nɔvinyɔnu Barber nye zɔhɛ vevi aɖe kple kpekpeɖeŋutsoƒe ɣeawokatãɣi na srɔ̃a le woƒe subɔsubɔ mɔzɔzɔdɔ siwo wowɔ ƒe blaeve kple edzivɔ la me.

Ame siwo te ŋu do go Nɔviŋutsu Barber alo nyae le ƒe gbogbo siwo wòtsɔ subɔ abe nutome gã alo nutome sue dzikpɔla ene alo le ƒe 30 siwo wòtsɔ wɔ dɔ hesubɔ le eƒe mɔzɔzɔawo me abe Dziɖuha la me tɔ ene la, maŋlɔ eƒe nuƒo kple nyaŋuɖoɖo ʋãmewo be akpɔ o. Susu geɖe le mía si si ta wòle be míakpɔ dzidzɔ le eƒe “dziɖuɖu kple Alẽvi la” ŋu.